INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 1/1 axa 20-23
  • Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Eme Na Wò Vavã?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Eme Na Wò Vavã?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Tsɔ Ðe Le Eme Na Mí
  • “Wolɔ̃ Wò”
  • Nɔ Mawu Ƒe Nya La Srɔ̃m Edziedzi
  • Nɔ Gbedodoɖa Dzi Ðaa
  • Kɔ Yehowa Ƒe Ŋkɔ Ŋu
  • Yehowa Do Teƒeɖoɖo Nyui Aɖe Ŋugbe Na Daniel
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Daniel Ƒe Agbalẽa Ka Wò
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Mawu Ƒe Dɔla Va Do Ŋusẽe
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Nya Vevi Siwo Tso Daniel Ƒe Agbalẽa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 1/1 axa 20-23

Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Eme Na Wò Vavã?

ÈSENƐ le ɖokuiwò me be wolɔ̃ yea? Alo ewɔna na wò be ame aɖeke metsɔ ɖe le eme na ye o? Le xexe sia si me vovo mele amewo ŋu o, eye ame geɖe dia wo ɖokui tɔ me la, ate ŋu adzɔ bɔbɔe be nàse le ɖokuiwò me be yemeɖi naneke o, alo be yemele ɖeke me o. Abe ale si Biblia ɖɔ míaƒe ŋkekea ene la, ame geɖe vu ɖe woawo ŋutɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu ale gbegbe be ame akpa gãtɔ megatsɔa ɖeke le eme na ame bubuwo o.—2 Timoteo 3:1, 2.

Metsɔ le eme ƒe si ame xɔ, afi si wòtso, gbe si wòdona, alo ŋutigbalẽ ƒe amadede si le eŋu o, amegbetɔwo katã dina vevie be yewoalɔ̃ amewo, eye amewo hã nalɔ̃ yewo. Numekula aɖewo ka nya ta be wowɔ míaƒe sidzenuwo etɔxɛe bene míate ŋu asee le mía ɖokui me nenye be wolɔ̃ mí alo tsɔ ɖe le eme na mí. Yehowa Mawu, ame si wɔ mí la, se egɔme wu ame bubu ɖe sia ɖe be míedi vevie be woalɔ̃ mí ahade asixɔxɔ mía ŋu. Aleke nàse le ɖokuiwò me ne eka ɖe edzi na wò be yedea asixɔxɔ ŋuwò? Anɔ eme be àkpɔ dzidzɔ ɖe nya sia ŋu wu nya bubu ɖe sia ɖe. Ðe míate ŋu aka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be Yehowa tsɔ ɖe le eme na ame madeblibowoa? Ðe wòtsɔ ɖe le eme na mí ame ɖekaɖekawoa? Ne nenemae la, ke nu kae nana ame ƒe nu dzea eŋu alo nyoa eŋu?

Yehowa Tsɔ Ðe Le Eme Na Mí

Anɔ abe ƒe 3,000 aɖewoe nye esia la, hakpala aɖe si vɔ̃a Mawu la ƒe nu ku esi wòkpɔ ale si gbegbe ɣletiviwo nya kpɔnae le dziŋgɔlia me ne dzinu le ɖiɖim. Eka ɖe edzi bliboe be Ame si wɔ dzinuvi gbogbo manyaxlẽ mawo ƒe gãnyenye ƒo ɖe sia ɖe ta. Esi hakpalaa de ŋugble le Yehowa ƒe gãnyenye ŋu hebu ale si amegbetɔwo meɖi naneke o ŋu la, ewɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ be Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí lɔlɔ̃tɔe, si na wògblɔ be: “Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo nèwɔ la, nu ka nye amegbetɔ, be nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be nèléa ŋku ɖe eŋu?” (Psalmo 8:4, 5) Ame aɖe ate ŋu aƒo nya ta bɔbɔe be Ŋusẽkatãtɔ la le adzɔge boo tso mía gbɔ, alo be mevo ɖe amegbetɔ madeblibowo ŋu o. Ke hã, hakpalaa nyae be togbɔ be edze abe míeɖi naneke o, eye míaƒe agbenɔƒewo le kpuie hã la, Mawu bua mí be míele vevie na ye.

Hakpala bubu hã gblɔ kakaɖedzinamenya siawo be: “Ame siwo vɔ̃a Yehowa la, ƒe nu dzea eŋu, ame siwo le eƒe amenuveve lalam.” (Psalmo 147:11) Nyateƒenya si dze le hakpala eve siawo ƒe nyawo me la wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Togbɔ be Yehowa kɔ boo hã la, menye ɖeko wònya be amegbetɔwo li ko o. Ke ‘eléa ŋku wo ŋu,’ eye woƒe “nu dzea eŋu” hã.

Biblia me nyagblɔɖi aɖe si me nyawo le eme vam le míaƒe ŋkekeawo me la gate gbe ɖe nya sia ƒe nyateƒenyenye dzi. Yehowa to nyagblɔɖila Xagai dzi ɖee fia be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le xexe blibo la katã me. Nu kae anye emetsonua? Wo dometɔ ɖekae nye esi: “Woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ.”—Xagai 2:7.

Nu kawoe nye “nu vevitɔ” siawo, siwo woahe tso dukɔwo katã me avae? Nu siawo mate ŋu anye ŋutilãmekesinɔnuwo o. (Xagai 2:8) Menye klosalo kple sikae nye nu siwo doa dzidzɔ na Yehowa o. Amegbetɔ siwo, togbɔ be womede deblibo o hã la, wosubɔnɛ le lɔlɔ̃ si le wo si nɛ ta la, ƒe nue doa dzidzɔ nɛ. (Lododowo 27:11) Woawoe nye ‘nu vevitɔawo,’ siwo hea ŋutikɔkɔe vae nɛ, eye edea asixɔxɔ ale si wosubɔnɛ tso dzi blibo me kple ale si wodoa vevie esubɔsubɔ la ŋu. Èle ame siawo domea?

Ðewohĩ asesẽ na ame aɖewo be woaxɔe ase be amegbetɔ madeblibowo ƒe nu ate ŋu anyo xexea me katã ƒe Wɔla Gã la ŋu. Gake ɖe wòle be nyateƒenya sia naʋã mí be míate ɖe ame si le mía kpem lɔlɔ̃tɔe be míate ɖe ye ŋu la ŋu boŋ.—Yesaya 55:6; Yakobo 4:8.

“Wolɔ̃ Wò”

Esi Daniel zu amegãɖeɖi la, ekpɔ nu wɔdɔɖeamedzi aɖe teƒe le fiẽsi aɖe me. Esi Daniel nɔ gbe dom ɖa la, amedzro aɖe si ŋu bubu le la va do. Eŋkɔe nye Gabriel. Daniel kpɔe kpɔ, eya ta ekpɔe dze sii be Yehowa ƒe dɔlae wònye. Gabriel ɖe nu si tae yeva do ɖe edzi la me nɛ gblɔ bena: “Daniel, ɖe meva be, mafia nu wò . . . elabena wolɔ̃ wò.”—Daniel 9:21-23.

Ɣebubuɣi la, Yehowa ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka yɔ Daniel be: “Ame malɔ̃nugbɔa.” Azɔ bene wòado ŋusẽ Daniel la, egblɔ be: “Ame malɔ̃nugbɔa, mègavɔ̃ o, ŋuwò nefa.” (Daniel 10:11, 19) Eya ta efia be wozã nya siwo fia “ame malɔ̃nugbɔa” zi etɔ̃ sɔŋ tsɔ ɖɔ Daniel. Nya sia agate ŋu afia “ame si wolɔ̃ vevie,” “ame si ŋu wodea asixɔxɔe,” alo kura gɔ̃ hã, “ame si gbɔ womelɔ̃a nu le o.”

Ðikekemanɔmee la, ƒomedodo kplikplikpli nɔ Daniel kple Mawu dome xoxo, eye wòka ɖe edzi be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ale si yesubɔnɛ tso dzi blibo me la ŋu. Gake ale si Mawu ɖee fia to Eƒe dɔlawo dzi be yelɔ̃e vevie la anya de dzi ƒo nɛ ŋutɔ. Eya ta mewɔ nuku o be Daniel gblɔ bena: “Èdo ŋusẽm!”—Daniel 10:19.

Míaƒe viɖe tae nuŋlɔɖi lédziname sia, si ku ɖe ale si Yehowa se le eɖokui me ɖe eƒe nyagblɔɖila wɔnuteƒe sia ŋu la, le Mawu ƒe Nyaa me ɖo. (Romatɔwo 15:4) Ne míede ŋugble le kpɔɖeŋu si Daniel ɖo ɖi ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míade dzesi nu si wòle be míawɔ be míaƒe nu nadze mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la ŋu.

Nɔ Mawu Ƒe Nya La Srɔ̃m Edziedzi

Daniel doa vevie Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃. Míenya esia, elabena eya ŋutɔ ŋlɔ bena: ‘Melé ŋku ɖe agbalẽwo me ɖe ƒe siwo Yerusalem anye aƒedo la ƒe xexlẽme ŋu.’ (Daniel 9:2) Anɔ eme be agbalẽ siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ, abe esiwo Mose, David, Salomo, Yesaya, Yeremiya, Xezekiel, kple nyagblɔɖila bubuwo ŋlɔ ene la, nɔ agbalẽ siwo nɔ esi la dome. Míate ŋu akpɔe ɖaa le susu me, ale si Daniel biã ŋku ɖe agbalẽ xatsaxatsa gbogbo aɖewo ŋu le xexlẽm hetsɔ nyagblɔɖi siwo ku ɖe tadedeagu vavãtɔ gbugbɔɖoanyi le Yerusalem ŋu la le sɔsɔm kple wo nɔewoe. Ðewohĩ, eƒe xɔtaxɔe la mee wònɔna, afi si ɖoɖoezizi le, eye wòdea ŋugble le gɔmesese si le nyagblɔɖi mawo ŋu vevie. Ale si wòdoa vevie nusɔsrɔ̃ la do ŋusẽ eƒe xɔse, eye esia na wòte ɖe Yehowa ŋu.

Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kpɔ ŋusẽ ɖe Daniel ƒe amenyenye kple ale si wònɔa agbee dzi. Ðikekemanɔmee la, nu siwo wofiae le Ŋɔŋlɔawo me tso eƒe ɖevime la kpe ɖe eŋu wòɖoe kplikpaa be yeawɔ ɖe Se siwo Mawu de ɣemaɣi ku ɖe nuɖuɖu siwo wòle be woatsri ŋu la dzi. (Daniel 1:8) Ɣeyiɣi aɖe megbe la, eɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi na Babilon dziɖulawo vɔvɔ̃manɔmee. (Lododowo 29:25; Daniel 4:19-25; 5:22-28) Amewo nyae nyuie be edoa vevie nu, eɖia anukware, eye wònye ame si dzi woate ŋu aka ɖo. (Daniel 6:4) Gawu la, Daniel lé nu dzɔdzɔe wɔwɔ me ɖe asi togbɔ be eƒe agbe ɖo afɔku me hã, elabena eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. (Lododowo 3:5, 6; Daniel 6:23) Eya ta mewɔ nuku o be Mawu bui be enye “ame malɔ̃nugbɔa”!

Le go aɖewo me la, Biblia sɔsrɔ̃ le bɔbɔe egbea wu ale si wònɔ na Daniel. Agbalẽ siwo ʋuʋu le bɔbɔe la va xɔ ɖe agbalẽ xatsaxatsa gã lokpowo teƒe. Biblia bliboa le mía si, eye woƒo nu tso ale si Daniel ƒe nyagblɔɖi aɖewo va emee ŋu le eme. Eye Biblia srɔ̃gbalẽwo, numekugbalẽwo, kple nu bubu geɖewo li egbea míetsɔ wɔa numekukui.a Èwɔa dɔwɔnu siawo ŋu dɔ nyuiea? Èɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi ɖe Biblia xexlẽ kple ŋugbledede le nu siwo nèxlẽna la ŋua? Ne èwɔnɛ nenema la, ekema nu siwo do tso eme na Daniel la kee ado tso eme na wò hã. Wò xɔse me asẽ, eye mia kple Yehowa dome anɔ kplikplikpli. Mawu ƒe Nya la afia mɔ si dzi nàto la wò, eye esia ana nàka ɖe edzi be elɔ̃ wò hetsɔ ɖe le eme na wò.

Nɔ Gbedodoɖa Dzi Ðaa

Daniel doa vevie gbedodoɖa. Nu siwo Daniel biana Mawu le gbedodoɖa me la sɔ. Esi wònye ɖekakpui la, Babilontɔwo ƒe Fia Nebukadnezar ku drɔ̃e, eye ne Daniel mete ŋu ɖe drɔ̃ea gɔme o la, woawui. Daniel mehe ɖe megbe o, eɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu ahakpɔ ye ta. (Daniel 2:17, 18) Ƒe geɖe megbe la, nyagblɔɖila wɔnuteƒe sia lɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be yemede blibo o, eye wòʋu eƒe nu vɔ̃wo kple dukɔa tɔwo siaa me, eye wòbia Yehowa ƒe tsɔtsɔke. (Daniel 9:3-6, 20) Esi Daniel mese nu siwo Mawu ɖe fiae la gɔme o la, ebia Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu yease wo gɔme. Gbe ɖeka esi Daniel gado gbe ɖa la, mawudɔla si va egbɔ be yeakɔ nu me nɛ la ka ɖe edzi nɛ gblɔ bena: “Wose wò nyawo.”—Daniel 10:12.

Ke hã, menye nu koe nuteƒewɔla Daniel biana Mawu le gbedodoɖa me o. Daniel 6:10 gblɔ be: “[Edo] gbe ɖa na eƒe Mawu hekafui gbe ɖeka zi etɔ̃, abe ale si wòwɔna tsã ene.” Daniel kpɔe be susu geɖewo li siwo ta yeada akpe na Yehowa ahakafui. Eye enɔ esia wɔm edziedzi. Ɛ̃, gbedodoɖa wɔ akpa vevi aɖe le eƒe tadedeagu me ale gbegbe be esi eƒe agbe ɖo afɔku me gɔ̃ hã la, mena ta o. Ðikekemanɔmee la, ale si wònɔ tsitre sesĩe alea la na eƒe nu nyo Yehowa ŋu.

Nunana nyui ka gbegbee nye esi gbedodoɖa nye! Mègana ŋkeke ɖeka teti nato ŋuwò si màdo gbe ɖa na Fofowò si le dziƒo la o. Ðo ŋku edzi nàda akpe nɛ ahakafui ɖe eƒe nyuiwɔwɔwo katã ta. Gblɔ wò dzimaɖitsitsiwo kple wò dzimedidiwo katã nɛ faa. De ŋugble le ale si wòɖo wò biabiawo kple kokoƒoƒowo ŋu na wòe la ŋu, eye nàda akpe nɛ ɖe eta. Gbɔ dzi ɖi bɔkɔɔ ne èle gbe dom ɖa. Ne míeʋu míaƒe dziwo me na Yehowa alea le gbedodoɖa me la, míakpɔe adze sii kɔtɛ le mía gome be elɔ̃ mí vavã. Ðe esia menye susu nyui aɖe si ta wòle be míanɔ “gbedodoɖa dzi ɖaa” oa?—Romatɔwo 12:12.

Kɔ Yehowa Ƒe Ŋkɔ Ŋu

Ne ame eve nye xɔlɔ̃wo, evɔ wo dometɔ ɖeka dia eɖokui tɔ la, xɔlɔ̃wɔwɔa madze edzi o. Alea wòle le mía kple Yehowa dome ƒomedodoa hã mee. Daniel nya nyateƒenya sia nyuie. De dzesi ale si gbegbe wòtsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ ŋui.

Esi Mawu ɖo gbedodoɖaa ŋu na Daniel heɖe Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea fiae, eye wòɖe egɔme nɛ la, Daniel gblɔ be: “Woakafu Mawu ƒe ŋkɔ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, elabena etɔe nye nunya kple ŋusẽ.” Emegbe esi Daniel nɔ drɔ̃ea lĩm henɔ egɔme ɖem na Nebukadnezar la, etsɔ kafukafua na Yehowa enuenu, eye wòte gbe ɖe edzi be Eyae nye “Ame si ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi Daniel nɔ tsɔtsɔke kple ɖeɖe biam Mawu la, edo gbe ɖa be: “Nye Mawu! . . . wò ŋkɔe woyɔ ɖe wò du la kple wò dukɔ la ŋu.”—Daniel 2:20, 28; 9:19.

Mɔnukpɔkpɔ geɖe le ʋuʋu ɖi na mí be míasrɔ̃ Daniel le go sia me. Ne míele gbe dom ɖa la, míate ŋu aɖee afia be míedi vevie be Mawu ƒe “ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mateo 6:9, 10) Míadi gbeɖe be míaƒe agbenɔnɔ nahe vlododo ava Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔe la dzi o. Neva eme boŋ be míanɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔm ɖaa to Fiaɖuƒea ŋuti nya nyui si míesrɔ̃ la ŋuti nya gbɔgblɔ na amewo me.

Enye nyateƒe be le xexe sia si me míele me la, ame geɖe megalɔ̃a ame o, eye wometsɔa ɖeke le eme na ame bubuwo hã o. Ke hã, enyanya be Yehowa tsɔa ɖe le eme na esubɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe vevie la ate ŋu afa akɔ na mí ŋutɔ. Esia wɔ ɖeka kple nya si hakpalaa gblɔ be: “Yehowa ƒe dukɔ ƒe nu nyo eŋu, etsɔa xɔname ɖoa atsyɔ̃ na hiãtɔwo.”—Psalmo 149:4.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Yehowa Ðasefowo ta Biblia srɔ̃gbalẽwo, eye wowɔ dɔwɔnu bubu siwo wotsɔ wɔa numekukui, siwo ana Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ naɖe vi na wò geɖe wu. Ne èdi be dɔwɔnu siawo dometɔ aɖe nasu ye si la, àte ŋu abia Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖe sia ɖe faa.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

Mawu ɖee fia be yelɔ̃ Daniel esi wòdɔ eƒe dɔla Gabriel ɖa wòva do ŋusẽe

[Nya si ɖe dzesi si le axa 23]

Ale si Daniel do vevie nusɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa la na wòtu nɔnɔme nyoameŋuwo ɖo, eye eƒe nu dze Mawu ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe