INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 3/15 axa 17-20
  • Nu Siwo Tae Wòle Be Miakpɔ Dzidzɔ Ðo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Siwo Tae Wòle Be Miakpɔ Dzidzɔ Ðo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Miɖo Ŋku Nu Siwo Wòwɔ Le ‘Blema’ La Dzi
  • Misrɔ̃ Ale Si ‘Ŋutinu Ðe Sia Ðe Wɔa Eƒe Akpa Dzi’
  • “Mito Eƒe Fiasãwo Me”
  • Mikpe Ðe Ðeviwo Ŋu Be Woanya Yehowa Ƒe Habɔbɔa Nyuie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nɔ Mawu Ƒe Habɔbɔa Me Be Nàkpɔtɔ Anɔ Dedie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Ðe Nèle Zɔzɔm Aduadu Kple Yehowa Ƒe Habɔbɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • ‘Mikpɔ Nu Siwo Le Vevie Wu La Dze sii’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 3/15 axa 17-20

Nu Siwo Tae Wòle Be Miakpɔ Dzidzɔ Ðo

NU SIWO katã Yehowa wɔ, tso lãmenugbagbevi suetɔ kekeake dzi va ɖo ɣletivihatsotso nyadri siwo ƒo ƒu wɔ ɣletivihatsotso gã nyadriwo ƒe ƒuƒoƒowo dzi, la ɖee fia be eƒe nuwɔwɔwo le ɖoɖo nu. Esia mewɔ nuku kura o, elabena menye ‘nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu’ ye Wɔla la nye o. (1 Kor. 14:33) Ale si Mawu wɔ ɖoɖo ɖe tadedeagu ŋu hã ɖe dzesi ŋutɔ. Bu nu si Yehowa wɔ la ŋu kpɔ. Eƒo nuwɔwɔ nyanu miliɔn alafa geɖewo—amegbetɔ siwo le anyigba dzi kple mawudɔlawo—siwo katã si tiatiawɔblɔɖe le eye wowɔ ɖeka le tadedeagu dzadzɛ me la nu ƒu ɖe xexea me katã ƒe habɔbɔ ɖeka me. Aleke gbegbe wòwɔ nukue nye esi!

Le blema Israel la, Yerusalem afi si Yehowa ƒe gbedoxɔa kple eƒe fia si wòsi ami na la nɔ la nɔ tsitre ɖi na Mawu ƒe habɔbɔ ƒe akpa si le anyigba dzi. Israel vi aboyome aɖe si nɔ Babilon la ɖe ale si wòse le eɖokui me tso du kɔkɔe sia ŋu la gblɔ ale: ‘Nye aɖe nalé ɖe aŋɔme, nenye be, nyemeɖo ŋku dziwò o, nenye be, Yerusalem meƒo nye dzidzɔwo ta o!’—Ps. 137:6.

Nenemae nèsena le ɖokuiwò me tso Mawu ƒe habɔbɔ si li egbea ŋua? Ðe esia hea dzidzɔ geɖe vanɛ na wò wu nu bubu ɖe sia ɖea? Ðe viwòwo nya Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la ƒe ŋutinya nyuie hese ale si woɖea zɔe la gɔmea? Ðe wòdzɔa dzi na wo be yewonye Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔwoa? (1 Pet. 2:17) Ðe manyo be nàwɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le nyati sia me la ŋu dɔ le miaƒe Ƒometadedeagu fiẽsi me ale be wò ƒomea ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu nadzi ɖe edzi oa?

Miɖo Ŋku Nu Siwo Wòwɔ Le ‘Blema’ La Dzi

Ƒe sia ƒe la, ƒome siwo nɔ Israel la ƒoa ƒu ɖua Ŋutitotoŋkekenyui la. Esi woɖo azã sia anyi la, Mose gblɔ na dukɔa bena: ‘Ne viwòŋutsu ava bia wò bena, esia gɔme ɖe mahã la, ekema gblɔ nɛ bena: Asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mí tso Egipte, afi si míenye kluviwo le.’ (2 Mose 13:14) Mele be woaŋlɔ nu siwo Yehowa wɔ na Israel viwo va yi la be o. Le nyateƒe me la, Israel vifofo geɖe wɔ ɖe Mose ƒe sedede sia dzi. Le ƒe geɖe megbe la, Israel vi aɖe do gbe ɖa be: “Mawu, míesee kple míaƒe to, mía fofowo tu xo na mí, le nu siwo nèwɔ le blema la ŋuti.”—Ps. 44:2.

Yehowa Ðasefowo ƒe ŋutinya siwo ku ɖe nu siwo dzɔ le ƒe 100 kple edzivɔ siwo va yi me ŋu la ate ŋu adze na ɖevi aɖe egbea abe ‘nu siwo dzɔ blema’ ene. Nu kae nàte ŋu awɔ be nudzɔdzɔ siawo nadze nu ŋutɔŋutɔ na viwòwo? Be dzila aɖewo nate ŋu awɔ esia la, wozãa agbalẽ siwo nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom (Les Témoins de Jéhovah : Prédicateurs du Royaume de Dieu), Yearbook (Annuaire), agbemeŋutinya siwo wota ɖe míaƒe magazinewo me, kple teokrasi ŋutinya bubuwo ŋuti nyatakakawo, kpakple míaƒe DVD yeye si ƒo nu tso Mawu subɔla siwo nɔ anyi le míaƒe ŋkekea me la ŋu. Video siwo ku ɖe ale si woti mía nɔviwo yome le Soviet Union kple Nazi Germany ŋu la akpe ɖe ƒomewo ŋu be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le dodokpɔwo me. Mizã dɔwɔnu siawo hã le miaƒe Ƒometadedeagu ƒe fiẽsiwo me. Ema ado ŋusẽ mia viwo ƒe xɔse woawɔ nuteƒe nenye be kuxi siwo ado woƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ la va wo dzi.

Ke hã, ŋutinyawo gbɔgblɔ ɖeɖe ko ate ŋu ati ɖeviwo kaba. Eya ta mina be mia viwo hã nakpɔ gome le eme. Le kpɔɖeŋu me, miate ŋu abia tso mia viŋutsuvi si be wòatia dukɔ aɖe si ŋu wòdi be yeanya nu tso, eye wòawɔ numekuku le dukɔ ma ƒe teokrasi ŋutinya ŋu, eye wòaƒo tso nu siwo ŋu wòke ɖo la ƒe ɖewo ŋu na ƒomea. Ate ŋu anye be Kristotɔ siwo subɔ nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe la le miaƒe hamea me, siwo miate ŋu akpe be woava wɔ ɖeka kple mi le miaƒe ƒometadedeagu me le fiẽsi aɖe me. Ðewohĩ, miate ŋu ana mia vinyɔnuvi nabia gbe wo, eye esia ana be woagblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo. Alo miate ŋu ana be mia vi nata teokrasiwɔna vevi aɖewo, abe alɔdzedɔwɔƒe aɖe tutu, dukɔwo dome takpekpe aɖe, alo mɔ̃ siwo wotsɔ ƒoa agba siwo dzi wolé nuƒowo ɖo la zazã le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me tsã.

Misrɔ̃ Ale Si ‘Ŋutinu Ðe Sia Ðe Wɔa Eƒe Akpa Dzi’

Apostolo Paulo tsɔ Kristo hamea sɔ kple ‘ŋutilã blibo la si wokpe ɖo ɖekae pɛpɛpɛ, si wona wòle dɔ wɔm ɖekae to eƒe kpeƒekpeƒe siwo le nu si hiã wɔm la dzi, si nana ŋutilã la tsina eye wòtua eɖokui ɖo le lɔlɔ̃ me, esime ŋutinu ɖe sia ɖe le eƒe akpa dzi wɔm’ la. (Ef. 4:16, New International Version) Ne míesrɔ̃ nu tso ale si ameti bliboa wɔa dɔe ŋu la, enana míegakpɔa ŋudzedze ɖe mía Wɔla la ŋu hedea bubu eŋu geɖe wu. Nenema kee, ne míelé ŋku ɖe ale si xexea me katã ƒe hamea ɖea zɔe ŋu la, “Mawu ƒe nunya, si dze le mɔ vovovoawo nu la” wɔa nuku na mí ŋutɔ.—Ef. 3:10.

Yehowa ɖɔ ale si eƒe habɔbɔa, si me eƒe akpa si le dziƒo hã le, la ɖea zɔe. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ na mí be yetsɔ nyaɖeɖefia aɖe de Yesu Kristo si, emegbe “[Yesu to] eƒe mawudɔla, si wòdɔ ɖa la, dzi heɖe wo me fia eƒe dɔla Yohanes, ame si ɖi ɖase” tso eŋu. (Nyaɖ. 1:1, 2) Esi Mawu ɖe ale si eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo la ɖea zɔe fia mí la, ɖe madi be míase ale si eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la ƒe ‘akpa ɖe sia ɖe wɔa eƒe akpa dzi’ la gɔme oa?

Le kpɔɖeŋu me, ne nutome sue dzikpɔla ava srã miaƒe hamea kpɔ kpuie la, ɖe manyo be mia kple wò ƒomea miasrɔ̃ nu tso dɔ siwo dzikpɔla mɔzɔlawo wɔna kple yayra siwo wokpɔna la ŋu oa? Aleke wokpena ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu? Nyabiase bubu siwo ŋu miate ŋu ade ŋugble le la ƒe ɖewoe nye: Nu ka tae gbeadzikɔntabubu le vevie? Afi kae Mawu ƒe habɔbɔa kpɔa ga tsona tsɔ wɔa eƒe dɔwoe? Ðoɖo ka nue Dziɖuha la le, eye aleke wònaa gbɔgbɔmenuɖuɖu mí?

Ne míese ɖoɖo si nu Yehowa ƒe amewo wɔa nuwo le gɔme la, eɖea vi na mí le mɔ etɔ̃ ya teti nu: Míegakpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo wɔa dɔ vevie le mia ta la ŋu geɖe wu. (1 Tes. 5:12, 13) Eʋãa mí be míakpe asi ɖe teokrasiɖoɖowo ŋu. (Dɔw. 16:4, 5) Mlɔeba la, edoa ŋusẽ míaƒe kaka ɖe ame siwo xɔa ŋgɔ la dzi geɖe wu, esi míekpɔe be Ŋɔŋlɔawo dzie wotua woƒe nyametsotsowo kple ɖoɖowo ɖo ta.—Heb. 13:7.

“Mito Eƒe Fiasãwo Me”

‘Mizɔ Zion ŋu godoo, miƒo xlãe va kpe, eye mixlẽ eƒe xɔ tsralawo! Milé ŋku ɖe eƒe [gli kɔkɔwo] ŋu, eye mito eƒe fiasãwo me, ne miaxlẽe afia megbeviwo!’ (Ps. 48:13, 14) Hakpala la le dzi dem ƒo na Israel viwo le afi sia be woalé ŋku ɖe Yerusalem dua ŋu nyuie. Àte ŋu akpɔ nu nyui gbogbo siwo dzi Israel viwo kple woƒe ƒomewo aɖo ŋkui ne wozɔ mɔ yi du kɔkɔe la me le ŋkekenyuiwo dzi ƒe sia ƒe eye wolé ŋku ɖe gbedoxɔ dzeani si nɔ afi ma ŋu la le susu mea? Nu siawo anya ʋã wo be ‘woaɖo dze tso wo ŋu na wo megbeviwo.’

Bu Seba fianyɔnu, si mexɔ nya siwo wòse tso Salomo ƒe fiaɖuɖu ƒe atsyɔ̃ kpakple eƒe nunya gã la ŋu dzi se gbã o la ŋu kpɔ. Nu kae na wòva kpɔe be nya siwo yese la le eme vavã? Eya ŋutɔ gblɔ be: ‘Nyemexɔ woƒe nyawo dzi se o, va se ɖe esime meva kpɔe kple nye ŋkuwo.’ (2 Kron. 9:6) Ɛ̃, nu si míekpɔ kple míawo ‘ŋutɔwo ƒe ŋkuwo’ la ate ŋu awɔ dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe.

Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be woakpɔ nu wɔnuku siwo le Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu la kple woawo ‘ŋutɔwo ƒe ŋkuwo’? Ne Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe te ɖe mia ŋu la, midze agbagba miayi aɖaɖi tsa le afi ma. Le kpɔɖeŋu me, Mandy kple Bethany, tsi le teƒe aɖe si gbɔ didi tso Betel ƒe si le woƒe dukɔa me la gbɔ kilometa 1,500. Ke hã, wo dzilawo wɔ ɖoɖo ƒomea katã zɔa mɔ yia afi ma edziedzi ɖaɖia tsa le teƒea, vevietɔ esime wo vinyɔnuviawo nɔ tsitsim. Wogblɔ be: “Hafi míayi aɖaɖi tsa le Betel zi gbãtɔ la, míesusuna be ɖoɖo kpaɖii aɖe dzie wozɔna le afi ma, eye míesusu be tɔgbuiwo kple mamawo koe nɔa afi ma. Gake esi míeyi la, míekpɔ sɔhɛwo nɔ dɔ dzi sesĩe na Yehowa, eye wonɔ dzidzɔ kpɔm! Míekpɔe be Yehowa ƒe habɔbɔa keke ta wu hame sue siwo le míaƒe nutoa me, eye ɣesiaɣi si míeɖi tsa yi Betel la, eganaa ŋusẽ yeye ɖoa mía ŋu le gbɔgbɔ me.” Mawu ƒe habɔbɔa nyanya nyuie ʋã Mandy kple Bethany wodze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme, eye wokpe wo be woava subɔ le Betel abe ɣeyiɣi aɖe ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ene.

Mɔ bubu aɖe li si dzi míato ‘akpɔ’ Yehowa ƒe habɔbɔa; esia ƒe mɔnukpɔkpɔ mesu Israel viwo si le blema o. Nyitsɔ laa la, woɖe videowo kple DVD aɖewo ɖe go na Mawu ƒe amewo, siwo ƒo nu tso Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa vovovowo ŋu; wo dometɔ aɖewoe nye: Jehovah’s Witnesses—Organized to Share the Good News (Les Témoins de Jéhovah : organisés pour prêcher la bonne nouvelle), Our Whole Association of Brothers (Toute la communauté des frères), To the Ends of the Earth (Jusqu’aux extrémités de la terre), kple United by Divine Teaching (Unis grâce à l’enseignement divin). Ne mia kple wò ƒomea miekpɔ dɔ sesẽ siwo Betel dɔwɔlawo, nɔvi siwo naa kpekpeɖeŋu ne afɔkuwo dzɔ, dutanyanyuigblɔlawo, kple nɔvi siwo wɔa ɖoɖo ɖe takpekpewo ŋu wɔna la, ana miagakpɔ ŋudzedze geɖe wu ɖe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ŋu godoo.

Mawu ƒe amewo ƒe hame ɖe sia ɖe wɔa akpa vevi aɖe le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me eye wokpena wo nɔvi Kristotɔ siwo le woƒe nutoa me ŋu. Ke hã, anyo be miadi ɣeyiɣi ade ŋugble tso “nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo si le xexea me la” ŋu. Esia akpe ɖe mia kple viwòwo ŋu ‘mianɔ te sesĩe le xɔse me,’ elabena nu geɖewo li siwo tae wòle be miakpɔ dzidzɔ ɖo.—1 Pet. 5:9.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 18]

Mawu Ƒe Habɔbɔa Ehiã Be Míasrɔ̃ Nu Tso Eŋu

Nu gbogbo aɖewo li siwo akpe ɖe mí katã ŋu míasrɔ̃ nu geɖe wu tso Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe ŋutinya kple ɖoɖo si nu habɔbɔa zɔna ɖo la ŋu. Nyabiase siwo gbɔna la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze esia wɔwɔ gɔme:

☞ Alekee dzikpɔla mɔzɔla siwo li egbea ƒe dɔa dze egɔme?—Kpɔ November 15, 1996, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 10-15.

☞ Nu kae ɖe dzesi le “Ðeviwo Ƒe Ŋkeke” la ŋu le Teokrasi Takpekpe si wowɔ le ƒe 1941 me la me?—Kpɔ July 15, 2001, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 8.

☞ Aleke Dziɖuha la wɔa nyametsotsowo?—Kpɔ April 1, 2007, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 23 mm. 10-11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe