Ðe Nèlé Fu Sedzimawɔmawɔa?
“[Yesu lé] fu sedzimawɔmawɔ.”—HEB. 1:9.
1. Nu kae Yesu fia tso lɔlɔ̃ ŋu?
ESI Yesu Kristo nɔ gbe tem ɖe lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye dzi la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Se yeye nam mele mi, be mialɔ̃ mia nɔewo; abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo. Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yoh. 13:34, 35) Yesu de se na eyomedzelawo be woalɔ̃ wo nɔewo ale gbegbe be woatsɔ wo ɖokuiwo asa vɔ ɖe wo nɔewo ta. Lɔlɔ̃ sia ade dzesi wo be wonye eyomedzelawo. Yesu de dzi ƒo na wo hã be: “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mianɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta.”—Mat. 5:44.
2. Nu kae wòle be Kristo yomedzelawo nalé fui?
2 Le nufiafia eƒe nusrɔ̃lawo tso lɔlɔ̃ ŋu megbe la, Yesu gafia nu si wòle be woalé fui la hã wo. Wogblɔ le Yesu ŋu be: “Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nèlé fu sedzimawɔmawɔ [alo nu vɔ̃ɖi].” (Heb. 1:9; Ps. 45:8) Esia fia be, menye dzɔdzɔenyenyelɔlɔ̃ koe wòle be míasrɔ̃ o, ke ele be míasrɔ̃ fuléle nu vɔ̃, alo sedzimawɔmawɔ hã. Eɖe dzesi ŋutɔ be apostolo Yohanes gblɔ tẽe be: “Ame sia ame si yia edzi wɔa nu vɔ̃ la le se dzi dam hã, eya ta nu vɔ̃e nye sedzimawɔmawɔ.”—1 Yoh. 3:4.
3. Agbemenuwɔna kawo mee míadzro le fuléle sedzimawɔmawɔ ƒe nyaa me le nyati sia me?
3 Eya ta esi míenye Kristotɔwo ta la, anyo be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe melé fu sedzimawɔmawɔa?’ Mina míadzro ale si míate ŋu alé fu vɔ̃ le agbemenuwɔna ene siwo gbɔna me la me kpɔ: (1) ale si míebua aha tsu nonoe, (2) ale si míebua vivimenuwɔnawo alo gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawoe, (3) nɔnɔme si míeɖena fiana ku ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu, kple (4) ale si míebua ame siwo lɔ̃ sedzimawɔmawɔ lae.
Zã Aha Muame Le Ŋuɖɔɖo Me
4. Nu ka tae Yesu te ŋu ƒo nu faa esime wònɔ nu xlɔ̃m tso aha tsu nono ŋu?
4 Yesu no wain ɣeaɖewoɣi, elabena enya be Mawu ƒe nunanae wònye. (Ps. 104:14, 15) Ke hã, mezã nunana sia ɖe mɔ gbegblẽ nu to aha tsu nono me kpɔ gbeɖe o. (Lod. 23:29-33) Esia tae Yesu te ŋu ƒo nu faa esime wònɔ nu xlɔ̃m tso nuwɔna sia ŋu. (Mixlẽ Luka 21:34.) Aha muame zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu ate ŋu akplɔ ame ade nu vɔ̃ gãwo me. Eya ta apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Miganɔ wain mum, si me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o, ke boŋ mina gbɔgbɔ la nanɔ mia yɔm fũu.” (Ef. 5:18) Exlɔ̃ nu nyɔnu tsitsi siwo nɔ hamea me la hã be “woagazu kluvi na wain geɖe nono o.”—Tito 2:3.
5. Nya kawoe wòle be ame siwo tiae be yewoano aha muame la nabia wo ɖokuiwo?
5 Ne ètiae be yeano aha muame la, ele be nàbia ɖokuiwò hã be: ‘Ðe mebua aha tsu nono abe ale Yesu bunɛ enea? Ðe metea ŋu ƒoa nu faa tso nya sia ŋu ne eva hiã be maɖo aɖaŋu na ame bubuwo tso eŋua? Ðe menoa aha be matsɔ aƒo asa na kuxiwo alo aɖe nuteɖeamedziwo dzi kpɔtɔa? Aha sesẽ agbɔsɔsɔme kae menona kwasiɖa sia kwasiɖa? Ne ame aɖe ƒe nyagbɔgblɔwo ɖee fia be edze abe mele aha nom fũu akpa ene la, aleke mewɔa nui? Ðe meɖea ɖokuinye nu alo doa dzikua gɔ̃ hã?’ Ne míeɖe mɔ aha geɖe nono va zu numame na mí la, ate ŋu awɔe be míagava nɔ nuwo ŋu bum nyuie o, eye míagate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo o. Kristo yomedzelawo dzea agbagba be yewoakpɔ yewoƒe tamebubu ŋutete ta.—Lod. 3:21, 22.
Ƒo Asa Na Gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo
6, 7. (a) Aleke Yesu wɔ nu ɖe Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu? (b) Nu ka tae gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo va bɔ egbea ŋutɔ?
6 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, etsi tsitre ɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu vevie. Esi Satana ɖoe koŋ do eƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ la, mena ta o. (Luka 4:1-13) Ede dzesi ayemɔ siwo dzi wòto be yeakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe tamebubu kple nuwɔnawo dzi la hã eye wòtsi tsitre ɖe wo ŋu. (Mat. 16:21-23) Yesu kpe ɖe ame siwo dze la ŋu wovo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe wo dzi ɖuɖu tagbɔsesẽtɔe me.—Mar. 5:2, 8, 12-15; 9:20, 25-27.
7 Esi woɖo Yesu zi dzi wòzu Fia le ƒe 1914 me megbe la, enya Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa tso dziƒo be woagakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe nuwɔwɔ siwo le dziƒo la dzi o. Esia wɔe be Satana “le anyigba dzi nɔlawo katã blem” fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. (Nyaɖ. 12:9, 10) Eya ta mele be wòawɔ nuku na mí be ame geɖe wu va le dzidzɔ kpɔm ɖe gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo ŋu eye enu le sesẽm ɖe edzi egbea o. Afɔ kawoe míate ŋu aɖe atsɔ akpɔ mía ɖokui ta?
8. Ðokuimedzodzro kae wòasɔ be míawɔ ku ɖe modzakaɖeɖe siwo míetiana ŋu?
8 Biblia xlɔ̃ nu mí tso afɔku siwo le gbɔgbɔyɔyɔ me ŋu eme kɔ nyuie. (Mixlẽ 5 Mose 18:10-12.) Egbea la, Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe tamesusuwo dzi to sinemawo, agbalẽwo, kple elektronikfefe siwo doa gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo ɖe ŋgɔ dzi. Eya ta ne míele modzakaɖeɖewo tiam la, ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Le ɣleti siwo va yi me la, ɖe metsɔ filmwo, television dzi wɔnawo, elektronikfefewo, agbalẽwo, alo nukokoedonamefefe siwo me woɖea vivimenuwɔnawo fiana le la ɖe modzakaea? Ðe mekpɔ nu si tae wòle vevie be maƒo asa na gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo tsɔtsɔ ɖe modzakae la dze siia, alo ɖe mebua afɔku siwo le eme nu tsɛa? Ðe mebu ale si Yehowa ase le eɖokui me ku ɖe tiatia siwo mewɔna le modzakaɖeɖe me ŋua? Ne meɖe mɔ Satana le ŋusẽ kpɔm ɖe dzinye to mɔ siawo dzi xoxo la, ɖe nye lɔlɔ̃ na Yehowa kpakple eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo aʋãm be madzudzɔ gomekpɔkpɔ le wo me enumakea?’—Dɔw. 19:19, 20.
Ðo To Yesu Ƒe Nuxlɔ̃ame Ku Ðe Gbɔdɔdɔ Ƒe Agbe Gbegblẽ Nɔnɔ Ŋu
9. Aleke wòate ŋu adzɔ be ame aɖe nanɔ sedzimawɔmawɔlɔlɔ̃ ƒãm ɖe eɖokui me?
9 Yesu lé Yehowa ƒe dzidzenu siwo ku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu me ɖe asi. Egblɔ be: “Ðe miexlẽe kpɔ be ame si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, atsu kple asi wòwɔ woe, eye wògblɔ be, ‘Le esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋu, eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka’ oa? Eya ta womeganye eve o, ke boŋ ŋutilã ɖeka. Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.” (Mat. 19:4-6) Yesu nya be nu siwo míaƒe ŋku kpɔna la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dzi dzi. Eya ta egblɔ le eƒe Todzimawunyaa me be: “Miese be wogblɔ be, ‘Mele be nàwɔ ahasi o.’ Gake nye ya mele egblɔm na mi be, ame sia ame si yia edzi nɔa ŋku lém ɖe nyɔnu aɖe ŋu, si na wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (Mat. 5:27, 28) Le nyateƒe me la, ame siwo ŋea aɖaba ƒua Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi la le sedzimawɔmawɔlɔlɔ̃ ƒãm ɖe wo ɖokui me.
10. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖee fia be ame aɖe si kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo la ate ŋu aɖe asi le eŋu keŋkeŋ.
10 Satana doa gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ɖe ŋgɔ to amamaɖeɖenuwɔnawo dzi. Nuwɔna sia yɔ fifi nuɖoanyia me fũu. Esesẽna na ame siwo kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo la be woaɖe gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna makɔmakɔ siwo wokpɔ la ɖa le susu me. Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ate ŋu ava zu numame na wo. Bu nu si dzɔ ɖe Kristotɔ aɖe dzi ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Mekpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo le adza me. Mesusui be meva le xexe aɖe si ɖe aga tso Yehowa ƒe amewo gbɔ la me. Menyae be nu sia wɔwɔ menyo o, gake megblɔ na ɖokuinye be, Mawu gakpɔa ŋudzedze ɖe nye subɔsubɔ ŋu kokoko.” Nu kae va trɔ nɔviŋutsu sia ƒe nuŋububu? Egblɔ be: “Metso nya me be magblɔ nye kuxia na hamemetsitsiwo togbɔ be esia wɔwɔe nye nu sesẽtɔ kekeake nam gɔ̃ hã.” Mlɔeba la, nɔviŋutsu sia va ɖe asi le numame sia si gblẽa nu le ame ŋu vevie la ŋu. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Esi mekɔ ɖokuinye ŋu tso nu vɔ̃ sia me la, mese le ɖokuinye me azɔ be dzitsinya si dzadzɛ vavã la va su asinye.” Ele be ame siwo lé fu sedzimawɔmawɔ la nasrɔ̃ ale si woalé fu amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ.
11, 12. Aleke míate ŋu aɖee afia be míelé fu sedzimawɔmawɔ le ha siwo míesena tiatia me?
11 Haƒoƒo kple emenyawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe míaƒe seselelãmewo dzi, si fia be, ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe kpɔɖeŋudzia dzi. Haƒoƒo ŋutɔ nye Mawu ƒe nunana eye wòwɔ akpa vevi aɖe le tadedeagu vavãtɔ me tso blema ke. (2 Mose 15:20, 21; Ef. 5:19) Gake Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia ya doa haƒoƒo siwo kafua gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ la ɖe ŋgɔ. (1 Yoh. 5:19) Aleke nàwɔ anya ne ha siwo nèsena la ate ŋu atu wò ɖo loo alo woana nàzu ame makɔmakɔ?
12 Gbã la, àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Ðe ha siwo mesena la kafua amewuwu, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, kple busunyagbɔgblɔwoa? Ne mexlẽ ha siwo mesena la me nyawo na ame aɖe la, ɖe amea akpɔe be melé fu sedzimawɔmawɔa, alo ɖe ha la me nyawo aɖee afia be nye dzi ƒo ɖia?’ Míate ŋu agblɔ be míelé fu sedzimawɔmawɔ, evɔ míanɔ ha siwo donɛ ɖe dzi la sem o. Yesu gblɔ be: “Nu siwo doa go tso nu me la, woawoe doa go tso dzi la me, eye nu mawoe nana ame zua ame makɔmakɔ. Le kpɔɖeŋu me, dzi mee susu vɔ̃wo bubu, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, agbe gbegblẽ nɔnɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo, busunyagbɔgblɔwo doa go tso.”—Mat. 15:18, 19; tsɔe sɔ kple Yakobo 3:10, 11.
Bu Ame Siwo Lɔ̃ Sedzimawɔmawɔ La Abe Ale Si Yesu Bua Woe Ene
13. Aleke Yesu bu ame siwo nɔ nu vɔ̃ wɔm dzimematrɔmatrɔe lae?
13 Yesu gblɔ be yeva be yeayɔ nu vɔ̃ wɔlawo, alo sedzimawɔlawo, hena dzimetɔtrɔ. (Luka 5:30-32) Ke hã, alekee wòbu ame siwo wɔa nu vɔ̃ dzimematrɔmatrɔe? Yesu xlɔ̃ nu vevie ku ɖe ame mawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu. (Mat. 23:15, 23-26) Egblɔ eme kɔ nyuie hã be: “Menye ame sia ame si le gbɔgblɔm nam be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ,’ ye ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, ke ame si le Fofonye si le dziƒowo ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae ayi ɖe eme. Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi [esime Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo la] be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe míegblɔ nya ɖi le wò ŋkɔ me, eye míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le wò ŋkɔ me, eye míewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le wò ŋkɔ me oa?’” Gake Yesu agbe ame siwo wɔa nu vɔ̃ dzimematrɔmatrɔe la ahagblɔ na wo be: “Mite ɖa le gbɔnye”! (Mat. 7:21-23) Nu ka tae ame mawo dze na ʋɔnudɔdrɔ̃ sia? Elabena womedea bubu Mawu ŋu o, eye woto woƒe sedzimawɔmawɔ nuwɔnawo dzi gblẽ nu le ame bubuwo ŋu.
14. Nu ka tae woɖea nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo ɖa le hamea me?
14 Mawu ƒe Nya la de se be woaɖe nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo ɖa le hamea me. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 5:9-13.) Esia le vevie le susu etɔ̃ ya teti ta: (1) be woagahe vlododo ava Yehowa ƒe ŋkɔa dzi o, (2) be woakpɔ hamea ta be wòagaƒo ɖi o, kple (3) be ne anya wɔ la, wòakpe ɖe nu vɔ̃ wɔlaa ŋu wòatrɔ dzi me.
15. Ne míedi be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa la, nya vevi kawoe wòle be míabia mía ɖokui?
15 Ðe míebua ame siwo ɖoe koŋ le sedzimawɔmawɔgbe nɔm la abe ale si Yesu bua woe enea? Ehiã be míade ŋugble le biabia siwo gbɔna ŋu vevie: ‘Ðe madi be manɔ ha dem kple ame aɖe si woɖe le hamea me alo ame si ŋutɔ dzudzɔ hadede kple Kristo hamea la edziedzia? Ke ne amea nye nye ƒometɔ kplikplikpli aɖe si megale mía gbɔ le aƒe me o ɖe?’ Nɔnɔme sia tɔgbi ate ŋu ado míaƒe dzɔdzɔenyenyelɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ na Mawu kpɔ vevie.a
16, 17. Nɔnɔme sesẽ ka mee vidada Kristotɔ aɖe to, eye nu kae kpe ɖe eŋu wòwɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo ɖeɖe ɖa le hame ƒe ɖoɖoa?
16 Bu nu si me nɔvinyɔnu aɖe to la ŋu kpɔ. Viaŋutsu si tsi fifia la lɔ̃ Yehowa le gɔmedzedzea me. Gake esi wòva nɔ tsitsim la, eva nɔ nu vɔ̃ gbe nɔm dzimematrɔmatrɔe. Eya ta woɖee le hamea me. Mía nɔvinyɔnua lɔ̃ Yehowa, gake elɔ̃ viaŋutsua hã, eye wòkpɔe be esesẽ na ye ŋutɔ be yeawɔ ɖe se si Ŋɔŋlɔawo de be wòadzudzɔ hadede kplii la dzi.
17 Ne ɖe mɔnukpɔkpɔa su asiwò la, anye ne aɖaŋu kae nàɖo na nɔvinyɔnu sia? Hamemetsitsi aɖe kpe ɖe eŋu wòkpɔe be Yehowa se eƒe vevesesea gɔme nɛ. Nɔviŋutsua bia tso esi be wòabu ale si gbegbe Yehowa anya se vevee esime via siwo nye mawudɔlawo dometɔ aɖewo dze aglã ɖe eŋu la ŋu kpɔ. Hamemetsitsia dzro nu me kplii be, togbɔ be Yehowa nya ale si gbegbe nɔnɔme sia doa vevesese na ame hã la, ebia be woaɖe nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo ɖa le hamea me. Nɔvinyɔnua xɔ ŋkuɖodzinyawo de eme eye wòwɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple ameɖeɖelehame ƒe ɖoɖoa nuteƒewɔwɔtɔe.b Nuteƒewɔwɔ alea doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi.—Lod. 27:11.
18, 19. (a) Ne míedzudzɔ hadede kple ame aɖe si tsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe la, nu kae wòɖena fiana be míelé fu? (b) Ne míewɔ nuteƒe na Mawu hewɔ eƒe ɖoɖoa dzi la, nu kae ate ŋu ado tso eme?
18 Ne èle nɔnɔme sia tɔgbi me tom la, míeɖe kuku, ɖo ŋku edzi be Yehowa sea veve ɖe nuwò. Ne èdzudzɔ hadede kple ame si woɖe le hamea me alo ame si ŋutɔ dzudzɔ hadede kple hamea la, ànɔ eɖem fia be èlé fu agbenɔnɔ kple nuwɔna siwo kplɔa ame dea nɔnɔme sia me. Gake ema afia hã be, èlɔ̃ nu gbegblẽ wɔlaa ale gbegbe be nèdi be yeawɔ nu le mɔ si aɖe vi gãtɔ kekeake nɛ la nu. Wò nuteƒewɔwɔ na Yehowa ate ŋu awɔe be tohehe si nam wole amea ana wòatrɔ dzi me eye wòatrɔ ava Yehowa gbɔ.
19 Nɔvi aɖe si woɖe le hamea me eye wogatrɔ xɔe emegbe la ŋlɔ bena: “Dzi le dzɔyem be Yehowa lɔ̃ eƒe amewo ale gbegbe be wòkpɔa egbɔ be eƒe habɔbɔa nakpɔtɔ anɔ dzadzɛ. Togbɔ be ameɖeɖelehame ate ŋu adze tamesesẽ le ame ŋu na egodotɔwo hã la, enye afɔɖeɖe si hiã eye wòganye lɔlɔ̃ɖeɖefia hã.” Ðe nèxɔe se be woate ŋu akpe ɖe ame sia ŋu wòava ƒo nya ta alea ne ɖee hamea me tɔwo kpakple eƒe ƒometɔwo yi edzi nɔ ha dem kplii le esi woɖee le hamea me megbea? Ne míewɔa nu le ɖekawɔwɔ me kple ameɖeɖelehame ƒe ɖoɖo si tso Ŋɔŋlɔawo me la, aɖo kpe edzi be míelɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye míekpɔe dze sii be gome le Yehowa si be wòaɖo agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo na mí.
“Milé Fu Vɔ̃!”
20, 21. Nu ka tae wòle vevie be míasrɔ̃ fuléle sedzimawɔmawɔ?
20 Apostolo Petro xlɔ̃ nu mí be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ.” Nu ka tae? Elabena egblɔ be, “Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem ene, eye wòle ame dim be yeami.” (1 Pet. 5:8) Wòe anye ame ma? Anɔ te ɖe ale si gbegbe nèsrɔ̃ fuléle sedzimawɔmawɔe dzi.
21 Fuléle vɔ̃ mele bɔbɔe o. Nu vɔ̃ mee wodzi mí ɖo, eye míele xexe aɖe si doa ŋutilã ƒe nudzodzrowo ɖe ŋgɔ la me. (1 Yoh. 2:15-17) Gake ne míesrɔ̃ Yesu Kristo eye míelɔ̃ Yehowa Mawu vevie tso dzi blibo me la, míate ŋu akpɔ dzidzedze le fuléle sedzimawɔmawɔ me. Mina míaɖoe kplikpaa be ‘míalé fu vɔ̃,’ eye míaka ɖe edzi bliboe be Yehowa ‘kpɔa eƒe nuteƒewɔlawo ta, eye wòɖea wo tsoa ame vɔ̃ɖiwo si me.’—Ps. 97:10.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ne èdi numedzodzro tsitotsito tso nya sia ŋu la, kpɔ September 15, 1981, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 26-31 (15 décembre, 1981, ƒe Fransegbe me Gbetakpɔxɔ, axa 25-30).
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu míadzro mía ɖokui me ku ɖe ale si míebua aha muamee ŋu?
• Afɔ kawoe míate ŋu aɖe atsɔ akpɔ mía ɖokui ta tso vivimenuwo alo gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo me?
• Nu ka tae afɔku le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ me?
• Alekee míeɖenɛ fiana be míelé fu sedzimawɔmawɔ ne woɖe míaƒe ame vevi aɖe le hamea me?
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Ne ètiae be yeano aha muame la, nya kawoe wòle be nàbia ɖokuiwò?
[Nɔnɔmetata si le axa 30]
Kpɔ nyuie le modzakaɖeɖe siwo dzi Satana ate ŋu ato akpɔ ŋusẽ ɖe dziwò la ŋu
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Ne ame aɖe kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo la, nu ka ƒe lɔlɔ̃ ƒãm wòle ɖe eɖokui me?