Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Aleke wòle be míase subɔsubɔƒea ƒe akɔntabubua ƒe akpa vovovoawo gɔme?
Ƒe sia ƒe la, míekpɔa mɔ na subɔsubɔƒea ƒe akɔntabubu si dzena le Ƒegbalẽa (Yearbook alo Annuaire) me. Edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ ne míekpɔ nu si Yehowa ƒe amewo te ŋu wɔ abe ƒuƒoƒo ene, le xexea me katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me. Gake hafi akɔntabubu sia nate ŋu aɖe vi na mí la, ehiã be míase nu siwo woŋlɔ ɖe aɖakaa me la gɔme eye nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si ku ɖe xexlẽmeawo ŋu. De ŋugble le kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.
Subɔsubɔƒe. Edzea egɔme tso ƒe aɖe ƒe September me hewua enu ɖe ƒe si kplɔe ɖo ƒe August me. Subɔsubɔƒe si va yi la ƒe akɔntabubuwoe nɔa Ƒegbalẽa me. Eya ta ƒe 2010 subɔsubɔƒe si dze egɔme tso September 1, 2009, va se ɖe August 31, 2010, dzi la ƒe akɔntabubue le ƒe 2011 ƒe Ƒegbalẽa me.
Gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kpakple gbeƒãɖelawo le mama dedie nu. “Gbeƒãɖelawo” lɔ Yehowa Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo kpakple ame siwo mekpɔ xɔ nyɔnyrɔ haɖe o, siwo nye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ɖe eme. “Gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ” fia gbeƒãɖela agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si na gaƒoƒo le ɣleti ɖeka aɖe me le ƒea me eye esia ate ŋu alɔ gaƒoƒo siwo tsi megbe siwo wometsɔ kpe ɖe ɣleti si do ŋgɔ nɛ ƒe akɔntabubu ŋu o la hã ɖe eme. Le mɔ sia nu la, wotea ŋu xlẽa gbeƒãɖela aɖewo zi eve. Ke hã agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si woyɔna la melɔna gbeƒãɖela siwo ɖe gbeƒã gake woŋlɔ be wometsɔ woƒe gaƒoƒowo na o la ɖe eme o. Esia na míekpɔ nu si tae wòle vevie ŋutɔ be gbeƒãɖela ɖe sia ɖe nana eƒe gbedzikɔntabubu kaba ɣleti ɖe sia ɖe ɖo. “Gbeƒãɖelawo le mama dedie nu” ye nye gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔme aɖe koŋ siwo bua akɔnta ɣleti sia ɣleti la ƒe xexlẽme.
Gaƒoƒoawo katã. Le ƒe 2011 ƒe Ƒegbalẽa nu la, Yehowa Ðasefowo zã gaƒoƒo miliɔn akpe ɖeka alafa ade le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Ke hã gaƒoƒo siawo menye gaƒoƒo siwo katã míezã le míaƒe tadedeagu me o, elabena ɣeyiɣi siwo míezãna edziedzi le alẽwo sasrã kpɔ, kpekpewo dede, kpakple ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede me la mele eme o.
Gazazãwo. Le ƒe 2010 subɔsubɔƒea me la, Yehowa Ðasefowo zã ga si wu Amerika dɔlar miliɔn 155 ɖe mɔɖela veviwo, dutanyanyuigblɔlawo, kple dzikpɔla mɔzɔlawo ŋu le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. Ke hã ga sia melɔ esi wozãna ɖe Biblia srɔ̃gbalẽwo tata ŋu ɖe eme o; eye ga siwo wozãna tsɔ kpɔa Betel lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo wu 20,000, siwo le alɔdzedɔwɔƒewo le xexea me godoo, dzi hã mele eme o.
Kpɔɖeŋunuawo ɖulawo. Esia nye nɔvi xɔnyɔnyrɔ siwo ɖu kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia wɔɣi le xexea me katã ƒe xexlẽme. Ðe xexlẽme sia fia amesiamina siwo le anyigba dzi la ƒe xexlẽmea? Mefia nenema kokoko o. Nu siwo ate ŋu aʋã ame aɖe wòaɖu kpɔɖeŋunuawo dometɔ aɖewoe nye, subɔsubɔdzixɔse siwo nɔ esi tsã alo tagbɔdɔ loo alo seselelãmedɔ ƒe fuɖename si ate ŋu ana wòasusui vodadatɔe be dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le ye si. Eya ta, mɔ aɖeke meli si dzi míato anya amesiamina siwo le anyigba dzi la ƒe xexlẽme ŋutɔŋutɔ o; eye mehiã be míanya hã o. Dziɖuhaa meŋlɔa ame siwo katã ɖua kpɔɖeŋunuawo ƒe ŋkɔwo ɖi o, elabena mewɔ ɖoɖo be kadodo aɖe nanɔ amesiamina siwo katã le anyigba dzi la dome o.a
Nu si míenyae nye be, “mía Mawu ƒe kluviwo,” siwo nye amesiaminawo la, dometɔ aɖewo anɔ anyigba dzi ne woɖe asi le xaxa gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ ƒe yawo ŋu. (Nyaɖ. 7:1-3) Va se ɖe ɣemaɣi la, amesiaminawo axɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔ gãtɔ si wɔm wole le amegbetɔ ƒe ŋutinya me—si ŋu wokaa nya ta tso tsitotsito le ƒea ƒe akɔntabubua me—la me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ nyati si nye “Aƒedzikpɔla Nuteƒewɔla La Kple Eƒe Dziɖuha La,” le June 15, 2009, ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 24.