INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 8/15 axa 3-5
  • Internet Ale Si Míawɔ Eŋu Dɔ Le Nunya Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Internet Ale Si Míawɔ Eŋu Dɔ Le Nunya Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyateƒenyawoe Loo Alo Alakpanyawoe?
  • Ðe Wònaa Ɣeyiɣi Geɖe Sua Ame Sia, Alo Ðe Wògblẽa Ɣeyiɣi Domea?
  • Ðe Nyatakakaawo Sɔ Na Kristotɔ Loo Alo Womesɔ O?
  • Ðe Wòanyo Be Maɖo Nyatakakaa Ðe Ame Bubuwoa?
  • Ðe Afɔku Ate Ŋu Anɔ Ahiãdzedze to Internet dzi me Vavã?
    Nyɔ!—2005
  • Ðeviwo Le Internet Zãm—Nu Si Dzilawo Ate Ŋu Awɔ
    Nyɔ!—2008
  • Internet Zazã—Nɔ Ŋudzɔ ɖe Eƒe Afɔkuwo Ŋu!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Aleke Mawɔ Ate Ŋu Aƒo Asa Na Internet Dzi Fɔkuwo?
    Nyɔ!—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 8/15 axa 3-5

Internet Ale Si Míawɔ Eŋu Dɔ Le Nunya Me

ESI woɖe agbalẽtamɔ̃ ɖe go ƒe alafa aɖewoe nye esi va yi la, ehe tɔtrɔ va ale si amewo doa ka kple wo nɔewo la me. Wotsɔ Internet si woɖe ɖe go le míaƒe ŋkekea me la sɔ kplii. Amewo gblɔna be Internet nye xexea me katã ƒe nyatakakamɔnu, eye nenema tututue wòle. Ne èle numekuku wɔm le nyatakakamɔnu ɖedzesi sia dzi la, àte ŋu ake ɖe nyateƒenyawo, akɔntabubuwo, kple nukpɔsusu vovovowo ŋu le nya vovovowo ŋu.

Dzeɖoɖo ƒe ŋutete si le mía si la nye nunana wɔnuku aɖe tso mía Wɔla gbɔ. Ekpena ɖe mía ŋu míegblɔa míaƒe susuwo kple nu siwo míenya na mía nɔewo. Yehowae nye ame gbãtɔ si ɖo dze kple eƒe ƒomea me tɔ siwo nye amegbetɔwo hegblɔ nu si woawɔ anɔ agbe si me dzidzɔ anɔ la na wo eme kɔ nyuie eye gɔmesese le eŋu. (1 Mose 1:28-30) Gake abe ale si wòdze ƒãa le nu si dzɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze me ene la, woate ŋu awɔ dzeɖoɖo ƒe nunana la ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu. Satana gblɔ nya si nye alakpa gã aɖe na Xawa. Xawa xɔ nya si wògblɔ nɛ la dzi se eye eya hã gblɔ nya ma ke na Adam, si ƒe nuwɔna kplɔ ameƒomea de afɔku gã aɖe me.—1 Mose 3:1-6; Rom. 5:12.

Ke alekee wòle le Internet ya gome? Togbɔ be míate ŋu ake ɖe nyatakaka nyuiwo ŋu le Internet dzi, míagblẽ ɣeyiɣi fũu o, eye wòaɖe vi na mí le mɔ geɖewo nu hã la, nyatakaka gbegblẽwo hã tea ŋu nɔa edzi, ate ŋu agblẽ ɣeyiɣi manyagblɔ dome na mí, eye ate ŋu ana míazu ame gbegblẽwo. Na míakpɔ ale si míate ŋu azã Internet wòaɖe vi na míi ɖa.

Nyateƒenyawoe Loo Alo Alakpanyawoe?

Mègasusu gbeɖe be nyatakaka siwo katã ŋu nàke ɖo le Internet dzi la nyo eye viɖe le wo ŋu o. Míate ŋu atsɔ Internet ƒe nyatakakadzraɖoƒewo asɔ kple hlofɔla gbogbo aɖewo siwo le hlo ɖe sia ɖe ƒomevi si ŋu woke ɖo la hom kple ŋkubiã—ɖuɖuawo kple maɖumaɖuawo siaa—hele wo kɔm ɖe agba gã ɖeka me eye eyome woma wo na mí be míaɖae aɖu. Ðe nàlɔ wo katã akɔ ɖe ze me aɖa aɖu eye màlé ŋku ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu nyuie hafi oa? Gbeɖe! Internet nyatakakadzraɖoƒewo xɔa nyatakaka miliɔn akpe teƒe akpewo tso kɔmpiuta gbogbo manyaxlẽwo gbɔ, siwo me woate ŋu akpɔ nyatakaka nyuitɔwo kple gbegblẽtɔwo kekeake le. Míehiã nugɔmesese be míaɖe nyatakaka gbegblẽawo ɖa, abe ale si wogbɔa bli hetsranɛ be woaɖe ɖi le eme ene, ne menye nenema o la, míatsɔ nyatakaka gbegblẽwo kple alakpanyawo aƒo ɖi míaƒe susuwo.

Le ƒe 1993 me la, wota avu eve siwo le kɔmpiuta ŋgɔ ɖe magazine nyanyɛ aɖe me. Avu ɖeka gblɔ na evelia be: “Le Internet dzi la, ame aɖeke manya be avu nènye o lo.” Ƒe akpe geɖewoe nye esi va yi la, Satana ɣla ame si ƒomevi wònye, abe ale si amewo wɔna le Internet dzi egbea ene, hedze dzeɖoɖo gɔme kple Xawa eye wògblɔ nɛ be ate ŋu anɔ abe Mawu ene. Egbea la, ne Internet le ame aɖe si la, ate ŋu awɔ eɖokui abe nunyalagã aɖe ene, evɔ menya naneke hafi o, eye maŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖi gɔ̃ hã o. Eye se aɖeke meli ku ɖe ame siwo dze aŋlɔ woƒe susuwo, ana nyatakakawo, ada fotowo ɖi, alo aŋlɔ aɖaŋuɖoɖowo ɖe Internet dzi ŋu o.

Mègaxɔ nya sia nya dzi se abe Xawa ene ne èle Internet zãm o. Nɔ ŋudzɔ eye nàku nyawo me nyuie hafi nàxɔ wo dzi ase. Hafi nàka ɖe nya aɖe dzi la, bia ɖokuiwò be: (1) Ame kae ŋlɔ nya sia ɖi? Nu kae ɖo kpe edzi be edze aŋlɔ nya sia? (2) Susu ka tae wòŋlɔ nya sia ɖo? Nu kae ʋãe wòŋlɔe? Ðe wòdze le eƒe nyawo me be ede akpa ɖeka dzia? (3) Afi kae wòkpɔ nyatakakawo tso? Ðe wògblɔ afi siwo woate ŋu aku nya siawo me lea? (4) Nyatakaka yeye yea? Le ƒe alafa gbãtɔ me la, apostolo Paulo ɖo aɖaŋu aɖe na Timoteo si gale vevie egbea hã. Paulo ŋlɔ bena: “Kpɔ nu si wotsɔ de asi na wò la dzi, eye nàgbe dzeɖoɖo ƒuƒlu siwo medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o, kple nu si woyɔna alakpatɔe be ‘sidzedze’ la ƒe glãkahehewo.”—1 Tim. 6:20.

Ðe Wònaa Ɣeyiɣi Geɖe Sua Ame Sia, Alo Ðe Wògblẽa Ɣeyiɣi Domea?

Ne míezãa Internet le nunya me la, ɖikeke mele eme o be ana míagblẽ ɣeyiɣi fũu o, aɖe míaƒe hloloetsotsowo, kpakple míaƒe gazazã dzi kpɔtɔ. Míate ŋu aƒle nu si dim míele la bɔbɔe, evɔ mahiã be míado le aƒe me gɔ̃ hã o. Nuwo ƒe asi tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo akpe ɖe mía ŋu be míagblẽ ga dome o. Gadzadzraɖo ɖe gadzraɖoƒe to Internet dzi na agbea va le bɔbɔe na ame geɖewo wu; ewɔe be míate ŋu akpɔ ganyawo gbɔ le dziɖeɖi me le míaƒe aƒewo me ɣesiaɣi si míelɔ̃. Internet nye mɔnu nyui aɖe si dzi míate ŋu ato awɔ ɖoɖo ɖe mɔzɔzɔ ŋu wòade mía dzi wu le ganyawo gome eye wòasɔ na mí nyuie, eye ekpena ɖe mía ŋu míeléa teƒe si míadze ɖi. Agbagba vi aɖe ko míadze ake ɖe telefonxexlẽdzesiwo, adrɛswo, kple mɔ vovovo siwo míato aɖo teƒe si míedi be míayi. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexea me godoo la zãa Internet mɔnuwo tsɔ ɖea ɣeyiɣi, dɔwɔlawo, kple gazazã dzi kpɔtɔ.

Ke hã gbegblẽƒe aɖewo le Internet ŋu siwo ŋu wòle be míabu. Esia ku ɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si dome Internet zazã ate ŋu agblẽ na mí ŋu. Le ame aɖewo gome la, Internet le na wo abe fefenu ene, le esi teƒe be wòanye dɔwɔnu si ŋu viɖe le. Wozãa ɣeyiɣi gbogbo aɖewo tsɔ nɔa fefem, nɔa nuwo ƒlem, nɔa dze ɖom, nɔa e-mail ɖom ɖa, nɔa numekukuwo wɔm, henɔa tsatsam le Internet dzi. Mlɔeba la, wova ŋlɔa nu siwo le vevie wu, siwo ku ɖe woƒe ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple hamea ŋu, la be. Internet zazã ate ŋu ava zu numame gbegblẽ na wo gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, akɔntabubu aɖe si wowɔ le ƒe 2010 me la ɖee fia be le Korea la, Internet zazã zu numame gbegblẽ na sɔhɛ 18.4 le alafa me. Germany numekulawo gblɔ be, “nyɔnu geɖe wu le konyi fam le ale si [Internet] va zu numame gbegblẽ na wo srɔ̃wo la ŋu.” Nyɔnu aɖe fa konyi be Internet zazã vivivo na ye srɔ̃ trɔ ale gbegbe be yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me gblẽ.

Ame aɖe ŋlɔ agbalẽ na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe eye wògblɔ be Internet zazã flu tagbɔ na ye. Ɣeaɖewoɣi la, enɔa Internet ŋu gaƒoƒo ewo sɔŋ ŋkeke ɖeka. Esi wògblɔ be le gɔmedzedzea me la, yemekpɔe be naneke gblẽ le eŋu o vɔ la, egblɔ kpee be: “Nyemegava le kpekpewo dem ɖe ɖoɖo nu o, eye medzudzɔ gbedodoɖa.” Ne eyi kpekpewo gɔ̃ hã la, medzrana ɖo hafi yina o, eye eƒe susu katã nɔa aƒe me eye wòdina vevie be yeaɖo aƒe me kaba be ‘yeagasi Internet ake.’ Dzidzɔtɔe la, eva kpɔ ŋkubiãnya si eƒe kuxia nye dze sii eye wòɖe afɔ tsɔ ɖɔ nɔnɔmea ɖo. Negadzɔ gbeɖe be míava nɔ Internet zãm ale gbegbe be wòava zu numame gbegblẽ na mí o.

Ðe Nyatakakaawo Sɔ Na Kristotɔ Loo Alo Womesɔ O?

Míexlẽ le 1 Tesalonikatɔwo 5:21, 22 be: “Mido nuwo katã kpɔ; milé ɖe nu si nyo la ŋu. Mitsri vɔ̃ɖinyenye ɖe sia ɖe ƒomevi.” Ehiã be míawɔ numekuku akpɔe ɖa be ɖe nyatakaka siwo ŋu míeke ɖo le Internet dzi la nyo Mawu ŋu eye wòwɔ ɖeka kple eƒe dzidzenu kɔkɔwo mahã. Mele be nya aɖeke naku ɖe wo ŋu le agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo gome o, eye ele be woasɔ na Kristotɔwo. Internet dzi amamaɖeɖenuwɔnawo va bɔ ale gbegbe be, ne míele ŋudzɔ o la, eƒe mɔ̃ ate ŋu aɖe mí bɔbɔe.

Nunya le eme be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Ðe nu siwo mekpɔna le edzi la nye nu siwo matsi kaba ne srɔ̃nye, dzinyelawo, alo nɔvinye Kristotɔwo ge ɖe xɔa mea?’ Ne míeɖo eŋu be ɛ̃ la, ke anyo be ne ame bubuwo li ko hafi míazã Internet. Le nyateƒe me la, Internet trɔ ale si míedoa ka kple amewo kple ale si míeƒlea nuwoe. Gakpe ɖe eŋu la, eʋu mɔ yeye siwo dzi ame ato ‘awɔ ahasi le eƒe dzi me’ la ɖi.—Mat. 5:27, 28.

Ðe Wòanyo Be Maɖo Nyatakakaa Ðe Ame Bubuwoa?

Internet zazã lɔ nyatakakawo xɔxɔ kple wo ɖoɖo ɖe amewo hã ɖe eme. Togbɔ be míekpɔ mɔ axɔ nyatakakawo eye míaɖo wo ɖe ame bubuwo hã la, agba le mía dzi hã be míakpɔ egbɔ be wonye nyateƒe eye wosɔ le agbe nyui nɔnɔ gome. Ðe míate ŋu aɖo kpe edzi be nu si míeŋlɔna alo ɖona ɖe ame bubuwo la nye nyateƒea? Ðe woɖe mɔ na mí be míaɖo nyatakakaa ɖe ame bubuwoa?a Ðe viɖe le wo ŋua, eye woatu ame ɖoa? Susu kawo tae míeɖoa nyatakakawo ɖe amewo? Ðeko míedi be woakafu mía?

Ne míewɔa e-mail ŋu dɔ nyuie la, ate ŋu aɖe vi na mí. Gake ate ŋu alɔ nyatakaka gbogbo aɖewo hã aƒo ɖe mía dzi bibibi. Ðe míeɖoa nyatakaka yeyewo alo nya maɖinya geɖewo ɖe ame nyanyɛ gbogbo aɖewo, ɖewohĩ atsɔ anɔ woƒe ɣeyiɣi veviwo dome gblẽma? Ðe manyo be míade ŋugble tso susu si tae míele nyaa ɖo ge ɖa la ŋu hafi aɖoe ɖa oa? Taɖodzinu ka koŋ gbɔe míedi be míaɖo? Amewo ŋlɔa lɛtawo tsɔ gblɔa woawo ŋutɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo na ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo be woanya nu siwo le edzi yim le woƒe agbe me. Ðe manyo be esia nanye taɖodzinu si tae míeŋlɔa e-mail na amewo oa? Nu ka tae wòle be míaɖo nane si ƒe nyateƒenyenye dzi míate ŋu aɖo kpe o la ɖe amewo?

Eya ta nu kae wòle be míawɔ le Internet ƒe nya sia me? Ðe wòle be míaƒo asa nɛ kura? Ahiã le go aɖewo me. Esiae ame si Internet flu tagbɔ na, si ŋu míeƒo nu tso va yi la wɔ kple susu be wòaɖu numame gbegblẽ ma si ɖe fu nɛ ƒe geɖe la dzi. Gake le go bubu me la, Internet zazã ate ŋu aɖe vi na mí ne míeɖe mɔ ‘tamebubuŋutete kpɔ mía ta, eye gɔmesese dzɔ mía ŋu.’—Lod. 2:10, 11.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Fotowo ɖoɖo ɖe amewo hã le eme. Togbɔ be míate ŋu aɖe fotowo be míawo ŋutɔwo míazã hã la, ɖewohĩ mɔɖeɖe meli be míaɖo wo ɖe ame bubuwo alo kura gɔ̃ hã aŋlɔ ame siwo le fotoawo me la ƒe ŋkɔwo kple afi si wole la o.

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 4]

Nu kae nàwɔ be nàte ŋu aƒo asa na alakpanyawo?

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 5]

Nu ka ŋue wòle be nàbu hafi aɖo nyatakaka aɖe ɖe amewo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe