INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 7/1 axa 24-28
  • Ame Kae Wɔ Se Siwo Kplɔa Míaƒe Xexe Gbahoo La?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Wɔ Se Siwo Kplɔa Míaƒe Xexe Gbahoo La?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Blematɔ Aɖewo Susu Tso Xexe Gbahooa Ŋu
  • 1. Ðe Xexe Gbahooa Le Kekema, Alo Nu Sia Nu Le Teƒe Ðeka?
  • 2. Nu Kae Lé Dziƒonuwo Ðe Te?
  • 3. Ðe Wonɔa Anyi Ðaa, Alo Wogblẽna?
  • Ame Kae Ŋutikɔkɔe Kple Bubua Ayi Na?
  • Aristotle
    Nyɔ!—2016
  • Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Biblia—Ðe Wotsi Tre Ðe Wo Nɔewo Ŋu Vavãa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ðe Biblia Me Nyawo Do Xoxoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
  • Ðe Agbalẽ Sia Wɔ Ðeka Kple Dzɔdzɔmeŋutinunyaa?
    Agbalẽ si Nyo na Amesiame
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 7/1 axa 24-28

Ame Kae Wɔ Se Siwo Kplɔa Míaƒe Xexe Gbahoo La?

“ÈNYA dziƒo ƒe sewoa?” (Hiob 38:33) Mawu to nya ma si wòbia esubɔla Hiob, si ɖo xaxa me la dzi nɔ kpekpem ɖe eŋu be wòakpɔe be nu si amegbetɔwo nya mede afi aɖeke kura o ne wotsɔe sɔ kple Wɔla la ƒe nunya si seɖoƒe meli na o. Nu kae nàgblɔ tso amegbetɔ ƒe nunya kple Mawu ƒe nunya ŋu?

Amegbetɔwo srɔ̃ nu geɖe tso se siwo nu dziƒonuwo zɔna ɖo la ŋu, gake dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe alɔ̃ ɖe edzi enumake be nu geɖe li yewomenya haɖe o. Enuenu la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kena ɖe nu yeyewo ŋu siwo nana wogawɔa asitɔtrɔwo le ale si wosusu be xexe gbahooa nɔ hafi la ŋu. Ðe nu yeye siwo ŋu woke ɖo la wɔe be kpekpeme megava le nya si Mawu bia Hiob la ŋu oa? Alo ɖe woɖo kpe edzi boŋ be Yehowa ye wɔ se siwo nu dziƒonuwo zɔna ɖoa?

Nya wɔdɔɖeamedzi geɖe le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia mawo ŋu. Biblia menye dzɔdzɔmeŋutinunyagbalẽ ya o. Gake ne eƒo nu tso dziƒo gbahooa ŋu la, eƒe nyawo nɔa eteƒe tututu, eye ƒe akpe geɖe megbe hafi amewo va kpɔa eŋuti kpeɖodziwo.

Nu Si Blematɔ Aɖewo Susu Tso Xexe Gbahooa Ŋu

Be míakpɔ nu si amewo susu tso nya sia ŋu le blema la, na míatrɔ ɖe ƒe alafa enelia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me nya aɖe ŋu. Anɔ abe ƒe alafa ɖeka ene le Nubabla Xoxoa, si nye Biblia ƒe akpa si woŋlɔ ɖe Hebrigbe me, ŋɔŋlɔ vɔ megbee wòdzɔ. Ɣemaɣi la, Hela xexemenunyala Aristotle nɔ nu fiam eŋɔli me agbalẽnyalagãwo tso xexe gbahooa ŋu. Egbea gɔ̃ hã la, amewo bunɛ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔ siwo nɔ anyi kpɔ la dome. (Kpɔ aɖaka si le axa 25.) Le Encyclopædia Britannica ƒe nya nu la, “Le dzɔdzɔmeŋutinunyala adodoeawo dome la, Aristotle ye nye gbãtɔ le ŋutinya me. . . . Ele be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo katã nada akpe nɛ ɖe dɔ siwo wòwɔ ta.”

Aristotle tsɔ fɔléleɖenuŋu wɔ ale si anyigba kple dziƒonuwo zɔnae ƒe nɔnɔmetata aɖe. Le eƒe nukpɔkpɔ nu la, xexe gbahooa le abe aba titri siwo wu 50, siwo me kɔ tseŋtseŋ abe ahuhɔ̃e ene, siwo woɖo ɖe wo nɔewo dzi hexatsa ɖe anyigba ŋu ene, si fia be anyigba le wo titina. Ɣletiviwo le nu siwo le abe aba ene la ƒe mlɔetɔ dzi, eye ɣletinyigbawo le esiwo te ɖe anyigba ŋu la dzi. Anyigba ya ate ŋu agblẽ, ke dziƒonuwo katã li tegbee, womate ŋu agblẽ o. Nukpɔsusu mawo adze abe nyakpakpawo ene egbea, gake dzɔdzɔmeŋutinunyalawo lé wo me ɖe asi ƒe 2,000 aɖewo va yi.

Ke aleke Aristotle ƒe nufiafiawo le ne wotsɔ wo sɔ kple Biblia tɔ? Kae va nye nyateƒea? Na míadzro se siwo kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe xexe gbahooa dzi me kpɔ. Ŋuɖoɖoawo ado ŋusẽ ale si míexɔ Biblia Ŋlɔla, Ame si ɖo ‘dziƒo ƒe sewo’ anyi la dzi see.—Hiob 38:33.

1. Ðe Xexe Gbahooa Le Kekema, Alo Nu Sia Nu Le Teƒe Ðeka?

Aristotle susui be nu siwo ƒo xlã anyigba la mate ŋu akeke alo amia o. Esiwo lé ɣletiviwo kple ɣletinyigbawo siaa ɖe te la mate ŋu akeke alo amia o.

Ðe Biblia gblɔ nya ma tɔgbia? Ao; megblɔ nya aɖeke tso nya sia ŋu kã ya o. Ke hã, de dzesi Biblia me kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ wɔdɔɖeamedzi sia: “Ame si le xexea me godoo ta me, eye eme nɔlawo le dzedzem abe ʋetsuviwo ene; eya, ame si he dziƒo me abe avɔ beli ene, eye wòkekee abe agbadɔ ene, be yeanɔ eme.”—Yesaya 40:22.a

Ka dzie wova ɖo kpee be enye nyateƒe egbea—ale si Aristotle ɖɔe ye loo alo ale si Biblia ɖɔe ye? Nu kae nye egbegbe ɣletiviŋutinunyalawo ƒe susu le nya sia ŋu? Le ƒe alafa 20 lia me la, ewɔ nuku na wo esi wova nyae be xexe gbahooa le kekem ɖe edzi. Le nyateƒe me la, wode dzesii be ɣletivihatsotsowo le tetem ɖa tso wo nɔewo gbɔ kabakaba. Edze abe dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖeke mete ŋu susui do ŋgɔ be xexea le kekem ɖe edzi o ene. Egbea, ɣletiviŋutinunyala akpa gãtɔ xɔe se be xexea nɔ sue wu kura le gɔmedzedzea me, ke eva nɔ kekem ɖe edzi. Eya ta dzɔdzɔmeŋutinunya ɖo kpe edzi be Aristotle ƒe nukpɔsusua mele eteƒe o.

Ke nya siwo Biblia gblɔ ya ɖe? Masesẽ be míakpɔe le susu me be nyagblɔɖila Yesaya akpɔ ale si ɣletiviwo dze anii le dziƒo, eye wòakpɔ ale si kpɔɖeŋu si ku ɖe agbadɔ si wokeke la sɔ ŋutɔe o.b Ðewohĩ akpɔ ɖekawɔwɔ si le ɣletivihatsotso si nye Milky Way kple “avɔ beli” dome la adze sii gɔ̃ hã.

Gawu la, Yesaya ƒe nyawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si nuwo le le susu me. Míate ŋu akpɔ Biblia ŋɔli me ƒe avɔgbadɔ le susu me; ɖewohĩ míaƒe susu ayi agbadɔvɔ si woŋe la dzi, azɔ wokekee bene woasae ɖe ati siwo wotu anyi la ŋu be wòazu mlɔƒe. Nenema kee míate ŋu akpɔ asitsala si tsɔ avɔ beli si woƒo keŋ la hele ekem be asisi aɖe nalé ŋku ɖe eŋu la le susu me. Le go evea siaa me la, nu si woŋlɔ́ wòle sue hafi la me ke azɔ, eye wòadze nu si lolo wu.

Menye ɖe míele gbɔgblɔm be gɔmesese si le Biblia ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe agbadɔ kple avɔ beli ŋu lae nye be xexe gbahooa le kekem ɖe edzi o. Gake ɖe mewɔ nuku be ale si Biblia ɖɔ xexeae la wɔ ɖeka kple egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya alea gbegbe oa? Yesaya nɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ kple edzivɔ do ŋgɔ na Aristotle henye ƒe akpe nanewo hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va kpɔ nya siawo ŋuti kpeɖodzi. Ke hã, mehiã be woagbugbɔ asi atrɔ le Hebri nyagblɔɖila tsɛ sia ƒe nuŋlɔɖiwo ŋu abe ale si wòle le Aristotle ƒe nɔnɔmetata si ŋu wòde ŋugble le ʋuu hafi wɔ la gome ene o.

2. Nu Kae Lé Dziƒonuwo Ðe Te?

Aristotle xɔe se be xexe gbahooa yɔ fũu kple nanewo siwo me dziƒonuwo zɔna le. Ebui be nu ene, siwo nye anyigba, tsi, ya, kple dzo ye ƒo ƒu wɔ anyigba kple dziƒolili si ƒo xlãe. Dziƒonuto si gale esiawo godo la nye nanewo siwo me kɔ abe ahuhɔ̃e ene siwo ƒo xlã anyigba godoo va kpe, eye wòtsɔ ŋkɔ na nu si wotsɔ wɔ woe, si mate ŋu agblẽ o, la be ether. Woku dziƒonuwo ɖe nu makpɔmakpɔ siwo ƒo xlã anyigba la ŋu. Dzɔdzɔmeŋutinunyala akpa gãtɔ da asi ɖe Aristotle ƒe susua dzi ƒe geɖe, elabena ewɔ ɖeka kple nususukpɔ si nye be naneke mate ŋu anɔ eɖokui si le ya me o; ele be woakui ɖe nane ŋu, bene wòagage o.

Ke Biblia ya ɖe? Nya siwo nuteƒewɔla aɖe si ŋkɔe nye Hiob gblɔ la dze le eme. Egblɔ tso Yehowa ŋu be: “Meku anyigba ɖe naneke ŋu o.” (Hiob 26:7) Ðikeke mele eme o be Aristotle abui be susu mele nya sia me o.

Le ƒe alafa 17 lia Mía Ŋɔli me, si nye ƒe 3,000 aɖewo le Hiob ƒe ŋkekea megbe gɔ̃ hã la, dzɔdzɔmeŋutinunyala akpa gãtɔ xɔe se be menye nu nogoo aɖewo siwo ƒo xlã anyigba godoo ye lé dziƒonuwo ɖe te o, ke boŋ tsi ƒomevi aɖee. Gake le ƒe alafa ma ƒe nuwuwu lɔƒo la, Aƒetɔ Isaac Newton do susu bubu aɖe kura ɖa. Egblɔ be nuheŋusẽ aɖee lé dziƒonuwo ɖe te. Newton ƒe susua de sɔsɔ ge kple nyateƒenya si wònye be anyigba kple dziƒonuwo le wo ɖokui si le ya me, si ta amegbetɔ akpɔe be meku ɖe “naneke” ŋu o.

Amewo tsi tre ɖe Newton ƒe nukpɔsusu si ku ɖe nuheŋusẽ ŋu la ŋu vevie. Eganɔ sesẽm na dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe be woaxɔe ase be ɣletiviwo kple dziƒonu bubuwo meku ɖe naneke ŋu o. Aleke wòanya wɔe be míaƒe anyigba gã sia kple dziƒonu bubuawo nanɔ wo ɖokui si le ya me? Woxɔe se be esia manya wɔ le dzɔdzɔme nu o. Tso Aristotle ŋɔli ke la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be nane kokoko le xexe gbahooa me si me dziƒonuwo le zɔzɔm le.

Le nyateƒe me la, Hiob menya naneke tso ŋusẽ makpɔmakpɔ si gbɔ wòtso be anyigba te ŋu le xlã ƒom ɣea la ŋu o. Ke aleke wòdzɔe be wòte ŋu gblɔ bena womeku anyigba ɖe “naneke ŋu o”?

Azɔ hã, susu si nye be anyigba meku ɖe naneke ŋu o la fɔ biabia bubu ɖe te: Nu kae na anyigba kple dziƒonuwo le zɔzɔm ɖe ɖoɖo nu? Gbe ɖeka Mawu gblɔ nya wɔdɔɖeamedzi siawo na Hiob bena: “Ðe nàte ŋu asa Kima ɣletivihatsotso ƒe kawo sesĩea, alo ɖe nàte ŋu atu Kesil ɣletivihatsotso ƒe kawoa?” (Hiob 38:31, NW) Tso ŋkeke yi ŋkeke le Hiob ƒe agbenɔƒe geɖeawo me la, ekpɔa ale si ɣletivihatsotso siawo nɔa zɔ ɖemee le zã me.c Gake nu ka tae ɖoɖo si nu wozɔna ɖo la metrɔna le ƒe gbogbo aɖewo megbe gɔ̃ hã o? Nu ka gbɔe wòtso be ɣletiviwo kple dziƒonu bubuawo metraa mɔ o? Nya sia ŋu bubu anya wɔ dɔ ɖe Hiob dzi godoo.

Ne ɖe nu nogoo siwo ƒo xlã anyigba ye lé dziƒonuwo ɖe te la, anye ne kpɔɖeŋuka siwo ŋu woƒo nu tsoe le Hiob ƒe agbalẽa me mahiã o. Ƒe akpe geɖe megbe hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va srɔ̃ nu tso “ka” siwo lé dziƒonuwo ɖe te si wɔe be wole zɔzɔm ɖe ɖoɖo nu le yamenuto ƒe vivitia me la ŋu. Isaac Newton, kple emegbe Albert Einstein, va xɔ ŋkɔ ɖe ale si wote ŋu ke ɖe nya siawo ŋu ta. Hiob menya naneke tso dzɔdzɔmeŋusẽ siwo Mawu wɔ, siwo nana dziƒonuwo zɔna ɖe ɖoɖo nu le hatsotso me ŋu ya o. Ke hã, ƒe akpewo megbe la, wova ɖo kpe edzi be nya siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Hiob ƒe agbalẽa ŋlɔla wòŋlɔ la nye nyateƒe, ke mele alea kura le agbalẽnyala Aristotle ya ƒe susuwo gome o. Ðe esia meɖo kpe edzi be Senala la ŋutɔe ɖe nu siawo fia oa?

3. Ðe Wonɔa Anyi Ðaa, Alo Wogblẽna?

Aristotle xɔe se be vovototo gã aɖe le dziƒonuwo kple anyigba dome. Egblɔ be tɔtrɔwo ate ŋu ava anyigba ŋu, ate ŋu anyunyɔ, alo agblẽ, ke ether si le dziƒonutowo me ya mate ŋu atrɔ alo agblẽ o. Aristotle ƒe susue nye be nu nogoo siwo me kɔ abe ahuhɔ̃e ene kple dziƒonu siwo le zɔzɔm le wo me la mate nu agblẽ alo anyunyɔ o.

Nu kae nye Biblia ƒe nufiafia? Psalmo 102:26-28 gblɔ be: “Gbaɖegbe ke nèɖo anyigba gɔme anyi, eye wò asinudɔwɔwɔ enye dziƒowo. Woawo nu ayi, ke wò la ànɔ anyi; wo katã anyunyɔ abe avɔ ene, eye àɖɔ li wo woaɖɔ abe awu ene. Ke wò la nenema ko nèle, eye wò ƒewo nu metsona o.”

De dzesii be nya siwo hakpala sia ŋlɔ, ɖewohĩ ƒe alafa eve do ŋgɔ na Aristotle ŋɔli, la metsɔ anyigba sɔ kple dziƒonuwo abe ke ɖe wòle gbɔgblɔm be anyigba ate ŋu agblẽ, ke ɣletiviwo ya li tegbee ene o. Ke boŋ enɔ susu hem yi ale si Mawu, si nye Gbɔgbɔ triakɔ si kpɔ ŋusẽ ɖe xexemewɔwɔ dzi la, to vovo tso dziƒo kple anyigba gbɔe dzi.d Psalmo sia fia be ɣletiviwo ate ŋu anyunyɔ abe ale si ko wòle le anyigbadzinuwo gome ene. Eye nu kae egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya ɖe fia le nya sia ŋu?

Anyigbaŋutinunya ɖo kpe Biblia kple Aristotle siaa ƒe nya si nye be anyigba ate ŋu agblẽ la dzi. Le nyateƒe me la, anyigba ƒe agakpewo le nyinyim, eye bubuwo le xɔxɔm ɖe wo teƒe to towo ƒe wówo kple tɔtrɔ bubuwo dzi.

Ke ɣletiviwo ya ɖe? Ðe woate ŋu anyunyɔ, abe ale si Biblia ɖee fia enea, alo wonɔa anyi ɖaa abe ale si Aristotle susui ene? Europa ɣletiviŋutinunyalawo ke ɖi Aristotle ƒe nukpɔsusu si nye be ɣletiviwo nɔa anyi ɖaa la zi gbãtɔ le ƒe alafa 16 lia Mía Ŋɔli me esi wokpɔ ɣletivi ƒe wówo si nya kpɔna ŋutɔ la teƒe. Tso ekema dzi la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo de dzesii be ɣletiviwo tea ŋu tsrɔ̃na zi ɖeka ne wowó alea, alo wobina vivivi alo gbãna gɔ̃ hã. Ke hã, ɣletiviŋutinunyalawo gade dzesii be ɣletivi yeyewo dzɔna le ‘ɣletividzɔƒewo,’ eye ɣletivi xoxo siwo wó la tua yeyeawo ɖo. Eya ta Biblia ŋlɔla ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe avɔ si nyunyɔna, eye woɖɔa lii ŋu la sɔ ŋutɔ.e Aleke gbegbe wòwɔ nukui ye nye esi be hakpala sia si nɔ anyi le blema ke la te ŋu ŋlɔ nya siwo wɔ ɖeka kple egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya!

Ke hã, ɖewohĩ àbia be: ‘Ðe Biblia gblɔ be anyigba alo dziƒonuto bliboa nu ayi gbe ɖeka alo be ahiã be woaɖɔ liia?’ Ao, Biblia do ŋugbe be woanɔ anyi tegbee. (Psalmo 104:5; 119:90) Ke hã, menye esi nuwɔwɔ siawo mate ŋu agblẽ akpɔ o tae wòle alea ɖo o; ke boŋ Mawu si wɔ wo lae do ŋugbe be yealé wo ɖe te. (Psalmo 148:4-6) Megblɔ ale si wòawɔe ya o, gake ɖe susu mele eme be míaƒo nya ta be ŋusẽ le Ame si wɔ xexea si be wòalée ɖe te oa? Ðeko wòsɔ kple ale si xɔtula bibi atsɔ beléle tɔxɛ anɔ asi trɔm le aƒe si wòtso be ye kple yeƒe ƒomea yewoanɔ eme la ŋu ene.

Ame Kae Ŋutikɔkɔe Kple Bubua Ayi Na?

Ŋugbledede le dziƒo ƒe sewo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu ana míakpɔ biabia sia ƒe ŋuɖoɖo si me kɔ. Ne míebu ame si wɔ ɣletivi gbogbo manyaxlẽawo ɖe dziƒo, eye wòto nuheŋusẽ dzi lé wo ɖe te, eye wòtoa ale si nuwo ɖɔa li wo nɔewo dzi nana wonɔa anyi ɖaa ŋu la, ɖe esia mewɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ oa?

Ðewohĩ Yesaya 40:26 aɖe nu si ta wòawɔ dɔ ɖe mía dzi la me nyuie wu. Afi ma gblɔ be: “Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ame ka wɔ nu siawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ.” Wotsɔ ɣletiviwo sɔ kple aʋakɔ, le esi aʋawɔla gbogbo aɖewo tea ŋu nɔa aʋalɔgo me ta. Ne aʋafia mele wo nu o la, ɖeko woanɔ abe amedzidzela siwo dome wode zitɔtɔe ene. Yehowa ƒe sewo manɔmee la, ɣletinyigbawo, ɣletiviwo kple ɣletivihatsotsowo mazɔ ɖe ɖoɖo nu o; nu sia nu atɔ agu. Azɔ kpɔe ɖa le susu me be Aʋafia aɖe le aʋakɔ si me aʋawɔla biliɔn geɖe le la nu, menye ɖeko wòdea se ɖe ɖoɖo si nu woazɔ ɖo ŋu o, ke enya aʋawɔla ɖe sia ɖe ŋkɔ, afi si wòle, kple dzi ƒe nɔnɔme si le esi hã!

Dziƒo ƒe sewo ɖe nunya deŋgɔ si gbegbe le Aʋafia sia si la ƒe akpa sue aɖe fia mí. Ðe ame bubu aɖe li si ate ŋu awɔ se siawo, eye wòaʋã amewo be woaŋlɔ nu tso wo ŋuti wòade pɛpɛpɛ ƒe alafawo alo ƒe akpewo gɔ̃ hã hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nava se wo gɔmea? Eya ta ɖikeke mele eme o be le xexea me godoo la, Yehowa koe dze na “ŋutikɔkɔe kple bubu” la.—Nyaɖeɖefia 4:11.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be godoo la agate ŋu afia nogoo, eye eɖe dzesi be Biblia tsɔ nya sia ɖɔ anyigbae. Aristotle kple blema Helatɔ bubuwo xɔe se be anyigbaa le nogoo, gake amewo ke ɖi nya sia ƒe akpe nanewo.

b Wozã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia zi geɖe le Biblia me.—Hiob 9:8; Psalmo 104:2; Yesaya 42:5; 44:24; 51:13; Zaxariya 12:1.

c Anɔ eme be “Kima ɣletivihatsotso” lae nye Pleiades ɣletivihatsotsoa. Ðewohĩ “Kesil ɣletivihatsotso” lae nye Orion ɣletivihatsotsoa. Ƒe akpe geɖe megbe hafi ɖoɖo si nu ɣletivihatsotsowo zɔna ɖo la trɔna.

d Esi wònye be Yehowa zã eƒe gbɔgbɔ me Tenuvi la abe eƒe “dɔnunɔla” ene le nuwo katã wɔwɔ me ta la, psalmo sia me nyawo ate ŋu aku ɖe Vi la hã ŋu.—Lododowo 8:30, 31; Kolosetɔwo 1:15-17; Hebritɔwo 1:10.

e Le ƒe alafa 19 lia me la, dzɔdzɔmeŋutinunyala William Thomson, si wogayɔna be Aƒetɔ Kelvin, de dzesi dzɔdzɔmese si na míese nu si gbɔ wòtsona be dzɔdzɔmenuwo nyunyɔna eye wo dome gblẽna la gɔme. Nu siwo kpe ɖe eŋu wòƒo nya ta alea dometɔ ɖekae nye be edzro Psalmo 102:26-28 me nyawo me nyuie.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 24, 25]

Eƒe Susuwo De Du Ŋutɔ

Agbalẽ si nye The 100—A Ranking of the Most Influential Persons in History gblɔ be: “Aristotle ye nye xexemenunyala kple dzɔdzɔmeŋutinunyala si de ŋgɔ wu le blemaxexea me.” Ele bɔbɔe be míase nu si tae wogblɔa nya mawo tɔgbi tso ŋutsu ɖedzesi sia ŋu gɔme. Aristotle (384-322 D.M.Ŋ.) nye xexemenunyala xɔŋkɔ Plato ƒe nusrɔ̃vi, eye emegbe efia nu fiavi si va zu Alexander Gãtɔ. Le blemanuŋlɔɖiwo nu la, nuŋlɔɖi gbogbo siwo Aristotle wɔ la ƒe xexlẽme le agbalẽ 170, eye wo dometɔ 47 li va de asi na egbea. Eŋlɔ nu geɖe tso ɣletiviŋutinunya, nugbagbeŋutinunya, anyigbaŋutinunya, susuŋutinunya, kple dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe akpa vovovowo ŋu. Edzro nu me tsitotsito hede dzesi nanewo le nu gbagbewo ŋu ƒe alafa geɖe megbe hafi amewo gava srɔ̃ nu tso wo ŋu. Agbalẽ si nye The 100 gblɔ be: “Aristotle ƒe susuwo kpɔ ŋusẽ ɖe Ɣetoɖoƒetɔwo dzi ale gbegbe.” Ke hã, egblɔ kpee be: “Le titinaɣeyiɣiwo me la, bubu si ame aɖewo de Aristotle ŋu la de sɔsɔ ge kple mawusubɔsubɔ.”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Royal Astronomical Society/​Photo Researchers, Inc.

Tso agbalẽ si nye A General History for Colleges and High Schools, 1900 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26, 27]

Nuheŋusẽ léa dziƒonuwo ɖe te

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

NASA and The Hubble Heritage Team (AURA/​STScl)

[Nɔnɔmetata si le axa 26, 27]

Pleiades ɣletivihatsotso

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ɣletivi aɖewo wóna

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

ESA/​Hubble

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ɣletivi yeyewo dzɔna le “ɣletividzɔƒewo”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

J. Hester and P. Scowen (AZ State Univ.), NASA

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 24]

© Peter Arnold, Inc./​Alamy

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe