INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 1/15 axa 26-30
  • Gbɔgbɔ Kɔkɔea Doa Ŋusẽ Mí Be Míaɖu Dodokpɔwo Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbɔgbɔ Kɔkɔea Doa Ŋusẽ Mí Be Míaɖu Dodokpɔwo Dzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbɔgbɔa Kpena Ðe Mía Ŋu Ne Woti Mía Yome Le Míaƒe Subɔsubɔ Ta
  • Gbɔgbɔa Kpena Ðe Mía Ŋu Míetsia Tsitre Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Ŋu
  • Gbɔgbɔa Doa Ŋusẽ Mí Míedoa Dzi Le Xaxa Ƒomevi Ðe Sia Ðe Me
  • Gbɔgbɔa Kpena Ðe Mía Ŋu Be Míaɖu Dodokpɔwo Kple Tetekpɔwo Dzi
  • Gbɔgbɔ Kɔkɔea Doa Ŋusẽ Mí Be Míaɖu Tetekpɔwo Kple Dziɖeleameƒo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Yehowa Léa Be Na Eƒe Amewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Dzidodo Le Tetekpɔwo Me Hea Kafukafu Vɛ Na Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Ðe Wò Kuxiwo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?
    Nyɔ!—2009
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 1/15 axa 26-30

Gbɔgbɔ Kɔkɔea Doa Ŋusẽ Mí Be Míaɖu Dodokpɔwo Dzi

“Le nuwo katã gome la, mekpɔa ŋusẽ tso ame si doa ŋusẽm la gbɔ.”—FLP. 4:13.

1. Nu kawo gbɔe dodokpɔ kple yometiti siwo vaa Yehowa ƒe amewo dzi tsona?

DODOKPƆWO kple yometitiwo menye nu yeye na Yehowa ƒe amewo o. Dodokpɔ aɖewo tsoa míawo ŋutɔwo ƒe blibomademade alo nuɖoanyi sia si me míele ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo gbɔ. Bubuwo tsoa adikã si le Mawu subɔlawo kple ame siwo mesubɔnɛ o dome la gbɔ. (1 Mose 3:15) Tso amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, Mawu kpe ɖe esubɔla wɔnuteƒewo ŋu wonɔ te ɖe yometiti siwo va wo dzi le woƒe mawusubɔsubɔ ta la nu, wotsi tsitre ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu vɔ̃wo ŋu, eye wodo dzi le xaxa bubu ƒomeviwo katã me. Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu ado ŋusẽ míawo hã míawɔ nenema ke.

Gbɔgbɔa Kpena Ðe Mía Ŋu Ne Woti Mía Yome Le Míaƒe Subɔsubɔ Ta

2. Nu kae nye ame yome titi le mawusubɔsubɔ ta ƒe taɖodzinu, eye mɔ vovovo kawo nue wòate ŋu ava le?

2 Ame yome titi le mawusubɔsubɔ ta nye eɖoɖo koŋ adze ame dzi alo awɔ nu vevii le eƒe xɔse alo subɔsubɔdzixɔsewo ta. Yometilawo ƒe taɖodzinu koŋ ye nye be yewoatsi subɔsubɔdzixɔse mawo nu, be yewoaxe mɔ na wo woagakaka o, alo be yewoana ame siwo xɔ wo dzi se xoxo la nagbe nu le woƒe xɔse gbɔ. Yometiti ate ŋu ava le mɔ vovovowo nu—ɖewo dzena gaglã, gake ɖewo medzena gaglã o. Biblia tsɔ Satana ƒe amedzidzedze sɔ kple dzata kple ƒli siaa ƒe nuwɔnawo.—Mixlẽ Psalmo 91:13.

3. Aleke yometiti siwo le abe dzata ƒe nuwɔna ene la nɔna, eye aleke esiwo le abe ƒli tɔ ene la nɔna?

3 Abe dzata wɔadã ene la, Satana tea ŋu dzea mía dzi tẽe, to ŋutasẽnuwɔwɔ, ameléle de ga, alo mɔxexe ɖe dɔa nu dzi zi geɖe. (Ps. 94:20) Nuŋlɔɖi geɖe siwo ku ɖe dɔ siwo wɔm Yehowa Ðasefowo le le egbeŋkekeawo me ŋu nɔa Yearbook (Annuaire) me, siwo kaa nya ta tso eƒe amedzidzedze mawo tɔgbi ŋu. Subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo alo dunyahela zazɛ̃nyahelawo nɔa ŋgɔ na ameha mawɔsedziwo wosẽa ŋuta le Mawu ƒe amewo ŋu le dukɔ geɖe me. Amedzidzedze alea abe dzata ene na ame ʋɛ aɖewo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Abe ƒli ene la, Abosam tea ŋu nɔa bebeƒe dzea amewo dzi vɔ̃ɖitɔe kple susu be yeana nukpɔsusu gbegblẽ nasu wo si alo yeable wo woawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. Taɖodzinu si le amedzidzedze mawo ŋue nye be woana míagbɔdzɔ le gbɔgbɔ me alo ana míagbe nu le míaƒe xɔse gbɔ. Gake Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe yometiti ƒe mɔnu eve siawo siaa nu.

4, 5. Mɔ kae nye nyuitɔ si dzi míato adzra ɖo ɖe yometiti ŋu, eye nu ka tae? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe.

4 Menye yometiti siwo ƒomevi ate ava mía dzi le etsɔme la ŋu bubu ye nye mɔ nyuitɔ si dzi míato anɔ dzadzraɖoɖi o. Nyateƒea ye nye be míate ŋu anya yometiti si ƒomevi ava mía dzi le etsɔme o, eya ta viɖe boo aɖeke manɔ eme be míanɔ dzi tsim ɖe nu siwo ɖewohĩ womava eme gbeɖe o la ŋu o. Ke hã, nane li si míate ŋu awɔ. Nu si kpe ɖe ame geɖe ŋu wote ŋu do dzi le yometiti mee nye be wodea ŋugble le Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ƒe kpɔɖeŋu siwo le Ŋɔŋlɔawo me kpakple Yesu ƒe nufiafiawo kple kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la ŋu. Esia na be woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa gade to ɖe edzi. Lɔlɔ̃ sia kpe ɖe wo ŋu wonɔ te ɖe dodokpɔ ɖe sia ɖe si va wo dzi la nu.

5 Bu mía nɔvinyɔnu eve siwo tso Malawi la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi nu vlo wɔha aɖe nɔ agbagba dzem be yewoazi wo dzi woaƒle dunyahehamenɔnɔ ƒe dzesidegbalẽvi la, woƒo wo, woɖe woƒe awuwo le wo ŋu, eye wodo ŋɔdzi na wo be yewoadɔ wo gbɔ sesẽe. Nu vlo wɔha la da alakpa na wo be Betel ƒomea me tɔwo gɔ̃ hã ƒle dzesidegbalẽvia. Aleke nɔvinyɔnuawo ɖo eŋu na wo? Wogblɔ be: “Yehowa Mawu ko míesubɔna. Eya ta ne nɔvi siwo le alɔdzedɔwɔƒea ƒle dzesidegbalẽvia la, ema meka mí o. Míagbe nu le míaƒe xɔse gbɔ o, nenye be miawu mí gɔ̃ hã!” Esi nɔviawo wɔ nu dzinɔameƒotɔe alea megbe la, woɖe asi le wo ŋu.

6, 7. Alekee Yehowa doa ŋusẽ esubɔlawo be woado dzi le yometiti me?

6 Apostolo Paulo de dzesii be Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika la xɔ nyateƒegbedeasia “le xaxa geɖewo me,” ke kã, woxɔe kple “gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dzidzɔ.” (1 Tes. 1:6) Nyateƒee, Kristotɔ siwo nɔ anyi le blema kple esiwo li fifia, siwo do go yometitiwo eye woto wo me do dedie la, gblɔ be, esi yometitia ɖo eƒe sesẽaƒe la, ŋutifafa, si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe la, su yewo si le ememe. (Gal. 5:22) Eye ŋutifafa ma dzɔ woƒe dziwo kple woƒe tamesusuwo ŋu. Ɛ̃, Yehowa zãa eƒe dɔwɔŋusẽ tsɔ doa ŋusẽ esubɔlawo be woado dzi le dodokpɔwo me eye woawɔ nu le nunya me ne wole xaxawo me tom.a

7 Ale si Mawu ƒe amewo ɖonɛ kplikpaa léa woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le yometiti sesẽwo gɔ̃ hã me la wɔa nuku na eteƒekpɔlawo. Edze ƒãa be ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu la yɔa Ðasefowo me, eye nenemae wòle vavã. Apostolo Petro na kakaɖedzi mí be: “Ne wole vlo dom mi le Kristo ta la, miekpɔa dzidzɔ, elabena ŋutikɔkɔe ƒe gbɔgbɔ, ɛ̃, Mawu ƒe gbɔgbɔ la, nɔa mia dzi.” (1 Pet. 4:14) Esi wotia mía yome le esi míeléa dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi ta la, efia be Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le mía dzi. (Mat. 5:10-12; Yoh. 15:20) Aleke gbegbe nyanya be Yehowa ƒe yayra le mía dzi la doa dzidzɔ na míi enye esi!

Gbɔgbɔa Kpena Ðe Mía Ŋu Míetsia Tsitre Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Ŋu

8. (a) Nu kae na Yosua kple Kaleb te ŋu tsi tsitre ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ŋu? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yosua kple Kaleb ƒe kpɔɖeŋua me?

8 Tsitretsiɖeŋu si menyaa kpɔna dzea sii bɔbɔe o, si me wòle be Kristotɔwo nado dzi lee nye hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu vɔ̃wo. Ke hã, esi wònye be Yehowa ƒe gbɔgbɔa sẽ ŋu wu xexea ƒe gbɔgbɔ ta la, míate ŋu atsi tsitre ɖe ame siwo ɖua fewu le mía ŋu, ame siwo kakaa aʋatsonyawo le mía ŋu, alo ame siwo dina be yewoazi mía dzi be míanɔ agbe ɖe woƒe dzidzenuwo nu, la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nu kae kpe ɖe Yosua kple Kaleb ŋu womeda asi ɖe wo nɔvi ŋkutsala ewo mamlɛ siwo yi ɖatsa ŋku le Kanaan nyigba dzi la ƒe nukpɔsusuwo dzi o? Gbɔgbɔ kɔkɔea ye de “gbɔgbɔ,” alo tamesusu, bubu wo me.—Mixlẽ 4 Mose 13:30; 14:6-10, 24.

9. Nu ka tae wòle be Kristotɔwo nalɔ̃ be yewoato vovo na ame akpa gãtɔ?

9 Nenema kee gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ Yesu ƒe apostolowo hã woɖo to Mawu wu ame siwo ŋu amewo dea bubui be wonye nyateƒe subɔsubɔ ƒe nufialawo la. (Dɔw. 4:21, 31; 5:29, 32) Ame akpa gãtɔ dzea amehawo yome kple susu be woaƒo asa na nyaʋiʋli alo nyahehe ɖe wo ŋu. Gake ehiãna zi geɖe be Kristotɔ vavãwo ya nalé nu si wonya be ele dzɔdzɔe la me ɖe asi sesĩe. Togbɔ be edzɔna alea hã la, ŋusẽ si Mawu ƒe dɔwɔŋusẽa nana wo ye wɔnɛ be womevɔ̃na be yewoato vovo o. (2 Tim. 1:7) Bu nu ɖeka aɖe si me mele be míana ta le le hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu me o la ŋu kpɔ.

10. Nyametsotso sesẽ kae ate ŋu adze ŋgɔ Kristotɔ aɖewo?

10 Kristotɔ sɔhɛ aɖewo ate ŋu adze ŋgɔ nyametsotso sesẽ aɖe ne wode dzesii be yewo xɔlɔ̃ aɖe ƒo eɖokui ɖe nuwɔna aɖe si tsi tsitre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu me. Woate ŋu ase le wo ɖokui me be nana be woana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu wo xɔlɔ̃a anye nuteƒemawɔmawɔ nɛ; eya ta womiaa nu ɖe nyaa dzi le esi nuteƒewɔwɔ ŋuti nukpɔsusu masɔmasɔ le wo si ta. Nu gbegblẽ wɔlaa ate ŋu aƒo nya ɖe exɔlɔ̃awo nu be woagaʋu go yeƒe nu vɔ̃a o. Le nyateƒe me la, menye sɔhɛwo koe doa go kuxi sia ƒomevi o. Ate ŋu asesẽ na ame tsitsi aɖewo hã be woate ɖe hamemetsitsiwo ŋu agblɔ wo xɔlɔ̃ aɖe alo woƒe ƒometɔ aɖe ƒe nu vɔ̃ aɖe si wòwɔ la na wo. Gake alekee wòle be Kristotɔ vavãwo nawɔ nu le nyaƒoɖeamenu sia tɔgbi me?

11, 12. Nu kae nye nu nyuitɔ si wòle be míawɔ ne hamea me tɔ aɖe ƒoe ɖe mía nu be míagaʋu go nu vɔ̃ si yewɔ o, eye nu ka tae?

11 Bu nɔnɔme sia ŋu kpɔ. Tsɔe be nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe, si ŋkɔe nye Kofi, see be enye numame na exɔlɔ̃ si le hamea me, si ŋkɔe nye Yao, be ekpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo. Kofi gblɔ na Yao be nu si wɔm wòle la le fu ɖem na ye vevie. Gake Yao metsɔ ɖeke le eƒe nyaa me o. Esi Kofi gblɔ na Yao be wòagblɔe na hamemetsitsiwo la, Yao gblɔ nɛ be, ne xɔlɔ̃woe yewonye vavã la, ekema mele be wòagblɔe na hamemetsitsiwo o. Ðe wòle be Kofi nagbe egbɔgblɔ, le vɔvɔ̃ be ye kplii dome xɔlɔ̃wɔwɔa ate ŋu agblẽ ta? Anɔ susum be ne Yao meva lɔ̃ ɖe eƒe nu gbegblẽ wɔwɔa dzi o la, yewo dometɔ ka ƒe nya dzie woaxɔ ase mahã. Ke hã, ne Kofi mia nu ɖe nyaa dzi la, nɔnɔmeawo maɖɔ ɖo o. Le nyeteƒe me la, ate ŋu awɔe be Yao kple Yehowa dome ƒomedodoa me nava gblẽ kura. Anyo be Kofi naɖo ŋku edzi be ‘amegbetɔvɔvɔ̃, mɔ̃e wònye ɖea ame; ke ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.’ (Lod. 29:25) Nu bubu kae Kofi ate ŋu awɔ? Agate ŋu ate ɖe Yao ŋu lɔlɔ̃tɔe ake adzro nyaa me kplii anukwaretɔe. Esia wɔwɔ abia dzinɔameƒo. Gake ate ŋu adzɔ be azɔ la, Yao alɔ̃ be yeagblɔ nyaa na hamemetsitsiwo. Ele be Kofi nagawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ ade dzi ƒo na Yao be wòate ɖe hamemetsitsiwo ŋu, ahagblɔ nɛ be ne meyi ɖagblɔe na wo o va se ɖe ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe dzi la, ekema ye ŋutɔ yeayi aɖagblɔe na wo.—3 Mose 5:1.

12 Ne èto nɔnɔme sia tɔgbi me kpɔ la, akpɔe be, xɔ̃wòa makpɔ ŋudzedze ɖe agbagba siwo dzem nèle be yeakpe ɖe eŋu la ŋu gbã o. Gake ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ate ŋu ava kpɔe be yeƒe nyui dim nèle. Ne vodalaa lɔ̃ wona kpekpeɖeŋui eye wòxɔe faa la, ekema ate ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe ale si nèwɔ nuteƒe nɛ kple dzideƒo si nèɖe fia la ŋu ɖaa. Ke hã, ne edo dziku ɖe ŋuwò le afɔ si nèɖe ta la, ɖe eƒe nuwɔna alea aɖee afia be xɔlɔ̃ si ƒomevi nèdi be wòanɔ ye si ye wònye nyateƒea? Mía Xɔlɔ̃ gãtɔ, Yehowa, ŋu dzedzee nye nu nyuitɔ si ŋu wòle be míatsi dzi ɖo ɣesiaɣi. Ne míetsɔ eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ la, ame siwo lɔ̃nɛ la ade bubu mía ŋu le míaƒe nuteƒewɔwɔa ta, eye woava zu mía xɔlɔ̃ vavãwo. Mele be míaɖe mɔ Abosam nakpɔ mɔ le Kristo hamea ŋu gbeɖe o. Ne míewɔ nu alea la, anye dzikudodo na Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea. Gake míanɔ nu wɔm le ɖekawɔwɔ me kple gbɔgbɔ la ne míewɔa mía tɔ si nua bene Kristo hamea nakpɔtɔ anɔ dzadzɛ.—Ef. 4:27, 30.

Gbɔgbɔa Doa Ŋusẽ Mí Míedoa Dzi Le Xaxa Ƒomevi Ðe Sia Ðe Me

13. Xaxa kawo ƒomevie vaa Yehowa ƒe amewo dzi, eye nu ka tae nu siawo le agbogbo dom ɖe edzi?

13 Xaxawo ate ŋu ava mía dzi le mɔ vovovowo nu—woate ŋu atso ganyawo ƒe tɔtɔ, dɔgeleamesi, dzɔdzɔmefɔku, ame vevi aɖe ƒe ku, lãmesẽkuxiwo, kple kuxi bubuwo gbɔ. Esi wònye be míele “ɣeyiɣi sesẽ” me ta la, ele be mí katã míakpɔ mɔ be dodokpɔ aɖe ƒomevi ava mía dzi godoo, ne menye fifia o la, ate ŋu ava mía dzi ɣeaɖeɣi le etsɔme. (2 Tim. 3:1) Ne esia dzɔ la, ele vevie be míagaɖe mɔ wòana míatɔtɔ o. Gbɔgbɔ kɔkɔe la ate ŋu ado ŋusẽ mí míado dzi le xaxa ƒomevi ɖe sia ɖe me.

14. Nu kae do ŋusẽ Hiob wòdo dzi le xaxa siwo va edzi me?

14 Xaxawo va Hiob dzi ɖe wo nɔewo yome. Eƒe nunɔamesiwo katã dome gblẽ, viawo ku, xɔlɔ̃awo gblẽe ɖi, eye srɔ̃a megaka ɖe Yehowa dzi o. (Hiob 1:13-19; 2:7-9) Ke hã, Hiob kpɔe be Elihu nye akɔfala vavã na ye. Gbedeasi si wògblɔ na Hiob kpakple nya si Yehowa ŋutɔ gblɔ nɛ la me nya vevia ye nye: “Zi ɖoɖoe, eye nalé ŋku ɖe Mawu ƒe nukunuwo ŋu!” (Hiob 37:14) Nu kae kpe ɖe Hiob ŋu wòdo dzi le dodokpɔ siwo va edzi me? Eye nu kae ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu míado dzi ne dodokpɔwo va mía dzi? Eyae nye ŋkuɖoɖo mɔ vovovo siwo nu Yehowa zãa eƒe ŋusẽ kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le la dzi kpakple ŋugbledede le wo ŋu. (Hiob 38:1-41; 42:1, 2) Ðewohĩ míaɖo ŋku nane si Mawu wɔ le míawo ŋutɔwo ƒe agbe me, si ɖe ale si gbegbe wòtsɔ ɖe le eme na mí fiae, la dzi. Ɛ̃, egatsɔ ɖe le eme na mí kokoko.

15. Nu kae do ŋusẽ apostolo Paulo wòte ŋu do dzi le dodokpɔ siwo va edzi me?

15 Apostolo Paulo to xaxa geɖe siwo na eƒe agbe ɖo afɔku me la me le eƒe xɔse ta. (2 Kor. 11:23-28) Aleke wòwɔ te ŋu da sɔ eye nu mete ɖe edzi le nɔnɔme sesẽ mawo me o? Gbedodoɖa kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ye kpe ɖe eŋu. Paulo ŋlɔ le dodokpɔɣi si me wòto, si me ɖewohĩ wòva ku xɔsetaku le, la me be: “Aƒetɔ la nɔ tsitre ɖe gbɔnye, eye wòdo ŋusẽm, bene woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ la ade goe bliboe to dzinye, eye be dukɔwo katã nasee; eye woɖem tso dzata la ƒe nu me.” (2 Tim. 4:17) Eya ta nu si me Paulo ŋutɔ to la na wòte ŋu ka ɖe edzi na haxɔsetɔwo be mehiã be ‘woatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o.’—Mixlẽ Filipitɔwo 4:6, 7, 13.

16, 17. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖe ale si Yehowa le ŋusẽ dom eƒe amewo egbea be woado dzi le xaxawo me la fia.

16 Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe, si ŋkɔe nye Roxana la, ŋutɔ kpɔ ale si Yehowa kpɔa eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo la teƒe. Esi wòbia gbe le woƒe dɔmemegã gbɔ be yeade míaƒe takpekpe aɖe la, eɖo eŋu nɛ dzikutɔe be, ne eyi la, yeanyae le dɔ me. Ke hã, Roxana yi takpekpea, eye wònɔ gbe dom ɖa vevie be dɔ megage le ye si o. Eye esia na wòdzudzɔ dzimaɖitsitsi. Gake esi wòyi dɔ me Dzoɖagbe le takpekpea megbe la, eƒe dɔmemegãa nyae vavã. Roxana tɔtɔ. Ehiã dɔ ma vevie, togbɔ be fetua menyo tututu o hã, be wòate ŋu akpɔ eƒe ƒomea dzi. Egado gbe ɖa ake, eye wògblɔ na eɖokui be Mawu kpɔ yeƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na ye le takpekpea me, eya ta ate ŋu akpɔ yeƒe ŋutilãmenuhiahiãwo hã gbɔ na ye. Esi Roxana nɔ mɔ dzi yina aƒe me la, ekpɔ Nyatakakaʋuƒo aɖe si dzi woŋlɔ ɖo be wole ame aɖe si bi ɖe adzɔnuwɔƒewo ƒe nutɔmɔ̃ zazã me la dim be woaxɔe ɖe dɔ me, eye wòŋlɔ dɔbiagbalẽ. Togbɔ be dɔdzikpɔlaa de dzesii be mebi ɖe mɔ̃a zazã me tututu o hã la, exɔe ɖe dɔ bubu aɖe ta, eye fetu si woxena nɛ la de eƒe dɔ xoxoa tɔ ƒe teƒe eve kloe. Roxana se le eɖokui me be woɖo yeƒe gbedodoɖawo ŋu na ye. Gake yayra gãtɔ si wòkpɔe nye be, ete ŋu gblɔ nya nyuia na eƒe dɔwɔhatiwo dometɔ geɖe. Wo dometɔ atɔ̃, siwo dome woƒe dɔdzikpɔlaa hã le la, xɔ nyateƒea eye woxɔ nyɔnyrɔ.

17 Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu awɔ na mí be womele míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom na mí o—ɖewohĩ womeɖoa wo ŋu na mí enumake, alo le mɔ si míele mɔ kpɔm na la nu o. Ne nenemae la, ke ɖikeke mele eme o be susu nyui aɖe tae. Yehowa nya susu si tae, gake ne ɣeyiɣiawo va le yiyim ko hafi esia me ava kɔ na mí nyuie. Kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si le nu ɖeka aɖe ya ŋu—eyae nye be, Mawu megblẽa ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ɖi o.—Heb. 6:10.

Gbɔgbɔa Kpena Ðe Mía Ŋu Be Míaɖu Dodokpɔwo Kple Tetekpɔwo Dzi

18, 19. (a) Nu ka tae míate ŋu akpɔ mɔ be dodokpɔwo kple tetekpɔwo ava mía dzi? (b) Aleke nàwɔ ado dzi le dodokpɔwo me dzidzedzetɔe?

18 Mewɔa nuku na Yehowa ƒe amewo ne wodo go tetekpɔwo, dziɖeleameƒo, yometitiwo, kple hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo o. Nyateƒea ye nye be, ɖe xexea lé fu mí koŋ. (Yoh. 15:17-19) Ke hã, gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu ana míado dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si va mía dzi le esi míele Mawu subɔm ta la me. Yehowa maɖe mɔ woate mí kpɔ wu esi nu míate ŋu anɔ te ɖo o. (1 Kor. 10:13) Maɖe asi le mía ŋu, alo agblẽ mí ɖi kpɔ gbeɖe o. (Heb. 13:5) Toɖoɖo eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la kpɔa mía ta hedoa ŋusẽ mí. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu aʋã nɔvi haxɔsetɔwo be woana kpekpeɖeŋu si míehiã la mí le ɣeyiɣi si míehiãe vevie la me.

19 Mina mí katã míayi edzi anɔ gbe dom ɖa anɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la biam eye míanɔ Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ dzi. Neva eme be Mawu ‘nanɔ ŋusẽ dom mí kple ŋusẽ katã le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋusẽ gã la nu, bene míate ŋu ado dzi bliboe, eye míagbɔ dzi ɖi blewu le dzidzɔ me.’—Kol. 1:11.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ esia ƒe kpɔɖeŋuwo le May 1, 2001, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 16, kple April 8, 1993, ƒe Nyɔ! axa 21 kple 22.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke nàte ŋu adzra ɖokuiwò ɖo be nàdo dzi le yometiti me?

• Aleke wòle be nàwɔ nui ne ame aɖe ƒo nya ɖe nuwò be nàgaʋu go nu vɔ̃ si yewɔ o?

• Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ asiwò le xaxa ƒomevi ɖe sia ɖe me?

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yosua kple Kaleb gbɔ?

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Aleke nàte ŋu akpe ɖe xɔ̃wò aɖe si wɔ nu vɔ̃ aɖe la ŋu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe