INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 4/15 axa 6-8
  • Ale Si Nàyi Edzi Anye Anukwaretɔ Le Xexe Maɖianukware Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàyi Edzi Anye Anukwaretɔ Le Xexe Maɖianukware Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Vɔvɔ̃ Nyuitɔ
  • Dzitsinya Si Wotsɔ Biblia Na Hehee
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Nu Si Le Ame Si Ŋu
  • Ði Anukware Le Dɔwɔƒe
  • Xe Wò Fewo
  • Ƒo Asa Na Ameflunuwɔwɔ
  • Anukwareɖiɖi Nye Nɔnɔme Nyui Aɖe Si Dea Bubu Yehowa Ŋu
  • Ði Anukware Le Nuwo Katã Me
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Ði Anukware Le Nuwo Katã Me
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Nu Si Ta Wònyo Be Woanye Anukwareɖila
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Ði Anukware Le Nuwo Katã Me
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 4/15 axa 6-8

Ale Si Nàyi Edzi Anye Anukwaretɔ Le Xexe Maɖianukware Me

ABE ya si míegbɔna ene la, anukwaremaɖimaɖi le afi sia afi. Amewo daa alakpa, wodoa asi na nuwo bobobo, wofia fi, wodoa nugbana hegbea exexe, wodana ɖe nu fitifiti wɔwɔ le asitsatsa me ta. Esi míele ame siawo ƒomevi dome ta la, míetea ŋu doa go nɔnɔme siwo doa didi vevie si le mía me be míaɖi anukware la kpɔ. Aleke míate ŋu ayi edzi atsi tsitre ɖe anukwaremaɖimaɖi ƒe tetekpɔa ŋu? Na míadzro nu vevi etɔ̃ siwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia la me. Woawoe nye Yehowa vɔvɔ̃, dzitsinya nyui, kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu si le mía si ŋu.

Yehowa Vɔvɔ̃ Nyuitɔ

Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ bena: “Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe [Senala], Yehowa enye míaƒe fia.” (Yes. 33:22) Lɔlɔ̃ ɖe ɖoƒe si Yehowa le dzi nana be mawuvɔvɔ̃ nɔa mía me—mawuvɔvɔ̃ sia ye doa ŋusẽ míaƒe didi vevie be míatsi tsitre ɖe anukwaremaɖimaɖi ƒe gbɔgbɔ ŋu. Lododowo 16:6 gblɔ be: “Yehowa-vɔvɔ̃ wotsɔna tsria vɔ̃e.” Vɔvɔ̃ sia menye vɔvɔ̃ na Mawu hlɔ̃biala aɖe o, ke boŋ enye didi vevie be míagawɔ naneke si ana mía Fofo si le dziƒo, si tsɔa ɖe le míaƒe nyonyo me vevie la, nadzudzɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía ŋu o.—1 Pet. 3:12.

Ŋugbledede le agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ aɖe ŋu ana míakpɔ nu si tae vɔvɔ̃ sia nyo. Ricardo kple srɔ̃a, Fernanda,a woyi ɖaxɔ ga home aɖe si ade Amerika dɔlar alafa adre le woƒe gadzraɖoƒe. Fernanda tsɔ ga bablaa de eƒe gakotoku me, evɔ mexlẽe o. Esi woyi ɖaxe fe aɖewo vɔ eye wogbɔ va aƒe me la, ewɔ nuku na wo be ga si kpɔtɔ ɖe Fernanda ƒe gakotokua me la gade sɔsɔ ge kple esi woxɔ le gadzraɖoƒea. Woƒo nya ta be: “Gadzikpɔla anya xe ga ɖe ga dzi na mí.” Gbã la, wodi be yewoazi gaa dzi, elabena fe bubuwo ganɔ wo ŋu woaxe. Ricardo ɖe nu me be: “Míedo gbe ɖa bia Yehowa be wòado ŋusẽ mí míatrɔ gaa ayii. Didi be míawɔ ɖe eƒe kokoƒoƒo si dze le Lododowo 27:11 dzi ye ʋã mí míedi be míatrɔ gaa ayii.”

Dzitsinya Si Wotsɔ Biblia Na Hehee

Míate ŋu ato Biblia sɔsrɔ̃ kple ʋiʋli vevie be míatsɔ nu si míesrɔ̃ ade dɔwɔwɔ me dzi ana dzitsinya nyui nasu mía si. Eya ta menye míaƒe tamesusuwo dzi ko ‘Mawu ƒe nya si le agbe, eye ŋusẽ le eŋu’ la awɔ dɔ ɖo o, ke awɔ dɔ ɖe míaƒe dzi hã dzi. Esia aʋã mí be “míawɔ nu le anukwareɖiɖi me le nuwo katã me.”—Heb. 4:12; 13:18.

Bu João ƒe nɔnɔmea ŋu kpɔ. Enyi fe gã aɖe si ade Amerika dɔlar akpe alafa atɔ̃. Esia megbe la, eʋu yi du bubu me fea mahemahee. Esi João va srɔ̃ nyateƒea ƒe enyi megbe la, eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee la ʋãe wòyɔ agbanatɔa eye wògblɔ be yeaxe fe ma! Esi wònɔ na João be wòazã fetu sue si wòxɔna la atsɔ akpɔ srɔ̃a kple wo vi eneawo dzi ta la, agbanatɔa lɔ̃ be ate ŋu anɔ fea xem na ye vivivi dzinukukui.

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Nu Si Le Ame Si Ŋu

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ðokuitsɔtsɔ na Mawu sia nye viɖenu gã, ne nu si le ame si la dzea ame ŋu. . . . Esi nunyiame kple nudodo le mía si la, nu siawo adze mía ŋu.” (1 Tim. 6:6-8) Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia si me nunya le dzi la, akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na ŋukeklẽ si akplɔ mí ade asitsatsa manɔsenu alo mazu-kesinɔtɔ-kaba ƒe ɖoɖowo me o. (Lod. 28:20) Wɔwɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi akpe ɖe mía ŋu hã be míatsɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ kple kakaɖedzi be woakpɔ míaƒe nuhiahiã veviwo gbɔ na mí.—Mat. 6:25-34.

Gake le “kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” ta la, mele be míabu afɔku si le ŋubiabiã kple ŋukeklẽ me la nu tsɛ gbeɖe o. (Mat. 13:22) Ðo ŋku nu si dzɔ ɖe Akan dzi. Ekpɔ ale si Israel viwo tso Yordan Tɔsisia nukutɔe la teƒe. Ke hã, ŋukeklẽ ɖu edzi mete ŋu ɖu didi si nyɔ ɖe eme be wòafi klosalo kple sikanu aɖewo kple awu xɔasi aɖe le aboyonuawo dome le Yerixo dua me la, dzi o. Esia he ku vae nɛ. (Yos. 7:1, 20-26) Eya ta mewɔ nuku o be le ƒe alafa aɖewo megbe la, Yesu xlɔ̃ nu mí be: “Mina miaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu, eye mikpɔ nyuie, eye minɔ ŋudzɔ ɖe ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu”!—Luka 12:15.

Ði Anukware Le Dɔwɔƒe

Azɔ na míadzro nɔnɔme aɖewo siwo ate ŋu ate didi vevie si le mía me be míayi edzi aɖi anukware le nuwo katã me kpɔ la me. Anukwareɖiɖi le dɔwɔƒe bia hã be ‘míaganɔ fi fim o’—ne amewo bua fififi be naneke megblẽ le eŋu o hã. (Tito 2:9, 10) Jurandir, si wɔa dɔ le dziɖuɖudɔwɔƒe aɖe la, ɖia anukware ne ele akɔnta bum le ga si wòzã le mɔzɔzɔ me ŋu. Gake gakɔnta si eƒe dɔwɔhatiwo ya buna la sɔa gbɔ wu ga si wozã ŋutɔŋutɔ. Wotea ŋu wɔa esia le esi woƒe dɔdzikpɔlaa miaa nu ɖe woƒe anukwaremaɖimaɖia dzi ta. Le nyateƒe me la, dɔdzikpɔla ma kee he to na Jurandir ɖe eƒe anukwareɖiɖia ta, eye megaɖea mɔ be woadɔe ɖe dɔ gbe o. Gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, dɔwɔƒea va to gakɔntawo me, eye wokafu Jurandir ɖe eƒe anukwareɖiɖia ta. Eye wodoe ɖe ŋgɔ hã.

André, si nye nudzrala la, ƒe amegã bia tso esi be wòabu fe si nuƒlelawo nyi la ƒe teƒe eve na wo. Mía nɔviŋutsua do gbe ɖa bia Yehowa be wòado ŋusẽ ye yealé Biblia me gɔmeɖosewo me ɖe asi. (Ps. 145:18-20) Edze agbagba be yeana yeƒe amegãa nase nu si tae yemate ŋu awɔ ɖe eƒe mɔfiafiaa dzi o la me—gake eglo. Eya ta André ɖe asi le eƒe dɔwɔɖui ma si ƒe fetu nyo ŋutɔ la ŋu. Ke hã, anɔ abe ƒe ɖeka ene megbe la, eƒe amegãa gbugbɔ xɔe ɖe dɔa me, eye wòna kakaɖedzii be yewomegale fe bum ɖe fe dzi na nuƒlelawo azɔ o. Wona André va zu dɔdzikpɔla.

Xe Wò Fewo

Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be: “Miganyi naneke ƒe fe le ame aɖeke ŋu o.” (Rom. 13:8) Ðewohĩ míadze agbagba be míaɖe mía ɖokui nu be mahiã be míaxe fe aɖe si míenyi o, le esi míesusu be ga geɖe le ame si ŋu míenyi fea le la si, eye be eya mehiã ga ma o ta. Gake Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Ame vɔ̃ɖi la doa nugbana, eye mexenɛ o.”—Ps. 37:21.

Gake ne “nuɖiɖeame” aɖee wɔe be míate ŋu axe fe si míenyi o ya ɖe? (Nyagb. 9:11) Francisco do ga home aɖe si ade Amerika dɔlar akpe adre le Alfredo si tsɔ xɔ nane si wòtsɔ do awɔbae. Gake esi Francisco va do go kuxi aɖewo le eƒe asitsatsa me ta la, mete ŋu xe fea le ɣeyiɣi si woɖo la dzi o. Etso le eɖokui si yi Alfredo gbɔ ɖadzro nyaa me kplii, eye Alfredo lɔ̃ be wòanɔ fea xem na ye vivivi.

Ƒo Asa Na Ameflunuwɔwɔ

Ðo ŋku Anania kple Safira, atsu kple asi siwo nɔ Kristo hamea me le ƒe alafa gbãtɔ me la ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa dzi. Esi wodzra agble aɖe la, wotsɔ ga si wodzrae la ƒe ɖe vae na apostoloawo, evɔ wogblɔ be ga si yewodzrae la katã ye nye ema. Wodi be amewo nakafu yewo ɖe yewoƒe alakpa dɔmenyonuwɔnaa ta. Ke hã, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe apostolo Petro ŋu wòʋu go woƒe amefuflua, eye Yehowa na woƒe agbe nu tso.—Dɔw. 5:1-11.

To vovo na Anania kple Safira ƒe anukwaremaɖimaɖia la, Biblia ŋlɔlawo ya to nyateƒe heɖi anukware. Mose ɖi anukware heŋlɔ eƒe dzikudodo si wɔe be mete ŋu yi Ŋugbedodonyigbaa dzi o la ƒe ŋutinya ɖi. (4 Mose 20:7-13) Nenema kee Yona hã ɖi anukware, metsyɔ nu vodada siwo wòwɔ do ŋgɔ na eƒe gbeƒãɖeɖe na Niniwetɔwo kple emegbe siaa la dzi o. Ke boŋ eŋlɔ wo ɖi.—Yona 1:1-3; 4:1-3.

Ðikekemanɔmee la, ebia dzinɔameƒo be woato nyateƒe, nenye be esia agblẽ nu le ame ŋu le mɔ aɖewo nu gɔ̃ hã, abe ale si wòdzɔ ɖe nyɔnuvi ƒe 14 vi aɖe, si ŋkɔe nye Nathalia, dzi le suku ene. Woma dodokpɔ si woŋlɔ la ƒe agbalẽ na wo eye esi wòto eme la, ekpɔe be nufialaa de dzesi dɔ aɖe si yemewɔ nyuie hafi o la be enyo. Togbɔ be enya be ne yegblɔe na nufiala la, aɖe xexlẽdzesi si wòna ye la dzi kpɔtɔ hã la, mehe ɖe megbe o, egblɔe na eƒe nufialaa. Nathalia gblɔ be: “Dzinyelawo fiaa num ɣesiaɣi be, ne medi be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋunye la, ele be manye anukwareɖila. Nye dzitsinya aɖe fu nam ne nyemegblɔe na nye nufiala o.” Nufiala la kafui ɖe eƒe anukwareɖiɖia ta.

Anukwareɖiɖi Nye Nɔnɔme Nyui Aɖe Si Dea Bubu Yehowa Ŋu

Giselle, si nye nyɔnuvi ƒe 17 vi aɖe la, kpɔ akplo aɖe si me agbalẽwo kple ga home si ade Amerika dɔlar 35 nɔ la. Ewɔ ɖoɖo to sukumegãwo dzi be woatrɔe ana nua tɔ. Ɣleti ɖeka megbe la, sukutatɔa ƒe kpeɖeŋutɔ xlẽ lɛta aɖe na sukuviawo katã le sukuxɔa me tsɔ kafu Giselle ɖe eƒe anukwareɖiɖia ta eye wokafu edzilawo hã ɖe hehe nyui si wona wo via kple mawuvɔvɔ̃ si woƒã ɖe wo eme ta. Eƒe “dɔwɔwɔ nyuiwo” he ŋutikɔkɔe vae na Yehowa.—Mat. 5:14-16.

Ebiaa agbagbadzedze be woanye anukwaretɔ le xexe si me “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, ɖokuidoɖedzilawo, [kple] ame mawɔnuteƒewo” bɔ ɖo me. (2 Tim. 3:2) Ke hã, Yehowa vɔvɔ̃ nyuitɔ, dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee, kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu si le mía si ŋu kpena ɖe mía ŋu míeɖia anukware le xexe maɖianukware me. Eye enana mía kple Yehowa, ame si ‘lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzi me dzɔdzɔe tɔwo’ la dome xɔlɔ̃wɔwɔa va nɔa kplikplikpli wu tsã.—Ps. 11:7.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yehowa vɔvɔ̃ nyuitɔ nana didi vevie si le mía me be míanye anukwareɖilawo la me gasẽna ɖe edzi

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Míaƒe anukwareɖiɖi hea ŋutikɔkɔe vanɛ na Yehowa

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe