INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 4/1 axa 3
  • Yesu Kristo—Ame Ka Tututue Wònye?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Kristo—Ame Ka Tututue Wònye?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amekae Nye Yesu Kristo?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Amekae Yesu Kristo Nye?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ame Kae Nye Yesu Kristo?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • “Gaƒoƒo La Ðo!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 4/1 axa 3

Yesu Kristo—Ame Ka Tututue Wònye?

“Ke esi wòva ɖo Yerusalem la, zi tɔ le du blibo la katã me, eye amewo nɔ biabiam be: ‘Ame kae nye esia?’ Amehaawo yi edzi nɔ gbɔgblɔm be: ‘Nyagblɔɖila Yesu, si tso Nazaret le Galilea lae!’”—MATEO 21:10, 11.

NU KAE na zi tɔ nenema gbegbe esi Yesu Kristoa va Yerusalem le adame ƒe ŋkeke ma dzi le ƒe 33 Mía Ŋɔli me? Ame siwo nɔ dua me la dometɔ geɖe se Yesu ŋkɔ hese nu tso nukunu siwo wòwɔ hã ŋu, eye wonɔ nu ƒom tso eŋuti. (Yohanes 12:17-19) Ke hã, womenya kura be ame ma, si nɔ yewo dome la, ƒe nuwɔna akpɔ ŋusẽ ɖe xexe bliboa dzi ƒe alafa geɖewo va de asi na míaƒe ŋkekea o!

Bu ale si gbegbe Yesu ƒe vava kpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea ƒe ŋutinya dzii la ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

▪ Ŋkeke si dzi wobu be eya dzie wodzi Yesu le la dzie wonɔ te ɖo wɔ ɣletigbalẽ si wozãna le xexea ƒe akpa geɖewo egbea.

▪ Ame siwo ade biliɔn eve, si fia anyigba dzi nɔlawo ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me, bua wo ɖokui Kristotɔwoe.

▪ Le Moslemtɔwo, siwo wu biliɔn ɖeka le xexea me godoo, ƒe nufiafia nu la, Yesu nye “nyagblɔɖila si lolo wu Abraham, Noa, kple Mose.”

▪ Amewo zãa Yesu ƒe nya siwo me nunya le la le mɔ vovovowo nu le woƒe gbesiagbe dzeɖoɖowo me. Wo dometɔ aɖewoe nye esiawo:

‘Trɔ to kemɛa hã nɛ.’—MATEO 5:39.

‘Ðe atikpoa ɖa le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã.’—LUKA 6:42.

‘Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o.’—MATEO 6:24.

‘Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, miawo hã miawɔ nenema ke na wo.’—MATEO 7:12.

‘Bu eŋu kɔnta gbã.’—LUKA 14:28.

Ðikeke mele eme o be Yesu kpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea ƒe ŋutinya dzi. Ke hã, dzixɔse kple susu vovovowoe le amewo si ku ɖe ame si wònye ŋu. Eya ta ɖewohĩ ànɔ biabiam be, ‘Ame ka tututue Yesu Kristo nye?’ Biblia koe gblɔ afi si Yesu tso, ale si wònɔ gbee, kple nu si tae wòku ɖo la na mí. Ne ènya nyateƒe siwo ku ɖe eŋu la, akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe wò agbe dzi fifia kple le etsɔme siaa.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ŋkɔ si wotsɔ na nyagblɔɖila sia si tso Nazaret lae nye “Yesu,” si gɔmee nye “Yehowa Nye Xɔname.” “Kristo” nye dzesideŋkɔ si gɔmee nye “Amesiamina,” si fia be Mawu si ami nɛ alo tiae na ɖoƒe tɔxɛ aɖe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe