Mawu Ƒe Dzudzɔ La—Nu Kae Wònye?
“Sabat ƒe dzudzɔ aɖe gakpɔtɔ li na Mawu ƒe amewo.”—HEB. 4:9.
1, 2. Ne míedzro 1 Mose 2:1-3 me la, nya ta kae míate ŋu aƒo ku ɖe ŋkeke adrelia ŋu, eye nyabiase kawoe fɔ ɖe te?
MOSE Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta gbã na míenya be ŋkeke ade siwo nye kpɔɖeŋu ŋkekewoe Mawu zã tsɔ dzra anyigbaa dzi ɖo be amewo nanɔ edzi. Nuwɔwɔ ƒe ŋkeke siawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋutinya wu enu kple nyagbɔgblɔ sia be: “Eye zã do, eye ŋu ke.” (1 Mose 1:5, 8, 13, 19, 23, 31) Gake ne míedzro 1 Mose 2:1-3 si ƒo nu tso ŋkeke adrelia ŋu me la, míakpɔ nya sia tɔgbi o.
2 Nya sia ƒe anyimanɔmanɔ ɖee fia be ŋkeke adrelia, si nye Mawu ƒe dzudzɔ “ŋkeke” la, kpɔtɔ nɔ edzi yim le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me esime Mose nɔ Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa ŋlɔm. Ðe Mawu ƒe dzudzɔ la kpɔtɔ le edzi yima? Ne nenemae la, ɖe míate ŋu ayi ɖe eme egbea? Nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖo le vevie na mí ŋutɔ.
Ðe Yehowa Ƒe “Dzudzɔ” La Kpɔtɔ Le Edzi Yima?
3. Aleke Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Yohanes 5:16, 17 ɖee fia be ŋkeke adrelia gakpɔtɔ nɔ edzi yim le ƒe alafa gbãtɔa me?
3 Kpeɖodzi eve aɖewo na míeƒo nya ta be le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, ŋkeke adrelia gakpɔtɔ nɔ edzi yim. Gbã la, mina míade ŋugble tso nya siwo Yesu gblɔ na tsitretsiɖeŋula siwo he nya ɖe eŋu be eda gbe le Sabat dzi, esi wosusu be esia nye dɔwɔwɔ ta, la ŋu. Aƒetɔ la gblɔ na wo be: “Fofonye le dɔ wɔm va se ɖe fifia, eye nye hã meyi edzi le dɔ wɔm.” (Yoh. 5:16, 17) Yesu ƒe nya siawo gɔme ɖe? Wonɔ Yesu nu tsom be enɔ dɔ wɔm le Sabat dzi. Eƒe nyaŋuɖoɖo si nye be, “Fofonye le dɔ wɔm” la ɖo nya si wotsɔ ɖe eŋu la ŋu. Ne míagblɔe tututua, Yesu nɔ gbɔgblɔm na enutsolawo be: ‘Dɔ ɖeka tɔgbi wɔmee mía kple Fofonye míele. Esi wònye be Fofonye gakpɔtɔ le dɔ wɔm le Sabat aɖe, si xɔ ƒe akpewo, dzi ta la, nye hã mate ŋu awɔ dɔ le Sabat la gɔ̃ hã dzi faa.’ Eya ta Yesu nɔ gbɔgblɔm be, le anyigbaa gome la, ŋkeke adrelia si nye Mawu ƒe Sabat dzudzɔgbe gã la mewu enu le eƒe anyigbadzinɔɣi o.a
4. Kpeɖodzi bubu kae Paulo na mí si ɖee fia be ŋkeke adrelia gakpɔtɔ nɔ edzi yim le eƒe ŋkekea me?
4 Míekpɔ kpeɖodzi evelia le nya siwo apostolo Paulo gblɔ me. Esime Paulo nɔ nya yɔm tso 1 Mose 2:2 ku ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la ŋu la, gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ bena: “Mí ame siwo ɖee fia be xɔse le mía si la, míeyina ɖe dzudzɔ la me.” (Heb. 4:3, 4, 6, 9) Eya ta ŋkeke adrelia ganɔ edzi yim le Paulo ƒe ŋkekea me. Ɣeyiɣi didi kae dzudzɔŋkeke sia ayi edzi ase ɖo?
5. Tameɖoɖo kae nɔ ŋkeke adrelia ŋu, eye ɣekaɣie tameɖoɖo ma ava eme bliboe?
5 Be míate ŋu aɖo nyabiase sia ŋu la, ele be míaɖo ŋku tameɖoɖo si nɔ ŋkeke adrelia ŋu la dzi. Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ 2:3 ɖe eme ale: “Eye Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòkɔ eŋuti.” Yehowa ‘kɔ ŋkeke ma ŋu,’ alo ɖee ɖe vovo—ale be wòana eƒe tameɖoɖo nava eme bliboe. Tameɖoɖo mae nye be ŋutsu kple nyɔnu toɖola siwo alé be na anyigba kple nu siwo katã le agbe le edzi la nayɔ anyigba la dzi. (1 Mose 1:28) Tameɖoɖo sia me vava tae Yehowa Mawu kple Yesu Kristo, si nye ‘sabat ƒe Aƒetɔ la,’ siaa “le dɔ wɔm va se ɖe fifia” ɖo. (Mat. 12:8) Mawu ƒe dzudzɔgbe la ayi edzi va se ɖe esime eƒe tameɖoɖo si ku ɖe eŋu nava eme bliboe le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu.
‘Mègage Ðe Tomaɖomaɖo Ƒe Nuwɔna Ma Tɔgbi Me O’
6. Kpɔɖeŋu kawoe nye nuxlɔ̃ame na mí, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso wo me?
6 Woɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo me na Aɖam kple Xawa eme kɔ nyuie, gake womete ŋu wɔ nu wòwɔ ɖeka kplii o. Le nyateƒe me la, Adam kple Xawa ye nye ame eve gbãtɔ siwo gbe toɖoɖo Mawu. Ame miliɔn geɖewo hã dze wo yome emegbe. Mawu ƒe dukɔ tiatia la gɔ̃ hã gbe toɖoɖo eyama. Eye eɖe dzesi be Paulo xlɔ̃ nu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be, tomaɖomaɖo ƒe mɔ̃ sia ate ŋu aɖe wo dometɔ aɖewo hã abe ale si wòɖe blema Israel viwo ene. Eŋlɔ bena: “Eya ta mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míage ɖe dzudzɔ ma me, bene ame aɖeke nagage ɖe tomaɖomaɖo ƒe nuwɔna ma tɔgbi me o.” (Heb. 4:11) De dzesii be Paulo tsɔ tomaɖomaɖo do ƒome kple Mawu ƒe dzudzɔ me mayimayi. Nu kae esia fia mí? Ne wòanye be míadze aglã ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu le mɔ aɖe nu la, ɖe wòate ŋu adzɔ be esia naxe mɔ na mí be míayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me oa? Edze ƒãa be nya sia ƒe ŋuɖoɖo le vevie na mí ale gbegbe, eya ta míadzro eme ayi ŋgɔe. Gake va ɖo afi sia la, mina míadzro kpɔɖeŋu gbegblẽ aɖe si Israel viwo ɖo la me ne míakpɔ nu bubu siwo míagate ŋu asrɔ̃ tso Mawu ƒe dzudzɔ la me yiyi ŋu.
“Womage Ðe Nye Dzudzɔ La Me O”
7. Nu kae nɔ susu me na Yehowa esime wòɖe Israel viwo tso kluvinyenye me le Egipte, eye nu kae wòbia tso wo si?
7 Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, Yehowa ɖe tame si wòɖo ɖe Israel viwo ŋu la fia esubɔla Mose. Mawu gblɔ nɛ be: “Meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo tso [Egipte] anyigba sia dzi ayi ɖe anyigba, si nyo, eye wòlolo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.” (2 Mose 3:8) Abe ale si Yehowa do ŋugbe na Abraham, si nye Israel viwo tɔgbui, ene la, Mawu ƒe tameɖoɖo si nye be yeaɖe Israel viwo “le Egiptetɔwo si me” la fia be awɔ wo woanye eƒe dukɔ tɔxɛ. (1 Mose 22:17) Mawu na sewo Israel viwo, siwo akpe ɖe wo ŋu be woanɔ ŋutifafa ƒe ƒomedodo me kplii ɖaa. (Yes. 48:17, 18) Egblɔ na Israel viwo be: “Ne miaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tɔnye koŋ le dukɔwo katã dome, elabena anyigba blibo la tɔnyee.” (2 Mose 19:5, 6) Eya ta ne Israel viwo ɖo to Mawu ƒe gbe ko hafi woayi edzi anɔ ƒomedodo sia si nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ la me kplii.
8. Ne ɖe Israel viwo ɖo to Mawu la, anye ne aleke agbea anɔ na wo?
8 Wò ya bu ale si agbea anɔ na Israel viwo ne woɖo to Mawu ƒe gbe dzaa ko ŋu kpɔ! Anye ne Yehowa ayra woƒe agblewo, woƒe waingblewo, woƒe alẽhawo, kple woƒe lãhawo. Anye ne akpɔ wo ta tso woƒe futɔwo si me hã. (Mixlẽ 1 Fiawo 10:23-27.) Anye ne esi Mesia la va la, woanye dukɔ nɔɖokuisi, si nuwo anɔ edzi dzem na, ke womanɔ Romatɔwo ƒe asi sesẽ la te anɔ veve sem o. Anye ne Israel anye fiaɖuƒe ƒe kpɔɖeŋu na dukɔ siwo ƒo xlã wo, si aɖee afia kɔtɛ be toɖoɖo Mawu vavã la koe hea gbɔgbɔ me kple ŋutilã me yayrawo vanɛ.
9, 10. (a) Nu ka tae Israel viwo ƒe didi be yewoatrɔ ayi Egipte la nye ŋkubiãnya? (b) Aleke Israel viwo ƒe tɔtrɔ yi Egipte akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe tadedeagu dzi?
9 Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi su Israel viwo si be woawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe tameɖoɖo, si ahe yayrawo avae na woawo ŋutɔwo, eye wòahe yayrawo avae na anyigba dzi ƒomewo katã mlɔeba! (1 Mose 22:18) Gake Israel vi akpa gãtɔ mebu mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woanye Mawu ƒe dukɔ tiatia eye woanye kpɔɖeŋu na dukɔ bubuwo la nu xɔasi o. Esi gavɔ̃ɖi wue nye be wogblɔ be yewoatrɔ ayi Egipte gɔ̃ hã! (Mixlẽ 4 Mose 14:2-4.) Ne wotrɔ yi Egipte la, aleke tame si Mawu ɖo be woanye fiaɖuƒe ƒe kpɔɖeŋu la awɔ ava eme? Mava eme o. Le nyateƒe me la, ne Israel viwo trɔ yi kluvinyenye me le trɔ̃subɔdukɔ ma me la, ablɔɖe masu wo si be woawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi eye ɖoɖo si Yehowa wɔ be woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo la naɖe vi na wo o. Aleke gbegbe womenɔ Mawu kple tame si wòɖo ɖe wo ŋu la ŋu bum o ye nye esi! Mewɔ nuku o be Yehowa gblɔ le aglãdzela mawo ŋu be: “Dzidzime sia ƒe nu nyɔ ŋu nam, eye megblɔ be: ‘Wotraa mɔ ɣesiaɣi le woƒe dzi me, eye womedze si nye mɔwo o.’ Eya ta meka atam le nye dziku me be, ‘Womage ɖe nye dzudzɔ la me o.’”—Heb. 3:10, 11; Ps. 95:10, 11.
10 Esi Israel dukɔa nɔ didim be yewoatrɔ ayi Egipte ta la, dukɔ dzeaglã ma ɖee fia be yewobu agumetaku, sabala, kple gbegãdzi siwo bɔ ɖe Egipte la be asixɔxɔ le wo ŋu wu gbɔgbɔmeyayra siwo kpɔm yewonɔ la. (4 Mose 11:5) Abe Esau ŋudzedzemakpɔɖenuŋula ene la, aglãdzela siawo nɔ klalo be yewoɖe asi le yewoƒe gbɔgbɔmedomenyinu xɔasi la ŋu le nuɖuɖu viviwo ta.—1 Mose 25:30-32; Heb. 12:16.
11. Aleke Israel vi siwo nɔ anyi le Mose ƒe ŋkekea me la ƒe nuteƒemawɔmawɔ kpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo dzi?
11 Togbɔ be Israel viwo ƒe dzidzime si ʋu tso Egipte meɖe xɔse fia o hã la, Yehowa ‘nɔ dɔ wɔm’ dzigbɔɖitɔe be yeƒe tameɖoɖo nava eme, eye wòtrɔ eƒe susu ɖe dzidzime si va ɖe wo yome la ŋu. Dzidzime yeye sia ɖo to wu wo fofowo. Le wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe sedede dzi me la, woyi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi hedze eƒe duwo xɔxɔ gɔme. Míexlẽ le Yosua 24:31 be: “Israel subɔ Yehowa, ŋkeke ale si Yosua nɔ agbe kple ŋkeke ale si ame tsitsi, siwo nɔ agbe le Yosua megbe eteƒe didi, eye wokpɔ nu siwo katã Yehowa wɔ na Israel teƒe la, le agbe.”
12. Aleke míewɔ nya be míate ŋu ayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me egbea?
12 Ke hã vivivi la, dzidzime wɔnuteƒe ma nu yi, eye dzidzime aɖe si “medze si Yehowa o, eye womenya naneke le nu siwo katã wòwɔ na Israel la ŋu o” va dzɔ ɖe wo yome. “Tete Israel viwo wɔ nu si medze Yehowa ŋu o, eye wosubɔ Baalwo.” (Ʋɔn. 2:10, 11) Womekpɔ ‘dzudzɔ’ vavãtɔ le Ŋugbedodonyigbaa dzi o. Le woƒe tomaɖomaɖo ta la, ŋutifafa menɔ woa kple Mawu dome ɖaa o. Esi Paulo nɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi mawo ŋu la, eŋlɔ bena: “Ne ɖe Yosua kplɔ wo yi dzudzɔteƒe aɖe la, anye ne Mawu magaƒo nu tso ŋkeke bubu aɖe ŋu emegbe o. Eya ta sabat ƒe dzudzɔ aɖe gakpɔtɔ li na Mawu ƒe amewo.” (Heb. 4:8, 9) ‘Mawu ƒe ame’ siwo ŋu Paulo nɔ nu ƒom tso lae nye Kristotɔwo. Ðe ema fia be Kristotɔwo ate ŋu ayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la mea? Ɛ̃, kakaɖedzi le eŋu be woayi ɖe eme—Kristotɔ siwo nye Yudatɔwo kple esiwo menye Yudatɔwo o siaa!
Ame Aɖewo Mete Ŋu Yi Ðe Mawu Ƒe Dzudzɔ La Me O
13, 14. Ðekawɔwɔ kae le Mose ƒe Sea dzi wɔwɔ kple Mawu ƒe dzudzɔ me yiyi dome (a) le Mose ƒe ŋkekea me? (b) le ƒe alafa gbãtɔ me?
13 Esime Paulo ŋlɔ agbalẽ na Hebri Kristotɔwo la, etsi dzimaɖi le esi wo dometɔ aɖewo menɔ nu wɔm le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe tameɖoɖo si le eme vam la o ta. (Mixlẽ Hebritɔwo 4:1.) Nu ka wɔm wonɔ? Wogakpɔtɔ nɔ wɔwɔm ɖe Mose ƒe Sea ƒe akpa aɖewo dzi kokoko. Ƒe 1,500 aɖewo do ŋgɔ na ɣemaɣi la, enɔ na Israel vi ɖe sia ɖe si di be yeanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe tameɖoɖo la be wòawɔ ɖe Se la dzi. Ke hã esi Yesu ku megbe la, megahiã be woawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi o. Kristotɔ aɖewo mete ŋu se esia gɔme o, eye wote tɔ ɖe edzi be ele be woayi edzi awɔ ɖe Se la ƒe akpa aɖewo dzi.b
14 Paulo ɖe eme na Kristotɔ siwo ɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi la be, Yesu nye nunɔlagã si de ŋgɔ wu, eye nubabla yeye la kple gbɔgbɔmegbedoxɔa siaa de ŋgɔ wu esi wotu kple asi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia. (Heb. 7:26-28; 8:7-10; 9:11, 12) Eya ta ɖewohĩ esi kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat si woɖuna le Sea te nɔ susu me na Paulo la, eŋlɔ nu tso mɔnukpɔkpɔ si nɔ ʋuʋu ɖi be míayi Yehowa ƒe dzudzɔ la me ŋu be: “Sabat ƒe dzudzɔ aɖe gakpɔtɔ li na Mawu ƒe amewo. Elabena ame si ge ɖe Mawu ƒe dzudzɔ me la, edzudzɔ hã tso ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me, abe ale si ko Mawu hã dzudzɔ tso ye ŋutɔ tɔwo me ene.” (Heb. 4:8-10) Ele na Hebri Kristotɔ mawo be woaɖe asi le susu si nɔ wo si be, ne yewowɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi la, yewoƒe nu adze Yehowa ŋu la ŋu. Tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi la, Mawu le ŋudzedze kpɔm ɖe ame siwo katã xɔa Yesu Kristo dzi sena la ŋu dɔmenyotɔe.
15. Nu ka tae toɖoɖo le vevie hafi míate ŋu ayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me?
15 Nu kae xe mɔ na Israel vi siwo nɔ anyi le Mose ƒe ŋkekea me la be womete ŋu yi Ŋugbedodonyigbaa dzi o? Eyae nye tomaɖomaɖo. Nu kae nɔ mɔ xem na Kristotɔ aɖewo le Paulo ƒe ŋkekea me si na womete ŋu yi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me o? Nu ɖeka ma kee—tomaɖomaɖoe. Womete ŋu de dzesii be Se la ɖo taɖodzinu si ta wotsɔe na ɖo la gbɔ, eye be Yehowa nɔ eƒe amewo kplɔm le mɔ bubu nu o.
Ale Si Míawɔ Ayi Ðe Mawu Ƒe Dzudzɔ La Me Egbea
16, 17. (a) Aleke míate ŋu ayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me egbea? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
16 Le mí Kristotɔ siwo li egbea gome la, mía dometɔ aɖeke mate tɔ ɖe edzi be ele kokoko be ame nawɔ ɖe Mose ƒe Sea ƒe akpa aɖewo dzi hafi akpɔ ɖeɖe o. Míese nya siwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ na Efesotɔwo la gɔme nyuie esi wògblɔ be: “Amenuveve siae na woɖe mi to xɔse me; eye menye mia gbɔe esia tso o, Mawu ƒe nunana ye. Ao, metso dɔwɔwɔwo me o, bene naneke naganɔ anyi, si ta ame aɖe naƒo adegbe ɖo o.” (Ef. 2:8, 9) Ekema aleke Kristotɔwo ate ŋu ayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me? Yehowa ɖe ŋkeke adrelia—si nye eƒe dzudzɔgbe—la ɖe vovo be yeana tame si yeɖo ɖe anyigbaa ŋu la nava eme le ŋutikɔkɔe me. Míate ŋu ayi ɖe Yehowa ƒe dzudzɔ la me—alo awɔ ɖeka kplii le eƒe dzudzɔ la me—ne míeɖo toe eye míewɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple eƒe tameɖoɖo si le eme vam, si wòɖe fia mí to eƒe habɔbɔa dzi.
17 Ke hã ne míebua aɖaŋuɖoɖo siwo wotu ɖe Biblia dzi, siwo míexɔna to kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe ha dzi la ɖe naneke me o eye míetiae be míawɔ nu le mía ɖokui si la, afia be míele tsitre tsim ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo si le eme vam la ŋu. Esia ate ŋu ade xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Yehowa dome la afɔku me. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro nɔnɔme aɖewo, siwo naa mɔnukpɔkpɔ mí Mawu ƒe amewo be míaɖee afia nenye be míenye toɖolawo la me. Nyametsotso siwo míewɔna le nɔnɔme siawo me la ɖenɛ fiana nenye be míeyi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me vavã.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Nunɔlawo kple Lewi viwo wɔa dɔ le gbedoxɔa me le Sabat dzi, ke hã ‘womebua fɔ wo o.’ Esi Yesue nye Mawu ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la ƒe nunɔlagã ta la, eya hã ate ŋu awɔ gbɔgbɔmedɔ si wode esi la, eye mavɔ̃ be yeada le Sabat sea dzi o.—Mat. 12:5, 6.
b Le esia wɔwɔ me la, míenya ne Yudatɔ Kristotɔ aɖewo yi edzi sa vɔwo le Avuléŋkekea dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea megbe o. Ne wowɔ esia la, afia be womede bubu aɖeke Yesu ƒe tafevɔsaa ŋu o. Ke hã Yudatɔ Kristotɔ aɖewo ku ɖe kɔnu aɖewo, siwo Sea bia la ŋu goŋgoŋ.—Gal. 4:9-11.
Biabiawo Hena Ŋugbledede
• Tameɖoɖo kae le ŋkeke adrelia si nye Mawu ƒe dzudzɔgbe la ŋu?
• Aleke míewɔ nya be ŋkeke adrelia kpɔtɔ le edzi yim egbea?
• Nu kae xe mɔ na Israel vi siwo nɔ anyi le Mose ƒe ŋkekea me kple Kristotɔ aɖewo le ƒe alafa gbãtɔ me be womete ŋu yi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me o?
• Aleke míate ŋu ayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me egbea?
[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]
Míate ŋu ayi ɖe Yehowa ƒe dzudzɔ la me ne míeɖo toe eye míewɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple eƒe tameɖoɖo si le eme vam, si wòɖe fia mí to eƒe habɔbɔa dzi
[Pictures on pages 26, 27]
Nu ka wɔwɔe gale vevie kokoko hafi Mawu ƒe amewo nayi ɖe eƒe dzudzɔ la me?