Te Ðe Mawu Ŋu
Ɣeyiɣi Si Me Tsitsiawo Agatrɔ Azu Sɔhɛwo
MÍA dometɔ kae dina be kuxi siwo tsitsi hena vae la nava ye dzi—ŋutigbalẽ nalé ayi, ŋkuwo maganɔ nu kpɔm nyuie o, towo manɔ nu sem nyuie o, eye afɔwo me nagbɔdzɔ? Ðewohĩ èbu nya sia ŋu kpɔ be, ‘Nu ka tae Mawu awɔ mí be ɖekakpuimeŋusẽ nanɔ mía ŋu hena ɣeyiɣi aɖe, gake míava nɔ vɔvɔ̃m na tsitsimekuxiwo emegbe?’ Dzidzɔnya lae nye be menye aleae Mawu ɖoe be nuwo nanɔ na mí o. Ke boŋ lɔlɔ̃ si le esi la na wòɖo tame be yeana míavo tso amegãkuku me! De dzesi nya si wogblɔ na blemafofo Hiob, si dze le Hiob 33:24, 25.
Bu nɔnɔme si me ŋutsu nuteƒewɔla, si Mawu lɔ̃, si ŋkɔe nye Hiob, nɔ la me ŋu kpɔ. Le Hiob ƒe manyamanya me la, Satana gblɔ be ɖokuitɔdidi ta koe wòwɔa nuteƒe na Mawu ɖo. Esi Yehowa ka ɖe Hiob dzi, eye ŋusẽ le esi be wòaɖee tso xaxa me ta la, eɖe mɔ Satana tee kpɔ. Eya ta Satana ‘kplɔ ƒoƒoe vɔ̃ɖi ƒu Hiob tso eƒe afɔƒome va se ɖe eƒe dzodome.’ (Hiob 2:7) Hiob ƒe ŋutilã dze nyẽ, elé akpɔ, eye wònyɔ tsiɖitsiɖi heflo. (Hiob 7:5; 30:17, 30) Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe Hiob se vevee la le susu mea? Ke hã, Hiob lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi hegblɔ be: ‘Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, va se ɖe esime mamia nu o.’—Hiob 27:5.
Gake Hiob wɔ vodada gã aɖe. Esi wòwɔ nɛ be yeɖo kudonu la, eva nɔ dzi tsim ɖe eɖokui ta ʋiʋli ŋu fũu akpa, eye ‘wòbu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu.’ (Hiob 32:2) Mawu ƒe nyanuɖela Elihu gbe nya na Hiob. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Elihu tsɔ gbedeasi nyui aɖe si tso Mawu gbɔ la na Hiob bena: “Ðee [Hiob], ne wòagaɖiɖi ɖe do [yɔdo] la me o! Meke ɖe tafe ŋu! Eƒe ŋutilã negazu yeyee wu ale si wònɔ le eƒe ɖekakpuime; Negbugbɔ yi eƒe ɖekakpuimeŋusẽ ƒe ŋkekewo me.” (Hiob 33:24, 25, NW) Hiob anya nɔ mɔ kpɔm vevie be nya mawo nava eme. Mahiã be wòanɔ fua kpem va se ɖe eƒe kugbe o. Ne Hiob atrɔ dzi me la, adzɔ dzi na Mawu be wòaxɔ tafe ɖe eta, eye wòaɖee tso eƒe fukpekpewo me.a
Hiob bɔbɔ eɖokui wogbe nya nɛ, eye wòtrɔ dzi me. (Hiob 42:6) Edze ƒãa be Yehowa xɔ tafe ɖe Hiob ta, eya ta tafea tsyɔ eƒe vodadaa dzi, si wɔe be Mawu ɖee tso eƒe xaxawo me, eye wòyrae. Yehowa “yra Hiob fifia wu tsã.” (Hiob 42:12-17) Bu ale si gbegbe dzi anya dzɔ Hiob ŋu kpɔ. Tsɔ kpe ɖe yayra bubuwo ŋu la, eƒe dɔléle vɔ̃ɖia dzo, si wɔe be eƒe ŋutilã zu “yeyee wu ale si wònɔ le eƒe ɖekakpui me”!
Tafe si Mawu xɔ ɖe Hiob ta la ɖe vi nɛ va se ɖe afi aɖe ko, elabena egakpɔtɔ nye ame madeblibo, eye wòku emegbe. Woxe tafe aɖe si nyo sãsãsã wu la ɖe mía ta. Yehowa lɔ̃ mí, eye wòtsɔ Via, Yesu, na be wòanye tafe ɖe mía ta. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16) Ame siwo katã xɔa tafe ma dzi se la ate ŋu anɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi. Le xexe yeye si gbɔna me la, Mawu ana amegbetɔ wɔnuteƒewo navo tso amegãkuku me. Ðe manyo ŋutɔ be nàsrɔ̃ nu geɖe tso nu si nàte ŋu awɔ be nànɔ agbe akpɔ eteƒe esime tsitsiawo ƒe ŋutilã azu ‘yeyee wu ale si wònɔ le woƒe ɖekakpui me’ ŋu oa?
Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le April me:
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Nya “tafe,” si wozã le afi sia fia be “woatsyɔ nu nu dzi.” (Hiob 33:24, NW) Anye be le Hiob gome la, tafea nye lã aɖe si wotsɔ sa vɔe. Mawu axɔ vɔsa sia bene wòatsyɔ Hiob ƒe vodadaa dzi, alo alé avui.—Hiob 1:5.