Ðe Habɔbɔ Aɖe Le Mawu Sia?
EDZE kɔtɛ le Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã me be ewɔa nu ɖe ɖoɖo nu. Le kpɔɖeŋu me, ɖoɖo deŋgɔ aɖe nue Mawu wɔ nugbagbevi sue aɖe si nana nuɖuɖu ʋãna la le. Nugbagbevi sue sia ƒe ŋutinuwo ƒe xexlẽme de sɔsɔ ge kple yameʋu gã si nye Boeing 777 la tɔ. Ke hã, nugbagbevi sia ƒe ŋutinuwo dometɔ ɖe sia ɖe le eteƒe dedie, evɔ eƒe lolome nye microna atɔ̃ pɛ ko. To vovo na yameʋu siawo la, nugbagbevi sia ya te ŋu dzina. Nu wɔnuku si le ɖoɖo nu ka gbegbee nye esi!—1 Korintotɔwo 14:33.
Menye nuwɔwɔ siwo míekpɔna koe le ɖoɖo nu o. Biblia ɖee fia be nuwo le ɖoɖo nu le gbɔgbɔmenutowo me le ɖekawɔwɔ me kple Wɔla la ƒe tameɖoɖowo. Le ŋutega aɖe me la, nyagblɔɖila Daniel kpɔ mawudɔla gbogbo aɖewo le Mawu gbɔ le dziƒo, siwo ŋu wògblɔ le be: “Ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye ame akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ.” (Daniel 7:9, 10) Bu ale si gbegbe wòahiã be nuwo nanɔ ɖoɖo nui bene mawudɔla gbogbo siawo, siwo wu miliɔn alafa ɖeka la, nate ŋu awɔ dɔ siwo Mawu de wo si be woawɔ ɖe esubɔla siwo le anyigba dzi ta la ŋu kpɔ!—Psalmo 91:11.
Togbɔ be Yehowa Mawu, si nye Wɔla lae nye Ðoɖowɔla Gãtɔ hã la, menye nublanuimakpɔla si ƒe nya me le kpaɖii ye wònye o. Ke boŋ enye lɔlɔ̃ kple dzidzɔ Mawu si tsɔa ɖe le eme na eƒe nuwɔwɔwo katã. (1 Timoteo 1:11; 1 Petro 5:7) Esia dze le ale si wòwɔ nu kple blema Israel dukɔa kpakple Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la me.
Blema Israel Wɔ Nu Ðe Ðoɖo Nu
Yehowa Mawu to Mose dzi na mɔfiame Israel viwo be nuwo nanɔ ɖoɖo nu le woƒe tadeagu dzadzɛa me. Bu ɖoɖo si nu woƒu asaɖa anyi ɖo esi wonɔ Sinai gbe dzi ŋu kpɔ. Ne ɖe woɖe mɔ na ƒome ɖe sia ɖe be woatu agbadɔ ɖe afi sia afi si wodi la, nuwo atɔtɔ ŋutɔ. Yehowa na mɔfiamewo dukɔa ku ɖe afi si wòle be to ɖe sia ɖe naƒu asaɖa anyi ɖo ŋu. (4 Mose 2:1-34) Azɔ hã, le Mose ƒe Sea me la, wona mɔfiamewo ku ɖe lãmesẽ kple dzadzɛnyenye nyawo ŋu. Esia ƒe kpɔɖeŋue nye esi ku ɖe ale si woaɖi nugodoe ŋu.—5 Mose 23:12, 13.
Esi Israel viwo va ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la, wonye dukɔ si wɔ nu ɖe ɖoɖo nyui nu le nu geɖe me. Woma dukɔa ɖe to 12 me, eye woma anyigbaa ɖe toawo katã nu. Se si Yehowa tsɔ na Mose la ku ɖe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ŋu, tadedeagu, srɔ̃ɖeɖe, ƒome, hehenana, asitsatsa, nuɖuɖu, agbledede, lãnyinyi, kple nu bubuwo.b Togbɔ be seawo dometɔ aɖewo ku ɖe nanewo ŋu tẽe, eye wòbia nu geɖe tso Israel viwo si hã la, se mawo katã ɖe ale si Yehowa tsɔ ɖe le eme na woe la fia, eye wòna wokpɔ dzidzɔ hã. Ne Israel viwo zɔ ɖe ɖoɖo siawo siwo Yehowa wɔ na wo lɔlɔ̃tɔe dzi la, woƒe nu dzea eŋu.—Psalmo 147:19, 20.
Togbɔ be Mose nye kplɔla nyui hã la, eƒe dzidzedzekpɔkpɔ menɔ te ɖe ŋutete si le esi abe kplɔla ene la dzi o, ke boŋ ɖe ale si wòalé Mawu ƒe ɖoɖowo me ɖe asi pɛpɛpɛ dzi. Le kpɔɖeŋu me, aleke Mose wɔ nya mɔ si woato esime wonɔ gbea dzi? Yehowa zã alilikpo dodo tsɔ fia mɔ wo le ŋkeke me, eye wòzã dzobibi tsɔ fia mɔ wo le zã me. (2 Mose 13:21, 22) Togbɔ be amegbetɔwoe Yehowa Mawu zã hã la, eya ŋutɔe wɔ ɖoɖo na wo hefia mɔ wo. Alea kee wònɔ le Kristotɔ gbãtɔwo hã ŋɔli.
Kristotɔ Gbãtɔwo Wɔ Nu Ðe Ðoɖo Nu
Esi apostoloawo kple nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe ta la, wote ŋu ɖo hamewo ɖe Asia kple Europa ƒe teƒe geɖe le ƒe alafa gbãtɔ me. Togbɔ be hame siawo kaka ɖe teƒeteƒewo hã la, womenye ƒuƒoƒo saɖeaga siwo wɔa nu le wo ɖokui si o. Ke boŋ wowɔ nu ɖe ɖoɖo nu, eye wonɔ apostolo, siwo wɔa nu ɖe hameviwo ŋu lɔlɔ̃tɔe la, ƒe dzikpɔkpɔ te. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo ɖo Tito ɖe Kreta “be wòawɔ ɖoɖo ɖe nu sia nu ŋu le afi ma.” (Tito 1:5, The Jerusalem Bible) Eye le agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Korinto hamea me la, egblɔ be “mɔfiafianana ƒe ŋutetewo” alo ɖoɖowɔwɔ ƒe ŋutetewo nɔ nɔviŋutsu aɖewo si. (1 Korintotɔwo 12:28) Gake ame ka gbɔe ɖoɖo siawo katã tso? Paulo gblɔ be “Mawu fɔ ŋutilã la ƒe ŋutinuwo kpe,” alo na nuwo le “ɖoɖo nu” le hamea me.—1 Korintotɔwo 12:24; The Riverside New Testament.
Dzikpɔla siwo nɔ Kristo hamea me la meɖu aƒetɔ ɖe haxɔsetɔwo dzi o. Ke boŋ wonye ‘hadɔwɔla’ siwo zɔna ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiamewo nu, eye enɔ na wo be woanye “kpɔɖeŋu na alẽha la.” (2 Korintotɔwo 1:24; 1 Petro 5:2, 3) Yesu Kristo, si wofɔ ɖe tsitre lae nye “ta na hame la,” ke menye amegbetɔ dzro alo amegbetɔ madeblibowo ƒe ƒuƒoƒo aɖee o.—Efesotɔwo 5:23.
Esi hame si le Korinto la ƒe nuwɔnawo va to vovo kura na ale si hame bubuwo wɔa nui la, Paulo ŋlɔ ɖo ɖe wo be: “Miebe nu ka? Mia gbɔe Mawu ƒe nya la tso vaa, alo miawo ɖeɖe gbɔ koe wòɖoa?” (1 Korintotɔwo 14:36) Paulo zã nyabiase sia tsɔ ɖɔ woƒe susu ɖo, eye wòna wose egɔme be mele be woawɔ nu le wo ɖokui si o. Ne hamewo wɔ ɖe apostolowo ƒe mɔfiame dzi la, wokpɔa dzidziɖedzi, eye nuwo tsɔa afɔ nyuie.—Dɔwɔwɔwo 16:4, 5.
Enye Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Ðeɖe Fia
Ke egbea ya ɖe? Ame aɖewo madi be yewoanɔ subɔsubɔha aɖeke me o. Ke hã, Biblia ɖo kpe edzi be tso gbe aɖe gbe ke la, Mawu zãna habɔbɔ aɖe tsɔ naa eƒe tameɖoɖowo vaa eme. Ena esubɔlawo wɔ nu ɖe ɖoɖo nu le blema Israel, eye wòna Kristotɔ gbãtɔwo hã wɔ nu ɖe ɖoɖo nu le woƒe tadedeagu me.
Eya ta ɖe masɔ be míaƒo nya ta be Yehowa Mawu gale mɔ fiam eƒe amewo egbea abe ale si wòwɔe le blema ene oa? Ɛ̃, ale si wòna esubɔlawo wɔ ɖeka hewɔa nu ɖe ɖoɖo nu la ɖe ale si wòléa be na wo lɔlɔ̃tɔe la fia. Egbea hã, Yehowa le eƒe habɔbɔa zãm be yeatsɔ ana tame si yeɖo na ameƒomea la nava eme. Aleke míawɔ anya habɔbɔ si zãm wòle? Bu nya siwo gbɔna la ŋu kpɔ.
▪ Kristotɔ vavãwo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu bene yewoawɔ dɔ si wode wo si la ade goe. (Mateo 24:14; 1 Timoteo 2:3, 4) Yesu de se na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na dukɔwo katã, gake dɔ sia mate ŋu adze edzi ne womewɔ ɖoɖo ɖe edzikpɔkpɔ ŋu le xexea me godoo o. Le kpɔɖeŋu me, ele bɔbɔe be wò ɖeɖe nàna nuɖuɖu ame ɖeka, gake ne ameawo de akpe alo miliɔn la, àhiã na amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si le ɖoɖo nu si me tɔwo wɔa nu aduadu. Be Kristotɔ vavãwo nate ŋu awɔ dɔ si wode wo si ade goe la, ‘wotsɔa nusɔsɔe’ subɔa Mawu, alo wowɔa nu “aduadu.” (Zefaniya 3:9; Byington) Ne ehiã be woawɔ dɔ aɖe le dukɔ vovovowo me le gbe vovovo dolawo kple to vovovo me tɔwo dome la, ɖe wòanya wɔ ne habɔbɔ si wɔ ɖeka si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu meli oa? Ŋuɖoɖoa dze ƒãa.
▪ Kristo vavãwo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu bene yewoakpe ɖe yewo nɔewo ŋu ahade dzi ƒo na yewo nɔewo. Ne ame ɖeka le to liam la, ate ŋu atia toa ƒe akpa sia akpa si dze eŋu be yealia, eye agba manɔ edzi be wòakpe ɖe ame si menya tolialia ŋu o. Gake ne eva dze afɔku alo do go kuxi aɖe la, eƒe agbe aɖo afɔku me, elabena makpɔ ame aɖeke wòakpe ɖe eŋu o. Esia ɖo kpe edzi be nunya manɔ eme be ame naɖe eɖokui ɖe aga o. (Lododowo 18:1) Be Kristotɔwo nate ŋu awɔ dɔ si Yesu de wo si la, ele be woakpe ɖe wo nɔewo ŋu. (Mateo 28:19, 20) Kristo hamea naa Biblia me mɔfiame, hehe, kple dzideƒoname si mí katã míehiã na bene míanɔ subɔsubɔa dzi tamanamanae. Ne womewɔ ɖoɖo aɖeke ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpe siwo me míaxɔ mɔfiame le ahade ta agu ŋu o la, afi kae míayi be míasrɔ̃ Yehowa ƒe mɔwo?—Hebritɔwo 10:24, 25.
▪ Kristotɔ vavãwo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu bene yewoasubɔ Mawu le ɖekawɔwɔ me. Ne Yesu ƒe alẽwo se eƒe gbe la, wova nyea “alẽha ɖeka” le eƒe kpɔkplɔ te. (Yohanes 10:16) Womekaka ɖe sɔlemeha alo ƒuƒoƒo vovovo siwo le wo ɖokui si me o; eye hamenufiafiawo mena be mama le wo dome o. Ke boŋ wo katã wowɔa nu “kple tamesusu ɖeka.” (1 Korintotɔwo 1:10) Be ɖekawɔwɔ nanɔ anyi la, nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu hiã, eye be nuwo nanɔ ɖoɖo nu la, ele be habɔbɔ aɖe nanɔ anyi. Nɔviwo ƒe ƒuƒoƒo si wɔ ɖeka koe Mawu ayra.—Psalmo 133:1, 3.
Lɔlɔ̃ akuakua si le ame miliɔn geɖe si na Mawu kple Biblia me nyateƒea la na wova le habɔbɔ aɖe si ɖo Biblia me nudidi siawo kple bubuwo gbɔ la me. Abe ƒuƒoƒo si wɔ ɖeka hewɔa nu ɖe ɖoɖo nu ene la, Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo la dzea agbagba be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Woka ɖe eƒe ŋugbedodo sia dzi be: “Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye woƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.” (2 Korintotɔwo 6:16) Yayra gã sia ate ŋu asu wò hã asiwò ne èsubɔ Yehowa Mawu le eƒe habɔbɔa me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ne woma meta ɖeka ɖe akpa miliɔn me la, eƒe akpa ɖeka nye micron ɖeka.
b Kpɔ agbalẽ si nye Insight on the Scriptures, Babla 2 lia, axa 214-220 (Étude perspicace des Écritures, Babla 2, axa 154-160). Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Israel viwo ƒu asaɖa anyi ɖe ɖoɖo nu
[Nɔnɔmetatawo si le axa 14, 15]
Ebia ɖoɖowɔwɔ be woate ŋu awɔ xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ade goe
Tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa
Kpekpeɖeŋunana ne afɔku dzɔ
Takpekpewo
Tadeaguƒewo tutu