INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 10/15 axa 18-22
  • Yehowa Subɔsubɔ Nye Nye Dzidzɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Subɔsubɔ Nye Nye Dzidzɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sasrãkpɔ Si He Tɔtrɔ Va Nye Agbe Me
  • Ale Si Tenye Mary Kpe Ðe Ŋunye
  • Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi, Nyɔnyrɔxɔxɔ, Betel Subɔsubɔ
  • Takpekpe Bubu Siwo Dzi Meɖoa Ŋkui Kpakple Xɔtudɔdzikpɔkpɔ
  • Tɔtrɔwo Va Nye Agbe Me
  • Tsitsime Kuxiwo
  • Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Maria Ƒe Kpɔɖeŋu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • ‘Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Dɔlanyɔnue Menye!’
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Nyemedzudzɔ Nusɔsrɔ̃ O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • “Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Kluvinyɔnuvi!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 10/15 axa 18-22

Yehowa Subɔsubɔ Nye Nye Dzidzɔ

Abe ale si Fred Rusk gblɔe ene

Tso nye ɖevime ke la, mekpɔ nya si David gblɔ le Psalmo 27:10 ƒe nyateƒenyenye; egblɔ be: “Elabena fofonye kple danye wogblẽm ɖi, ke Yehowa xɔm.” Mina magblɔ ale si nya sia nye nyateƒe le gonyeme na mi.

TƆGBUINYE ƒe ɖetigble dzie metsi le le Georgia nutoa me le Amerika, le Ganyawo ƒe Toyiyi Gãtɔ si va le ƒe 1930 ƒeawo me la me. Fofonye, si dzi nu te ɖo vevie le danye kpakple nɔvinyeŋutsu sue si wòdzi teti ƒe ku ta la, gblẽm ɖe tɔgbuinye, si hã srɔ̃ dɔ alɔ̃ le ku me la gbɔ heʋu yi du didi aɖe me ɖale dɔ wɔm. Emegbe la, edze agbagba be yeana mava nɔ ye gbɔ gake esia medze edzi gbeɖe o.

Tɔgbuinye vinyɔnuwoe kpɔa nuwo gbɔ le aƒea me. Togbɔ be tɔgbuinye mele subɔsubɔha aɖeke me o hã la, vianyɔnuawo nye Anyiehe Baptist Ha me tɔ siwo ƒe nya me sẽ ŋutɔ. Wozinɛ ɖe dzinye be made sɔleme Kwasiɖagbe ɖe sia ɖe, ne menye nenema o la, yewoaƒom. Eya ta tso nye ɖevime kee mawusubɔsubɔ medzɔa dzi nam tututu o. Ke hã mekpɔa dzidzɔ ɖe sukudede kple kamedefefewo ŋu.

Sasrãkpɔ Si He Tɔtrɔ Va Nye Agbe Me

Le ƒe 1941 me, le ŋdɔ aɖe me, esime mexɔ ƒe 15 la, ŋutsu tsitsi aɖe kple srɔ̃a wova mía ƒe me. Ƒometɔwo gblɔ nam be, “nyruiwò Talmadge Rusk ye nye esia.” Nyemese eŋkɔ kpɔ o, gake wogblɔ be woa kple srɔ̃a wonye Yehowa Ðasefowo. Atsu kple asia gblɔ na mí be Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le anyigba dzi, eye nya sia to vovo sãsãsã na nya si wogblɔna le sɔleme mesena. Ƒomea me tɔ akpa gãtɔ meda asi ɖe nya si wogblɔ dzi o—wodo vlo woƒe nyawo gɔ̃ hã. Eye womegaɖe mɔ na wo gbeɖe be woava aƒea me o. Ke hã tenye (tasinye) Mary, si tsi wum ƒe etɔ̃ pɛ la, lɔ̃ xɔ Biblia kple agbalẽ siwo ɖe Biblia me.

Eteƒe medidi o, Mary ka ɖe edzi be yeke ɖe Biblia me nyateƒea ŋu, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1942 me hezu Yehowa Ðasefo. Nya si Yesu gblɔ ɖi be, “Ame ƒe futɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo” la va eme ɖe eya hã dzi. (Mat. 10:34-36) Ƒometɔwo ti eyome vevie. Nɔvianyɔnu tsitsiawo dometɔ ɖeka, si xɔ ŋkɔ le nutoa me le dunyahenyawo me la, kpakple dudzikpɔlaa woɖo nugbe ɖe Nyrui Talmadge ŋu hena wolée. Wotsɔ nya ɖe eŋu be ele nu dzram mɔɖegbalẽvi maxɔmaxɔe. Wodrɔ̃ ʋɔnui be eɖi fɔ.

Míaƒe nutoa me nyadzɔdzɔgbalẽ ka nya ta be, dudzikpɔla si ganye ʋɔnudrɔ̃laa gblɔ na ame siwo nɔ dua ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒea be: “Agbalẽ siwo mam ŋutsu sia le la . . . gblẽa nu abe aɖi wuame ene.” Gake nyruinye na wogbugbɔ drɔ̃ nyaa nɛ eye wòɖu dzi, ke hã enɔ gaxɔ me ŋkeke ewo do ŋgɔ na esia.

Ale Si Tenye Mary Kpe Ðe Ŋunye

Tenye Mary ƒoa nu tso dzixɔse yeye siwo su esi la ŋu nam eye wògaɖea gbeƒã tso wo ŋu na aƒelikawo hã. Mekplɔe ɖo wòyi ɖasrɔ̃ Biblia kple ŋutsu aɖe si lɔ̃ xɔ agbalẽ si nye The New World.a Ŋutsua srɔ̃ gblɔ be, ye srɔ̃ xlẽ agbalẽa zã bliboa katã. Togbɔ be nyemedi be woahem ade subɔsubɔnya aɖeke me kaba o hã la, nu siwo srɔ̃m menɔ la dze ŋunye. Ke hã menye Biblia me nufiafiawoe na meka ɖe edzi be Mawu ƒe amewoe Ðasefowo nye o. Ale si wowɔa nu ɖe wo ŋu la boŋ ye na kakaɖedzim.

Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka, esi míeyi ɖaga timatigble me trɔ gbɔna aƒe me la, mía kple Mary míekpɔe be dzudzɔ nɔ tutum le nugo aɖe si me míetɔa dzo gbeɖuɖɔ le la me, eye míede dzesii be nɔvianyɔnuwo tɔ dzo eƒe agbalẽwo kple agbaƒomɔ̃ kpakple agba siwo dzi wolé Biblia me nuƒowo ɖo la. Medo dziku vevie, gake tenyeawo dometɔ ɖeka gblɔ nam dadatɔe be, “Àva da akpe na mí gbe ɖeka ɖe nu si míewɔ ta.”

Woƒoe ɖe Mary nu wòʋu dzo le aƒea me le ƒe 1943 me, elabena egbe asiɖeɖe le eƒe subɔsubɔ yeyea ŋu, eye wògbe be yemadzudzɔ gbeƒãɖeɖe na aƒelikawo o. Gake kaka ɣemaɣi naɖo la, mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be menyae be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa, eye menye esia ɖeɖe ko o, ke meva nyae hã be enye Mawu lɔ̃ame kple nublanuikpɔla, ke menye ame si mèa amewo le dzo mavɔ me o. Megasrɔ̃e hã be habɔbɔ aɖe si me tɔwo lɔ̃a ame la le Yehowa si, togbɔ be nyemedze kpekpedede gɔme haɖe o hã.

Gbe ɖeka, esime metsɔ mɔ̃ nɔ sɔgbewo dzi tsom la, ʋu aɖe zɔ blewuu va tɔ, eye ŋutsu eve siwo nɔ ʋua me la dometɔ ɖeka biam be nyee woyɔna be Fred hã. Esi mede dzesii be Ðasefowoe wonye la, megblɔ be, “Mina mage ɖe ʋua me ne míayi teƒe aɖe si womakpɔ mí le o ne míaɖo dze.” Mary ye wɔ ɖoɖo be woava srãm kpɔ. Ŋutsuawo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Shield Toutjian, eye enye subɔla mɔzɔla; ede dzi ƒo nam eye wòna gbɔgbɔmemɔfiame si mehiã ɣemaɣi lam. Azɔ la, ƒometɔwo va le tsitre tsim ɖe ŋunye, esi menɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo ta ʋlim ta.

Mary ŋlɔ lɛta nam tso Virginia, afi si wòʋu yi, eye wògblɔ nam be ne meɖoe kplikpaa be masubɔ Yehowa la, mate ŋu ava nɔ ye gbɔ. Metso nya me enumake be mayi. Le Fiɖagbe aɖe ƒe ɣetrɔ me le October 1943 me la, mefɔ nye nuzazã vevi aɖewo de aɖakago aɖe me eye metsɔe yi ɖabla ɖe ati aɖe me le teƒe aɖe si didi tso míaƒe aƒe gbɔ vie. Le Memleɖagbe la, meyi ɖatsɔ nye aɖakagoa, eye meto mɔ aɖe si to míaƒe aƒea megbe yi ɖe aƒe aɖe si te ɖe mía ŋu me, eye wokɔm yi dua me. Esi mezɔ mɔ yi Roanoke la, meke ɖe Mary ŋu le Edna Fowlkes ƒe aƒe me.

Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi, Nyɔnyrɔxɔxɔ, Betel Subɔsubɔ

Edna nye Ðasefo amesiamina nublanuikpɔla aɖe—egbegbe Lidia—si haya aƒe gã aɖe eye wòxɔ Tenye Mary, eya ŋutɔ nɔviŋutsu srɔ̃ kple nyɔnua ƒe vinyɔnu eve ɖe aƒea me. Nyɔnuvi siawo siwo ŋkɔwoe nye Gladys kple Grace Gregory la va zu dutanyanyuigblɔlawo emegbe. Gladys, si le eƒe ƒe 90-awo me la, gale subɔsubɔm nuteƒewɔwɔtɔe le Japan alɔdzedɔwɔƒea.

Esime menɔ Edna ƒe aƒe me la, medea kpekpewo edziedzi eye wona hehem le subɔsubɔdɔa me. Esi ablɔɖe su asinye mesrɔ̃a Mawu ƒe Nya la hedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo ta la, meɖi kɔ na dzodzro sẽŋu si nɔ menye be manya Yehowa la. Mexɔ nyɔnyrɔ le June 14, 1944, dzi. Mary kple Nɔvinyɔnu Gregory eveawo siaa dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme eye woɖo wo ɖe dziehe Virginia. Wowɔ akpa vevi aɖe le afi ma le hame aɖe ɖoɖo ɖe Leesburg me. Le ƒe 1946 ƒe gɔmedzedze la, medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le nuto aɖe si te ɖe wo ŋu me. Le dzomeŋɔli me la, mí katã míezɔ mɔ ɖekae yi dukɔwo dome takpekpe si nyemaŋlɔ be gbeɖe o, si wowɔ le Cleveland, Ohio, le August 4 va ɖo 11, dzi.

Le takpekpe ma me la, Nathan Knorr, si nye habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi la, ƒo nu tso ɖoɖo si wowɔ be woakeke Brooklyn Betel ɖe enu la ŋu. Kekeɖenudɔ sia fia be woatu xɔdɔme yeyewo eye woakeke agbalẽtaƒea ɖe enu. Wohiã nɔviŋutsu sɔhɛ geɖewo. Metso nya me be afi mae madi be masubɔ Yehowa le. Eya ta mede asi dɔbiagbalẽ te, eye ɣleti ʋɛ aɖewo megbe, le December 1, 1946, dzi la, meyi Betel.

Anɔ abe ƒe ɖeka ene la, agbalẽtaƒea dzikpɔla Max Larson va gbɔnye le Lɛtawo Gbɔ Kpɔ Dɔwɔƒea. Egblɔ nam be megbɔna dɔ wɔ ge le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea. Le afi ma la, mesrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ wɔwɔ kple ale si Mawu ƒe habɔbɔa wɔa dɔe ŋu, vevietɔ esime menɔ dɔ wɔm kple Nɔviŋutsu T. J. (Bud) Sullivan, si nye dɔwɔƒea dzikpɔla.

Fofonye va srãm kpɔ zi geɖe le Betel. Le eƒe tsitsime la, eva tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me. Le eƒe sasrãkpɔ mamlɛtɔa me, le ƒe 1965 me la, egblɔ nam be: “Àte ŋu ava srãm kpɔ, gake nye ya nyemagava srã wò kpɔ le afi sia ake o.” Meyi ɖasrãe kpɔ zi ɖeka eve aɖewo hafi wòku. Eka ɖe edzi be yele dziƒo yi ge. Nye mɔkpɔkpɔe nye be Yehowa naɖo ŋku edzi, eye ne edzɔ alea la, le tsitretsitsia me la, menye afi si wòsusu be yeanɔ lae wòakpɔ eɖokui le o, ke boŋ anyigba dzi afi siae kple mɔkpɔkpɔ be wòanɔ agbe tegbee le Paradiso si wogbugbɔ ɖo anyi la me.

Takpekpe Bubu Siwo Dzi Meɖoa Ŋkui Kpakple Xɔtudɔdzikpɔkpɔ

Takpekpewo nye nu ɖedzesi aɖewo siwo nana wowɔa gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ɣesiaɣi. Nenema tututue dukɔwo dome takpekpe siwo wowɔ le Yankee Stadium le New York, le ƒe 1950 ƒeawo me la nɔ. Le ƒe 1958 me la, ame 253,922 siwo tso dukɔ 123 me sɔŋ ye de takpekpea le Yankee Stadium kple Polo Grounds. Nane dzɔ le takpekpe ma me, si nyemaŋlɔ be gbeɖe o. Esime menɔ asi kpem ɖe dɔ ŋu le takpekpedzikpɔƒea la, Nɔviŋutsu Knorr zɔ kabakaba va gbɔnye hegblɔ nam be: “Fred, ewɔ abe meŋlɔ be nyemede dɔ asi na nɔviŋutsu aɖeke be wòaƒo nu na mɔɖela siwo katã ƒo ƒu fifi laa ɖe akpata gã si te ɖe mía ŋu la me o ene. Àte ŋu aɖe abla ayi afi ma aɖaƒo nu na wo tso nya sia nya si va susu me na wò le mɔa dzi la ŋua?” Medo gbe ɖa zi gbɔ zi geɖe hafi ɖo afi ma henɔ gbɔgbɔm fuxefuxe.

Esi hameawo ƒe xexlẽme va nɔ dzidzim ɖe edzi nukutɔe le New York City le ƒe 1950 ƒeawo kple ƒe 1960 ƒeawo me la, teƒe siwo míehayana wonyea Fiaɖuƒe Akpatawo megava nɔ mía nu dem o. Eya ta tso ƒe 1970 va ɖo ƒe 1990 me la, míeƒle aƒe etɔ̃ le Manhattan, eye míegbugbɔ trɔ asi le wo ŋu ale be woasɔ nyuie na kpekpewo wɔwɔ. Menye xɔtutudɔ siawo ƒe xɔtukɔmitia ƒe zimenɔla, eye meɖoa ŋku ale si Yehowa yra hame siwo na gakpekpeɖeŋu be míete ŋu wɔ dɔ sia hewu enu nyuie la le mɔ geɖe nu la dzi kple dzidzɔ. Xɔ siawo gakpɔtɔ li míele zazãm abe tadeaguƒewo ene.

Tɔtrɔwo Va Nye Agbe Me

Gbe ɖeka, le ƒe 1957 me, esime menɔ mɔ dzi yina dɔ me eye meto abɔ si le Betel Ƒea kple agbalẽtaƒea dome la, tsi te dzadza. Kasia, mekpɔ ɖetugbui dzetugbe aɖe si ƒe taɖa ƒe amadede le abe sika ene, si va Betel yeyee la le ŋgɔnye. Xexi menɔ esi o, eya ta megblɔ nɛ be woava nɔ tɔnyea te. Aleae medo go Marjorie, eye tso esime míeɖe mía nɔewo le ƒe 1960 me la, míekpɔtɔ le zɔzɔm dzidzɔtɔe ɖekae le Yehowa subɔsubɔ me, tsi ɖale dzadzam alo ŋdɔ le ʋuʋum o. Míeɖu míaƒe srɔ̃ɖeŋkuɖodzizã 50 lia le September 2010 me.

Ðeko míegbɔ tso srɔ̃ɖemɔkekeɖuƒe teti koe Nɔviŋutsu Knorr gblɔ nam be wode dɔ asi nam be manye Gilead Sukua ƒe nufiala. Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛ ka gbegbee nye esi! Tso ƒe 1961 va ɖo ƒe 1965 me la, míewɔ sukua ƒe klass atɔ̃, siwo xɔ ɣeyiɣi didi wu, tsɔ na hehe tɔxɛ alɔdzedɔwɔƒe dzikpɔlawo koŋ ne woanya ale si woakpɔ alɔdzedɔwɔƒea ƒe nyawo gbɔ ahakpɔ dɔwo dzie. Le ƒe 1965 ƒe kele me la, ɣeyiɣi si wotsɔ dea sukua la gatrɔ va ɣleti atɔ̃, eye tso esia dzi yina la, wogatrɔ susu ɖe hehenana dutanyanyuigblɔlawo ŋu ake.

Le ƒe 1972 me la, woɖem le Gilead Suku ƒe nufiafiadɔa me hede dɔ bubu asi nam le Agbalẽŋɔŋlɔ Dɔwɔƒe, afi si mesubɔ abe dɔdzikpɔla ene le. Numekukuwɔwɔ tso biabia vovovowo ŋu kple kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ kpe ɖe ŋunye mese Mawu ƒe Nya la ƒe nufiafiawo kpakple mía Mawu ƒe dzidzenu kɔkɔwo ŋu dɔ wɔwɔ le kpekpeɖeŋunana amewo me gɔme nyuie wu.

Emegbe le ƒe 1987 me la, wode dɔ asi nam le dɔdzikpɔƒe bubu si woyɔ be Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakadɔwɔƒe. Wowɔ ɖoɖo be míakpe kple hamemetsitsi siwo le Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitiwo me la ahafia ale si woate ɖe ɖɔktawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dudɔwɔlawo ŋu adzro tenɔnɔ si le mía si ku ɖe ʋu ŋu si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi me kpli wo la woamawo. Kuxi sesẽ si nɔ anyi ye nye be ɖɔktawo nɔ ʋu dom na mía viwo akpasesẽtɔe, eye zi geɖe la, woxɔa gbeɖeɖe tso ʋɔnudrɔ̃ƒe hena esia wɔwɔ.

Ne míeƒo nu tso atike bubu siwo wowɔna ɖe ʋu teƒe ŋuti na ɖɔktawo la, ŋuɖoɖo si wonana zi geɖee nye be, atikewɔwɔmɔnu mawo meli o alo woxɔ asi akpa. Zi geɖe la, nya si megblɔna na amekola ɖe sia ɖe si gblɔ nya mae nye, “Meɖe kuku, do wò asi ɖa.” Ne edo asi ɖa la, megblɔna nɛ be: “Wò ŋutɔ ènya be nu bubu si woawɔ na dɔnɔ ɖe ʋu teƒe la le asiwò me.” Kafukafunya sia ɖoa ŋku nu si eya ŋutɔ nya nyuie la dzi nɛ—eyae nye amekohɛ la ŋu dɔ wɔwɔ nyuie be ʋu geɖe nagado le dɔnɔa ŋu o.

Le ƒe blaeve siwo me mewɔ dɔ siae me la, Yehowa yra ɖe agbagba siwo míedze hena hehe ɖɔktawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo la dzi geɖe. Ne wova se tenɔnɔ si le mía si la gɔme nyuie wu la, ale si wowɔa nu ɖe mía ŋu la trɔna ale gbegbe. Wova nyae be atikewɔwɔ me numekukuwo ɖo kpe edzi be atike bubu siwo wozãna ɖe ʋu teƒe la wɔa dɔ, eye ɖɔkta geɖewo kpakple dɔnɔkɔdzi geɖe siwo le lɔlɔ̃m be yewoawɔ dɔ aduadu kpli mí la li siwo gbɔ woate ŋu aɖo dɔnɔwo ɖo.

Tso ƒe 1996 me la, mía kple Marjorie míele subɔsubɔm le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe si le Patterson, New York, si didi tso Brooklyn anɔ kilometa 110 le dziehe gome. Le afi sia la, mewɔ dɔ le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea hena ɣeyiɣi kpui aɖe, eye eyome la, mekpɔ gome le nufiafia alɔdzedɔwɔƒe dzikpɔlawo kple dzikpɔla mɔzɔlawo me hena ɣeyiɣi aɖe. Le ƒe 12 siwo va yi me la, megava le subɔsubɔm abe Agbalẽŋɔŋlɔ Dɔwɔƒe, si woɖe tso Brooklyn va Patterson, la dzi kpɔla ene.

Tsitsime Kuxiwo

Tso esime mexɔ ƒe 85 la, eva le sesẽm nam ŋutɔ be matsɔ nye subɔsubɔgbanɔamedziwo le Betel. Mewɔ avu kple kansadɔ wòwu ƒe ewo. Mese le ɖokuinye me abe Xizkiya, ame si ƒe agbenɔƒe Yehowa didi ɖe edzi la, ene. (Yes. 38:5) Lãmegbegblẽ ɖea fu na srɔ̃nye hã, eye mekpena ɖe eŋu le agbagba si dzem wòle be yeado dzi le Alzheimer dɔ, si nye tsitsimedɔléle si gblẽa nu le ame ƒe susu ŋu, si lém wòle la me. Marjorie nye Yehowa subɔla bibi aɖe kple sɔhɛwo ƒe aɖaŋuɖola nyui aɖe, eye wònye kpeɖeŋutɔ kpakple zɔhɛ wɔnuteƒe nam. Esrɔ̃a Biblia veviedodotɔe ɣesiaɣi eye wònye efiala bibi aɖe hã; eye míaƒe gbɔgbɔmevi geɖewo gakpɔtɔ ŋlɔa agbalẽ na mí.

Tenye Mary ku le March 2010 me esime wòxɔ ƒe 87. Ebi ɖe Mawu ƒe Nya la fiafia me, eye wòkpe ɖe ame bubuwo ŋu wova le tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa dzi. Ewɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe geɖe. Medaa akpe geɖe ɖe kpekpeɖeŋu si gbegbe wònam le Mawu ƒe Nya la me nyateƒea sɔsrɔ̃ me, be meva zu abe eya ke ene, eye menye mía Mawu lɔ̃ame, Yehowa, subɔla la ta. Woɖi Mary ɖe srɔ̃a si subɔ le gɔmedzedzea me abe dutanyanyuigblɔla ene le Israel la xa. Kakaɖedzi le asinye be Yehowa aɖo ŋku wo dzi le tsitretsitsi si míele mɔ kpɔm na la me.

Ne metrɔ kpɔ ƒe 67 siwo metsɔ subɔ Yehowa la, medaa akpe ɖe yayra gbogbo siwo su asinye la ta. Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nye nye dzidzɔ! Esi meka ɖe eƒe amenuveve si míedze na o dzi ta la, mele mɔ kpɔm vevie be nye hã makpɔ gome le Via ƒe ŋugbedodo sia me be: “Ame sia ame si gblẽ aƒewo alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo viwo alo agblewo ɖi le nye ŋkɔ ta la, akpɔ wo ɖe eteƒe zi gbɔ zi geɖe, eye wòanyi agbe mavɔ dome.”—Mat. 19:29.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Wotae le ƒe 1942 me, gake womegale etam fifia o.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Le tɔgbuinye ƒe ɖetigble dzi le Georgia, U.S.A., ƒe 1928

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Tenye Mary kple Nyrui Talmadge

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Mary, Gladys, kple Grace

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Nye nyɔnyrɔxɔɣi, le June 14, 1944, dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒe le Betel

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Mía kple Mary, le ƒe 1958 ƒe dukɔwo dome takpekpe me, le Yankee Stadium

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Mía kple Marjorie, le míaƒe srɔ̃ɖegbe

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Mía kplii le ƒe 2008 me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe