Fia Nu Viwòwo
Ðe Wòwɔ Na Wò Kpɔ Be Womebua Wò Ðe Ðeke Me Oa?
NE WOMEBUA ame aɖe ɖe ɖeke me o la, efia be amewo mebunɛ ɖe woƒe ha me o. Ðewohĩ eƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede to vovo alo etso dukɔ bubu me alo ale si wòƒoa nui hewɔa nui la to vovo. Wò hã èsenɛ le ɖokuiwò me be womebua wò ɖe ɖeke me oa?—a
Na míaɖo dze tso ŋutsu aɖe si se le eɖokui me nenema kpɔ la ŋu. Eŋkɔe nye Mefiboset. Na míakpɔ ame si wònye kple nu si ta wòse le eɖokui me nenema ɖa. Ne ewɔna na wò be womebua wò ɖe ɖeke me o la, ke àte ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Mefiboset gbɔ.
Mefiboset nye David xɔlɔ̃, Yonatan, ƒe vi. Hafi woawu Yonatan le aʋa me la, egblɔ na David be: ‘Lɔ̃ vinyewo.’ David va zu fia. Ƒe aɖewo megbe la, eɖo ŋku Yonatan ƒe nyawo dzi, eye Mefiboset gakpɔtɔ nɔ agbe ɣemaɣi. Esi wònɔ ɖevime la, edze afɔku si wɔe be wòzu atatututɔ. Èkpɔ nu si tae wòanya se le eɖokui me be yemele ɖeke me oa?—
David di be yeanyo dɔme na Yonatan ƒe via. Eya ta David na Mefiboset ʋu va tsi afi si te ɖe eƒe aƒe ŋu le Yerusalem, eye wòwɔ ɖoɖo be wòanɔ yeƒe kplɔ ŋu anɔ nu dum kpli ye. David na ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Ziba kple viaŋutsuwo kpakple eƒe dɔlawo zu Mefiboset ƒe dɔlawo. David de bubu Yonatan ƒe via ŋu vavã! Ènya nu si dzɔ emegbea?—
David nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom le eƒe aƒe me. Absalom, si nye David viwo dometɔ ɖeka, dze aglã ɖe fofoa ŋu, eye wòdi be yeazu fia. David ƒe agbe ɖo afɔku me, eya ta esi. Ame geɖe dze David yome, eye Mefiboset hã di be yeayi kplii. David xɔlɔ̃ siawo nyae be eyae nye ame si dze aɖu fia. Gake Mefiboset mete ŋu yi kplii o, elabena enye atatututɔ.
Azɔ Ziba va gblɔ na David be Mefiboset di be yeazu fia ɖe eteƒe, eya tae wòtsi anyi ɖo. David xɔ aʋatsonya ma dzi se! Eya ta etsɔ Mefiboset ƒe kesinɔnuwo katã na Ziba. Esia megbe kpuie la, David ɖu Absalom dzi le aʋa me, eye wòtrɔ gbɔ va Yerusalem. David va se Mefiboset hã ƒe numenyawo azɔ. David tso nya me be Mefiboset kple Ziba nama kesinɔnuawo. Nu kae nèsusu be Mefiboset wɔ?—
Mefa konyi be David ƒe nyametsotsoa mele eteƒe o. Mefiboset nyae be fia la hiã na tomefafa bene wòate ŋu awɔ eƒe dɔa nyuie. Eya ta egblɔ be Ziba netsɔ kesinɔnuawo katã. Nu si koŋ nɔ vevie na Mefiboset ye nye be Yehowa ƒe dɔla David trɔ gbɔ va Yerusalem abe fia ene.
Mefiboset kpe fu ŋutɔ. Ese le eɖokui me zi geɖe be womebu ye ɖe naneke me o. Ke hã, Yehowa lɔ̃e, eye wòlé be nɛ. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?— Ne míewɔ nu si le eteƒe gɔ̃ hã la, ame aɖewo ate ŋu ada alakpa ɖe mía si. Yesu gblɔ bena: “Ne xexea léa fu mi la, mienyae be elé fum gbã hafi lé fu mi.” Amewo wu Yesu gɔ̃ hã! Míate ŋu aka ɖe edzi be ne míewɔ nu nyui la, Yehowa, Mawu vavã la, alɔ̃ mí eye Via, Yesu, hã alɔ̃ mí.
Xlẽe le wò biblia me
2 Samuel 4:4; 9:1-10; 19:24-30
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.