Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me
Ðe Mɔkpɔkpɔ Aɖe Li Na Kukuawoa?
Nyati sia adzro nyabiase siwo nànya bia kpɔ la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.
1. Mɔkpɔkpɔ kae li na kukuawo?
Kaka Yesu nava ɖo Betania, afi si te ɖe Yerusalem ŋu la, exɔlɔ̃a Lazaro ku xoxo ŋkeke enee nye ema. Yesu kpakple Marta kple Maria, siwo nye ame si ku la nɔvinyɔnuwo, yi ɖe afi si woɖi Lazaro ɖo. Eteƒe medidi o, amewo va ƒo zi. Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe dzi adzɔ Marta kple Maria esi Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre la le susu mea?—Xlẽ Yohanes 11:20-24, 38-44.
Marta xɔe se be woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Tso gbe aɖe gbe ke la, Yehowa subɔla wɔnuteƒewo nya be le etsɔme la, Mawu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre woagava nɔ agbe le anyigba dzi.—Xlẽ Hiob 14:14, 15.
2. Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le?
Togbɔ be agbeŋusẽ, alo “gbɔgbɔ,” ye lé amegbetɔwo kple lãwo siaa ƒe agbe ɖe te hã la, menye gbɔgbɔ, siwo do ŋutilã, ye míenye o. (Nyagblɔla 3:19; 1 Mose 7:21, 22) Ŋutilã, si wotsɔ anyi mè, ye míenye. (1 Mose 2:7; 3:19) Ne míeku, eye susua dzudzɔ dɔwɔwɔ la, míaƒe tamesusuwo hã nu yina. Eya ta esi wofɔ Lazaro ɖe tsitre la, megblɔ nya aɖeke si fia be ekpɔ nane teƒe le ku me o, elabena kukuawo meganya naneke o.—Xlẽ Psalmo 146:4; Nyagblɔla 9:5, 10.
Eya ta eme kɔ ƒãa be kukuawo mate ŋu akpe fu o. Le esia ta nufiafia si nye be Mawu wɔa funyafunya amewo le ku megbe la nye alakpa. Enye alakpanya gbɔgblɔ ɖe Mawu ŋu. Fuwɔwɔ amewo le dzo me nye ŋunyɔnu si mevaa ta me nɛ o.—Xlẽ Yeremiya 7:31.
3. Ðe míate ŋu aƒo nu kple kukuawo?
Ame kukuwo mate ŋu aƒo nu o. (Psalmo 115:17) Gake ne mawudɔla vɔ̃ɖiwo ƒo nu na amewo la, wotea ŋu flua amewo be yewonye ame aɖe si ku la ƒe gbɔgbɔ. (2 Petro 2:4) Yehowa medina kura be míate kpɔ be míaƒo nu kple ame kukuwo o.—Xlẽ 5 Mose 18:10, 11.
4. Ame kawoe woafɔ ɖe tsitre?
Le xexe yeye si gbɔna me la, woafɔ ame miliɔn geɖe siwo ku la ɖe tsitre. Woafɔ ame siwo wɔ nu vlowo, le esi womenya Yehowa o ta la, gɔ̃ hã ɖe tsitre.—Xlẽ Luka 23:43; Dɔwɔwɔwo 24:15.
Mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo woafɔ ɖe tsitre la si be woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu ahaɖee afia be yewoxɔ Yesu dzi se to toɖoɖo eyama me. (Nyaɖeɖefia 20:11-13) Ame siwo woafɔ ɖe tsitre siwo awɔ nu nyui la anɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Gake ame siwo woafɔ ɖe tsitre la dometɔ aɖewo ayi edzi awɔ nu vlowo. Le ame siawo gome la, woƒe tsitretsitsia anye “ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.”—Xlẽ Yohanes 5:28, 29.
5. Nu kae tsitretsitsia fia mí tso Yehowa ŋu?
Ale si Mawu dɔ Via ɖa be wòtsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta lae wɔe be woate ŋu afɔ mí ɖe tsitre. Eya ta tsitretsitsia nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve ɖeɖe fia.—Xlẽ Yohanes 3:16; Romatɔwo 6:23.
Ne èdi numekɔkɔ bubuwo la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 6 kple 7 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Anyie wotsɔ mè Adam