“Ðe Amegbetɔwo Atsrɔ̃ Anyigbaa?”
● Ne èle yamenuto me ʋĩi kpɔ anyigba ɖo ɖa la, edzena abe kpe xɔasi dzeani aɖe si ƒe akpa aɖewo le blɔ eye eƒe akpa aɖewo hã le ɣie ene. Gake ne èlé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie la, àkpɔe be míaƒe aƒea mele dedie o. Nu ka tae? Ŋuɖoɖoa le kpuie: Amegbetɔwo mele be lém na woƒe aƒea o. Gawu la, menye ɖeko wole anyigbaa gblẽm to avewo tsɔtsrɔ̃, anyigbadzinuwo dome gbegblẽ, kple ɖiƒoƒoe dzi ko o, ke woto woƒe agbenɔnɔ kple mawumavɔ̃mavɔ̃ dzi hã le egblẽm to ŋusẽnuwɔwɔ, ʋukɔkɔɖi, kple gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ dzi.
Wogblɔ nɔnɔme wɔnublanui sia ŋu nya ɖi ƒe akpe eve aɖewoe nye esi va yi le nyagblɔɖi wɔnukuwo me le Biblia me. (2 Timoteo 3:1-5; Nyaɖeɖefia 11:18) Azɔ hã, Biblia gblɔe ɖi be Mawue aɖɔ nɔnɔmea ɖo bliboe, ke menye amegbetɔ aɖekee o. Woadzro nyati vevi siawo me le dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Ðe Amegbetɔwo Atsrɔ̃ Anyigbaa?” la me. Woana nuƒo sia le Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe si ƒe tanyae nye “Mawu Fiaɖuƒea Neva!” la me. Woadze egɔme le May me le United States ahayi edzi le xexea me godoo.
Míele kpewòm vividoɖeameŋutɔe be nàde takpekpe si woawɔ le afi si te ɖe ŋuwò. Ne èdi be yeanya nu bubuwo ku ɖe takpekpea ŋu la, àte ŋu abia Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me faa alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo. Teƒe siwo woawɔ takpekpea le le Canada kple United States la ŋuti nyatakakawo le Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye www.jw.org.