“Anyigba Si Dzi Notsi Kple Anyitsi Bɔ Ðo”
ESI Yehowa Mawu ɖe Israel viwo tso Egipte la, edo ŋugbe na wo be yeakplɔ wo ayi “ɖe anyigba, si nyo, eye wòlolo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.”—2 Mose 3:8.
Esi Israel viwo va xɔ Ŋugbedodonyigbaa la, wonyi alẽwo, nyiwo, kple gbɔ̃wo, eye esia wɔe be notsi bɔ ɖe wo si. Ke anyitsi ya ɖe? Ame aɖewo susui be nya mawo fia atikutsetse me tsi si wokpɔ tso ayede, gbotsetse, alo waintsetse me. Eye le teƒe geɖe siwo Biblia ƒo nu tso anyitsi ŋu le tẽe la, ekuna ɖe gbemenyitsi ŋu, ke menye anyitsi si wokpɔ tso anyinyiƒe si amewo wɔ la o. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:8, 9; 1 Samuel 14:27; Mateo 3:1, 4) Ðe notsi kple anyitsi siaa “bɔ” ɖe anyigba ma dzi vavã?
Nu si ŋu blematomenukulawo ke ɖo nyitsɔ laa le egbegbe Israel la ɖo nya sia ŋu eme kɔ. Wogblɔ le nyatakaka aɖe si Hebri Yunivɛsiti aɖe na ku ɖe nu si ŋu woke ɖo la me be: “Nufialagã (Amihai) Mazar gblɔ be esiae nye anyinyiƒe xoxotɔ kekeake si ŋu blematomenukulawo ke ɖo le Blema Ɣedzeƒe Nuto bliboa me kpɔ. Wobu akɔnta be eli tso ƒe alafa 10 lia va ɖo 9 lia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli ƒe gɔmedzedze.”
Blematomenukulawo ke ɖe anyinyixɔ siwo wu 30 ŋu, siwo woma ɖe akpa etɔ̃ me, eye wobu akɔnta be anyinyixɔ 100 ye anya nɔ nuto bliboa me. Esi wolé ŋku ɖe anyinyixɔawo me la, wokpɔ anyiwo ƒe ŋutinu aɖewo kple anyigbà le teƒea. Agbalẽnyalawo bu akɔnta be “woate ŋu akpɔ anyitsi tɔn afã sɔŋ tso anyinyixɔ siawo me ƒe sia ƒe.”
Le blema la, menye ɖeko wotsɔa anyitsi ɖaa nuɖuɖu viviwo o, ke wozãa anyigbà hã le gakpo kple lãgbalẽ dɔwɔƒewo. Nu bubu si hã wotsɔnɛ wɔnae nye nuŋlɔʋuƒo. Enyea ʋuƒo si nyè ɖe eme vie, si dzi wokɔa anyigbà ɖo, ale be woate ŋu agalóloe hena zazã ake. Aleke blematomenukulawo ƒo nya tae le nu si ŋu woke ɖo la ŋu?
Nyatakaka si yunivɛsitia ɖe ɖe go la gblɔ kpee be: “Togbɔ be Biblia megblɔ nya aɖeke tso anyiwo nyinyi ŋu le ɣeyiɣi mawo me ŋu o hã la, anyinyiƒe siwo ŋu woke ɖo le Tel Rehov ɖee fia be anyitsi kple anyixe tata nye dɔ aɖe si me wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le tso keke Gbedoxɔ Gbãtɔ [esi Salomo tu] ƒe anyinɔɣi ke. Eya ta míate ŋu agblɔ be nya ‘anyitsi’ si Biblia zã la nye anyitsi ŋutɔŋutɔ.”
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 15]
Institute of Archaeology/Hebrew University © Tel Rehov Excavations