INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 6/15 axa 18-19
  • ‘Tsɔ Agbalẽ Xatsaxatsaawo, Vevietɔ Lãgbalẽawo, Vae’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Tsɔ Agbalẽ Xatsaxatsaawo, Vevietɔ Lãgbalẽawo, Vae’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Kristotɔ Gbãtɔwo Zã Agbalẽ Xatsaxatsawo
  • Nu Kae Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Paulo Ƒe Kpɔɖeŋua Me?
  • Nukae Nye Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo Ŋuti Nyateƒenya?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo—Nukata Wòle Be Nàtsɔ Ðe Le Wo Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Ðo Ðe Tesalonikatɔwo Kpakple Timoteo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ʋɔnudrɔ̃gbe La—Nukae Wònye?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 6/15 axa 18-19

‘Tsɔ Agbalẽ Xatsaxatsaawo, Vevietɔ Lãgbalẽawo, Vae’

NYA siawoe apostolo Paulo gblɔ tsɔ bia ehati dutanyanyuigblɔla Timoteo be wòatsɔ nuŋlɔɖi aɖewo ɖe asi avae na ye. Agbalẽ xatsaxatsa kple lãgbalẽ ka ƒomeviwo ŋue Paulo nɔ nu ƒom tso? Nu kae na wòbia nu siawo? Eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe afɔɖeɖe sia me?

Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe domedome lɔƒo, esime Paulo ŋlɔ nya siawo la, woma Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ 39-awo ɖe agbalẽ 22 alo 24 me, eye anɔ eme be wo dometɔ akpa gãtɔ nye agbalẽ xatsaxatsa vovovowo. Nufialagã Alan Millard de dzesii be, togbɔ be agbalẽ xatsaxatsa siawo xɔ asi ŋutɔ hã la, “mesesẽ. . . na ame siwo nye gatɔwo la be woaƒle wo o.” Ðeka ya teti nɔ wo dometɔ aɖewo si. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽ xatsaxatsa aɖe nɔ Etiopiatɔ aƒedzikpɔla la ƒe tasiaɖam me eye ‘wònɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm wònɔ ɖiɖim.’ ‘Aƒedzikpɔla ma nɔ Etiopia fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽ te eye wònye eƒe nu xɔasiwo katã dzi kpɔla.’ Ga geɖe anya nɔ esi wòate ŋu aƒle Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖe ya teti.—Dɔw. 8:27, 28.

Esime Paulo di be Timoteo netsɔ agbalẽ siawo vae na ye la, eŋlɔ nɛ bena: “Ne ègbɔna la, tsɔ awu ʋlaya si megblẽ ɖe Troa ɖe Karpo gbɔ, kpakple agbalẽ xatsaxatsaawo, vevietɔ lãgbalẽawo, ɖe asi vae.” (2 Tim. 4:13) Esia ɖee fia be agbalẽ geɖe nɔ Paulo si. Ke hã Mawu ƒe Nya lae nye agbalẽ si nɔ vevie nɛ wu le esiwo katã nɔ eƒe agbalẽdzraɖoƒe la dome! Biblia ŋuti nunyala Aƒetɔ A. T. Robertson gblɔ ku ɖe “lãgbalẽawo,” siwo woyɔ le kpukpui sia me, ŋu be: “Lãgbalẽ siawo anya nye Nubabla Xoxoa me agbalẽwo koŋ, eye lãgbalẽwo xɔa asi wu aƒlagbalẽwo ɣemaɣi.” Tso Paulo ƒe ɖevime kee “Gamaliel,” si fiaa Mose ƒe Seawo, ame si ŋu amewo katã dea bubui la, ‘fia nui.’ Eya ta eme kɔ ŋutɔ be Mawu ƒe Nyaa ƒe agbalẽ xatsaxatsawo nɔ Paulo ŋutɔ si.—Dɔw. 5:34; 22:3.

Ale Si Kristotɔ Gbãtɔwo Zã Agbalẽ Xatsaxatsawo

Togbɔ be enɔ alea hã la, menye ame sia ame sie Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo nɔ o. Ke alekee Kristotɔ siwo nɔ anyi le ŋkeke mawo me la wɔ te ŋu se Mawu ƒe Nya la alo xlẽe? Paulo ƒe lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ na Timoteo la kpe ɖe mía ŋu míese nya sia gɔme. Eŋlɔ bena: ‘Yi edzi nàdo vevie dutoƒonuxexlẽ va se ɖe esime mava.’ (1 Tim. 4:13) Dutoƒonuxexlẽ hã nye nu siwo yia edzi le Kristo hamea ƒe kpekpewo me ƒe akpa aɖe, eye enye nu si Mawu ƒe amewo wɔna le woƒe kɔnu nu tso keke Mose ƒe ɣeyiɣia me ke.—Dɔw. 13:15; 15:21; 2 Kor. 3:15.

Abe hamemetsitsi ene la, enɔ na Timoteo be ‘wòado vevie’ dutoƒonuxexlẽ, ale be wòaɖe vi na ame siwo si Ŋɔŋlɔawo ƒe ɖeke menɔ o la. Ðikeke aɖeke mele eme o be, ne wole Mawu ƒe Nya la xlẽm le dutoƒo la, amewo katã ɖoa to nyuie ale be nya aɖeke nagato yewo ŋu ayi o, eye dzilawo kple ɖeviwo siaa anya dzroa nu siwo wose le kpekpeawo me la me le woƒe aƒewo me.

Yesaya ƒe Ƒu Kukua ƒe Agbalẽ Xatsaxatsa xɔŋkɔ la ƒe didime ade meta 7.3 kloe. Esi wònye be ati lɛɛ aɖe nɔa agbalẽ xatsaxatsa ƒe nu eveawo, eye zi geɖe la, wodoa akpa nɛ be woatsɔ akpɔ eta ta la, anɔ kpekpem godoo. Anya nɔ eme be Kristotɔ akpa gãtɔ metea ŋu tsɔa agbalẽ xatsaxatsa geɖewo ɖe asi ne wole gbeƒã ɖem o. Ne Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ xatsaxatsa aɖewo nɔ Paulo ŋutɔ si wòzãna gɔ̃ hã la, anɔ eme be mate ŋu atsɔ wo katã ɖe asi le eƒe mɔzɔzɔa me o. Eme kɔ ƒãa be egblẽ ɖewo ɖe exɔlɔ̃ Karpo si nɔ Troa la gbɔ.

Nu Kae Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Paulo Ƒe Kpɔɖeŋua Me?

Esime Paulo bia Timoteo be wòatsɔ agbalẽawo avae na ye, si nye ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe gaxɔmenɔnɔ zi evelia le Roma la, eŋlɔ bena: “Ʋiʋli nyui lae meʋli, mewu duɖimekeke la nu . . . Tso fifia dzi heyina la, wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam.” (2 Tim. 4:7, 8) Anye ƒe 65 M.Ŋ. me lɔƒo, esime Nero nɔ Kristotɔwo yome tim, ye Paulo ŋlɔ nya siawo. Le ɣeyiɣi sia me la, eto fukpekpe geɖe wu me le gaxɔa me. Le nyateƒe me la, ekpɔe dze sii be madidi o woawu ye. (2 Tim. 1:16; 4:6) Eme kɔ ƒãa be, Paulo ɖe eƒe dzimedidiwo gblɔ be woatsɔ yeƒe agbalẽ xatsaxatsawo avae na ye. Togbɔ be eka ɖe edzi be, yeʋli ʋiʋli nyui la eye yewu duɖimekeke la nu hã la, enɔ edzrom vevie be yeayi edzi anɔ ŋusẽ dom ye ɖokui to Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ me.

Anɔ eme be Timoteo gakpɔtɔ nɔ Efeso, esime wòxɔ Paulo ƒe gbedeasia. (1 Tim. 1:3) Mɔzɔzɔ tso Efeso ato Troa ayi Roma ƒe didime anɔ abe kilometa 1,600 ene. Le lɛta ma ke me la, Paulo de dzi ƒo na Timoteo be: “Dze agbagba ɖe sia ɖe nàva ɖo hafi vuvɔŋɔli naɖo.” (2 Tim. 4:21) Biblia megblɔe ne Timoteo kpɔ tɔdziʋu aɖe ɖo yi Roma le ɣeyiɣi si Paulo di la dzi o.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe nuwɔnaa me esi wòbia be Timoteo natsɔ “agbalẽ xatsaxatsaawo, vevietɔ lãgbalẽawo” avae na ye? Paulo yi edzi na Mawu ƒe Nya la dzroe vevie le ɣeyiɣi sia si nye sesẽtɔ kekeake si me wòto le agbe me la me. Ðe mèkpɔe be esiae nye nu si kpe ɖe eŋu ɣeawokatãɣi wòte ŋu nɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu hewɔ dɔ geɖe eye wònye dzideƒotsoƒe na ame geɖe oa?

Yayra ka gbegbee nye esi wòanye ne Biblia bliboa le míawo ŋutɔwo si egbea! Biblia geɖewo le mía dometɔ aɖewo si, eye eƒe gɔmeɖeɖe vovovowo kura gɔ̃ hã le wo si. Abe Paulo ene la, ehiã be míana didi vevie nanɔ mía me be míase Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie. Lɛta evelia si Paulo ŋlɔ na Timoteo lae nye lɛta 14 siwo tso gbɔgbɔ me, siwo mɔnukpɔkpɔ su esi wòŋlɔ la ƒe mamlɛtɔ. Eya ŋutɔ ƒe biabiaa dze le lɛta sia ƒe nuwuwu lɔƒo. Le nyateƒe me la, Paulo ƒe kokoƒoƒo na Timoteo be ‘wòatsɔ agbalẽ xatsaxatsaawo, vevietɔ lãgbalẽawo,’ avae na ye lae nye eƒe didi mamlɛtɔ si wòŋlɔ ɖi.

Ðe nèdi vevie be yeaʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la va se ɖe nuwuwu abe ale si Paulo wɔe enea? Ðe nèdi be yeayi edzi ana be dzo nanɔ ye me ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu eye yeanɔ dzadzraɖoɖi hena gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ɣeyiɣi didi si Aƒetɔ la adi be míayi ewɔwɔ dzia? Ke ɖe manyo be nàwɔ nu si Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woawɔ oa? “Lé ŋku ɖe ɖokuiwò kple wò nufiafia ŋu ɣeawokatãɣi” to Biblia, si va bɔ ɖe ame geɖe si egbea, eye wòle nɔnɔme aɖe si nyo wu agbalẽ xatsaxatsawo me, la sɔsrɔ̃ ɖaa veviedodotɔe me.—1 Tim. 4:16.

[Map/​Pictures on pages 18, 19]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Efeso

Troa

Roma

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe