INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 5/15 axa 11-15
  • Kristotɔwo Ƒe Ƒomewo—“Minɔ Dzadzraɖoɖi”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kristotɔwo Ƒe Ƒomewo—“Minɔ Dzadzraɖoɖi”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wò Ŋku Nenɔ ‘Nu Ðeka’ Ŋu
  • Miti Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Yome
  • Milé Ƒometadedeagu Fiẽsi Ƒe Ðoɖoa Me Ðe Asi
  • “Minɔ Ŋudzɔ,” Eye “Minɔ Dzadzraɖoɖi”
  • Ðoɖo Aɖe Si Le Kpekpem Ðe Ƒomewo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Misrɔ̃ Mawu Ƒe Nya Edziedzi Le Ƒomea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ƒometadedeagu—Àte Ŋu Ana Wòagavivi Wua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Zã Mawusubɔsubɔ Me Taɖodzinuwo tsɔ Kafu Wɔwòlae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 5/15 axa 11-15

Kristotɔwo Ƒe Ƒomewo—“Minɔ Dzadzraɖoɖi”

“Minɔ dzadzraɖoɖi, elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo si ɖewohĩ miesusu o la dzi.”—LUKA 12:40.

1, 2. Nu ka tae wòle be míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si nye be ‘míanɔ dzadzraɖoɖi’ la dzi?

“NE Amegbetɔvi la va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me” eye wòma “amewo me tso wo nɔewo gbɔ” la, nu kae adzɔ ɖe mia kple wò ƒomea dzi? (Mat. 25:31, 32) Esi wònye be nu sia adzɔ le ɣeyiɣi aɖe si míesusu o dzi ta la, aleke gbegbe wòle vevie be míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si nye be ‘míanɔ dzadzraɖoɖi’ la dzie nye esi!—Luka 12:40.

2 Nyati si do ŋgɔ la dzro ale si wòle vevie be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nabu akpa si wòle be wòawɔ atsɔ akpe asi ɖe ƒome bliboa ŋu be woayi edzi anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me la ŋkubiãnyae la me. Mina míadzro mɔ bubu siwo dzi míate ŋu ato akpe asi ɖe míaƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ ŋu la me.

Wò Ŋku Nenɔ ‘Nu Ðeka’ Ŋu

3, 4. (a) Nu ka ŋue wòle be Kristotɔwo ƒe ƒomewo nanɔ ŋudzɔ ɖo? (b) Nu kae wòfia be míana míaƒe ŋku nanɔ “nu ɖeka” ŋu?

3 Be ƒomewo nanɔ dzadzraɖoɖi na Kristo ƒe vava la, ele be ƒomewo nakpɔ nyuie be naneke nagahe woƒe susu ɖa le nu siwo ku ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu la ŋu o. Ele be woanɔ ŋudzɔ be susuhenuwo nagana woatra o. Esi wònye be ŋutilãmenudidi nye mɔ̃ si le ƒome geɖewo ɖem ta la, mide ŋugble le nya si Yesu gblɔ be míana míaƒe ŋku nanɔ “nu ɖeka” ŋu la ŋu. (Mixlẽ Mateo 6:22, 23.) Abe ale si ko akaɖi klẽna ɖe míaƒe toƒewo eye wòkpena ɖe mía ŋu be míeklia nu dzea anyi o ene la, nenema kee nu siwo míetsɔa míaƒe kpɔɖeŋu “dzi me ŋkuwo” kpɔna la ate ŋu ana míadze nunya, eye wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe nyui eye míakli nu adze anyi o.—Ef. 1:18.

4 Be ŋku ŋutɔŋutɔ nakpɔ nu nyuie la, ele be wòanɔ dɔ wɔm nyuie eye wòanɔ nu si kpɔm wòle la dzi tututu. Nenema kee wòle le míaƒe dzimeŋkuwo hã gome. Be míaƒe kpɔɖeŋuŋkua nanɔ nu ɖeka ŋu fia be míaƒe susu nanɔ taɖodzinu ɖeka ŋu. Le esi míaƒe agbenɔnɔ naku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu eye míatsi dzi ɖe míaƒe ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo ɖeɖe ko ŋu teƒe la, míenaa míaƒe ŋkuwo nɔa gbɔgbɔmenuwo ŋu boŋ. (Mat. 6:33) Esia fia be míakpɔ ŋudzedze ɖe ŋutilãmenu siwo Mawu na mí la ŋu, eye míatsɔ eƒe subɔsubɔdɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me.—Heb. 13:5.

5. Aleke ɖetugbuivi aɖe ɖee fia be yeƒe “ŋku” nɔ Mawu subɔsubɔ ŋu?

5 Ne womla ɖeviwo be woƒe ŋku nanɔ nu ɖeka ŋu la, nu nyui kawo gbegbee nye esi dona tso eme! De ŋugble le Ethiopia ɖetugbuivi aɖe ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Enya nu le suku ale gbegbe be esi wòwu sekɛndrisuku nu la, wona sukudede femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔe be wòade suku akpee. Gake esi wònye be eƒe ŋku nɔ Yehowa subɔsubɔ ŋu ta la, egbe mɔnukpɔkpɔ ma. Esia megbe kpuie la, wotsɔ dɔ aɖe si ƒe fetu nye Amerika dɔlar 4,200 ɣleti sia ɣleti la ɖo eŋkume—fetu sia nye fetu gã aɖe ŋutɔ ne wotsɔe sɔ kple esi amewo xɔna le woƒe dukɔa me le mama dedie nu. Gake ɖetugbuivia ƒe “ŋku” nɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi. Egbe dɔa enumake eye melala be yeabia ye dzilawo ƒe nukpɔsusu le eŋu hafi o. Aleke edzilawo wɔ nui esi wose nu si wo vinyɔnua wɔ? Wokpɔ dzidzɔ kplii ale gbegbe, eye wogblɔ nɛ be yewokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ŋutɔ!

6, 7. Afɔku ka ŋue wòle be ‘míaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu’ ɖi ɖo?

6 Edze le Yesu ƒe nya siwo le Mateo 6:22, 23 me be enɔ nu xlɔ̃m tso ŋukeklẽ ŋu. Yesu ƒo nu tso ŋku si le “nu ɖeka” ŋu kple “ŋku vɔ̃ɖi” ŋu. “Ŋku vɔ̃ɖi” nye ŋku si biãa ŋu alo ŋku si klẽa ŋu. (Mat. 6:23) Aleke Yehowa bua ŋubiabiã alo ŋukeklẽ? Biblia gblɔ be: “Migana woayɔ [gbɔdɔdɔ ƒe] agbe gbegblẽ nɔnɔ kple makɔmakɔnyenye ƒomevi aɖeke alo ŋukeklẽ [alo ŋubiabiã] ŋkɔ teti gɔ̃ hã le mia dome o.”—Ef. 5:3.

7 Togbɔ be ele bɔbɔe be míakpɔe adze sii le ame bubuwo ŋu be wole ŋu klẽm hã la, menɔa bɔbɔe be míakpɔe adze sii le mía ɖokui ŋu o. Eya ta nunya le eme be míawɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi: “Mina miaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu, eye mikpɔ nyuie, eye minɔ ŋudzɔ ɖe ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu.” (Luka 12:15) Esia wɔwɔ bia be míadzro mía ɖokui me akpɔe ɖa be nu ka ŋue míaƒe dzi ku ɖo hã. Ele be Kristotɔwo ƒe ƒomewo nade ŋugble le ga kple ɣeyiɣi si gbegbe wozãna ɖe dzidzɔdonameɖokuinuwo, modzakaɖeɖe, kple ŋutilãmenuwo ƒeƒle ŋuti la ŋu vevie.

8. Ne míedi be míaƒle nane la, aleke míate ŋu ana ‘míaƒe ŋku nanɔ ʋuʋu ɖi’?

8 Hafi nàƒle nane la, menye ɖeko nàbia ɖokuiwò be, ɖe ga le ye si yeate ŋu aƒlee hã ko o, ele be nàbu nu geɖe ŋu wu ema, abe esiawo tɔgbi ene: ‘Ðe makpɔ ɣeyiɣi anɔ ezãm edziedzia, eye ɖe mate ŋu anɔ be lém nɛa? Ɣeyiɣi didi kae wòaxɔ hafi manya ezazã nyuie?’ Ðeviwo, migaxɔ nya siwo katã wogblɔna tso adzɔnuwo ŋu le boblododowo me la dzi se, eye esia nawɔe be miava nɔ dzi tsim ɖe nutovɛwo kple awu siwo le tsia dzi, evɔ woxɔ asi bobobo la ŋu madzemadzee o. Miɖu mia ɖokui dzi. Eye anyo hã be miabu eŋu kpɔ nenye be nu si ƒle ge miala la akpe ɖe miaƒe ƒomea ŋu mianɔ dzadzraɖoɖi ɖe Amegbetɔvi la ƒe vava ŋu. Mixɔ ŋugbe si Yehowa do be, “Nyemaɖe asi le ŋuwò gbeɖe o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o,” la dzi se.—Heb. 13:5.

Miti Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Yome

9. Vi kawoe gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome titi ate ŋu aɖe na ƒomea?

9 Mɔ bubu si dzi ƒomea me tɔwo ate ŋu ato ado ŋusẽ woƒe xɔse eye woakpe asi ɖe ƒome bliboa ŋu woanɔ dedie le gbɔgbɔ mee nye be woaɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo, eye woati wo yome. Esia wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ƒomewo ŋu woada ale si gbegbe wole ŋgɔyiyi wɔm le taɖodzinu si nye Yehowa ŋu dzedze me la akpɔ, eye ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woatso nya me le dɔwɔna siwo wòle be woatsɔ aɖo nɔƒe vevitɔ le woƒe agbe me ŋu.—Mixlẽ Filipitɔwo 1:10.

10, 11. Abe ƒome ene la, taɖodzinu kawo yome tim miele, eye taɖodzinu kawoe miadi be yewoaɖo na mia ɖokuiwo le etsɔme?

10 Taɖodzinu suesue siwo gbɔ ɖoɖo anɔ bɔbɔe na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe kloe gɔ̃ hã ɖoɖo ate ŋu aɖe vi geɖe na ƒomea. Le kpɔɖeŋu me, bu taɖodzinu si nye ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe mawunyakpukpuia me dzodzro ŋu kpɔ. Ƒomea me tɔwo ƒe nyaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe ƒome ƒe taa ŋu wòade dzesi ale si gbegbe wole gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔmee. Taɖodzinu si nye be ƒome bliboa nanɔ Biblia xlẽm ɖekae la naa mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe ɖeviwo be woƒe nuxexlẽ ŋutete kple Biblia me gbedeasia gɔme sese naganyo ɖe edzi wu. (Ps. 1:1, 2) Eye ɖe manyo be míaɖoe míaƒe taɖodzinui be míana míaƒe gbedodoɖawo naganyo ɖe edzi wu oa? Gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa vovovoawo tutu ɖo nyuie wu hã ate ŋu anye taɖodzinu nyui aɖe míaɖo na mía ɖokui. (Gal. 5:22, 23) Ke taɖodzinu si nye be míadi mɔ siwo dzi míato aɖe havilɔlɔ̃ afia ame siwo míedoa goe le gbeadzi ya ɖe? Ne ƒome bliboa dze agbagba be yewoaɖo taɖodzinu sia gbɔ la, ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu woasrɔ̃ vevesese ɖe ame nu, eye anɔ bɔbɔe na wo be woadi be yewoazu gbesiagbe mɔɖelawo alo dutanyanyuigblɔlawo.

11 Ðe manyo be miabu taɖodzinu aɖewo siwo yome mia kple wò ƒomea siaa miate ŋu ati la ŋu oa? Ðe mia kple wò ƒomea miate ŋu aɖoe miaƒe taɖodzinui be yewoazã ɣeyiɣi geɖe wu le gbeadzia? Ðe miate ŋu adze agbagba be miaɖu vɔvɔ̃ na ɖaseɖiɖi le telefon dzi, le ablɔ dzi, alo le dɔwɔƒewo la dzia? Ke subɔsubɔ le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le geɖe wu ya ɖe? Ðe ƒomea me tɔ aɖe ate ŋu asrɔ̃ gbe bubu aɖe be wòate ŋu agblɔ nya nyuia na dukɔ bubu me tɔwoa?

12. Nu kae ƒome ƒe tawo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe woƒe ƒomewo ŋu be woatsi le gbɔgbɔ me?

12 Abe ƒome ƒe ta ene la, anyo be nàde dzesi go siwo me wòle be wò ƒomea nawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi le. Eyome miɖo taɖodzinu siwo ana miawɔ ŋgɔyiyi le go mawo me. Ele be taɖodzinu siwo miaɖo abe ƒome ene la nanye esiwo sɔ ɖe miaƒe ŋutete nu, siwo gbɔ miate ŋu aɖo bɔbɔe. (Lod. 13:12) Nyateƒee, agbagbadzedze be woaɖo taɖodzinu nyui aɖe gbɔ xɔa ɣeyiɣi. Eya ta miƒle ɣeyiɣia tso esiwo mietsɔna kpɔa television la me eye miazãe atsɔ ati gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome. (Ef. 5:15, 16) Ƒome bliboa neku kutri vevie ale be miaɖo taɖodzinu siwo mieɖo na mia ɖokuiwo la gbɔ. (Gal. 6:9) Ƒome si tia gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome la ana woƒe ŋgɔgbedede “nadze ƒãa na amewo katã.”—1 Tim. 4:15.

Milé Ƒometadedeagu Fiẽsi Ƒe Ðoɖoa Me Ðe Asi

13. Tɔtrɔ kae wowɔ le hame ƒe kpekpe siwo míedena le kwasiɖa domedomewo la ŋu, eye nyabiase kawo ŋue wòle be míade ŋugble le?

13 Ðoɖo nyui aɖe si le kpekpem ɖe ƒomewo ŋu be ‘woanɔ dzadzraɖoɖi’ na Amegbetɔvi la ƒe vava ye nye tɔtrɔ ɖedzesi si wowɔ le kpekpe siwo míedena le kwasiɖa domedomewo ƒe ɖoɖowɔɖiawo ŋu, si dze egɔme tso January 1, 2009, dzi. Megahiã be míakpe le ŋkeke bubu dzi awɔ kpekpe si míeyɔna tsã be Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ la o, wotsɔ kpekpe ma kpe ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kpakple Subɔsubɔ Kpekpea ŋu. Wowɔ tɔtrɔ sia be woana mɔnukpɔkpɔ Kristotɔwo ƒe ƒomewo be woatia fiẽsi aɖe koŋ ɖi kwasiɖa sia kwasiɖa hena ƒometadedeagu atsɔ ado ŋusẽ wo ɖokuiwo le gbɔgbɔ me. Fifia, esi ɣeyiɣi aɖewo va yi tso esime wowɔ tɔtrɔ ma la, míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe mele ɣeyiɣi si wona mí be míatsɔ awɔ Ƒometadedeagu alo ɖokuisinusɔsrɔ̃ la ŋu dɔ wɔma? Ðe mele taɖodzinu si ta wowɔ ɖoɖo sia ɖo la gbɔ ɖom dzidzedzetɔea?’

14. (a) Taɖodzinu vevi ka tae wòle be míaɖo fiẽsi aɖe ɖi na Ƒometadedeagu alo ɖokuisinusɔsrɔ̃ ahalé eme ɖe asi? (b) Nu ka tae fiẽsi aɖe ɖoɖo ɖi na nusɔsrɔ̃ le vevie?

14 Taɖodzinu vevi si tae wowɔ ɖoɖo na mí be míaɖo fiẽsi aɖe ɖi na Ƒometadedeagu alo ɖokuisinusɔsrɔ̃ ahalé eme ɖe asi ye nye be wòakpe ɖe mía ŋu míate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli. (Yak. 4:8) Ne míezãa ɣeyiɣi tsɔ srɔ̃a Biblia edziedzi eye sidzedze si su mía si ku ɖe Wɔla la ŋu le dzidzim ɖe edzi la, mía kplii dome ƒomedodoa me agasẽ ɖe edzi. Zi ale si míele tetem ɖe Yehowa ŋui la, zi nenemae míegalɔ̃nɛ ‘kple míaƒe dzi blibo kple míaƒe luʋɔ blibo kple míaƒe tamesusu blibo kpakple míaƒe ŋusẽ blibo’ geɖe wu. (Mar. 12:30) Kakaɖedzitɔe la, míedi vevie be míaɖo to Mawu eye míazu esrɔ̃lawo. (Ef. 5:1) Eya ta Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe ɖoɖoa me léle ɖe asi kple gomekpɔkpɔ le eme edziedzi le vevie ŋutɔ be wòakpe ɖe ƒomea me tɔwo katã ŋu ‘woanɔ dzadzraɖoɖi’ le gbɔgbɔ me, esi míele “xaxa gã” si ŋu nya wogblɔ ɖi la lalam. (Mat. 24:21) Ele vevie ŋutɔ na agbetsitsi.

15. Ŋusẽ kae Ƒometadedeagu fiẽsi ate ŋu akpɔ ɖe ale si ƒomea me tɔwo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu la dzi?

15 Taɖodzinu bubu aɖe gale Ƒometadedeagu ƒe ɖoɖoa ŋu—eyae nye be wòakpe ɖe ƒomea me tɔwo ŋu woate ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli. Ɣeyiɣizazã atsɔ adzro gbɔgbɔmenuwo me kwasiɖa sia kwasiɖa kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ale si ƒomea me tɔwo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu la dzi. Aleke gbegbee srɔ̃tɔwo dome va nɔa kplikplikpli ye nye esi ne wokpɔ ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe kpɔa dzidzɔe ne woke ɖe gbɔgbɔmenu xɔasi aɖewo ŋu ɖekae! (Mixlẽ Nyagblɔla 4:12.) Ne dzilawo kple wo viwo kpɔa gome le tadedeagu me ɖekae la, anɔ bɔbɔe be woawɔ ɖeka le lɔlɔ̃, si nye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo” la me.—Kol. 3:14.

16. Ƒo nu tso ale si fiẽsi aɖe ɖoɖo ɖi na Biblia sɔsrɔ̃ ɖe vi na nɔvinyɔnu etɔ̃ aɖewo ŋu.

16 Bu ale si fiẽsi aɖe ɖoɖo ɖi na Biblia sɔsrɔ̃ ɖe vi na nɔvinyɔnu etɔ̃ aɖewo ŋu kpɔ. Togbɔ be menye ƒometɔwoe wonye o hã la, ahosi tsitsi etɔ̃ siawo nɔ du ɖeka me eye wonye xɔlɔ̃ veviwo hena ƒe geɖe. Esi wodi be yewoanɔ ha dem kple yewo nɔewo geɖe wu evɔ wòaganye hadede dzro ko o, ke boŋ yewoƒe hadedea natu yewo ɖo le gbɔgbɔ me la, wotso nya me be yewoaɖo fiẽsi aɖe ɖi anɔ kpekpem ɖekae ahanɔ Biblia srɔ̃m. Wodze esia gɔme kple agbalẽ si nye “Bearing Thorough Witness” About God’s Kingdom (‘ Rends pleinement témoignage au sujet du Royaume de Dieu ’) la sɔsrɔ̃. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Míesea vivi na míaƒe nusɔsrɔ̃a ale gbegbe be, zi geɖe la, exɔna wu gaƒoƒo ɖeka. Míedzea gbagba be míakpɔ ale si nɔnɔmeawo nɔ na mía nɔviwo le ƒe alafa gbãtɔ me la le susu me, eye míedzroa nu si míawɔ ne nɔnɔme mawo tɔgbi va mía dzi la me. Emegbe míedzea agbagba wɔa nu siwo míesrɔ̃ le numedzodzroa me la ŋu dɔ le subɔsubɔdɔa me. Esia wɔe be míekpɔa dzidzɔ kple dzidzedze geɖe wu le míaƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me wu tsã.” Menye ɖeko ɖoɖo sia tu xɔlɔ̃ vevi etɔ̃ siawo ɖo le gbɔgbɔ me o, ke ewɔe hã be wova te ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli geɖe wu. Wogblɔ be: “Míedea asixɔxɔ ɖoɖo sia ŋu ŋutɔ!”

17. Nu kawoe wɔnɛ be Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe ɖoɖoa kpɔa dzidzedze?

17 Ke wò ya ɖe? Alekee fiẽsi aɖe ɖoɖo ɖi na ƒometadedeagu alo ɖokuisinusɔsrɔ̃ le vi ɖem na wòe? Ne ƒãa hafi nèwɔa ɖoɖo sia ŋu dɔ la, màɖo taɖodzinu siwo ta wowɔ ɖoɖoa ɖo la gbɔ o. Ele be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nanɔ dzadzraɖoɖi na nusɔsrɔ̃a le ɣeyiɣi ɖoɖia dzi. Mele be miaɖe mɔ nu suesuewo natso fiẽsi ma ƒe ɖoɖoa me o. Gakpe ɖe eŋu la, ele be miabu nusrɔ̃gbalẽ si miatia la ŋu nyuie ale be wòaku ɖe ƒomea ƒe nuhiahiãwo ŋu. Nu kae nàte ŋu awɔ be nàna nusɔsrɔ̃a navivi ame nu? Wɔ nufiafiaɖaŋu nyuiwo ŋu dɔ, eye nàna bubu kple dziɖeɖi nanɔ nusɔsrɔ̃a me.—Yak. 3:18.a

“Minɔ Ŋudzɔ,” Eye “Minɔ Dzadzraɖoɖi”

18, 19. Alekee wòle be nyanya be Amegbetɔvi la ƒe vava tu aƒe naʋã mia kple wò ƒomea?

18 Ale si nuwo le gbegblẽm ɖe edzi le xexea me le míaƒe ŋkekea me la nye kpeɖodzi sẽŋu aɖe be Satana ƒe xexe vɔ̃ɖia ɖo eƒe ŋkeke mamlɛwo me tso keke ƒe 1914 me ke. Harmagedon ƒe tsɔtsrɔ̃ ƒe ahomya la megale didiƒe o. Eteƒe madidi o, ɣeyiɣia ade be Amegbetɔvi la nahe Yehowa ƒe fɔbuʋɔnudɔdrɔ̃ ava ame mavɔ̃mawuwo dzi. (Ps. 37:10; Lod. 2:21, 22) Ðe mele be esia nyanya naʋã mia kple wò ƒomea oa?

19 Ðe nèle wɔwɔm ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo be nàna wò ŋku nanɔ “nu ɖeka” ŋu la dzia? Esime ame siwo le xexea me la le kesinɔnu, ŋkɔxɔxɔ, alo ɖoƒe kɔkɔ yome tim la, ɖe wò ƒomea le gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome tima? Ðe Ƒometadedeagu fiẽsi alo ɣeyiɣi aɖe ɖoɖo ɖi atsɔ awɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ le edzi dzem na wòa? Ðe nèle taɖodzinu siwo tae wowɔ ɖoɖoa ɖo la gbɔ ɖoma? Abe ale si míedzro eme le nyati si do ŋgɔ me ene la, ɖe nèle agbanɔamedzi siwo Mawu de asi na wò le Ŋɔŋlɔawo me abe srɔ̃ŋutsu, srɔ̃nyɔnu, alo ɖevi ene la tsɔm ale be nàkpe asi ɖe ƒome bliboa ŋu ‘woanɔ ŋudzɔa’? (1 Tes. 5:6) Ne èle ewɔm la, ekema ‘ànɔ dzadzraɖoɖi’ na Amegbetɔvi la ƒe vava.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Miakpɔ aɖaŋuɖoɖo bubuwo ku ɖe nu siwo miasrɔ̃ kple ale si miana Ƒometadedeagua navivi ame nu eye wòaku ɖe ƒomea ƒe nuhiahiãwo ŋu la le October 15, 2009, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 29-31.

Nu Kae Nèsrɔ̃?

• Ðe ale si Kristotɔwo ƒe ƒomewo ate ŋu ‘anɔ dzadzraɖoɖi’ la me:

Ne woƒe ŋku le “nu ɖeka” ŋu.

Ne woɖoa gbɔgbɔmetaɖodzinuwo hetia wo yome.

Ne wolé Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe ɖoɖoa me ɖe asi.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ŋku si le “nu ɖeka” ŋu aʋã mí be míatsi tsitre ɖe xexea ƒe susuhenuwo ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe