Na Ðeviwo
De Asixɔxɔ Nu Kɔkɔewo Ŋu!
Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.
Ame siwo koŋ ŋu ŋutinyaa ku ɖo: Isak, Rebeka, Yakob, kple Esau
Ŋutinyaa toto ɖe eme: Esau dzra eƒe ŋgɔgbevinyenyea na eƒe vedzɔ, Yakob.
1 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ 1 MOSE 25:20-34.
Nɔnɔme kawoe Yakob kple Esau nɔ ɖeɖem fia esime wonɔ vidzidɔ me gɔ̃ hã?
․․․․․
Esime Yakob kple Esau nye ɖekakpuiwo la, aleke nèsusu be woƒe dzedzeme anya nɔ?
․․․․․
Tso kpukpui 30 va se ɖe 33 la, seselelãme kawoe nède dzesii le ale si Yakob kple Esau ƒo nu na wo nɔewoe me?
․․․․․
WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.
Zã numekugbalẽ kple dɔwɔnu bubu siwo wotsɔ wɔa numekukui, siwo le mia si la, nàtsɔ adzro nu me ku ɖe viŋutsuvi gbãtɔ ƒe ŋgɔgbevinyenye ŋu. Nu ka tae ŋgɔgbevinyenyea le vevie? Nu kae wòafia ne ame aɖe tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenyea dzra ɖe nuɖuɖu agba ɖeka ta?
․․․․․
2 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ 1 MOSE 27:1-10, 30-38.
Gbe kae nèsusu be Esau tsɔ ƒo nui esi wòkpɔ be ye nɔvia xɔ yayra si ŋgɔgbeviwo xɔna la?
․․․․․
WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.
Nu gbegblẽe wònye Rebeka kple Yakob wɔ esi woto mɔ ma dzi na Yakob xɔ yayraa? Ne èɖo eŋu be ɛ̃ alo ao la, nu ka tae? (Kpekpeɖeŋu: Xlẽ 1 Mose 25:23, 33.)
․․․․․
3 TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI . . .
Nu siwo dona tso eme mlɔeba ne ame aɖe dina be yeaɖi kɔ na yeƒe dzodzrowo enumake.
․․․․․
MƆ BUBU SIWO NU NÀTSƆE AWƆ DƆ LE.
Nu kɔkɔe kawoe wotsɔ de asi na wò?
․․․․․
Mɔ siwo nu nàte ŋu aɖee afia le be èdea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?
․․․․․
4 NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?
․․․․․
Ne Biblia mele asiwò o la, xɔ ɖeka le Yehowa Ðasefowo gbɔ, alo xlẽ yevugbe me tɔ le www.watchtower.org