INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 4/15 axa 13-17
  • Wɔ Nyametsotso Siwo Dea Bubu Mawu Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔ Nyametsotso Siwo Dea Bubu Mawu Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míawɔ Nyametsotsowo?
  • Nu Si Tae Nyametsotsowɔwɔ Ate Ŋu Asesẽ
  • Afɔ Ade Siwo Nàɖe Be Nàwɔ Nyametsotso Nyuiwo
  • Mina Hehe Ame Bubuwo Woawɔ Nyametsotso Siwo Dea Bubu Mawu Ŋu
  • Xɔ Mawu Dzi Se—Tso Nya Me Le Nunya Me!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Alesi Nàwɔ Nyametsotso Nyuiwoe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Ale Si Nàwɔ Atso Nya Me Nyuie
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Wɔ nyametsotsowo Le Nunya Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 4/15 axa 13-17

Wɔ Nyametsotso Siwo Dea Bubu Mawu Ŋu

“Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.”—LOD. 14:15.

1, 2. (a) Nu kae wòle be wòanɔ vevie na mí wu le nyametsotso siwo katã míewɔna me? (b) Nyabiase kawo mee míadzro?

ÐEWOHĨ míewɔnɛ zi gbɔ zi blananewo gbe sia gbe. Wo dometɔ geɖe mekpɔa ŋusẽ boo aɖeke ɖe mía dzi o. Gake wo dometɔ aɖewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe míaƒe agbe dzi. Nu kawoe wonye? Woawoe nye nyametsotsowo. Le nyametsotso siwo katã míewɔna me la, eɖanye gãwo alo suewo o, nu si le vevie na mí ye nye be míade bubu Mawu ŋu.—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 10:31.

2 Ðe wònɔa bɔbɔe na wò be nàwɔ nyametsotsowoa, alo ɖe wòsesẽna na wòa? Ne míedi be míawɔ ŋgɔyiyi ava zu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me la, ele be míasrɔ̃ ale si míade vovototo nyui kple vɔ̃ dome, eyome míawɔ nyametsotso siwo wɔ ɖeka kple nu siwo dzi míawo ŋutɔwo míexɔ se, ke menye ame bubu tɔ o. (Rom. 12:1, 2; Heb. 5:14) Susu vevi bubu kawo tae wòhiã be míasrɔ̃ nyametsotso nyuiwo wɔwɔ? Nu ka tae wòsesẽna ŋutɔ ɣeaɖewoɣi be míawɔ nyametsotsowo? Eye afɔ kawoe míate ŋu aɖe atsɔ akpɔ egbɔ be nyametsotso siwo míawɔ la nade bubu Mawu ŋu?

Nu Ka Tae Wòle Be Míawɔ Nyametsotsowo?

3. Nu kawoe mele be míaɖe mɔ woakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nyametsotsowɔwɔ dzi o?

3 Ne míenɔa vedomesi esime wòhiã be míawɔ Biblia ƒe dzidzenuwo dzi la, míaƒe sukuhatiwo alo dɔwɔhatiwo ate ŋu aƒo nya ta be míeka ɖe nu siwo dzi míexɔ se la dzi tututu o, eye esia fia be amewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi bɔbɔe. Esia awɔe be woate ŋu ada alakpa, aba ame, alo afi fi eye woadze agbagba be yewoaƒoe ɖe mía nu be ‘míanɔ amehawo yome’ to ɖekawɔwɔ kple wo me, alo ne mede ɖeke o la, míatsyɔ nu nu gbegblẽ si wowɔ la dzi. (2 Mose 23:2) Ke hã ame aɖe si nya ale si wòawɔ nyametsotso siwo dea bubu Mawu ŋu la maɖe mɔ vɔvɔ̃ alo didi be yeƒe nu nadze amewo ŋu nana wòawɔ nu si tsi tsitre ɖe eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia mlae la ŋu o.—Rom. 13:5.

4. Nu ka tae ame bubuwo adi be yewoawɔ nyametsotsowo na mí?

4 Menye ame sia ame si adi be yeatso nya me na mí ye ɖo susu vɔ̃ ɖe mía ŋu o. Xɔlɔ̃ siwo ɖo tame nyui ɖe mía ŋu hã ate ŋu ate tɔ ɖe edzi be míawɔ yewoƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Ne míegale mía dzilawo gbɔ o gɔ̃ hã la, anɔ eme be míaƒe ƒometɔwo gatsɔ ɖe le míaƒe nyonyo me vevie kokoko, eye woate ŋu ase le wo ɖokuiwo me be ele be yewoayi edzi anɔ aɖaŋu ɖom na mí ne míele nyametsotso veviwo wɔm. Le kpɔɖeŋu me, bu atikewɔwɔ ŋuti nyametsotsowo wɔwɔ ŋu kpɔ. Eme kɔ nyuie be Biblia de se ɖe ʋuzazã ɖe mɔ gbegblẽ nu ŋu. (Dɔw. 15:28, 29) Gake womegblɔ nu si wòle be ame nawɔ le lãmesẽnya bubu aɖewo gome tẽe o, eye abia be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso le dɔdamɔnu si wòalɔ̃ be woazã na ye alo esi malɔ̃ o gome.a Míaƒe ƒometɔwo ƒe susu ate ŋu ato vovo na mía tɔ le nya siawo gome. Ke hã ele be Kristotɔ ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ ɖe sia ɖe ‘natsɔ ye ŋutɔ ƒe agbanɔamedzi’ le nya siawo ŋuti nyametsotsowo wɔwɔ me. (Gal. 6:4, 5) Nu si le vevie na mí wu ye nye dzitsinya nyui me léle ɖe asi le Mawu ŋkume, ke menye le amegbetɔwo ŋkume o.—1 Tim. 1:5.

5. Nu kae míate ŋu awɔ be míaƒe xɔse dome nagagblẽ abe tɔdziʋu si gbã ene o?

5 Vedomesinɔnɔ ate ŋu akplɔ mí ade afɔku gã aɖe me. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena dzimevesusula “melia ke le eƒe mɔwo katã dzi o.” (Yak. 1:8) Abe ame aɖe si le tɔdziʋu si ŋu kuɖɔɖoti mele o me le atsiaƒu dzeagbo dzi ene la, amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu siwo nɔa tɔtrɔ dzi ɖaa ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe vedomesinɔla dzi. Aleke gbegbe wòanɔ bɔbɔe be ame sia ƒomevi ƒe xɔse dome nagblẽ abe tɔdziʋu si gbã la ene eye emegbe wòava nɔ fɔ bum ame bubuwo ɖe nu si dzɔ ɖe edzi ta enye esi! (1 Tim. 1:19) Aleke míawɔ be nu sia nagadzɔ ɖe mía dzi o? Eyae nye be ‘míali ke le xɔse la me.’ (Mixlẽ Kolosetɔwo 2:6, 7.) Be míali ke le xɔse me la, ele be míasrɔ̃ nyametsotso siwo ɖea míaƒe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la dzi xɔxɔ se fiana la wɔwɔ. (2 Tim. 3:14-17) Gake nu kawoe ate ŋu axe mɔ na mí be míawɔ nyametsotso nyuiwo o?

Nu Si Tae Nyametsotsowɔwɔ Ate Ŋu Asesẽ

6. Aleke vɔvɔ̃ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi?

6 Vɔvɔ̃ ate ŋu ana be míatsi vedomesi—ate ŋu anye vɔvɔ̃ be míava wɔ nyametsotso gbegblẽ, vɔvɔ̃ be míado kpo nu, alo vɔvɔ̃ be míava dze abunetɔwo le ame bubuwo ŋkume. Esɔ be míatsi dzi ɖe nya mawo ŋu. Ame aɖeke medina be yeawɔ nyametsotso gbegblẽ, nyametsotso si ahe kuxi vae alo esi ana yeaɖu ŋukpe o. Togbɔ be ele alea hã la, lɔlɔ̃ na Mawu kple eƒe Nya la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu vɔvɔ̃ dzi. Le mɔ kawo nu? Lɔlɔ̃ na Mawu aʋã mí ɣesiaɣi be míadzro eƒe Nya la kpakple Biblia srɔ̃gbalẽwo me hafi awɔ nyametsotso veviwo. Esia ana be míaɖe vodada siwo míewɔna la dzi kpɔtɔ. Nu ka tae? Elabena Biblia la ate ŋu ana ‘gegemewo nadze aɖaŋu, eye ɖekakpuiwo nadze si nu, eye woabu tame.’—Lod. 1:4.

7. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Fia David ƒe kpɔɖeŋua me?

7 Ðe míate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo ɣesiaɣia? Ao. Mí katã míedaa vo. (Rom. 3:23) Le kpɔɖeŋu me, Fia David nye ame si dze aɖaŋu eye wònye nuteƒewɔla. Gake eva dzɔ be ewɔ nyametsotso gbegblẽ siwo he fukpekpe va eya ŋutɔ kple ame bubuwo dzi. (2 Sam. 12:9-12) Ke hã, David meɖe mɔ eƒe vodadawo na wòva nɔ vɔvɔ̃m na nyametsotso siwo dzea Mawu ŋu wɔwɔ o. (1 Fia. 15:4, 5) Abe David ene la, ne míeɖoa ŋku edzi be Yehowa aɖe ŋku ɖa le míaƒe vodadawo dzi eye wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí la, míate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo fifia togbɔ be míewɔ vodada aɖewo tsã gɔ̃ hã. Yehowa ayi edzi anɔ alɔ dom ame siwo lɔ̃nɛ heɖoa toe la.—Ps. 51:3-6, 9-12.

8. Nu kae míesrɔ̃ tso nya si Paulo gblɔ tso srɔ̃ɖeɖe ŋu me?

8 Míate ŋu aɖe ale si míetsia dzimaɖi le nyametsotsowɔwɔ ŋu la dzi kpɔtɔ. Aleke míate ŋu awɔ esia? Eyae nye be, míanyae be ɣeaɖewoɣi la, tiatia nyui geɖewo li míate ŋu awɔ. Bu ale si apostolo Paulo ƒo nu tso srɔ̃ɖeɖe ƒe nya la ŋu ŋuti kpɔ. Gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ bena: “Ne ame aɖe susu be yemele nu wɔm nyuie abe ale si dze ame siwo menya nyɔnu alo ŋutsu o ene o, eye wòto sɔhɛnyenye me do, eye aleae wòle be wòanɔ la, ekema newɔ nu si wòdi; mewɔ nu vɔ̃ o. Woaɖe srɔ̃. Gake ne ame aɖe ɖoe kplikpaa le eƒe dzi me, eye naneke mezi edzi o, ke boŋ wòkpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu dzi, eye wòtso nya me alea le ye ŋutɔ ƒe dzi me, be yeayi edzi anye ɖekakpui si menya nyɔnu o, alo ɖetugbui si menya ŋutsu o la, ewɔe nyuie.” (1 Kor. 7:36-38) Paulo kafu trenɔnɔ be eyae nye mɔ nyuitɔ, gake menye eya ɖeɖe koe nye tiatia nyui si ame awɔ o.

9. Ðe wòle be míatsi dzi ɖe ale si amewo abu nyametsotso siwo míewɔna la ŋua? Ðe eme.

9 Ðe wòle be míatsi dzi ɖe ale si ame bubuwo abu nyametsotso siwo míewɔna ŋua? Ɛ̃, míatsi dzi va se ɖe afi aɖe ya. Bu nya si Paulo gblɔ le nu siwo dze abe wonye nuɖuɖu siwo wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo ene la ɖuɖu ŋu kpɔ. Elɔ̃ ɖe edzi be nyametsotso aɖe manye nyametsotso gbegblẽ kokoko o, ke hã, ate ŋu agblẽ nu le ame aɖe si ƒe dzitsinya gbɔdzɔ la ŋu. Nu kae Paulo ɖo be yeawɔ le go sia me? Eŋlɔ bena: “Ne nuɖuɖu zua nukikli na nɔvinye la, ekema nyemagaɖu lã akpɔ gbeɖe o, bene magana nɔvinye nakli nu o.” (1 Kor. 8:4-13) Ele be míawo hã míabu ale si míaƒe nyametsotsowo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo ƒe dzitsinya dzi la ŋu. Gake nu si ŋu koŋ míetsia dzi ɖo ye nye ale si míaƒe nyametsotsowo akpɔ ŋusẽ ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi. (Mixlẽ Romatɔwo 14:1-4.) Biblia me gɔmeɖose kawoe akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso siwo dea bubu Mawu ŋu?

Afɔ Ade Siwo Nàɖe Be Nàwɔ Nyametsotso Nyuiwo

10, 11. (a) Aleke míate ŋu aƒo asa na nuwɔwɔ dadatɔe le ƒomea me? (b) Nu kae wòle be wòanɔ susu me na hamemetsitsiwo ne wole nyametsotso siwo akpɔ ŋusẽ ɖe hamea dzi wɔm?

10 Ƒo asa na dada. Hafi míawɔ nyametsotso be míawɔ nane la, ele be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Nye agbae wònye be mawɔ nyametsotso sia?’ Fia Salomo ŋlɔ bena: ‘Afi si dada le la, afi ma ŋukpe hã le; ke ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le.’—Lod. 11:2.

11 Dzilawo ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ wo viwo be woawo ŋutɔwo nawɔ nyametsotso aɖewo, gake mele be ɖeviwo ŋutɔ natso ko awɔ nyametsotsowo le wo ɖokui si o. (Kol. 3:20) Ŋusẽ aɖe si nu le srɔ̃nyɔnuwo kple vidadawo si le ƒomea me, gake ele be woabɔbɔ ɖe wo srɔ̃ŋutsuwo ƒe tanyenye te. (Lod. 1:8; 31:10-18; Ef. 5:23) Nenema kee wòle be srɔ̃ŋutsuwo hã nade dzesii be yewoƒe ŋusẽa se ɖe afi aɖe eye ele be yewoabɔbɔ ɖe Kristo te. (1 Kor. 11:3) Hamemetsitsiwo wɔa nyametsotso siwo kpɔa ŋusẽ ɖe hamea dzi. Ke hã, wokpɔa egbɔ be ‘yewomagbɔ nu siwo woŋlɔ ɖi,’ le Mawu ƒe Nya la me, ŋu o. (1 Kor. 4:6) Wowɔa mɔfiafia siwo woxɔ tso kluvi nyateƒetɔ la gbɔ dzi. (Mat. 24:45-47) Ne míebɔbɔa mía ɖokui eye míekpɔa egbɔ be ne wona ŋusẽ mí be míawɔ nyametsotso aɖe hafi ko míewɔnɛ la, míate ŋu aƒo asa na dzimaɖitsitsi kpakple nuxaxadodo na mía ɖokuiwo kple ame bubuwo siaa.

12. (a) Nu ka tae wòle be míawɔ numekuku? (b) Ƒo nu tso ale si ame aɖe ate ŋu awɔ numekukui la ŋu.

12 Wɔ numekuku. Salomo ŋlɔ bena: ‘Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vae, ke ame si tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.’ (Lod. 21:5) Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèle asitsanya aɖe si ame aɖe do ɖe gbɔwò la ŋu buma? Mègaɖe mɔ wò seselelãme nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o. Di nyateƒenya siwo katã ku ɖe nyaa ŋu, bia aɖaŋuɖoɖo tso ame siwo nya nu tso nu mawo tɔgbi ŋu la gbɔ, eye nàde dzesi Biblia me gɔmeɖose siwo ku ɖe eŋu. (Lod. 20:18) Be nàte ŋu awɔ numekukua le ɖoɖo nu la, anyo be nàŋlɔ nu siwo ŋu nèdi be yeawɔ numekuku le la ɖi—anye nuŋlɔɖi tsitotsito si ŋu viɖe siwo ado tso edzi wɔwɔ me kple kuxi siwo nàte ŋu ado goe hã nakpe ɖo. Hafi nàwɔ nyametsotso aɖe la, “bu eŋu kɔnta” gbã. (Luka 14:28) De ŋugble le ale si wò nyametsotsoa ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mia kple Yehowa dome ƒomedodoa kple wò ganyawo dzi ŋu. Numekukuwɔwɔ bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze. Gake ne èwɔ esia la, àte ŋu aƒo asa na nyametsotsowɔwɔ dzitsitsitɔe, si ahe dzimaɖitsitsi si mehiã o ava dziwò.

13. (a) Kakaɖedzinya kae le Yakobo 1:5 na mí? (b) Alekee nunyabiabia le gbedodoɖa me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

13 Do gbe ɖa nàbia nunya. Ne míedo gbe ɖa bia Mawu be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotsowo la, eya ko hafi míaƒe nyametsotsowo ade bubu eŋu. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm la, neyi edzi wòanɔ Mawu biam, elabena enaa nu amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o; eye wòanae.” (Yak. 1:5) Menye ŋukpenyae wònye be míalɔ̃ ɖe edzi be míehiã Mawu ƒe nunya be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotsowo kura o. (Lod. 3:5, 6) Le nyateƒe me la, ŋuɖoɖo ɖe míawo ŋutɔwo ƒe nunya ɖeɖe ko ŋu ate ŋu ana míatra bɔbɔe. Ne míedo gbe ɖa bia nunya eye míewɔ numekuku di gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nyaa me la, efia be míele mɔ ɖem be gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu míade dzesi nu si tututu ʋã mí míedi be míaɖe afɔ aɖe.—Heb. 4:12; mixlẽ Yakobo 1:22-25.

14. Nu ka tae wòle be míaƒo asa na megbelelehehe?

14 Tso nya me. Mègatsi dzi nàɖe afɔ sia hafi nàva wɔ numekuku ahado gbe ɖa abia nunya o. Nunyala gbɔa dzi ɖi ‘léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.’ (Lod. 14:15) Ke hã mèganɔ megbelele hem o. Ame si nɔa hehem ɖe megbe la ate ŋu atsɔ taflatsɛdodo manyatalenuwo anɔ eɖokui nu ɖem, ne mewɔ nu si wòle nɛ be wòawɔ la o. (Lod. 22:13) Gake nyateƒea ye nye be elɔ̃ o, egbe o, ewɔ nyametsotso aɖe—eyae nye be, etso nya me be ame bubuwo nakpɔ ŋusẽ ɖe yeƒe agbe dzi.

15, 16. Nu kae nyametsotso aɖe dzi wɔwɔ lɔ ɖe eme?

15 Wɔ nyametsotso si nèwɔ la ŋu dɔ. Agbagba siwo katã míedze be míawɔ nyametsotso nyui aɖe la ate ŋu azu dzodzro ne míeva zɔ ɖe nyametsotso si míewɔ la dzi hewɔ eŋu dɔ o. Salomo ŋlɔ bena: ‘Nu sia nu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ.’ (Nyagb. 9:10) Hafi míakpɔ dzidzedze la, ele be míawɔ nu siwo katã akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe míaƒe nyametsotsoa dzi la ŋu dɔ. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be gbeƒãɖela aɖe di be yeazu mɔɖela. Ðe wòakpɔ dzidzedze le ewɔwɔ mea? Ate ŋu akpɔ dzidzedze ne meɖe mɔ ŋutilãmedɔ geɖe wɔwɔ kple modzakaɖeɖe fũu akpa naa ɖeɖi tea eŋu eye wòxɔa ɣeyiɣi siwo wòhiã be wòatsɔ ade gbeadzi la le esi o.

16 Wɔwɔ ɖe nyametsotso nyuiwo dzi menɔa bɔbɔea ɣesiaɣi o. Nu ka tae? Elabena “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yoh. 5:19) Ele be míate kame kple “dziɖuɖuwo, kple ŋusẽwo, kple viviti sia ƒe xexemedziɖulawo, kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.” (Ef. 6:12) Apostolo Paulo kple nusrɔ̃la Yuda siaa ɖee fia be, ehiã be ame siwo tiae be yewoade bubu Mawu ŋu la nanɔ ʋiʋli dzi ɖaa.—1 Tim. 6:12; Yuda 3.

17. Nu kae Yehowa kpɔa mɔ be míawɔ le nyametsotso siwo míewɔna ŋu?

17 Gbugbɔ lé ŋku ɖe nyametsotso si nèwɔ ŋu eye nàwɔ asitɔtrɔwo ne ehiã. Menye nyametsotso ɖe sia ɖe si ame wɔ la dzie wòtea ŋu wɔna ɖo pɛpɛpɛ abe ale si wòɖoe ene o. “Azãgbe kple nuɖiɖeame” li na mí katã. (Nyagb. 9:11) Togbɔ be ele alea hã la, Yehowa kpɔa mɔ be míayi edzi alé nyametsotso aɖewo siwo míewɔ la me ɖe asi togbɔ be míanɔ go dom dodokpɔwo hã. Ne ame aɖe tso nya me hetsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa alo ka srɔ̃ɖetam la, tɔtrɔ megali o. Mawu kpɔa mɔ be míawɔ ɖe nyametsotso mawo dzi. (Mixlẽ Psalmo 15:1, 2, 4.) Gake nyametsotso siwo míewɔna la dometɔ geɖe menyea ŋkubiãnya abe esiawo ene o. Ame si nye nunyala la anɔ ŋku lém ɖe nyametsotso siwo wòwɔ la ŋu tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi. Maɖe mɔ dada kple tosesẽ naxe mɔ nɛ be wòagawɔ asitɔtrɔ le nyametsotso aɖe si wòwɔ ŋu, alo ne ehiã gɔ̃ hã la, wòatrɔ nyametsotsoa kura o. (Lod. 16:18) Nu si nɔa vevie nɛ wue nye be yeakpɔ egbɔ be yeƒe agbenɔnɔ dea bubu Mawu ŋu.

Mina Hehe Ame Bubuwo Woawɔ Nyametsotso Siwo Dea Bubu Mawu Ŋu

18. Alekee dzilawo ate ŋu ana hehe wo viwo be woawɔ nyametsotso nyuiwo?

18 Dzilawo ate ŋu awɔ geɖe le kpekpe ɖe wo viwo ŋu be woasrɔ̃ nyametsotso siwo dea bubu Mawu ŋu wɔwɔ me. Kpɔɖeŋu nyui aɖee nufiala nyuiwo nye. (Luka 6:40) Ne esɔ la, dzilawo ate ŋu aɖe nu me na wo viwo tso afɔ aɖewo siwo woawo ŋutɔwo ɖe le nyametsotso aɖe si wowɔ me ŋu. Ðewohĩ woadi hã be yewoaɖe mɔ na yewo viwo be woawo ŋutɔwo nawɔ nyametsotso aɖewo eye woakafu wo ne nu nyuiwo do tso wo me. Gake ne ɖevi aɖe wɔ nyametsotso gbegblẽ ya ɖe? Nu si dzila aɖe adi be yewɔ gbã la ate ŋu anye be yeakpɔ ɖevia ta tso emetsonu gbegblẽawo me, gake esia wɔwɔ made ɖevia dzi ɣesiaɣi o. Le kpɔɖeŋu me, dzila aɖe ate ŋu aɖe mɔ via nasrɔ̃ ʋukuku. Tsɔe be ɖevia va da le ʋukuse aɖe dzi eye kpovitɔwo do fe nɛ. Dzilaa ate ŋu axe fea ya. Gake ne ebia tso ɖevia si be wòawɔ dɔ akpɔ ga atsɔ axe fea la, esia awɔe be wòanɔ ŋudzɔ ɖe eƒe nuwɔnawo ŋu geɖe wu.—Rom. 13:4.

19. Nu kae wòle be míafia míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo, eye aleke míate ŋu awɔ esiae?

19 Yesu bia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woafia nu amewo. (Mat. 28:20) Nu vevi siwo míate ŋu afia míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo la dometɔ ɖeka ye nye nyametsotso nyuiwo wɔwɔ. Be míawɔ esia dzidzedzetɔe la, ele be míaƒo asa na nu si woawɔ le nɔnɔme aɖe me la gbɔgblɔ na wo. Enyo kura wu be míafia ale si woade ŋugble le Biblia me gɔmeɖosewo ŋu la wo ale be woate ŋu atso nya me le nu si woawɔ ŋu le wo ɖokuiwo si! Nya lae nye be “mía dometɔ ɖe sia ɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.” (Rom. 14:12) Eya ta agba le mí katã dzi be míawɔ nyametsotso siwo dea bubu Mawu ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ nyati si nye “Nyametsotso Kae Mawɔ Le Ʋumenu Suesuewo Alo Nye Ŋutɔ Nye Ʋu Zazã Le Atikewɔwɔ Me Ŋu?” si dze le November 2006, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ (December 2006, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ hena Ghana), axa 3-6, be nàkpɔ numedzodzro bubuwo ku ɖe nya sia ŋu.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae wòhiã be míasrɔ̃ nyametsotsowɔwɔ?

• Aleke vɔvɔ̃ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi, eye aleke míate ŋu aɖu míaƒe vɔvɔ̃wo dzi?

• Afɔ ade kawoe míate ŋu aɖe atsɔ akpɔ egbɔ be míawɔ nyametsotso siwo dea bubu Mawu ŋu?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 16]

Afɔ Siwo Nàɖe Be Nàwɔ Nyametsotso Nyuiwo

1 Ƒo Asa Na Dada

2 Wɔ Numekuku

3 Do Gbe Ða Nàbia Nunya

4 Tso Nya Me

5 Wɔ Nyametsotso Si Nèwɔ Ŋu Dɔ

6 Gbugbɔ Lé Ŋku Ðe Eŋu Eye Nàwɔ Asitɔtrɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Vedomesinɔla le abe ame aɖe si le tɔdziʋu si ŋu kuɖɔɖoti mele o me le atsiaƒu dzeagbo dzi ene

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe