Ƒe Sia Ƒe Takpekpe Aɖe Si Womaŋlɔ Be Gbeɖe O
“KAKA takpekpe sia nawu enu la, àgblɔ be, ‘Esia nye takpekpe aɖe si womaŋlɔ be gbeɖe o vavã!’” Nya mawoe Stephen Lett si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ gblɔ tsɔ he nyaselawo gbogboawo ƒe susu va wɔna si wonɔ mɔ kpɔm na vevie la dzie. Yehowa Ðasefowo Ƒe Takpexɔ si le Jersey City, New Jersey, U.S.A. la mee nyasela siawo ƒo ƒu ɖo hena Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ Si Le Pennsylvania la ƒe ƒe sia ƒe takpekpe 126 lia, le October 2, 2010, dzi. Nu ɖedzesi kawoe dzɔ, le kpekpe sia si womaŋlɔ be le ŋutinya me gbeɖe o me?
Nuƒo si Nɔviŋutsu Lett ƒo tsɔ ʋu takpekpea nu la nye nuƒo si me dzo nɔ, si ku ɖe Yehowa ƒe dziƒotasiaɖam si ŋu woƒo nu tso le Xezekiel ƒe agbalẽa me, la ŋu. Tasiaɖam gã nyadri sia, si Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒo xlã, la ɖɔ Mawu ƒe habɔbɔ, si Yehowa le mɔ fiam bliboe la nyuie ŋutɔ. Habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo, si me gbɔgbɔmenuwɔwɔwo le la, ƒua du sesĩe. Nɔviŋutsu Lett gblɔ be, esia ɖɔ ale si Yehowa ŋutɔ ƒe susu ɖea ablae. Yehowa Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la hã le zɔ ɖem nenema ke. Nɔviŋutsu Lett gblɔ tɔtrɔ ɖedzesi siwo Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi wɔ le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me.
Le kpɔɖeŋu me, wole alɔdzedɔwɔƒe aɖewo ƒom nu ƒu ɖekae hele ŋusẽ dom wo, si awɔe be nɔvi geɖe siwo nɔ subɔsubɔm le Bethel ƒewo me le du mawo me tsã la natsɔ woƒe susu aɖo gbeƒãɖeɖedɔa koŋ ŋu. Nɔviŋutsu Lett bia tso nyaselawo si be woayi edzi anɔ gbe dom ɖa be Dziɖuha, si le kluvi ƒe ha la teƒe, la nayi edzi awɔ nuteƒe, eye woawɔ nu le nunya, alo aɖaŋudzedze hã, me.—Mat. 24:45-47.
Nyatakaka Dedziƒonamewo Kple Gbebiame Dodzidzɔnamewo
Tab Honsberger, si le subɔsubɔm abe Alɔdzekɔmiti me tɔ ene le Haiti la, ka nya ta tso nu siwo dzɔ le January 12, 2010 ƒe anyigbaʋuʋu, si wu ame siwo ade 300,000 sɔŋ, megbe la ŋu le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu. Egblɔ be subɔsubɔhakplɔlawo gblɔ na amewo be, Mawue he to ame siwo ku la, elabena xɔse menɔ wo si o, gake ekpɔ ame nyuiwo ya ta. Ke hã, nu vlo wɔla akpe geɖe si, esi gaxɔ siwo me wonɔ ƒe gliwo mu le anyigbaʋuʋua me. Dzianukwaretɔ geɖe le akɔfafa kpɔm, esi wole nyateƒe si ku ɖe nu si tae míele fukpekpe geɖe me tom le míaƒe ɣeyiɣia me ŋu la srɔ̃m. Nɔviŋutsu Honsberger gbugbɔ gblɔ nɔviŋutsu nuteƒewɔla Haititɔ aɖe, si bu srɔ̃a le anyigbaʋuʋua me la ƒe nya siawo: “Mekpɔtɔ le avi fam va se ɖe egbea. Nyemenya ɣeyiɣi didi si mase veve ase ɖo o, ke hã, mekpɔ dzidzɔ be mekpɔ ale si gbegbe Yehowa ƒe habɔbɔa lɔ̃a amee. Mɔkpɔkpɔ le asinye, eye meɖoe kplikpaa be magblɔe afia ame bubuwo.”
Mark Sanderson, ame si nye Brooklyn Betel ƒomea me tɔ fifia la, ka nya ta tso Philippines ŋu. Esi wònye Philippines ƒe Alɔdzekɔmitia me tɔ kpɔ ta la, eƒo nu tso ale si wokpɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔwo tsiã ɖe enu zi 32 sɔŋ kple ale si ame siwo wole Biblia srɔ̃m kple la sɔ gbɔ wu gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme la ŋu. Eƒo nu tso nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Miguel, si ƒe tɔgbuiyɔvi wowu ŋu. Miguel wɔ eƒe ŋutete ɖe sia ɖe be wodrɔ̃ ʋɔnu amewulaa hedee gaxɔ me. Emegbe esi Miguel nɔ gbeƒã ɖem le gaxɔwo me la, eva ke ɖe amewula sia ŋu. Togbɔ be dzi gale Miguel vem hã la, eƒo nu nɛ blewuu le tufafa me. Mlɔeba, esrɔ̃ Biblia kple amewula sia, ewɔ ɖe nu siwo srɔ̃m wònɔ la dzi, eye wòva lɔ̃ Yehowa. Fifia exɔ nyɔnyrɔ. Miguel va zu exɔlɔ̃ kplikplikpli, eye wòle agbagba dzem be woaɖe asi le amewula sia si va zu nɔvia la ŋu le gaxɔa me kaba.a
Wobia gbe ame aɖewo le takpekpea me be nyaselawo nanya wo nyuie, eye Mark Noumair, si nye Teokrasi Sukuwo Dɔdzikpɔƒea ƒe nufialawo dometɔ ɖeka ye kpɔ edzi. Ebia gbe srɔ̃tɔ etɔ̃ siwo nye, Alex kple Sarah Reinmueller, David kple Krista Schafer, kpakple Robert kple Ketra Ciranko. Alex Reinmueller, si le asi kpem ɖe Agbalẽtakɔmiti la ŋu, gblɔ ale si wòwɔ nyateƒea etɔe esi wònɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le Canada esime wòxɔ ƒe 15 pɛ ko, eye zi geɖe la, eya ɖeka koe dea gbeadzi. Esi wobia Nɔviŋutsu Reinmueller be, ame kae kpɔ ŋusẽ ɖe edzi esime wòva Betel hã la, eyɔ nɔviŋutsu nuteƒewɔla etɔ̃, eye wògblɔ ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe kpe ɖe eŋu wòtsi le gbɔgbɔ mee. Srɔ̃a Sara hã gblɔ be, xɔlɔ̃dzedze nɔvinyɔnu aɖe si do dzi ƒe geɖe le gaxɔ me le China ɖe eƒe xɔse ta lae kpe ɖe ye ŋu. Sara gblɔ be yesrɔ̃ ale si yeaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu to gbedodoɖa nɛ me.
David Schafer, ame si kpea asi ɖe Nufiafia Kɔmiti la ŋu, kafu dadaa ɖe xɔse sẽŋu si nɔ esi la ta, eye wòƒo nu tso nɔviŋutsu siwo wɔ dɔ abe atitsolawo ene, eye wokpe ɖe eŋu wòwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa, esime wònye sɔhɛ la ŋu. Srɔ̃a Krista, ƒo nu dzidzɔtɔe tso ale si Betel ƒomea me tɔ tsitsi, siwo ‘wɔ nuteƒe le nu suetɔ kekeake me’ abe ale si Yesu gblɔe ene la kpɔ ŋusẽ ɖe edzi la ŋu.—Luka 16:10.
Robert Ciranko, ame si hã kpea asi ɖe Nufiafia Kɔmiti la ŋu, ɖo ŋku tɔgbuia eveawo kple mamaa eveawo, siwo nye ame siwo ʋu tso Hungary, eye wonye Kristotɔ amesiaminawo la dzi kple dzidzɔ. Esi wode takpekpe gã aɖe le eƒe ɖevime le ƒe 1950-awo me eye wòkpɔ ale si Yehowa ƒe habɔbɔa keke ta sãsãsã wu woƒe hamea la, ewɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Srɔ̃a Ketra gblɔ ale si wòte ŋu srɔ̃ nuteƒewɔwɔ esi wònɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le hame aɖe si ŋu xɔsegbegbe kple kuxi bubuwo gblẽ nu le la me. Edo dzi eye mlɔeba la, wova da asi ɖe edzi wòzu mɔɖela vevi le hame aɖe si me tɔwo ƒe ɖekawɔwɔ wɔ dɔ ɖe edzi vevie la me.
Eyome Manfred Tonak na nyatakaka tso Ethiopia ŋu. Du sia li tso keke Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ke, eye fifia, Yehowa yra du sia kple nya nyui gbeƒãɖela siwo ƒe xexlẽme wu 9,000 sɔŋ. Wo dometɔ geɖe le fiadua, si nye Addis Ababa, me loo alo du siwo te ɖe eŋu me. Esia fia be ame siwo le saɖaganutowo me la hiã kpekpeɖeŋu geɖe. Be woate ŋu akpɔ kuxi sia gbɔ la, womia asi Ðasefo Ethiopiatɔ siwo le dukɔ bubuwo me be woaɖi tsa ava Ethiopia, ale be woate ŋu aɖe gbeƒã le dukɔa ƒe akpa siwo sa ɖe aga. Ame geɖe lɔ̃ va, wode dzi ƒo na Ðasefo siwo le Ethiopia, eye woke ɖe ɖetsɔlemetɔ geɖe ŋu.
Takpekpea ƒe akpa vevi aɖee nye nuƒo kpui siwo ku ɖe Yehowa Ðasefo siwo le Russia kpakple senya siwo wohe la ŋu. Aulis Bergdahl si nye Russia ƒe Alɔdzekɔmiti la me tɔ ƒo nu tso ale si woti Ðasefowo yome le Russia, vevietɔ le Moscow la ŋu. Philip Brumley si le dɔ wɔm le Sedɔwɔƒea le alɔdzedɔwɔƒe si le United States (États-Unis) hã ƒo nu tso nu dodzidzɔname siwo dzɔ le ɣleti siwo va yi nyitsɔ laa me, esi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe (ECHR) drɔ̃ nya asieke siwo wotsɔ ɖe Ðasefowo ŋu, la ŋu. Ʋɔnudrɔ̃ƒea kpɔe be nutsotso asiekeawo katã mele eteƒe o, eye ʋɔnudrɔ̃ƒea dze agbagba ɖe nu si tae womele eteƒe o la kura gɔ̃ hã me. Esime míele nu siwo ado tso afiatsotsoa me lalam la, Nɔviŋutsu Brumley gblɔ be yewole mɔ kpɔm be afiatsotso sia akpɔ ŋusẽ nyui ɖe nya siwo wotsɔ ɖe nɔviwo ŋu le dukɔ bubuwo me la dzi.
Le nyatakaka dodzidzɔname sia megbe la, Nɔviŋutsu Lett ɖe gbeƒã be Ʋɔnudrɔ̃ƒea lɔ̃ be woatsɔ adzɔxexe ƒe nya si hem France dziɖuɖua le kple Yehowa Ðasefowo ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la ava ʋɔnu le wo gbɔ. Nya gbogbo siwo wotsɔna vaa Ʋɔnudrɔ̃ƒe gã sia, si ŋu wodea bubui la, dometɔ ʋɛ aɖewo koe wolɔ̃na be yewoadrɔ̃. Va se ɖe fifia la, Ʋɔnudrɔ̃ƒea drɔ̃ nya 39 siwo lɔ Yehowa Ðasefowo ɖe eme, eye wotso afia be míeɖu dzi le 37 me. Nɔviŋutsu Lett de dzi ƒo na Mawu ƒe amewo katã be woanɔ gbe dom ɖa tso France ƒe senya sia ŋu na Yehowa Mawu.
Nɔviŋutsu Richard Morlan, ame si fiaa nu le Hamemetsitsiwo Ƒe Suku lae na nyatakaka mamlɛtɔ. Eƒo nu dzideƒonametɔe tso sukua ŋu, eye wògblɔ ale si hamemetsitsi siwo de sukua ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋui gblɔ.
Nuƒo Bubu Siwo Dziɖuha La Me Tɔwo Ƒo
Guy Pierce, ame si nye Dziɖuha la me tɔ la, ƒo nuƒo dedzigbɔname aɖe si wotu ɖe ƒe 2011 ƒe mawunyakpukpui si gblɔ be, “Si Yehowa ƒe ŋkɔ tso” la dzi. (Zef. 3:12, NW) Egblɔ be, ɣeyiɣi sia nye dzidzɔɣi na Yehowa ƒe amewo, evɔ eganye ɣeyiɣi vevi aɖe, si bia ŋugblemeyiyi vevie. Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, gake amewo gakpɔtɔ le sitsoƒe dim le alakpasubɔsubɔhawo, dunyahenuɖoanyiwo, kpakple ŋutilãmenuwo didi me, eye ame aɖewo hã metsɔ ɖeke le nu siwo le dzɔdzɔm la me o; kple esiawo tɔgbiwo. Ne míedi be míakpɔ takpɔkpɔ vavãtɔ la, ele be míayɔ Yehowa ƒe ŋkɔa, eye esia lɔ Ame si tɔ ŋkɔa la nyanya nyuie, bubu deto dede eŋu, kpakple kaka ɖe edzi, kple eyama lɔlɔ̃ kple nu sia nu si le mía si la ɖe eme.
David Splane, si hã nye Dziɖuha me tɔ la, ƒo nuƒo ʋãme aɖe si ƒe tanyae nye, “Mawu Ƒe Dzudzɔ La—Èyi Ðe Emea?” Egblɔ be Mawu ƒe dzudzɔ la mefia dɔmawɔmawɔ o, le esi Yehowa kple Via woyi ‘edzi le dɔ wɔm’ le kpɔɖeŋu ƒe dzudzɔŋkekea katã me bena woana tame si Mawu ɖo ɖe anyigba dzi nuwɔwɔwo ŋu la nava eme bliboe ta. (Yoh. 5:17) Ekema aleke míawɔ ayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me? Eƒe akpa aɖee nye be míadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye míawo ŋutɔwo míaganɔ dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenuwo ɖom na mía ɖokuiwo o. Ele be xɔse nanɔ mía si eye míanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe tameɖoɖo, eye míakpe asi ɖe tameɖoɖo ma me vava ŋu ale si míate ŋui. Ɣeaɖewoɣi la, esia wɔwɔ asesẽ, gake ehiã be míaxɔ aɖaŋu siwo Yehowa ƒe habɔbɔa ɖona na mí la eye míawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple eƒe mɔfiamewo. Nɔviŋutsu Splane ƒo koko na nyaselawo be woawɔ nu sia nu si woate ŋui be woayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me.
Nuƒo mamlɛa, si Anthony Morris si nye Dziɖuhaa me tɔ ƒo la ƒe tanyae nye “Nu Ka Lalam Míele?” Nɔviŋutsu Morris ƒo nu ŋkubiãtɔe gake abe fofo lɔ̃ame ene, eye wòɖo ŋku nu siwo adzɔ kpuie, siwo ŋu nya wogblɔ ɖi, siwo nuteƒewɔlawo katã le mɔ kpɔm na vevie, la dzi. Esia lɔ “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” ƒe ɣlidodoa kple alakpasubɔsubɔ tsɔtsrɔ̃ ɖa ɖe eme. (1 Tes. 5:2, 3; Nyaɖ. 17:15-17) Nɔviŋutsu Morris xlɔ̃ nu be míadzudzɔ gbɔgblɔ be, “Anɔ eme godoo be Harmagedon ye nye esia,” ne wole nya ta kam le nudzɔdzɔ, siwo menye nyagblɔɖiawo me vava o, ŋu le nyadzɔdzɔwo me. Ede dzi ƒo na nyaselawo be dzidzɔ, dzigbɔɖi, kple Mawu sinu kpɔkpɔ ƒe nɔnɔme siwo ŋu woƒo nu tso le Mixa 7:7 nanɔ wo si. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ede dzi ƒo na wo katã be woawɔ ɖeka ahalé ɖe Dziɖuha la ŋu, abe ale si asrafowo nɔa wo nɔewo ŋu kplikplikpli ne aʋa ɖo eƒe sesẽaƒe ene. Egblɔ be: “Misẽ ŋu, eye milé dzi ɖe ƒo, mi ame siwo katã kpɔa mɔ na Yehowa la!”—Ps. 31:25.
Wotsɔ gbeƒãɖeɖe vevi dodzidzɔname aɖewo ƒo kpekpea tae. Geoffrey Jackson, si nye Dziɖuhaa me tɔ la, ɖe gbeƒã ɖoɖo si wowɔ be woado Gbetakpɔxɔ ƒe tata si gɔme sese le bɔbɔe wu, si aɖe vi na ame siwo mese Eŋlisigbe tututu o, la tata kpɔ. Eyome Stephen Lett, si nye Dziɖuhaa me tɔ, ɖe gbeƒã nutome gã dzikpɔla siwo le United States la kple wo srɔ̃wo sasrã kpɔ ƒe ɖoɖo si wowɔ. Eyome eɖe gbeƒãe be fifia, woayɔ Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasuku la be Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃suku. Eye eteƒe madidi o, woadze suku yeye si nye Kristotɔ Srɔ̃tɔwo Ƒe Bibliasrɔ̃suku hã gɔme. Suku sia ana hehe srɔ̃tɔwo be Yehowa ƒe habɔbɔa nate ŋu azã wo geɖe wu. Nɔviŋutsu Lett gaɖe gbeƒãe hã be woanɔ Dzikpɔla Mɔzɔlawo Kple Wo Srɔ̃wo Ƒe Suku kpakple Alɔdzekɔmiti Me Tɔwo Kple Wo Srɔ̃wo Ƒe Suku wɔm zi eve le ƒe ɖeka me le Patterson eye wowɔ ɖoɖo be ame siwo dee va yi tsã la nagadee zi evelia.
John E. Barr, si xɔ ƒe 97, ame si subɔ le Dziɖuhaa me ɣeyiɣi didi aɖe la, do gbe ɖa ɖokuibɔbɔtɔe tso dzi me tsɔ ƒo wɔnaa tae, eye esia wɔ dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe.b Le kpekpea ƒe nuwuwu la, ame sia ame se le eɖokui me be, esia nye takpekpe aɖe si womaŋlɔ be gbeɖe o vavã.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ 2011 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, (Annuaire des Témoins de Jéhovah 2011) axa 62-63.
b Nɔviŋutsu Barr wu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu le December 4, 2010, dzi.
[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 19]
Amewo nyanya nyuie ƒe gbebiamea do dzidzɔ na vavalawo katã
[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 20]
Yehowa le yayram ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Ethiopia