INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 10/15 axa 5-7
  • Mina Míakpɔ Dzidzɔ Ðekae!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mina Míakpɔ Dzidzɔ Ðekae!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔ Dzidzɔ Kple Haxɔsetɔwo
  • Kpɔ Dzidzɔ Kple Ame Siwo Le Dodokpɔwo Me Tom
  • Yi Edzi Nànɔ Dzidzɔ Kpɔm Le Yehowa Ƒe Subɔsubɔdɔa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Tsɔ Dzi Kpɔdzidzɔ Subɔ Yehowae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Kpɔ Dzidzɔ Kple Dzidzɔ Mawu La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 10/15 axa 5-7

Mina Míakpɔ Dzidzɔ Ðekae!

ELE sesẽm ɖe edzi le ŋkeke siawo me be ame nakpɔ dzidzɔ. Dzeɖoɖo kple ame bubuwo tso nu nyuiwo ŋu megate ŋu nya le wɔwɔm na ame geɖe o. Agbenɔnɔ le egbeŋkekewo me, vevietɔ le dugãwo me, wɔe be amewo megadea ha kple ame bubuwo o, eye wole wo ɖokuiwo ɖem ɖe aga.

Susuŋutinunyalagã Alberto Oliverio gblɔ be: “Akogotsitsi nye nane si va bɔ egbea ŋutɔ, eye ɖikeke aɖeke mele eme o be agbenɔnɔ le teƒe si aƒewo sɔ gbɔ ɖo va wɔe be ameɖokuiɖeɖeɖeaga le bɔbɔe fifia wu tsã. Le nɔnɔme geɖe me la, enana be míegava tsɔa ɖeke le nu siwo le edzi yim le míaƒe ɔfisdɔwɔhati aɖe, aƒelika aɖe, alo ame aɖe si le dɔ wɔm le fiase aɖe si le míaƒe nuto me la ƒe agbe me me kura o.” Ameɖokuiɖeɖeɖeaga sia hea blanuiléledɔ vae.

Ke hã hati Kristotɔwo ya to vovo, eye nɔnɔme si woɖena fiana hã to vovo. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Minɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa.” (1 Tes. 5:16) Susu geɖewo li siwo tae wòle be dzi nadzɔ mí eye míakpɔ dzidzɔ ɖekae ɖo. Míele Mawu Dziƒoʋĩtɔ, Yehowa, subɔm; míese nyateƒe gbedeasi si le Biblia me la gɔme; eye xɔxɔ kple agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le mía si; nenema kee míate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu yayra mawo ke nasu wo si.—Ps. 106:4, 5; Yer. 15:16; Rom. 12:12.

Dzi dzɔa Kristotɔ vavãwo eye wokpɔa dzidzɔ kple wo nɔewo hã. Eya ta mewɔ nuku o be Paulo ŋlɔ na Filipitɔwo be: “Dzi le dzɔyem, eye mele dzidzɔ kpɔm kpli mi katã. Nenema kee miawo hã dzi nedzɔ mi, eye mikpɔ dzidzɔ kplim.” (Flp. 2:17, 18) Míekpɔe le afi sia be, le nya ʋɛ siawo gbɔgblɔ me la, Paulo ƒo nu tso ale si dzi nadzɔ ame eye wòakpɔ dzidzɔ kple ame bubuwoe hã ŋu zi eve sɔŋ.

Le nyateƒe me la, ele be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ be woaƒo asa na nɔnɔme ɖe sia ɖe si ana woaɖe wo ɖokuiwo ɖe aga. Ame si ɖea eɖokui ɖe aga la mate ŋu akpɔ dzidzɔ kple haxɔsetɔwo o. Eya ta aleke míate ŋu awɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si gblɔ be ‘míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le Aƒetɔ la me’ kple mía nɔviwo la dzi?—Flp. 3:1.

Kpɔ Dzidzɔ Kple Haxɔsetɔwo

Esi Paulo ŋlɔ eƒe lɛtaa na Filipitɔwo la, anɔ eme be enɔ game ɣemaɣi le Roma le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ta. (Flp. 1:7; 4:22) Ke hã gaxɔmenɔnɔ meɖe dzidzɔ si kpɔm wònɔ le subɔsubɔdɔa me la dzi kpɔtɔ o. Ke boŋ ekpɔ dzidzɔ be yele Yehowa subɔm bliboe kple yeƒe ŋutete katã, eye be ‘wotsɔ ye le kɔkɔm ɖi . . . abe nunovɔsa ene.’ (Flp. 2:17) Paulo ƒe nuwɔna ɖee fia be menye nɔnɔme si me ame aɖe le lae naa wòkpɔa dzidzɔ o. Togbɔ be wodee gaxɔ me hã la, egblɔ be: “Mayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm.”—Flp. 1:18.

Paulo ye ɖo hame si nɔ Filipi la anyi eye wòlɔ̃ nɔvi siwo nɔ afi ma la ale gbegbe. Enyae be nuƒoƒo tso dzidzɔ si kpɔm yenɔ le Yehowa subɔsubɔ me ŋu ade dzi ƒo na woawo hã. Le esia ta, eŋlɔ bena: “Ke nɔviwo, mele didim be mianyae be, nu siwo dzɔ ɖe dzinye la na be nya nyui la va ɖe zɔ yi ŋgɔ boŋ, eye ale Roma fiagã ƒe dzɔlawo katã kple ame susɔeawo katã va nyae be Kristo tae mele bablawo me ɖo.” (Flp. 1:12, 13) Paulo ƒe nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname sia gbɔgblɔ nye mɔ ɖeka aɖe si dzi wòto ɖee fia be dzi le edzɔm eye wòle dzidzɔ kpɔm kple nɔviawo. Filipitɔawo hã anya kpɔ dzidzɔ kple Paulo. Ke hã hafi woate ŋu akpɔ dzidzɔ la, ele na wo be woagaɖe mɔ nu siwo me Paulo to la nana dzi naɖe le wo ƒo o. Ke ele na wo be woasrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua boŋ. (Flp. 1:14; 3:17) Gawu la, Filipitɔwo ate ŋu anɔ ŋku ɖom Paulo dzi le woƒe gbedodoɖawo me eye woana kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si wòahiã lae.—Flp. 1:19; 4:14-16.

Ðe míawo hã míekpɔa dzidzɔ abe Paulo enea? Ðe míedzea agbagba kpɔa yayra siwo kpɔm míele le agbe me kpakple esiwo kpɔm míele le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me la dzea siia? Ne míele mía nɔviwo dome la, enyo be míaɖo dze tso nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname siwo su mía si le gbeƒãɖeɖedɔa me ŋu. Menye nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedziwo koe asu mía si hafi míawɔ esia o. Ðewohĩ míete ŋu nyɔ ame aɖe ƒe ɖetsɔleme ɖe Fiaɖuƒegbedeasia ŋu to ŋgɔdonya ʋãme aɖe zazã dzi alo míeto aɖaŋumɔ aɖe dzi de ŋugble kplii. Ðewohĩ míedzro mawunyakpukpui aɖewo koŋ me kple aƒemenɔla aɖe nyuie. Alo ate ŋu anye be amewo de dzesi mí bɔbɔe le míaƒe anyigbamama me be Yehowa Ðasefowoe míenye, eye esia ɖeɖe dzaa zu ɖaseɖiɖi na wo. Dzeɖoɖo tso nuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbi ŋu nye mɔ aɖe si dzi míetona kpɔa dzidzɔ ɖekae.

Yehowa subɔla geɖewo tsɔ nu geɖe sa vɔe eye woyi edzi tsɔ nu geɖe le vɔ sam kokoko ale be woate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔa ade goe. Mɔɖelawo, dzikpɔla mɔzɔlawo, Betel dɔwɔlawo, dutanyanyuigblɔlawo, kple dukɔwo dome xɔtudɔwɔlawo kua kutri vevie le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me eye wokpɔa dzidzɔ le esia wɔwɔ me. Ðe woƒe subɔsubɔdɔa doa dzidzɔ na mí eye míekpɔa dzidzɔ kpli woa? Ekema mina míaɖee afia mía nɔvi lɔlɔ̃ siawo siwo nye ‘hadɔwɔlawo na Mawu fiaɖuƒe la’ be míekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu. (Kol. 4:11) Ne míeƒo ƒu ɖekae le hame ƒe kpekpewo alo Kristotɔwo ƒe takpekpewo me la, míate ŋu ade dzi ƒo na wo vividoɖeameŋutɔe. Míagate ŋu asrɔ̃ dzonɔameme ƒe kpɔɖeŋu si woɖo ɖi la hã. Eye míate ŋu aʋu “mɔnukpɔkpɔ” ɖi be míase woƒe nuteƒekpɔkpɔwo kple woƒe nya tuameɖowo to amedzrowɔwɔ na wo me, ɖewohĩ míakpe wo be woava ɖu nu kpli mí.—Flp. 4:10.

Kpɔ Dzidzɔ Kple Ame Siwo Le Dodokpɔwo Me Tom

Esi Paulo do dzi le yometitiwo me eye wòto dodokpɔwo me dzidzedzetɔe la, edo ŋusẽe wòɖoe kplikpaa be yealé nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi. (Kol. 1:24; Yak. 1:2, 3) Esi Paulo nyae be nɔvi siwo le Filipi la ate ŋu ava to dodokpɔ siwo me yeto la tɔgbi me eye yeƒe dzidodo ŋutinyaa ade dzi ƒo na wo ta la, dzi dzɔe eye wòkpɔ dzidzɔ kpli wo. Eya ta eŋlɔ bena: “Miawoe wona mɔnukpɔkpɔe le Kristo ta, menye be miaxɔ edzi ase ko o, ke be miakpe fu ɖe eta hã. Elabena miawo hã miele ʋiʋli ma ke, si miekpɔm meʋli, eye miegale eŋu nya sem fifia le ŋunye, la ʋlim.”—Flp. 1:29, 30.

Nenema ke egbea la, wotsia tsitre ɖe Kristotɔwo ŋu le ɖaseɖiɖidɔa ta. Ɣeaɖewoɣi la, tsitretsiɖeŋu siawo nyea ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe mía ŋu, gake zi geɖe la, womedzena gaglãa o. Ate ŋu anye xɔsegbelawo ƒe alakpanutsotsowo, ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu, dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo ƒe fewuɖuɖu le mía ŋu. Yesu xlɔ̃ nu be mele be dodokpɔ siawo naɖe dzi le mía ƒo alo woawɔ nuku na mí o. Ke boŋ wonye susu siwo tae wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖo, elabena egblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe mianye ne amewo do vlo mi, eye woti mia yome, eye woka aʋatso gblɔ nya vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe mia ŋu le tanye. Dzi nedzɔ mi, eye miti kpo kple dzidzɔ, elabena miaƒe fetu lolo le dziƒowo.”—Mat. 5:11, 12.

Mele be míavɔ̃ alo dzidzi naƒo mí ne míesee be yometiti sesẽ aɖe va mía nɔviwo dzi le dukɔ aɖewo me o. Ele be míakpɔ dzidzɔ le woƒe dzidodo ta boŋ. Míate ŋu ado gbe ɖa ɖe wo ta abia Yehowa be wòado ŋusẽ woƒe xɔse eye wòakpe ɖe wo ŋu woado dzi. (Flp. 1:3, 4) Ðewohĩ esia koe míate ŋu awɔ na mía nɔvi lɔlɔ̃ mawo, gake míate ŋu akpe ɖe mía nɔvi siwo le míaƒe hamea me, siwo le dodokpɔwo me tom la ŋu geɖe wu. Míate ŋu atsɔ ɖe le eme na wo eye míado alɔ wo. Míate ŋu adi mɔnukpɔkpɔ akpɔ dzidzɔ kpli wo ne míekpe wo wova wɔ ɖeka kpli mí le míaƒe Ƒometadedeagu fiẽsiwo me, ne míewɔ dɔ kpli wo le gbeadzi, eye mía kpli wo míekpɔa gome le modzakaɖeɖe me ɖekae ɣeaɖewoɣi.

Susu geɖewo li siwo tae wòle be míanɔ dzidzɔ kpɔm ɖekae ɖo! Mina míatsi tsitre ɖe xexe sia ƒe ɖokuiɖeɖeɖeaga ƒe gbɔgbɔ la ŋu eye míayi edzi akpɔ dzidzɔ kple mía nɔviwo. Ne míewɔe alea la, menye ɖeko míana lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ nanɔ hamea me o, ke míase vivi na Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ la hã bliboe. (Flp. 2:1, 2) Ɛ̃, “dzi nedzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi,” elabena Paulo de esia ƒe dzi ƒo na mí esi wògblɔ be, “Megale egblɔm ake be: Dzi nedzɔ mi!”—Flp. 4:4.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 6]

Anyigba nogo la: Courtesy of Replogle Globes

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe