Meda Akpe Na Yehowa Be, Mesubɔe Le Dodokpɔɣiwo Gɔ̃ Hã
Abe ale si Maatje de Jonge-van den Heuvel gblɔe ene
MEXƆ ƒe 98. Edzɔ dzi nam be metsɔ ƒe siawo dometɔ 70 subɔ Yehowa—ke hã, meto xɔse ƒe dodokpɔwo geɖe me. Le Xexemeʋa II lia me la, mekpɔ ɖokuinye le fuwɔamegaxɔ me, afi si dziɖeleameƒo na mewɔ nyametsotso aɖe le gbe ɖeka, si va vem vevie. Ƒe aɖewo megbe la, meva to dodokpɔ gbãdziname bubu aɖe me. Togbɔ be enɔ alea hã la, meda akpe na Yehowa be mɔnukpɔkpɔ su asinye be mesubɔe, le dodokpɔɣiwo gɔ̃ hã.
October 1940 mee tɔtrɔ va nye agbe me. Menɔ Hilversum, si nye du aɖe si didi tso Amsterdam gbɔ le eƒe anyieheɣedzeƒe gome, abe kilometa 24 ene me, le Netherlands. Dukɔa nɔ Nazi dziɖuɖu te. Ƒe atɔ̃e nye ema mía kple srɔ̃nye lɔlɔ̃a, Jaap de Jonge, míeɖe mía nɔewo, eye vinyɔnuvi ƒe etɔ̃ vi, si ŋkɔe nye Willy, nɔ mía si. Míaƒe aƒelika aɖe nye ƒome dahe aɖe, si le dagbadagbam le vi enyi dzi kpɔm. Ke hã, wogaxɔ ɖekakpui aɖe ɖe woƒe me henɔ edzi kpɔm. Esia ta mebia ɖokuinye be, ‘Nu ka tae wogatsɔ agba ma ɖo wo ɖokui dzi ɖo?’ Esi metsɔ nuɖuɖu si wodɔm la yi na wo la, mesee be ɖekakpuia nye mɔɖela. Eƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea kpakple yayra siwo wòahe avae la ŋu nam. Nya si wògblɔ nam la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ, eye eteƒe medidi o, mexɔ nyateƒea. Ƒe ma ke mee meɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ. Ƒe ɖeka le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, srɔ̃nye hã xɔ nyateƒea.
Togbɔ be Biblia me sidzedze sue aɖe koe su asinye hã la, mese egɔme nyuie be, ne mezu Ðasefo la, ekema meva zu habɔbɔ aɖe si nu wode se ɖo la me tɔ. Menyae hã be wolé Ðasefo gbogbo aɖewo de gaxɔ me xoxo le esi wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedeasia ta. Ke hã, mete gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me enumake, eye mía kple srɔ̃nye míeʋu míaƒe aƒe ɖi na mɔɖelawo kple dzikpɔla mɔzɔlawo. Míaƒe aƒea ganye teƒe si woƒoa Biblia srɔ̃gbalẽ, siwo nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo tsɔna tsoa Amsterdam vanɛ la, nu ƒu ɖo. Wodoa agbalẽwo ɖe woƒe keke siwo wowɔ be woatsɔ agba kpekpewo la dzi, eye wotsɔa tapolin tsyɔa wo dzi. Lɔlɔ̃ kple dzideƒo ka gbegbee nye esi woɖe fia! Wotsɔ woƒe agbe de afɔku me ɖe wo nɔviwo ta.—1 Yoh. 3:16.
“Dada, Èle Gbɔgbɔ Ge Kaba?”
Anɔ abe ɣleti ade ene megbe la, kpovitɔ etɔ̃ va do ɖe míaƒe ʋɔtru nu. Woge ɖe eme hetsa aƒea me. Togbɔ be womekpɔ nugododeƒe, si agbalẽ yɔ taŋtaŋ o hã la, wokpɔ agbalẽ aɖewo siwo míetsɔ ɣla ɖe míaƒe abati te la. Enumake woɖe gbe nam be madze yewo yome ayi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe si le Hilversum la. Esi mefa vinyenyɔnuvia be maklãe hafi madzo la, Willy biam be, “Dada, èle gbegbe ge kaba?” Meɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, vinye lɔlɔ̃a. Dada le gbɔgbɔ ge kaba.” Ke hã, ɣleti 18, siwo me mekpe fu le ŋutɔ la, va yi hafi megate ŋu lé vinyea ɖe nye abɔwo dome ake.
Kpovitɔ aɖe kplɔm ɖo keteke ɖo ta Amsterdam be woaɖabia gbem. Gbebialawo dze agbagba be yewoana maɖo kpe edzi be nɔviŋutsu etɔ̃ siwo le Hilversum la nye Yehowa Ðasefowo. Megblɔ na wo be: “Nyemenya wo o, negbe ɖeka ko. Eyae dzraa notsi na mí.” Eye nyateƒee nya sia nye; nɔviŋutsua dzraa notsi vavã. Eye megblɔ kpee be: “Gake Yehowa Ðasefoe wòɖanye o, nyemenya o, eya ŋutɔe wòle be miabia, ke menye nyee o.” Esi megbe be nyemagagblɔ nya aɖeke o la, woƒo ŋkume nam vevie hetum ɖe gaxɔ aɖe me, eye woɖe asi le ŋunye ɖe afi ma ɣleti etɔ̃ sɔŋ. Esi srɔ̃nye va nya afi si menɔ mlɔeba la, ete ŋu tsɔ awudodo kple nuɖuɖu aɖewo vae nam. Emegbe le August 1941 me la, woɖom ɖe Ravensbrück—nyɔnuwo ƒe fuwɔamegaxɔ aɖe si ŋu ŋɔdzi nɔ ŋutɔ, si didi tso Berlin gbɔ abe kilometa 80 ene, le Germany.
“Nɔvi, Kpɔ Dzidzɔ”
Esi míeva ɖo la, wogblɔ na mí be ne míede asi nyameʋuʋu aɖe si gblɔ be míegbe nu le míaƒe xɔse gbɔ te ko la, woaɖe asi le mía ŋu míayi aƒe me. Gake nyemede asi ete o. Ke boŋ enɔ nam be matsɔ nye agbawo ana eye maɖe nye awuwo anɔ amama le tsilekpɔ aɖe me, afi si medo go nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖewo siwo tso Netherlands la le. Woma gamenɔwu aɖe si dzi wotɔ dzesidevɔ dzẽ si le dzogoe etɔ̃ me ɖo, agba gbadzɛ, kplu ɖeka, kple gatsi ɖeka na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Le zã gbãtɔ me la, wona míenɔ gaxɔ aɖe me gbɔ. Afi mae nye afi si mefa avi le zi gbãtɔ tso esime wolém. Menɔ hehe dom henɔ gbɔgblɔm na ɖokuinye be: “Nu kae le dzɔdzɔ ge fifia? Ɣekaɣie manɔ afi sia ase ɖo?” Le nyateƒe me la, ɣemaɣi la, mía kple Yehowa dome ƒomedodoa mekpɔ sẽ tututu o, esi wònye be ɣleti ʋɛ aɖewo koe nye ema mexɔ nyateƒea ta. Nu geɖe ŋutɔ ganɔ anyi wòhiã be masrɔ̃. Le ŋufɔke esi woƒo mí nu ƒu be woayɔ mía ŋkɔwo la, nɔvinyɔnu Netherlandstɔ aɖe de dzesi nye nuxaxaa. Egblɔ nam be: “Nɔvi, kpɔ dzidzɔ, kpɔ dzidzɔ! Nu kae ate ŋu awɔ nu vevi mí?”
Esi woyɔ míaƒe ŋkɔwo vɔ la, wokplɔ mí yi gaxɔ bubu aɖe me, afi si nɔvinyɔnu Kristotɔ alafa geɖe siwo tso Germany kple Netherlands la do wòezɔ na mí le. Nɔvinyɔnu Germanytɔ mawo dometɔ aɖewo nɔ gaxɔ ma me ƒe ɖeka kple edzivɔwo xoxo. Wo gbɔ nɔnɔ do ŋusẽm—vavãe, ena mekpɔ dzidzɔ. Ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ esi mekpɔe be gaxɔ siwo me mía nɔvinyɔnuawo nɔ la le dzadzɛ wu gaxɔ susɔe siwo le gakpɔa me. Tsɔ kpe ɖe eƒe dzadzɛnyenye ŋu la, wonya míaƒe gaxɔawo be wonye teƒe siwo fififi, amedzudzu, alo kɔdada meyia edzi le o. Togbɔ be míeto nɔnɔme sesẽwo me le gakpɔa me hã la, míaƒe gaxɔawo nɔ abe ƒukpo dzadzɛ aɖe si atsiaƒutsi ƒoɖi aɖe ƒo xlã ene.
Gbe Sia Gbe Gbenɔnɔ Le Gakpɔa Me
Agbenɔnɔ le gakpɔa me bia be míawɔ dɔ geɖe evɔ míaɖu nu sue aɖe. Ehiã be míafɔ fɔŋli ga atɔ̃, eye ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wodzea míaƒe ŋkɔwo yɔyɔ gɔme. Dzɔlawo nana míetsia tsitre ɖe xexe abe gaƒoƒo ɖeka ene, le tsidzadza kple vuvɔ me siaa. Ɣetrɔ ga atɔ̃ me, le dɔ sesẽ wɔwɔ ŋkeke bliboa megbe la, ŋkɔyɔyɔ ɖoɖoa gayia edzi. Emegbe wonaa detsi kple abolo aɖe mí míeɖuna eye emegbe míeyia anyimlɔƒe—ɖeɖi tea mía ŋu vlevlevle.
Gbe sia gbe la, wobiana tso asinye be mayi ɖawɔ dɔ le agblewo dzi, afi si metsɔa hɛ gobɛ xaa luwo le, mexaa ba le gɔtawo me, hedzraa hakpɔwo hã me ɖo, negbe Kwasiɖagbe koe to le eme. Togbɔ be dɔa sesẽ heƒoa ɖi ame hã la, mete ŋu wɔe gbe sia gbe, elabena megakpɔtɔ nye ɖetugbui eye ŋusẽ nɔ ŋunye. Gakpe ɖe eŋu la, ne mele dɔa wɔm la, medoa ŋusẽ ɖokuinye kple ha siwo me Biblia me nyawo le la dzidzi. Ke hã, mesusua srɔ̃nye kple vinyea vevie gbe sia gbe.
Wonaa nuɖuɖu sue aɖe mí, gake mí nɔvinyɔnuawo katã míedzea agbagba gblẽa abolo kakɛ aɖe ɖi gbe sia gbe ale be míatsɔe akpe ɖe Kwasiɖagbe tɔa ŋu aɖu ne mɔnukpɔkpɔ aɖe su mía si míeva ƒo ƒu be míadzro Biblia me nyawo me. Biblia srɔ̃gbalẽ aɖeke menɔ mía si o, gake meɖoa to nɔvinyɔnu tsitsi wɔnuteƒe siwo tso Germany la vevie ne wole gbɔgbɔmenuwo me dzrom. Míeɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia gɔ̃ hã.
Fukpekpe, Nuxaxa Ðe Nane Si Mewɔ Ta, Kple Dzidede Ƒo Nam
Ɣeaɖewoɣi la, wobiana tso mía si be míawɔ dɔ siwo dea Nazitɔwo ƒe aʋawɔwɔa dzi tẽe. Esi míedea akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o ta la, nɔvinyɔnuawo katã gbea dɔ ma wɔwɔ, eye nye hã mesrɔ̃ woƒe dzideƒo ƒe kpɔɖeŋua. Abe tohehe ene la, womenaa nuɖuɖu mí o ŋkeke geɖe, eye wonana míetsia tsitre ɖe gota gaƒoƒo geɖe le míaƒe ŋkɔwo yɔyɔ vɔ megbe. Ɣeaɖeɣi, le vuvɔŋɔli la, wotu mí ɖe gaxɔ aɖe si me dzomlekpui aɖeke menɔ o me ŋkeke 40 sɔŋ.
Wogblɔna na mí Yehowa Ðasefowo enuenu be ne míede asi nyameʋuʋu si me nyawo fia be míegbe nu le míaƒe xɔse gbɔ te la, woaɖe asi le mía ŋu eye míate ŋu ayi aƒe me. Esi menɔ Ravensbrück ƒe ɖeka kple edzivɔwo megbe la, dzi va ɖe le ƒonye vevie. Didi be makpɔ srɔ̃nye kple vinyenyɔnuvia nu va sẽ ɖe menye ale gbegbe be meyi dzɔlawo gbɔ ɖabia wo be woana nyameʋugbalẽvi si gblɔ be nyemaganye Biblia Nusrɔ̃vi ake o lam, eye mede asi ete.
Esi nɔvinyɔnuawo se nu si mewɔ la, wo dometɔ aɖewo te asaƒoƒo nam. Ke hã, nɔvinyɔnu tsitsi eve siwo nye Germanytɔwo, siwo ŋkɔwoe nye Hedwig kple Gertrud, la te ɖe ŋunye eye wona kakaɖedzim be yewogalɔ̃m kokoko. Esi mía kpli wo míenɔ dɔ wɔm le hakpɔawo me la, woɖe nu si tae wòle vevie be míalé míaƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi kple ale si míetoa tamanamana me ɖea lɔlɔ̃ si gbegbe le mía si nɛ la fiana me nam. Ale si wotsɔ ɖe le eme nam abe wo vinyɔnu ene kple numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ si woɖe fiam la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.a Menya be nu si mewɔ la menyo o, eye medi be woate fli ɖe agbalẽa me. Fiẽ aɖe me la, megblɔ na nɔvinyɔnu aɖe be metso nya me be mana woate fli ɖe agbalẽ si te mede asii la me. Gaxɔdzikpɔla aɖe anya se míaƒe dzeɖoɖoa, elabena fiẽ ma ke me la, woɖe asi le ŋunye le vo me eye wokplɔm yi ɖade keteke aɖe be wòagbugbɔ akɔm ayi Netherlands. Ame siwo kplɔm yina la dometɔ ɖeka—si ƒe mo gale ŋku dzi nam kokoko la—gblɔ nam be, “Ègakpɔtɔ nye Bibelforscher (Biblia Nusrɔ̃vi) kokoko, eye eya ko nànye ɖaa.” Meɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, makpɔtɔ anyee ɖaa, ne Yehowa lɔ̃.” Ke hã, meganɔ tame bum kokoko be, ‘Aleke mawɔ woate fli ɖe agbalẽvia me?’
Nya siwo nɔ agbalẽvia dzi la dometɔ ɖeka gblɔ be: “Meto esia dzi le kpe ɖom edzi be nyemagawɔ naneke atsɔ ade Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo dzi gbeɖe o.” Menya nu si mawɔ! Esi meɖo aƒe me eteƒe medidi o la, megate gbeƒãɖeɖe ake le January 1943 me. Le nyateƒe me la, ne Nazi dziɖuɖumegãwo galém zi evelia mele gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒea la, nye tohehea asẽ ŋutɔ.
Be maɖee afia geɖe wu be enye nye dzimedidi be manye subɔla wɔnuteƒe la, mía kple srɔ̃nye míegaɖe mɔ ake be nɔvi siwo tsɔa agbalẽwo vanɛ kpakple dzikpɔla mɔzɔlawo nava nɔ míaƒe aƒe me dzem. Aleke gbegbe meda akpee nye esi be mɔnukpɔkpɔ gasu asinye be maɖe lɔlɔ̃ si le asinye na Yehowa kple eƒe amewo la afia!
Nudzɔdzɔ Aɖe Si Do Vevesese Nam Ŋutɔ
Ɣleti ʋɛ aɖewo hafi aʋaa nawu enu la, nane dzɔ ɖe mía kple srɔ̃nye dzi si na míese veve ale gbegbe. Le October 1944 me la, mía vinyɔnuvia dze dɔ kpata. Vemexexedɔ dze Willy dzi. Eƒe dɔlélea nyra ɖe edzi kabakaba, eye wòku le ŋkeke etɔ̃ megbe. Ƒe adre koe wòxɔ ɣemaɣi.
Mía via ƒe ku gbã dzi na mí ale gbegbe. Le nyateƒe me la, fukpekpe siwo me meto le Ravensbrück la dometɔ aɖeke mevem wòde veve si mese esime mía via ku la nu o. Ke hã, le nuxaɣiwo me la, mekpɔa akɔfafa tso Psalmo 16:8 me nyawo me, afi si gblɔ be: “Metsɔa Yehowa ɖoa ŋkunye me ɖaa; ne ele nye nuɖusi me la, ke maɖe le tenye o.” Mía kple srɔ̃nye míeka ɖe tsitretsitsi si ŋugbe Yehowa do la dzi ŋutɔ. Míedo vevie nu le nyateƒea me eye dzo nɔ mía me ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyuia ŋu ɣesiaɣi. Srɔ̃nye kpe ɖe ŋunye ale gbegbe mesubɔ Yehowa kple akpedada va se ɖe esime wòku le ƒe 1969 me.
Yayrawo Kple Dzidzɔ Geɖe
Le ƒe blanane siwo va yi me la, nu ɖeka aɖe si doa dzidzɔ nam ɣesiaɣie nye hadede kple hati ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Abe ale si míewɔ le aʋawɔɣia ene la, mexɔa dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo ɖe míaƒe aƒe me ɣesiaɣi ne wova srã míaƒe hamea kpɔ. Atsu kple asi aɖe siwo le mɔzɔzɔdɔa me, siwo ƒe ŋkɔwoe nye Maarten kple Nel Kaptein, la va nɔ míaƒe me ƒe 13 sɔŋ! Esime Nel nɔ kudɔ lém la, mɔnukpɔkpɔ su asinye melé be nɛ le míaƒe aƒe me ɣleti etɔ̃ va se ɖe eƒe kugbe. Hadede kpli wo kpakple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le nutoa me kpe ɖe ŋunye mese vivi le gbɔgbɔmeparadiso si me míele fifi laa la me.
Nu si do dzidzɔ nam wu le agbe mee nye esi wokpem be made ŋkuɖodziwɔna aɖe le Ravensbrück, le ƒe 1995 me. Medo go nɔvinyɔnu siwo mía kpli wo míenɔ gakpɔ me, siwo nyemegakpɔ kpɔ o awu ƒe 50 ye nye ema la le afi ma! Hadede kpli wo nye nu si wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ si nyemaŋlɔ be gbeɖe o, eye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖee wònye na mí be míade dzi ƒo na mía nɔewo be míakpɔ mɔ na ŋkeke si míaƒe lɔlɔ̃tɔwo agagbɔ agbe.
Apostolo Paulo gblɔ le Romatɔwo 15:4 be “to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔna le Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.” Meda akpe na Yehowa be ena mɔkpɔkpɔ sia, si kpe ɖe ŋunye mesubɔe tsɔ da akpe nɛ, le dodokpɔɣiwo gɔ̃ hã, la mí.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ɣemaɣi la, esi wònye be kadodo aɖeke menɔ nɔviawo kple dɔwɔƒegã la dome o ta la, nɔvi ɖe sia ɖe kpɔ akpaɖekedzimademade ƒe nyaa gbɔ ale si wòate ŋui. Susu ma tae vovototo aɖe nɔ ale si ame ɖekaɖekawo wɔ nu le nya sia me la me.
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Mía kple Jaap, ƒe 1930
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Willy, mía vinyɔnua, si xɔ ƒe adre
[Nɔnɔmetata si le axa 12]
Esime mede kpekpe dedziƒoname aɖe le ƒe 1995 me. Nyee nye evelia le fli gbãtɔ dzi tso miame