INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 9/15 axa 30-32
  • Ne Èdo Go Kuxiwo La, Àte Ŋu Awɔ Nu Abe Pinehas Enea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Èdo Go Kuxiwo La, Àte Ŋu Awɔ Nu Abe Pinehas Enea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Etsi Tre” Enumake
  • Nugɔmesese Deto Xe Mɔ Na Kuxi Aɖe
  • Ebia Yehowa Ƒe Mɔfiafia
  • Le Yehowa Ƒe Kpekpeɖeŋu Mea, Àte Ŋu Awɔ Dɔ Siwo Sesẽ Na Wò
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Yehowa Ƒo Nu Kple Samuel
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Ðe Wòle Be Kristotɔwo Naʋã Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 9/15 axa 30-32

Ne Èdo Go Kuxiwo La, Àte Ŋu Awɔ Nu Abe Pinehas Enea?

MƆNUKPƆKPƆ gã aɖe wònye be ame nàsubɔ abe hamemetsitsi ene. Gake Mawu ƒe Nya la lɔ̃ ɖe edzi be hamemetsitsiwo doa go kuxiwo. Ɣeaɖewoɣi la, ele be woakpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe nya aɖewo siwo me ‘wonɔa Yehowa teƒe drɔ̃a ʋɔnu’ le la gbɔ. (2 Kron. 19:6) Alo woade dɔ aɖe asi na dzikpɔla aɖe si ana wòase le eɖokui me be yemesu te awɔe o, abe ale si wònɔ le Mose gome ene, esi wòbia ɖokuibɔbɔtɔe tso dɔdeasi aɖe ŋu be: “Ame ka menye, be mayi Farao gbɔ?”—2 Mose 3:11.

Gbɔgbɔ si dzi woto ɖo hamemetsitsiwo la kee ʋã amewo woŋlɔ Biblia, eye hamemetsitsi siwo to dodokpɔ sesẽwo me dzidzedzetɔe la ƒe ŋutinyawo le eme. Eleazar viŋutsue Pinehas nye eye wònye Aron ƒe tɔgbuiyɔvi, eya ta gome le esi be wòava nye nunɔlagã gbe ɖeka. Nu etɔ̃ aɖewo dzɔ le eƒe agbe me, siwo ɖe nu si tae wòle be hamemetsitsi siwo li egbea naɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye woatsɔ dzideƒo kple nunya akpe akɔ kple kuxiwoe la fia.

“Etsi Tre” Enumake

Ðekakpui koe Pinehas nye esime Israel viwo ƒu asaɖa anyi ɖe Moab Tagba. Biblia ka nya ta be: “Dukɔ la de asi ahasiwɔwɔ me kple Moab nyɔnuwo. . . . Eye dukɔ la ɖu nu, eye wòde ta agu na woƒe mawuwo.” (4 Mose 25:1, 2) Eya ta Yehowa na dɔvɔ̃ aɖe nɔ nu gbegblẽ wɔlaawo wum. Àte ŋu akpɔ ale si nu gbegblẽ wɔwɔ sia kple dɔvɔ̃ si wòhe va dukɔa dzi la ŋuti nya sese anya ɖe fu na Pinehas la le susu mea?

Nuŋlɔɖia yi edzi be: “Esi wole avi fam le Mawu ƒe agbadɔa nu la, Israel ŋutsu aɖe kplɔ Midian nyɔnu aɖe va wo tɔwo gbɔe le Mose kple Israel viwo ƒe ha blibo la ŋkume.” (4 Mose 25:6) Nu kae nunɔla Pinehas awɔ? Ðekakpui koe wònye eye Israel ŋutsu si wɔ nu sia la nye amegã si xɔa ŋgɔ na dukɔa le tadedeagu me.—4 Mose 25:14.

Ke hã Pinehas vɔ̃ Yehowa, ke menye amegbetɔwo o. Esi wòkpɔ wo ame evea la, etsi tre enumake eye wòtsɔ akplɔ ɖe asi heti ŋutsu la yome yi ɖe xɔgã me, eye wòƒo nu ɖe ŋutsua kple nyɔnua siaa ƒe dɔme. Nu kae Pinehas ƒe nyametsotso dzideƒotɔe alea na Yehowa wɔ? Yehowa na dɔvɔ̃ la nu tso enumake eye wòɖo eteƒe na Pinehas esi wòbla nu kplii hetsɔ nunɔladɔa de eya kple eƒe dzidzimeviwo si “tegbee.”—4 Mose 25:7-13.

Ele eme baa be egbea la, Kristotɔ hamemetsitsiwo mewɔa nu adãtɔe o. Gake abe Pinehas ene la, ele be hamemetsitsiwo nanɔ klalo atso nya me kaba ahawɔ nu dzinɔameƒotɔe. Le kpɔɖeŋu me, ɣleti ʋɛ aɖewo ko le Guilherme ƒe hamemetsitsi zuzu megbe la, wobia tso esi be wòanɔ ʋɔnudrɔ̃kɔmiti aɖe me. Nyaa ku ɖe nu gbegblẽ aɖe si hamemetsitsi aɖe, si kpe ɖe Guilherme ŋu esime wònɔ ɖevime la, wɔ ŋu. Guilherme gblɔ be: “Esesẽ nam ŋutɔ be manɔ kɔmiti ma me. Nyemete ŋu dɔ alɔ̃ zã me o. Menɔ ale si mawɔ be nye seselelãmewo maxe mɔ nam ale be maŋe aɖaba aƒu Yehowa ƒe sewo dzi le nya sia gbɔ kpɔkpɔ me o la ŋu bum. Medo gbe ɖa ŋkeke geɖewo eye mewɔ numekuku le Biblia srɔ̃gbalẽwo me.” Esia kpe ɖe eŋu dzideƒo si wòhiã la su esi wòte ŋu kpɔ nya vevi sia gbɔ eye wòna gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu nɔviaŋutsu si wɔ nu vɔ̃ la.—1 Tim. 4:11, 12.

Ne hamemetsitsiwo wɔ nyametsotso kaba hewɔ nu dzinɔameƒotɔe ne nɔnɔme siwo do mo ɖa bia nenema la, wova zua xɔse kple nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu le hamea me. Enye nyateƒe be, ele na Kristotɔ bubuwo hã be woawɔ nu dzideƒotɔe ahagblɔ nu vɔ̃ gã aɖe si nɔvi aɖe wɔ wonya la ŋu nya na hamemetsitsiwo. Nenema kee wòle be woadzudzɔ hadede kple ame aɖe si nye wo xɔlɔ̃ alo ƒometɔ aɖe si woɖe le ha me la—esia nye nuteƒewɔwɔ.—1 Kor. 5:11-13.

Nugɔmesese Deto Xe Mɔ Na Kuxi Aɖe

Menye ale si ɖekakpuiwo wɔa nu dzideƒotɔe nuwo ŋu mabumabu nyuie ye na Pinehas wɔ nu alea o. Bu ale si wòɖe nugɔmesese deto fia hewɔ nu aɖaŋutɔe le ŋuɖɔɖo me esi wòse nyatakaka bubu aɖe la ŋu kpɔ. Ruben kple Gad towo kpakple Manase ƒe to afã la woɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe teƒe si te ɖe Yordan Tɔsisia ŋu. Israel vi bubuwo ƒo nya ta be alakpasubɔsubɔ tae woɖi vɔsamlekpuia ɖo, eye wokpe ta be yewoaho aʋa ɖe wo ŋu.—Yos. 22:11, 12.

Aleke Pinehas wɔ nui? Pinehas kple Israel viwo ƒe amegãwo dzro nyaa me kple ame siwo ɖi vɔsamlekpuia la aɖaŋutɔe. To siwo me tɔwo nu wotso la ɖe nyaa me esi wogblɔ be ‘Yehowa subɔsubɔ’ tae yewoɖi vɔsamlekpuia ɖo. Woto afɔɖeɖe sia dzi ƒo asa na kuxi gã aɖe.—Yos. 22:13-34.

Ne Kristotɔ aɖe se nya alo nutsotso gbegblẽ aɖe tso ehati Yehowa subɔla aɖe ŋu la, ɖe nunya manɔ eme be wòawɔ nu abe Pinehas ene oa? Nugɔmesese deto kpena ɖe mía ŋu míedoa dziku kabakaba loo alo nɔa nya siwo mesɔ o gblɔm le mía nɔviwo ŋu o.—Lod. 19:11.

Alekee nugɔmesese ate ŋu akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu woawɔ nu abe Pinehas ene? Jaime si nye hamemetsitsi ƒe ewo kple edzivɔe nye esia la gblɔ be, “Ne gbeƒãɖela aɖe dze nuƒoƒo gɔme tso masɔmasɔ aɖe si ɖo woa kple nɔvi aɖe dome ŋu nam la, mebiaa Yehowa enumake be wòakpe ɖe ŋunye be nyemagade akpa aɖeke dzi o, ke boŋ wòana mate ŋu ana Ŋɔŋlɔawo me mɔfiafia aɖee. Gbe ɖeka la, nɔvinyɔnu aɖe te ɖe ŋunye hegblɔ ale si nɔviŋutsu aɖe si le agbanɔamedzinɔƒe le hame bubu me wɔ nu ɖe eŋui la nam. Esi wònye be xɔ̃nyee nɔviŋutsua nye ta la, anɔ bɔbɔe nam be maƒo nu nɛ hafi. Le esia teƒe la, mía kple nɔvinyɔnua míede ŋugble le Biblia ƒe gɔmeɖose geɖewo ŋu. Eva lɔ̃ ɖe edzi be gbã la, ye ŋutɔ yeaƒo nu na nɔviŋutsua. (Mat. 5:23, 24) Womete ŋu wɔ ŋutifafa enumake o. Eya ta mede dzi ƒo nɛ be wòade ŋugble tso Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose bubuwo ŋu. Etso nya me be yeagado gbe ɖa tso nɔnɔmea ŋu ake eye yeadze agbagba atsɔe akee.”

Nu kae do tso eme? Jaime gblɔ be: “Ɣleti geɖe megbe la, nɔvinyɔnua te ɖe ŋunye. Egblɔ be esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, nya si nɔviŋutsua gblɔ la va vee. Ewɔ ɖoɖo be yeazɔ kpli ye le gbeadzi eye wòɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe afɔ si yeɖe va yi la ŋu. Wokpɔ nyaa gbɔ. Ðe magate ŋu akpɔ nya sia gbɔ nyuie wu esia ne ɖe mede akpa aɖe dzi hede nu nyaa me wu ale si dzea?” Biblia ɖo aɖaŋu be: “Mègatsi dzi nàtsɔ nya ayi ʋɔnui o.” (Lod. 25:8, NW) Hamemetsitsi siwo wɔa nugɔmesese deto ŋu dɔ la dea dzi ƒo na Kristotɔ siwo dome masɔmasɔ le la nunyatɔe be woazã Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo atsɔ awɔ ŋutifafa eye woati eyome.

Ebia Yehowa Ƒe Mɔfiafia

Mɔnukpɔkpɔ su Pinehas si wòsubɔ abe nunɔla ene na Mawu ƒe dukɔ tiatia la. Abe ale si míede dzesii ene la, togbɔ be ɖekakpui ko wònye hã la, ewɔ nugɔmesese deto ŋu dɔ eye wòɖe dzinɔameƒo wɔnuku aɖe fia. Ke hã, ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋue na wòte ŋu to kuxiwo me dzidzedzetɔe.

Esi Gibea ŋutsu siwo tso Benyamin toa me la de asi Lewitɔ aɖe ƒe ahiã ŋu hewui tagbɔsesẽtɔe megbe la, to mamlɛawo me tɔwo bla ɖekae be yewoayi aɖawɔ aʋa kple Benyamin to la. (Ʋɔn. 20:1-11) Wodo gbe ɖa bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu hafi ho aʋa, gake wosi wo vevie zi eve sɔŋ, eye wowu wo dometɔ geɖe. (Ʋɔn. 20:14-25) Ðe woaƒo nya ta be Yehowa mese yewoƒe gbedodoɖawo oa? Ðe Yehowa di be woaɖɔ vɔ̃ si Gibeatɔwo wɔ la ɖo nyateƒea?

Pinehas, ame si nye dzinɔameƒotɔ, si zu Israel dukɔa ƒe nunɔlagã azɔ la, gaɖe afɔ ake. Edo gbe ɖa be: “Ðe míagaho aʋa ɖe mía nɔvi Benyamin viwo ŋu loo, alo míatasia?” Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ esi wòtsɔ Benyamin viwo de asi nɛ, eye wotɔ dzo Gibea dua wòfiã keŋkeŋ.—Ʋɔn. 20:27-48.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me? Míedoa go kuxi aɖewo le hamea me egbea, siwo kpɔtɔ nɔa anyi togbɔ be hamemetsitsiwo dzea agbagba tso wo ŋu hedoa gbe ɖa vevie biaa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu hã. Ne esia dzɔ la, anyo be hamemetsitsiwo naɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi: “Minɔ ebiabia [alo gbedodoɖa] dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi.” (Luka 11:9) Ne edze abe gbedodoɖa aɖe ƒe ŋuɖoɖo tsi megbe ene hã la, dzikpɔlawo ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo eŋu le ɣeyiɣi si sɔ na eya ŋutɔ la dzi.

Le kpɔɖeŋu me, hame aɖe si le Ireland la hiã na Fiaɖuƒe Akpata vevie, gake nutoa me xɔtuɖoɖowo gbɔ kpɔla meda asi ɖe edzi o. Meda asi ɖe xɔ ƒe nɔnɔmetata siwo katã nɔviawo tsɔ fiae be yewoatu ɖe teƒea la dzi o. Edze abe dukɔa katã ƒe xɔtuɖoɖowo gbɔ kpɔla koe nye ame si agate ŋu ada asi ɖe xɔtuɖoɖo sia dzi ene. Ðe gbedodoɖa ate ŋu aɖe vi abe ale si wònɔ le Pinehas ƒe ŋkekeawo me enea?

Nutoa me hamemetsitsi aɖe gblɔ be: “Le gbedodoɖa geɖe kple kokoƒoƒo vevie ŋutɔ megbe la, míezɔ mɔ yi xɔtuɖoɖowo gbɔ kpɔƒe gãtɔ la. Wogblɔ nam be kwasiɖa aɖewo megbe hafi míate ŋu akpɔ xɔtuɖoɖowo gbɔ kpɔlawo ƒe amegãa. Ke hã míedze agbagba vevie te ŋu kpe kplii miniti atɔ̃. Esi wòkpɔ xɔa ƒe nɔnɔmetata siwo míegbugbɔ ta la, eɖe mɔ na mí enumake be míadze Fiaɖuƒe Akpataa tutu gɔme, eye tso ɣemaɣi la, nutoa me xɔtuɖoɖowo gbɔ kpɔlaa ŋutɔ tso le eɖokui si na kpekpeɖeŋu mí. Nudzɔdzɔ ma ɖo kpe gbedodoɖa ƒe ŋusẽ dzi.” Ɛ̃, Yehowa aɖo gbe siwo hamemetsitsi siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu la dona ɖa tso dzi blibo me la ŋu.

Agbanɔamedzi gã aɖee nɔ Pinehas dzi le blema Israel; ke hã dzideƒo, nugɔmesese deto, kple ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu kpe ɖe eŋu wòkpɔ kuxiwo gbɔ dzidzedzetɔe. Nenema kee ale si Pinehas lé be na Mawu ƒe ha la moveviɖoɖotɔe la dze Yehowa ŋu. Anɔ abe ƒe 1,000 ene megbe la, gbɔgbɔ ʋã Ezra wòŋlɔ bena: “Tsã la Pinexas, Eleazar vi, nye amegã ɖe wo nu, eye Yehowa nɔ kplii.” (1 Kron. 9:20) Neva eme be Yehowa nanɔ kple ame siwo xɔa ŋgɔ le Mawu ƒe amewo dome egbea hã, ɛ̃, nenɔ anyi kple Kristotɔ siwo katã subɔnɛ nuteƒewɔwɔtɔe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe