INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 3/1 axa 7-8
  • Ame Kawoe Le Gbeƒã Ðem Nya Nyuia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kawoe Le Gbeƒã Ðem Nya Nyuia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Miheyi Ðawɔ Dukɔwo Katã Me Tɔwo Woanye Nusrɔ̃lawo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Yehowa Le Megbe Na Míaƒe Xexea Me Godoo Nufiafiadɔa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Aleke Wole Gbeƒã Ðem Nya Nyuiae?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Hehenaɖoɖo si Keke Ta
    Nyɔ!—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 3/1 axa 7-8

Ame Kawoe Le Gbeƒã Ðem Nya Nyuia?

“Woaɖe [gbeƒãe] . . . le anyigba blibo la katã dzi.”—MATEO 24:14.

YEHOWA ÐASEFOWOE le gbeƒã ɖem nya nyuia le xexea me godoo. Wowɔa esia to mɔnu vovovowo dzi. Mɔnu siawo dometɔ ɖekae nye be . . .

Woƒoa Nu Tso Eŋu. Yehowa Ðasefowo yia amewo gbɔ ɖaɖea gbeƒã nya nyuia na wo abe ale si Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã wɔe ene. (Luka 8:1; 10:1) Womekpɔa mɔ be ameawo ŋutɔwo nava yewo gbɔ o. Ðasefowo katã, siwo ƒe xexlẽme wu miliɔn adre la, ɖia ɖase na amewo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Woɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me, le ablɔwo dzi, to telefon, kple mɔnu bubuwo dzi. Le ƒe si va yi me la, Ðasefowo tsɔ gaƒoƒo biliɔn ɖeka kple afã wɔ dɔ sia.

Menye Mawu Fiaɖuƒea ŋu koe wofiaa nu amewo tsoe o, ke woƒoa nu tso “nu siwo katã ƒe se [Yesu de]” la hã ŋu. (Mateo 28:20) Wowɔa aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ kple ame siwo wu miliɔn enyi femaxee.

Ðasefowo le gbeƒã ɖem le xexea me godoo le dukɔ 236 me. Woɖea gbeƒã na ame sia ame ƒomevi. Woɖea gbeƒã le kɔƒenutowo kple dugãwo me, le Amazon kple Siberia ƒe avenutowo me, Afrika ƒe dzogbewo dzi kple Himalaya Towo dzi. Womexea fe na wo ɖe dɔ sia ta o; wozãa woawo ŋutɔwo ƒe nunɔamesiwo kple ɣeyiɣi ɖe dɔ sia ŋu, eye lɔlɔ̃ si le wo si na Mawu kple wo havi ye ʋãa wo. Mɔnu bubu si dzi wotona ɖea gbeƒã nya nyuiae nye be . . .

Wotaa Agbalẽwo. Fifia wotaa magazine sia, si ƒe tanya bliboae nye Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe la, ɖe gbegbɔgblɔ 185 me, eye ɖe sia ɖe si wotana ƒe xexlẽme wu miliɔn 42. Eye wotaa magazine si kpena ɖe esia ŋu, si nye Nyɔ!, si hã ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea la ɖe gbegbɔgblɔ 83 me, eye eƒe ɖe sia ɖe si wotana ƒe xexlẽme ade miliɔn 40.

Agbalẽ, agbalẽ gbadza, trakt, CD/MP3, kple DVD siwo ɖea Biblia ƒe nufiafiawo me la le gbegbɔgblɔ 540 me. Ðasefowo ta nu siawo hema eƒe ɖekaɖeka biliɔn 20 kple edzivɔ le ƒe ewo siwo va yi la ɖeɖe ko me, si fia be anyigba dzi nɔla ɖe sia ɖe axɔ etɔ̃ le mama dedie nu!

Yehowa Ðasefowo ta Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo, eye wona dɔwɔƒe aɖewo hã ta ɖewo na wo. Biblia si nye New World Translation of the Holy Scriptures si gɔme Ðasefowo ɖe, ta, hema la ƒe blibo alo akpa aɖewo le gbegbɔgblɔ 96 me fifia. Esiwo woma la ƒe xexlẽme wu miliɔn 166. Ðasefowo gaɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia . . .

Le Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Me. Kpekpe siwo wowɔna kwasiɖa sia kwasiɖa le Fiaɖuƒe Akpatawo me la menyea subɔsubɔwɔna dzro ko o; wosrɔ̃a nu le kpekpe mawo me. Wonaa nuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi, eye wozãa Gbetakpɔxɔ kple agbalẽ bubuwo tsɔ dzroa Biblia me. Azɔ hã, Ðasefowo srɔ̃a ale si woagabi ɖe nya nyuia fiafia me ɖe edzi le kpekpeawo me.

Nu ɖekae Ðasefowo srɔ̃na le hame siwo wu 107,000 me le xexea me godoo, si hã wɔnɛ be ɖekawɔwɔ nɔa wo dome. Ame siwo menye Ðasefowo o hã ate ŋu ade kpekpe siawo faa. Womedzɔa ga le ame si o. Ke hã, esiawo katã anye dzodzro ne woawo ŋutɔwo menɔa agbe ɖe nu si woɖea gbeƒãe la nu o. Eya ta wodzea agbagba be yewoana nya nyuia nadzro amewo . . .

To Kpɔɖeŋu Nyui Ðoɖo Me. Wodzea agbagba be yewoanɔ agbe nyui abe ale si dze Kristotɔwo ene, eye wokua kutri be yewoawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu abe ale si woadi be amewo nawɔ nu ɖe yewo ŋui ene. (Mateo 7:12) Togbɔ be womede blibo o, eye wodaa vo ɣeaɖewoɣi hã la, enyea woƒe didi vevie be yewoawɔ nu ɖe amewo katã ŋu le lɔlɔ̃ me, menye to gbeƒãɖeɖe nya nyuia na wo me ko o, ke wonaa kpekpeɖeŋu bubuwo hã le afi si wòanya wɔ le.

Menye ɖe Yehowa Ðasefowo le agbagba dzem be yewoatrɔ xexe bliboa to woƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi o. Ne wowɔ dɔa va ɖo afi si Yehowa kpɔ be enyo ko la, nuwuwua ava, abe ale si Yesu gblɔe ɖi ene. Aleke nɔnɔmeawo anɔ le anyigba dzi kple na ame siwo le edzi?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yehowa Ðasefowoe le gbeƒã ɖem nya nyuia le xexea me godoo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe