Srɔ̃ɖeɖe Me Kuxi Aɖewo Kple Ale Si Woakpɔ Wo Gbɔe
BIBLIA megblɔ kpɔ be nuwo azɔ nyuie ɣesiaɣi le srɔ̃ɖeɖe me o. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ be srɔ̃tɔwo “akpɔ xaxa le ŋutilã me.” (1 Korintotɔwo 7:28) Ke hã, nu geɖe li srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ be kuxiwo dzi naɖe akpɔtɔ, eye woado dzidzɔ na wo nɔewo geɖe wu. De ŋugble le kuxi ade siwo gbɔna, siwo ŋu srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo faa konyi le zi geɖe la ŋu, eye nàde dzesi ale si Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋui.
1
KUXIA:
“Mía kple srɔ̃nye míele vovo kpɔm ɖe mía nɔewo ŋu o.”
BIBLIA ME GƆMEÐOSE:
“Miakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii nyuie.”—FILIPITƆWO 1:10.
Wò srɔ̃ɖeɖea nye nu siwo le vevie na wò wu le agbe me la dometɔ ɖeka. Ele be wòanɔ vevie na wò wu nu bubuwo. Eya ta kpɔe ɖa be wò gbesiagbe dɔwɔnawo hã le eme tae kuxi sia li ɖoa? Mègaɖe mɔ gbesiagbe hloloetsotsowo nana be mia dome ame sia ame nalé eƒe mɔ atsɔ o. Ele eme baa be, dɔwɔɖui kple nu bubu siwo ŋu miate ŋu awɔ naneke le o la ate ŋu ana be miaklã tso mia nɔewo gbɔ ɣeaɖewoɣi ya. Ke hã, anya wɔ, eye wòhiã hã be nàɖo seɖoƒe na nu siwo ŋu nàte ŋu awɔ nane le, abe ɣeyiɣi si nèzãna ɖe modzakaɖeɖe kple xɔ̃wòwo ŋu ene.
Ke hã, srɔ̃tɔ aɖewo dia dɔ bubu kpea dɔ si wɔm wole, alo woƒoa wo ɖokui ɖe modzakaɖeɖe aɖewo me ale be wo kple wo srɔ̃wo maganɔ anyi ɖekae o. Ame siwo wɔa nu sia mele kaklãm ɖa tso wo srɔ̃wo gbɔ o, ɖe wole sisim le kuxiwo nu boŋ. Ne ele alea le wò ŋutɔ alo srɔ̃wò gome la, ke ele be nàkpɔ ɖa be nu kawo gbɔe kuxia tso hã, eye nàdze agbagba akpɔ wo gbɔ. Ne mia kple srɔ̃wò miekpɔa vovo ɖe mia nɔewo ŋu ko hafi miate ŋu anɔ anyi ɖekae abe “ŋutilã ɖeka” ene vavã eteƒe nadidi.—1 Mose 2:24.
Ale si ame aɖewo tsɔ aɖaŋuɖoɖo sia wɔ dɔe: Andrewa kple Tanji, siwo nye atsu kple asi aɖe le Australia la, ɖe wo nɔewo ƒe ewoe nye esia. Andrew gblɔ be: “Meva kpɔe be dɔ geɖe fũu akpa wɔwɔ kple hadomegbanɔamedziwo tsɔtsɔ do agba na ɖokuinye ate ŋu agblẽ nu le nye srɔ̃ɖeɖe ŋu. Eya ta mía kple srɔ̃nye míedia ɣeyiɣi ɖoa dze hegblɔa míaƒe dzimenyawo na mía nɔewo.”
Dave kple Jane, siwo le Amerika la, nye srɔ̃tɔwo ƒe 22 ye nye esia. Wotsɔ miniti 30 gbãtɔ le fiẽsiwo me ɖo anyi koŋ be yewoanɔ dze ɖom le nu siwo teƒe yewokpɔ le ŋkekea me la ŋu ahalé nyawo akpɔ. Jane gblɔ be: “Ɣeyiɣi sia nɔa vevie na mí ale gbegbe be míeɖea mɔ naneke gblẽa eme o.”
2
KUXIA:
“Nyemegale nu si dim mele le srɔ̃ɖeɖea me la kpɔm o.”
BIBLIA ME GƆMEÐOSE:
“Ame aɖeke neganɔ ye ŋutɔ ƒe nyonyo dim o, ke ame bubu tɔ boŋ.”—1 KORINTOTƆWO 10:24.
Ne viɖe si ame aɖe ate ŋu akpɔ tso srɔ̃ɖeɖea me ŋu koe wòtsia dzi ɖo la, dzi madzɔe ŋutɔŋutɔ le srɔ̃ɖeɖea me akpɔ o, nenye be eɖe srɔ̃ zi gbɔ zi geɖe hã. Srɔ̃ɖeɖea dzea edzi ne ame evea siaa ƒe susu nɔa nunana wo nɔewo dzi wu nuxɔxɔ. Yesu gblɔ susu si ta wòle alea ɖo la ale: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.
Ale si ame aɖewo tsɔ aɖaŋuɖoɖo sia wɔ dɔe: Maria kple Martin, siwo nye srɔ̃tɔwo le Mexico la, ɖe wo nɔewo ƒe 39 ye nye esia. Gake menye ɣesiaɣie nuwo tsɔa afɔ nyuie o. Wogaɖoa ŋku kuxi sesẽ aɖe si wodo goe kpɔ la dzi nyuie. Maria gblɔ tso eŋu be: “Gbe ɖeka esi míenɔ dzre sesẽ aɖe wɔm la, megblɔ gbɔɖiamenya aɖe ɖe Martin ŋu wòtɔ dzi nɛ. Dɔme vee ŋutɔ. Medze agbagba be maɖe eme nɛ be nyemeɖoe hafi gblɔ nyaa o, ke boŋ dzikue na nyaa ge le nu nam. Gake mese egɔme nam o.” Martin hã gblɔ be: “Esi míenɔ dzrea wɔm la, mesusui be manya wɔ be míayi edzi anɔ anyi ɖekae azɔ o, eye be mehiã be maganɔ agbagba dzem be mana srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze o.”
Martin di be woade bubu ye ŋu. Maria hã di be woase nu gɔme na ye. Wo dometɔ aɖeke menɔ nu si dim wòle la kpɔm o.
Aleke wokpɔ kuxia gbɔe? Martin gblɔ be: “Mena ɣeyiɣi aɖe sinu va yi ale be nye dzi nafa, eye mí ame evea sia míedze agbagba be míawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame si me nunya le, si nye be míade bubu mía nɔewo ŋu ahanyo dɔme na mía nɔewo la, dzi. Esi ƒeawo va le yiyim la, míeva kpɔe be kuxi ka kee ɖado mo ɖa o, míate ŋu akpɔ egbɔ nenye be míedo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe mía ŋu, eye míetsɔ Biblia ƒe mɔfiamewo wɔ dɔe.”—Yesaya 48:17, 18; Efesotɔwo 4:31, 32.
3
KUXIA:
“Srɔ̃nye mele akpa si wòle be wòawɔ le srɔ̃ɖeɖea me la wɔm o.”
BIBLIA ME GƆMEÐOSE:
“Mía dometɔ ɖe sia ɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.”—ROMATƆWO 14:12.
Ðikeke mele eme o be ne srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka koe wɔa eƒe akpa dzi le srɔ̃ɖeɖea me la, nuwo madze edzi pɛpɛpɛ abe ale si wòle be wòanɔ ene o. Gake nuwo agavloe ɖe edzi wu nenye be ame evea sia mewɔa woƒe akpa dzi o, eye wonɔa fɔ bum wo nɔewo.
Ne nu si wòle be srɔ̃wò nawɔ la ŋu koe wò susu nɔna la, dzi madzɔ wò akpɔ o. Enɔa alea vevietɔ ne èxana ɖe srɔ̃wò ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta gbena be ye hã yematsɔ yeƒe agbanɔamedziwo o. Ke hã, ne èdzea agbagba be yeanye srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu nyui la, nɔnɔmeawo aka ɖe eme wu le srɔ̃ɖeɖea me. (1 Petro 3:1-3) Gawu la, ànɔ eɖem fia be èdea asixɔxɔ srɔ̃ɖeɖoɖo si Mawu ɖo anyi la ŋu, eye esia ana wò nu nadze eŋu ŋutɔ.—1 Petro 2:19.
Ale si ame aɖewo tsɔ aɖaŋuɖoɖo sia wɔ dɔe: Kim kple srɔ̃aŋutsu, siwo le Korea la, ɖe wo nɔewo ƒe 38 ye nye esia. Kim gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, nye nu kua dzi na srɔ̃nye, si wɔnɛ be megadea nu eme nam o, evɔ nyemenyana nu si tae o. Esia nana mesena le ɖokuinye me be megalɔ̃ nye nya gbɔ o. Ɣeaɖewoɣi mebiaa ɖokuinye be, ‘Nu ka tae wòdina be mase nu gɔme na ye, evɔ eya medzea agbagba be yease nu gɔme nam o?’”
Kim ate ŋu ana eƒe susu nanɔ ale si srɔ̃a mele nu wɔm ɖe eŋu nyuie o, kple nu si mele wɔwɔm o la ŋu hafi. Gake le ema teƒe la, Kim gblɔ bena: “Le esi male dziku ɖi teƒe la, mekpɔe be nu nyuitɔae nye be maɖe afɔ gbã atsɔ adzra mía kplii dome ɖo. Mlɔeba mí ame evea ƒe dzi dzea eme, eye míedzraa mía nɔewo dome ɖo le ŋutifafa me.”—Yakobo 3:18.
4
KUXIA:
“Srɔ̃nye mebɔbɔa eɖokui o.”
BIBLIA ME GƆMEÐOSE:
“Ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo.”—1 KORINTOTƆWO 11:3.
Ne srɔ̃ŋutsu aɖe se le eɖokui me be ye srɔ̃ mebɔbɔa eɖokui o la, gbã ele be wòadzro eɖokui me akpɔ ɖa be yele ye ɖokui bɔbɔm ɖe yeƒe Ta, si nye Yesu Kristo te hã. Srɔ̃ŋutsu ate ŋu aɖee afia be yebɔbɔ ye ɖokui nenye be esrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu.
Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mialɔ̃ mia srɔ̃wo, abe ale si ko Kristo la hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe eta la ene.” (Efesotɔwo 5:25) Yesu ‘meɖua aƒetɔ’ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi o. (Marko 10:42-44) Enaa mɔfiame siwo me kɔ la eyomedzelawo, eye wòɖɔa wo ɖo le afi si wòhiã le. Ke hã, mewɔa ŋlɔmi le wo ŋu gbeɖe o. Enyo dɔme na wo, eye mebiaa nu si gbɔ woƒe ŋutete ŋu la tso wo si o. (Mateo 11:29, 30; Marko 6:30, 31; 14:37, 38) Woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nɔa vevie nɛ wu eya ŋutɔ tɔwo.—Mateo 20:25-28.
Ele be srɔ̃ŋutsu nabia eɖokui be, ‘Ðe mía gbɔ dekɔnuwoe kpɔa ŋusẽ ɖe ale si mebua tanyenye kple nyɔnuwoe dzi loo alo mɔfiame kple kpɔɖeŋu siwo le Biblia me yea?’ Le kpɔɖeŋu me, aleke nàbu nyɔnu si ƒe nukpɔsusu le nya aɖe ŋu to vovo na srɔ̃a tɔ, eye wòɖee gblɔ kple didi vevie gake le bubu me? Le Biblia me la, wokafu Abraham srɔ̃ Sara be enye srɔ̃nyɔnu si bɔbɔ eɖokui. (1 Petro 3:1, 6) Ke hã, ne nɔnɔmea bia la, egblɔa eƒe susu. Esia ƒe kpɔɖeŋue nye esime Abraham mete ŋu kpɔ nɔnɔme aɖe si ate ŋu agblẽ nu le eƒe ƒomea ŋu la dze sii o.—1 Mose 16:5; 21:9-12.
Edze ƒãa be Abraham mewɔ nu si ana Sara navɔ̃ be yeaƒo nu o. Abraham metea ame ɖe anyi o. Nenema kee, srɔ̃ŋutsu si wɔa Biblia ƒe mɔfiamewo dzi mazi srɔ̃a dzi be wòawɔ nu sia nu si yedi o. Ne ewɔa eƒe tanyenyea ŋu dɔ le lɔlɔ̃ me ko hafi srɔ̃a ade bubu eŋu.
Ale si ame aɖewo tsɔ aɖaŋuɖoɖo sia wɔ dɔe: James, si le England si ɖe srɔ̃ ƒe enyie nye esia, gblɔ be: “Meva le esrɔ̃m be ele be mabia srɔ̃nye ƒe susu hafi awɔ nyametsotso veviwo. Medzea agbagba be maganye ɖokuitɔdila o, ke boŋ be matsɔ eƒe nuhiahiãwo aɖo nɔƒe gbãtɔ.”
George, si le Amerika, ɖe srɔ̃ ƒe 59 ye nye esia. Egblɔ be: “Medzea agbagba be magana srɔ̃nye nase le eɖokui me be yemele ɖeke me o, ke boŋ mebunɛ be enye kpeɖeŋutɔ nyanu si si ŋutete nyuiwo le.”—Lododowo 31:10.
5
KUXIA:
“Srɔ̃nye mexɔa ŋgɔ le ƒomea me o.”
BIBLIA ME GƆMEÐOSE:
“Nyɔnuwo ƒe nunya tua woƒe xɔ; ke bometsitsi tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi gbãnɛ ƒua anyi.”—LODODOWO 14:1.
Ne srɔ̃wòŋutsu hena ɖe megbe le nyametsotsowo wɔwɔ me, alo mexɔa ŋgɔ le aƒea me ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ me o la, afɔɖeɖe etɔ̃ aɖewo ya teti dze ŋgɔ wò. (1) Nànɔ eƒe susu hem yi eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi enuenu alo (2) nàxɔ tanyenyea le esi alo (3) nàkafui tso dzi me ɖe agbagba siwo dzem wòle ta. Ne ètia afɔɖeɖe gbãtɔ alo evelia la, àtsɔ wò asi agbã wò ŋutɔ wò aƒe aƒu anyi. Ne ètia afɔɖeɖe etɔ̃lia la, akpe ɖe ŋuwò nàtu wò aƒe ɖo, alo le mɔ bubu nu la, àna wò srɔ̃ɖekadodoa me nasẽ.
Ŋutsu geɖe dina be woade bubu yewo ŋu wu be woalɔ̃ yewo. Eya ta ne èna srɔ̃wò se le eɖokui me be èdea bubu eŋu to ale si nènana wòkpɔnɛ be agbagba siwo dzem wòle be yeaxɔ ŋgɔ le ƒomea me la le edzi dzem, eye be èkpɔa ŋudzedze ɖe eŋu la, akpe ɖe eŋu be wòagatsɔ eƒe agbanɔamedziwo nyuie wu. Godoo adzɔ ɣeaɖewoɣi be miaƒe susu mawɔ ɖeka le nya aɖewo ŋu o. Ele be mi ame evea mianɔ anyi akpɔ nya mawo gbɔ. (Lododowo 18:13) Ke hã, nya siwo nàgblɔ kple gbe si nàtsɔ agblɔ woe la ate ŋu ana nàgbã wò aƒe loo alo nàtu wò srɔ̃ɖeɖea ɖo. (Lododowo 21:9; 27:15) Ne ègblɔ wò susuwo bubutɔe la, anɔ bɔbɔe wu be nu si dim nèle la nasu asiwò, si nye be srɔ̃wò magahe ɖe megbe le ŋgɔxɔxɔ me o.
Ale si ame aɖewo tsɔ aɖaŋuɖoɖo sia wɔ dɔe: Michele, si le Amerika la, ɖe srɔ̃ ƒe 30 ye nye esia. Egblɔ be: “Esi wònye be danye ɖeka koe nyi mía kple nɔvinyenyɔnuwo ta la, eƒe ŋkume sẽ, eye meɖoa ŋu ɖe ame aɖeke ŋu o. Metsɔ eƒe kɔ. Eya ta enuenu la, ele be manɔ agbagba dzem be mabɔbɔ ɖokuinye na srɔ̃nye. Le kpɔɖeŋu me, meva le esrɔ̃m be mabia srɔ̃nye ƒe susu le nyawo ŋu, le esi teƒe be matso nya me le ɖokuinye si.”
Ƒome si me wonyi Rachel hã le la kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Wo kple srɔ̃a Mark wole Australia, eye woɖe wo nɔewo ƒe 21 ye nye esia. Egblɔ be: “Danye mebɔbɔa eɖokui na fofonye kura o. Dzre kple amemabumabu ye xɔ aƒe ɖi. Esi meɖe srɔ̃ teti la, menɔ nu wɔm abe danye ene. Ke hã, esi ƒeawo va le yiyim la, meva kpɔe be ele vevie ŋutɔ be mawɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe bubudede ame srɔ̃ ŋu dzi. Fifia mía kple Mark míele dzidzɔ kpɔm wu le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me.”
6
KUXIA:
“Nyemagate ŋu anɔ te ɖe srɔ̃nye ƒe nɔnɔme siwo vea dɔme nam la nu o.”
BIBLIA ME GƆMEÐOSE:
“Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu.”—KOLOSETƆWO 3:13.
Anɔ eme be esime mienɔ zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, wò susu nɔ ame si nàva ɖe la ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu ale gbegbe be mède dzesi eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo o. Àgate ŋu awɔ nenema fifia hã? Ðikekemanɔmee la, srɔ̃wò wɔa nanewo siwo ate ɖe dziwò godoo. Ke hã, bia ɖokuiwò be, ‘Srɔ̃nye ƒe nɔnɔme kawo ŋue madi be nye susu nanɔ—nyuiawo loo alo gbegblẽawoe?’
Yesu wɔ kpɔɖeŋu nyui aɖe tsɔ ɖe nu si tae wòle vevie be míaŋe aɖaba aƒu ame bubuwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi la me. Ebia be: “Nu ka tae nèkpɔa ati fefee si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèbua atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi ya ŋu o?” (Mateo 7:3) Ati fefee si ƒe nya wògblɔ la ate ŋu afia gbe fẽ. Ke atikpo ya lolo, edidi, eye wotsɔnɛ gbaa xɔe. Aleke míase eƒe nyawo gɔmee? “Ðe atikpo la ɖa le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie aɖe ati fefee si le nɔviwò ƒe ŋku dzi la.”—Mateo 7:5.
Yesu gblɔ ŋkubiãnya aɖe tsɔ dze kpɔɖeŋua gɔmee. Egblɔ be: “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; elabena ʋɔnu si drɔ̃m miele la kee woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu mi.” (Mateo 7:1, 2) Ne àdi be Mawu naŋe aɖaba aƒu wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo, siwo le tsitre ɖi na atikpo si le ŋku dzi na wò dzi la, ke ade dziwò ŋutɔ be nàŋe aɖaba ƒu srɔ̃wò hã tɔ dzi.—Mateo 6:14, 15.
Ale si ame aɖewo tsɔ aɖaŋuɖoɖo sia wɔ dɔe: Jenny kple srɔ̃a Simon le England, eye woɖe wo nɔewo ƒe asieke ye nye esia. Egblɔ be: “Nu si srɔ̃nye wɔna si hea masɔmasɔ vaa mía kplii dome zi geɖe lae nye be, mewɔa ɖoɖo ɖe nuwo ŋu do ŋgɔ o, si wɔnɛ be gaƒoƒo mamlɛtɔ dzi hafi wòɖea afɔ. Ewɔ nuku vie, elabena esi míenɔ zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, eƒe nu doa dzidzɔ nam le esi wòwɔa nyametsotsowo kpata ta. Gake meva de dzesii be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le nye hã ŋunye, le kpɔɖeŋu me, medina be manɔ nu ɖom nɛ akpa. Mía kple Simon míele agbagba dzem azɔ be míanɔ aɖaba ŋem ƒu mía nɔewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi.”
Michele, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la srɔ̃, Curt, gblɔ be: “Ne srɔ̃wò ƒe nɔnɔme, siwo medzɔa dzi na wò o la ŋu koe wò susu nɔna la, ava nɔ wɔwɔm na wò abe lolom ɖe edzi koe eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo le ene. Medina boŋ be mana nye susu nanɔ Michele ƒe nɔnɔme siwo na eƒe nu lé dzi nam le gɔmedzedzea me la ŋu.”
Nu Vevi Si Ana Wòakpɔ Dzidzedze
Kpɔɖeŋu ʋɛ siawo ɖee fia be kuxiwo anɔ srɔ̃ɖeɖea me godoo, gake woate ŋu akpɔ wo gbɔ hã. Nu ka gbɔe wòatso be srɔ̃ɖeɖea nadze edzi? Tu lɔlɔ̃ na Mawu ɖo, eye nàna wòanye wò didi vevie be nàtsɔ mɔfiame siwo le eƒe Nya, Biblia me la, awɔ dɔe.
Alex kple Itohan le Nigeria. Woɖe srɔ̃ ƒe 20 kple edzivɔwoe nye esia, eye woawo hã de dzesi nu si gbɔ wòtsona be srɔ̃ɖeɖe dzea edzi. Alex gbɔ be: “Meva kpɔe dze sii be srɔ̃tɔwo ate ŋu akpɔ srɔ̃ɖeɖe me kuxi ɖe sia ɖe gbɔ nenye be wowɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi.” Srɔ̃a gblɔ be: “Míeva kpɔe dze sii be ele vevie be míanɔ gbe dom ɖa edziedzi, eye be míatsɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye be míalɔ̃ mía nɔewo tso dzi me ahagbɔ dzi ɖi na mía nɔewo la awɔ dɔe. Fifia míaƒe kuxiwo le ʋɛ wu ale si wònɔ esi míeɖe srɔ̃ teti.”
Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Mawu ƒe Nyaa me, siwo ate ŋu akpe ɖe wò ƒomea ŋu la ŋua? Ekema na Yehowa Ðasefowo nadzro agbalẽ si ƒe tanyae nye Nuka Tututue Nye Biblia Ƒe Nufiafia?b la ƒe ta 14 lia me kpli wò.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
b Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Ðe míekpɔa vovo ɖe mía nɔewo ŋua?
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Ðe medzea agbagba be mana nu wu esi maxɔ nua?
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Ðe meɖea afɔ gbã be matsɔ adzra mía kple srɔ̃nye dome ɖoa?
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Ðe mebiaa srɔ̃nye ƒe susu le nyawo ŋu hafi tsoa nya mea?
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Srɔ̃nye ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋue nye susu nɔna?