INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 3/1 axa 21
  • Mawue Wɔ Abosama?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawue Wɔ Abosama?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawue Wɔ Abosam La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Èbua Abosam Ame Ŋutɔŋutɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Abosam—Menye Ðe Wokpa Eŋuti Nya O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 3/1 axa 21

Exlẽlawo Bia Be . . .

Mawue Wɔ Abosama?

▪ Esi wònye Biblia gblɔ be Mawue “wɔ nuwo katã” ta la, ame aɖewo ƒo nya ta be ke Mawue anya wɔ Abosam hã. (Efesotɔwo 3:9; Nyaɖeɖefia 4:11) Ke hã, Biblia na eme kɔ ƒãa be menye Mawue wɔe o.

Yehowae wɔ ame si va zu Abosam la. Eye Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be Yehowae nye Wɔla la, ekema aleke wòdzɔe be Mawu ƒe tsitretsiɖeŋula gãtɔ sia va li, evɔ wònye menye Mawue wɔe o? Wogblɔ tso Mawu ŋu be: “Eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” (5 Mose 32:3-5) Nya mawo na wòdze kɔtɛ be ɣeaɖeɣi va yi la, Satana de blibo, eye wònye ame dzɔdzɔe, si fia be enye Mawu ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka. Le Yohanes 8:44 la, Yesu gblɔ be Abosam “meli ke ɖe nyateƒe la me o,” si fia be tsã la, Satana nye anukwareɖila kple ame maɖifɔ.

Gake abe ale si ko wòle le Yehowa ƒe nuwɔwɔ bubu siwo si nunya le gome ene la, ablɔɖe le mawudɔla si va zu Satana la hã si be wòatiae nenye be yeawɔ nyui alo vɔ̃. Esi wòtiae be yeatsi tre ɖe Mawu ŋu, eye wòna atsu kple asi gbãtɔ wɔ ɖeka kplii ta la, ewɔ eɖokui Satana, si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula.”—1 Mose 3:1-5.

Gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi ma gawɔ eɖokui Abosam, si gɔmee nye “Amegɔmezɔla.” Satanae nye alakpanuwɔla makpɔmakpɔ si be ɖe daa megbe, eye wòto ayemenuwɔwɔ kple alakpadada dzi ble Xawa be wòagaɖo to Wɔla la ƒe se si me kɔ nyuie la o. Esia tae Yesu yɔ Satana be “aʋatsokala kple aʋatsokafofo” ɖo.—Yohanes 8:44.

Ke aleke wòdzɔe be gbɔgbɔmenuwɔwɔ deblibo si ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖeke mele o, eye menɔ ame siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe edzi o dome la, wɔ va zu nu gbegblẽ wɔla? Edze ƒãa be tadedeagu si wòdze be woatsɔ ana Mawu ɖeɖe ko la biã ŋu nɛ, eye wòkpɔe be yeate ŋu ana amegbetɔwo nava nɔ yeƒe dziɖuɖu te, le esi teƒe be woanɔ Yehowa te. Eyi edzi nɔ ale si wòate ŋu ava ɖu dzii la ŋu bum, le esi teƒe be wòaɖe susu ɖa le edzi. Esia wɔe be didi sia nu va sẽ ɖe eme, eye mlɔeba wòwɔ nu si ŋu bum wònɔ la dzi. Woƒo nu tso ale si esia tea ŋu dzɔnae ŋu le Yakobo ƒe agbalẽa me ale: “Nu si tea ame sia ame kpɔ lae nye ye ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ, eye wòblenɛ. Azɔ ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃.”—Yakobo 1:14, 15; 1 Timoteo 3:6.

Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be gadzikpɔla aɖe kpɔe be mɔ fitifiti aɖe li si dzi yeate ŋu ato afi dɔwɔƒea ƒe ga hena ye ŋutɔ yeƒe viɖe. Ate ŋu aɖe susu gbegblẽ ma ɖa le tame enumake. Gake ne eyi edzi le eŋu bum la, didia nu ava sẽ ɖe eme, eye ate ŋu adzɔ bɔbɔe be wòawɔ nu si susum wòle la. Ne ewɔe la, ekema ewɔ eɖokui fiafitɔ. Eye ne wobiae wòda alakpa la, ke ezu alakpatɔ hã. Le mɔ ma ke nu la, esi dɔla sia si Mawu wɔ la na dzodzro vɔ̃ nu sẽ ɖe eya amea me, eye wòwɔ nu si nɔ edzrom ta la, ewɔ eƒe ablɔɖea ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu, eye wòda alakpa hedze aglã ɖe Fofoa ŋu, heto esia me wɔ eɖokui Satana Abosam.

Dzidzɔtɔe la, woatsrɔ̃ Satana Abosam le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. (Romatɔwo 16:20) Hafi ɣemaɣi naɖo la, wona Yehowa Mawu subɔlawo nya nu tso Satana ƒe nugbeɖoɖowo ŋu, eye wole wo ta kpɔm tso eƒe aɖaŋu vɔ̃wo me. (2 Korintotɔwo 2:11; Efesotɔwo 6:11) Eya ta ɖoe kplikpaa be ‘nàtsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le gbɔwò.’—Yakobo 4:7.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

Esi mawudɔla deblibo aɖe tiae be yeatsi tre ɖe Mawu ŋu la, eto esia me wɔ eɖokui Satana

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe