Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me
Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒea?
Nyati sia adzro nyabiase siwo nànya bia kpɔ la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.
1. Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒea?
Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si woɖo anyi le dziƒo. Ava xɔ ɖe dziɖuɖu bubuwo katã teƒe, eye wòana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le dziƒo kple anyigba dzi. Míehiã na dziɖuɖu nyui, eya ta Mawu Fiaɖuƒeae akpɔ hiahiã ma gbɔ.—Xlẽ Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10.
Ele be fia nanɔ fiaɖuƒe ɖe sia ɖe nu. Yehowa tia Via, Yesu, be wòanye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia.—Xlẽ Luka 1:30-33.
2. Nu ka tae Yesu nye Dziɖula si dze?
Mawu ƒe Viae nye Fia si dze, elabena eƒe dɔme nyo, ewɔa nu dzɔdzɔe ɣesiaɣi, eye ŋusẽ le esi be wòakpe ɖe amewo ŋu. (Mateo 11:28-30) Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe la, eyi dziƒo ɖanɔ lalam le Yehowa ƒe nuɖusime. (Hebritɔwo 10:12, 13) Mlɔeba la, Mawu na ŋusẽe be wòadze dziɖuɖu gɔme tso dziƒo.—Xlẽ Daniel 7:13, 14.
3. Ame kawo hãe aɖu fia kple Yesu?
Mawu tia amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe, si woyɔ be “ame kɔkɔewo,” be woaɖu fia kple Yesu le dziƒo. (Daniel 7:27) Yesu ƒe apostolo wɔnuteƒeawoe nye ame kɔkɔe siawo ƒe gbãtɔ. Yehowa yi edzi le ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔlawo tiam be woakpe ɖe ame kɔkɔeawo ŋu va de asi na egbea. Ne wofɔ wo ɖe tsitre la, wonaa gbɔgbɔŋutilã wo, abe ale si wònɔ le Yesu gome ene.—Xlẽ Yohanes 14:1-3; 1 Korintotɔwo 15:42-45.
Ame nenie ayi dziƒo? Yesu yɔ ƒuƒoƒo si ayi dziƒo la be “alẽha sue.” (Luka 12:32) Mlɔeba woƒe xexlẽme bliboa anye ame 144,000, eye woaɖu fia kple Yesu ɖe anyigba dzi.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1.
4. Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme?
Yesu zu Fia le ƒe 1914 me.a Ema megbe kpuie la, etsɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒu gbe ɖe anyigba. (Nyaɖeɖefia 12:7-10, 12) Tso ekema dzi la, ameƒomea ƒe kuxiwo do gã ɖe edzi ale gbegbe. Aʋawɔwɔwo, anyigbaʋuʋuwo, dɔwuame, dɔvɔ̃wo, kple sedzimawɔmawɔ nye nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi ƒe dzesi la ƒe akpa aɖewo. (2 Timoteo 3:1-5) Ele be ame siwo katã di be yewoakpɔ yayra siwo Mawu Fiaɖuƒea ahe vae teƒe la nasrɔ̃ ale si woawɔ anye Fia, Yesu yome dzelawo.—Xlẽ Luka 21:7, 10, 11, 31, 34, 35.
5. Nu kawoe Mawu Fiaɖuƒea awɔ?
Fifia gɔ̃ hã la, woto Mawu Fiaɖuƒea dzi le gbeƒã ɖem na amewo le xexea me godoo hele kpekpem ɖe ame miliɔn geɖe ŋu le dukɔwo katã me be woasrɔ̃ nu si Mawu di tso wo si. (Mateo 24:14) Fiaɖuƒea akpɔ “ameha gã” aɖe siwo nye Yesu tevi wɔnuteƒewo ta ne wova le fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia tsrɔ̃ ge ɖa.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 13-17.
Vivivi la, Fiaɖuƒea atrɔ anyigba wòazu paradiso. Esia adzɔ le ƒe 1,000 me. Mlɔeba Yesu agbugbɔ Fiaɖuƒea ade asi na Fofoa. (1 Korintotɔwo 15:24-26) Èdze si ame aɖe si nàdi be yeagblɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋu nya na?—Xlẽ Psalmo 37:10, 11, 29.
Kpɔ agbalẽ sia, Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 8 kple 9 lia, be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe ƒe 1914 ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe axa 215-218. Yehowa Ðasefowoe tae.