INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 11/15 axa 6-10
  • “Mègaɖo Dzi Ðe Wò Gɔmesese Ŋu O”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mègaɖo Dzi Ðe Wò Gɔmesese Ŋu O”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ne Míele Xaxawo Me Tom
  • Ne Míele Nyametsotsowo Wɔm
  • Ne Míele Agbagba Dzem Be Míaɖu Tetekpɔwo Dzi
  • Amegbetɔ Ƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔ Dzi Ðuɖu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Woɖo Fia aɖe ƒe Xɔse Teƒe Nɛ
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Ale Si Míana Míaƒe Gbedodoɖawo Nanyo Ðe Edzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Nukata Wòle Be Míado Gbe Ða Madzudzɔmadzudzɔe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 11/15 axa 6-10

“Mègaɖo Dzi Ðe Wò Gɔmesese Ŋu O”

“Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke mègaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.”—LOD. 3:5.

1, 2. (a) Nɔnɔme sesẽ kawoe ate ŋu adze ŋgɔ mí? (b) Ne míeɖo nɔnɔme donuxaxaname aɖe me, míele nyametsotso vevi aɖe wɔm, alo le agbagba dzem be míaɖu tetekpɔ aɖe dzi la, ame ka ŋue wòle be míaɖo ŋu ɖo, eye nu ka tae?

CYNTHIAa ƒe dɔmemegã tu eƒe dɔwɔƒea ƒe akpa aɖewo eye wòɖe asi le dɔwɔla geɖewo ŋu xoxo. Cynthia se le eɖokui me be yee anye ame si ŋu woagaɖe asi le le dɔa me. Nu kae wòawɔ ne dɔ ge le esi? Afi kae wòakpɔ ga le axe eŋuti fewo? Nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Pamela la di be yeaʋu ayi afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu, gake ɖe wòanyo be wòaɖe afɔ ma? Nu bubu aɖe kurae le fu ɖem na ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Samuel ya. Le eƒe ɖevime la, enɔa amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔm. Fifia si Samuel le eƒe ƒe 20-awo me la, dzodzro sẽŋu aɖe ɖo eme be yeagatrɔ ayi numame gbegblẽ ma gbɔ. Aleke wòawɔ ate ŋu aɖu dzodzro sẽŋu ma dzi?

2 Ne èdo go nɔnɔme donuxaxaname aɖe, ne èle nyametsotso veviwo wɔm, alo nèle agbagba dzem be yeaɖu tetekpɔwo dzi la, ame ka ŋue nèɖoa ŋu ɖo? Wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu koe nèɖoa ŋu ɖoa, alo ‘ètsɔa wò nyawo drona ɖe Yehowa dzi’? (Ps. 55:23) Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu.” (Ps. 34:16) Eya ta aleke gbegbe wòle vevie be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me eye míagaɖo dzi ɖe míaƒe gɔmesese ŋu o enye esi!—Lod. 3:5.

3. (a) Nu kae ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bia? (b) Nu ka tae ame aɖewo adi be yewoaɖo dzi ɖe yewoƒe gɔmesese ŋu?

3 Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me bia be míawɔ nuwo abe ale si wòdii ene, le ɖekawɔwɔ me kple eƒe lɔlɔ̃nu. Be míawɔ esia la, ele vevie be míayi edzi anɔ gbe dom ɖa nɛ eye míanɔ koko ƒom nɛ tso dzi blibo me be wòafia mɔ mí. Ke hã ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me sesẽna na ame geɖe. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Lynn gblɔ anukwaretɔe be: “Avu blibo wɔm mele be masrɔ̃ ale si maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe.” Nu ka tae wògblɔ nya sia? Eɖo eŋu be: “Fofonye metsɔ ɖeke le eme nam o, eye danye hã melé be nam le ŋutilãme alo seselelãme gome o. Eya ta nye ŋutɔ mete ɖokuinye dzi kpɔkpɔ kaba.” Nu si me Lynn to le eƒe ɖevime wɔe be esesẽna nɛ be wòaɖo ŋu ɖe ame aɖe ŋu bliboe. Ŋutete si le ame aɖe si kpakple eƒe dzidzedzekpɔkpɔ hã ate ŋu awɔe be wòanɔ ŋu ɖom ɖe eɖokui ŋu. Ne hamemetsitsi aɖe ɖoa ŋu ɖe eƒe nuteƒekpɔkpɔwo ŋu la, ate ŋu awɔe be mado gbe ɖa abia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu hafi akpɔ hamea me nyawo gbɔ o.

4. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

4 Yehowa kpɔa mɔ be míadze agbagba vevie anɔ agbe wòawɔ ɖeka kple míaƒe gbedodoɖawo eye míawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple eƒe lɔlɔ̃nu. Ke aleke míawɔ ada asɔ le míaƒe dzimaɖitsitsiwo dodro ɖe eyama dzi kple agbagbadzedze be míakpɔ kuxi sesẽ siwo me tom míele la gbɔ me? Nu ka ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo ne eva hiã be míawɔ nyametsotsowo? Nu ka tae gbedodoɖa le vevie ne míele agbagba dzem be míaɖu tetekpɔwo dzi? Míalé ŋku ɖe Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu aɖewo ŋu be míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo.

Ne Míele Xaxawo Me Tom

5, 6. Aleke Xizkiya wɔ nui esime Asiria fia do ŋɔdzi nɛ?

5 Biblia gblɔ tso Yuda Fia Xizkiya ŋu be: “Eku ɖe Yehowa ŋu, eye mete ɖa le eŋu o, eye wòlé Yehowa ƒe se, siwo wòde na Mose la me ɖe asi.” Ɛ̃, “eɖo ŋu ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu.” (2 Fia. 18:5, 6) Aleke Xizkiya wɔ nui esime Asiria Fia Sanxerib dɔ eteƒenɔlawo, siwo dome Rabsake hã nɔ, kpakple aʋakɔ gã nyadri aɖe ɖe Yerusalem? Asiriatɔwo ƒe aʋakɔ sesẽ la xɔ Yuda du sesẽ geɖewo xoxo, eye fifia Sanxerib trɔ susu ɖe Yerusalem ŋu. Xizkiya yi ɖe Yehowa ƒe aƒe la me hedo gbe ɖa be: “Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso esi me dzro, ne anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nadze sii bena, wò ɖeka koe nye Yehowa Mawu!”—2 Fia. 19:14-19.

6 Xizkiya wɔ nu wòwɔ ɖeka kple eƒe gbedodoɖaa. Hafi wòayi gbedoxɔa me aɖado gbe ɖa gɔ̃ hã la, egblɔ na dukɔa be womegaɖo Rabsake ƒe fewuɖunyawo ŋu nɛ o. Xizkiya dɔ amewo ɖo ɖe nyagblɔɖila Yesaya be woaɖabia aɖaŋuɖoɖo tso egbɔ. (2 Fia. 18:36; 19:1, 2) Nu siwo Xizkiya nya be woadze Yehowa ŋu la koe wòwɔ. Medze agbagba be yeabia kpekpeɖeŋu tso Egipte alo dukɔ siwo ƒo xlã wo la gbɔ o. Xizkiya meɖo dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe gɔmesese ŋu o, ke boŋ eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Esi Yehowa ƒe dɔla wu Sanxerib ƒe asrafowo dome ame 185,000 megbe la, Sanxerib “ho dzo” hegbugbɔ yi Niniwe.—2 Fia. 19:35, 36.

7. Aleke Xana kple Yona ƒe gbedodoɖawo ate ŋu afa akɔ na mí?

7 Xana, si nye Lewi vi Elkana srɔ̃, hã ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu esime wònɔ nu xam le vimadzimadzi ta. (1 Sam. 1:9-11, 18) Esi nyagblɔɖila Yona do gbe ɖa megbee woɖee tso tɔmelã gã aɖe ƒe dɔ me; edo gbe ɖa ale: “Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam; medo ɣli tso tsieƒe ƒe ƒodo me, eye nèse nye gbe.” (Yona 2:2, 3, 11) Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míe nye esi be nɔnɔme sesẽ ka ke mee míeɖale o, míate ŋu ado ɣli na Yehowa ‘ahaƒo koko nɛ’!—Mixlẽ Psalmo 55:2, 17.

8, 9. Nu vevi kae Xizkiya, Xana, kple Yona woɖe gblɔ le woƒe gbedodoɖawo me, eye nu kae míesrɔ̃ tso esia me?

8 Nufiame vevi aɖe hã gale Xizkiya, Xana, kple Yona ƒe kpɔɖeŋuawo me na mí ku ɖe nu si dzi wòle be míaɖo ŋku ahado gbe ɖa tso eŋu ne míele xaxawo me tom la ŋu. Wo ame etɔ̃a katã wose veve esime wonɔ nɔnɔme sesẽwo me tom. Gake woƒe gbedodoɖawo ɖee fia be menye woawo ŋutɔwo ɖokui kple ale si woawɔ akpɔ gbɔdzɔe tso woƒe kuxiwo me ŋu koe wotsi dzi ɖo o. Mawu ƒe ŋkɔa, eƒe tadedeagua, kple eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ye nɔ vevie na wo. Eve Xizkiya be wonɔ vlo dom Yehowa ƒe ŋkɔ. Xana do ŋugbe be yeatsɔ ɖevi si yedi vevie be yeadzi la ana wòasubɔ le avɔgbadɔa me le Silo. Eye Yona hã gblɔ be: “Mawɔ adzɔgbe, si meɖe la dzi.”—Yona 2:10.

9 Ne míele gbe dom ɖa be woaɖe mí tso nɔnɔme ɖefuname aɖe me la, nunya anɔ eme be míabu nu si tae míele gbe ma dom ɖa ŋu. Ðe wòanye be gbɔdzɔekpɔkpɔ tso kuxia me koe nɔa vevie na mía, alo Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo hã nɔa susu me na mí? Fukpekpe si me tom míele la ate ŋu awɔe be míava nɔ nɔnɔme si me míele la ŋu bum fũu akpa ale gbegbe be míagava tsɔ ɖeke le gbɔgbɔmenuwo me o. Ne míele gbe dom ɖa na Mawu be wòakpe ɖe mía ŋu la, ele be míana míaƒe susu nanɔ Yehowa ŋutɔ, eƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ, kple eƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli ŋu. Ne míewɔe alea la, akpe ɖe mía ŋu be míabu mɔkpɔkpɔ o, ne nu si míele mɔ kpɔm na la meva eme o gɔ̃ hã. Ðewohĩ míaƒe gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖoe nye be míado dzi le nɔnɔme si me tom míele la me le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me.—Mixlẽ Yesaya 40:29; Filipitɔwo 4:13.

Ne Míele Nyametsotsowo Wɔm

10, 11. Esi nɔnɔme aɖe dze ŋgɔ Yosafat eye menya ale si wòakpɔ egbɔ o la, nu kae wòwɔ?

10 Aleke nèwɔa nyametsotso veviwo le agbe me? Ðe wòanye be ètsoa nya me gbã hafi va doa gbe ɖa na Yehowa be wòayra ɖe nyametsotso si nèwɔ la dzia? Bu nu si Yuda fia Yosafat wɔ esime Moabitɔwo kple Amonitɔwo ho aʋa ɖe eŋu la ŋu kpɔ. Ŋusẽ aɖeke menɔ Yudatɔwo ŋu woakpe kple wo o. Afɔ kae wòle be Yosafat naɖe?

11 Biblia gblɔ be: “Yosafat vɔ̃, eye wòtsɔ eƒe ŋku ɖo Yehowa didi ŋu.” Eɖe gbeƒã be Yuda blibo la natsi nu adɔ, eye wòƒo dukɔ la nu ƒu “be woaƒo koko na Yehowa.” Eyome Yosafat tsi tsitre le Yuda kple Yerusalem ƒe takpekpea me hedo gbe ɖa. Le gbedodoɖaa me la, eƒo koko na Mawu be: “Mía Mawu, màdrɔ̃ ʋɔnu wo oa? Elabena ŋusẽ aɖeke mele mía ŋu ɖe ameha gbogbo sia, si ho ɖe mía ŋu la ŋuti o. Míenya nu ka wɔ ge míala o, negbe ŋuwò ko míaƒe ŋku le.” Mawu vavã la se Yosafat ƒe gbedodoɖaa, eye wòɖe wo nukutɔe. (2 Kron. 20:3-12, 17) Ne míele nyametsotsowo wɔm, vevietɔ esiwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi la, ɖe mele be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tsɔ wu be míaɖo dzi ɖe míawo ŋutɔwo ƒe gɔmesese ŋu oa?

12, 13. Kpɔɖeŋu kae Fia David ɖo ɖi le nyametsotsowɔwɔ me?

12 Ke nu kae wòle be míawɔ ne nɔnɔme aɖe si dze abe egbɔkpɔkpɔ le bɔbɔe ene la dze ŋgɔ mí, eye ɖewohĩ le nuteƒekpɔkpɔ aɖe si su mía si va yi ta, ale si míakpɔ egbɔ la va susu me na mí enumake? Nuŋlɔɖi aɖe si ku ɖe Fia David ŋu la akpe ɖe mía ŋu le go sia me. Esi Amalekitɔwo va dze Ziklag dua dzi la, wolé David srɔ̃wo kple viawo kpakple eŋumewo srɔ̃wo kple wo viwo dzoe. David ƒo koko na Yehowa hebiae be: “Mati adzoha sia yomea?” Yehowa ɖo eŋu nɛ bena: “Ti wo yome, elabena èle wo tu ge, eye àxɔ ameawo!” David wɔ ɖe edzi, eye “[wòxɔ] nu siwo katã Amalekitɔwo ha la.”—1 Sam. 30:7-9, 18-20.

13 Ɣeyiɣi aɖe le Amalekitɔwo ƒe amedzidzedzea megbe la, Filistitɔwo ho ɖe Israel ŋu. David gabia gbe Yehowa ake eye wòna mɔfiame si le tẽe lae. Mawu gblɔ nɛ be: “Ho yi, elabena matsɔ Filistitɔwo ade asi na wò!” (2 Sam. 5:18, 19) Ema megbe kpuie la, Filistitɔwo gaho ɖe David ŋu ake. Nu kae David awɔ le esia hã me? Ate ŋu agblɔ na eɖokui be: ‘Mekpe akɔ kple nɔnɔme sia zi eve kpɔ. Maho ɖe Mawu ƒe futɔwo ŋu abe ale si mewɔe va yi ene.’ Alo ɖe David agadi Yehowa ƒe mɔfiafia akea? David meɖo dzi ɖe nuteƒekpɔkpɔ si su esi va yi la ŋu o. Egado gbe ɖa na Yehowa ake. Aleke gbegbe dzi anya dzɔe enye esi be yewɔ esia! Mɔfiame si wonae le nudzɔdzɔ sia me ya to vovo kura. (2 Sam. 5:22, 23) Ne míele nɔnɔme aɖe, alo kuxi aɖe, si me míeto kpɔ la me tom la, ele be míakpɔ nyuie be míagaɖo dzi ɖe nuteƒekpɔkpɔ si su mía si va yi la ɖeɖe ko ŋu o.—Mixlẽ Yeremiya 10:23.

14. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yosua kple Israel ametsitsiwo wɔ nu kple Gibeontɔwo la me?

14 Esi míenye ame madeblibowo ta la, ehiã be mí katã míanɔ ŋudzɔ be míagado kpo Yehowa ƒe mɔfiafia biabia ne míele nyametsotsowo wɔm o—esia lɔ hamemetsitsi kpɔnuteƒewo gɔ̃ hã ɖe eme. Bu ale si Yosua, si va xɔ ɖe Mose teƒe la, kple Israel ametsitsiwo wɔ nui esime Gibeontɔ aɖaŋudzela siwo do nu xoxowo hebua wɔ wo ɖokuiwo abe ame siwo tso anyigba didi aɖe dzi ene la, va wo gbɔ la ŋu kpɔ. Yosua kple ametsitsi bubuawo mebia gbe Yehowa hafi wɔ ŋutifafa kple Gibeontɔwo hebla nu kpli wo o. Togbɔ be Yehowa da asi ɖe ɖoɖo si wowɔ kpli wo la dzi mlɔeba hã la, ekpɔ egbɔ be woŋlɔ nudzɔdzɔ sia si ɖee fia be womebia yeƒe mɔfiafia o la ŋuti nya ɖe Ŋɔŋlɔawo me na mí be wòaɖe vi na mí.—Yos. 9:3-6, 14, 15.

Ne Míele Agbagba Dzem Be Míaɖu Tetekpɔwo Dzi

15. Ðe nu si tae wòhiã vevie be míado gbe ɖa ne míele agbagba dzem be míaɖu tetekpɔwo dzii la me.

15 Esi “nu vɔ̃ ƒe se” le míaƒe ŋutinuwo me ta la, ehiã be míawɔ avu kple nu vɔ̃ ƒe dzodzro siwo le mía me la vevie. (Rom. 7:21-25) Míate ŋu aɖu dzodzro siawo dzi. Nu kae akpe ɖe mía ŋu? Yesu gblɔ na eyomedzelawo be ehiã vevie be woado gbe ɖa abia kpekpeɖeŋu be woaɖu tetekpɔwo dzi. (Mixlẽ Luka 22:40.) Ne míedo gbe ɖa na Mawu gake dzodzro alo susu vɔ̃wo gakpɔtɔ le fu ɖem na mí kokoko la, ehiã be ‘míayi edzi anɔ Mawu biam’ be wòana nunya mí míakpe akɔ kple dodokpɔ sia. Woka ɖe edzi na mí be “enaa nu amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o.” (Yak. 1:5) Yakobo gaŋlɔ hã bena: “Ðe mia dometɔ aɖe le [gbɔgbɔmedɔ] léma? Neyɔ hamemetsitsiwo woava egbɔ, eye woado gbe ɖa ɖe eta ahasi ami nɛ le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Eye xɔse ƒe gbedodoɖa ana dɔnɔ la ƒe lãme nasẽ.”—Yak. 5:14, 15.

16, 17. Ne míedi be Mawu nakpe ɖe mía ŋu míaɖu tetekpɔ aɖe dzi la, ɣeyiɣi kae nye nyuitɔ si wòle be míado gbe ɖa?

16 Ehiã vevie be míado gbe ɖa be míaɖu tetekpɔwo dzi, gake ele be míanya ɣeyiɣi nyuitɔ si wòle be míado gbea ɖa. Bu ɖekakpuivi si ŋuti nya wogblɔ le Lododowo 7:6-23 la ƒe nɔnɔmea ŋu kpɔ. Le fiẽ, esime anyigba le tsyɔtsyɔm la, eyi ɖanɔ tsatsam le kpɔdomee, afi si wònya be nyɔnu gbolo aɖe le. Esi nyɔnua tsɔ eƒe nuƒoƒo geɖegeɖeawo ble ɖekakpuivia eye wòtsɔ eƒe nuyi zɔzrɔ̃e la lée la, ekplɔe ɖo kɔ̃ɔ abe nyitsu, si yina ewuƒe ene. Nu ka tae ɖekakpuivi ma yi afi ma ɖo? Esi wònye “bometsila,” si fia be, enye ame makpɔnuteƒe ta la, ɖewohĩ enɔ avu wɔm kple dzodzro vɔ̃wo. (Lod. 7:7) Ɣekaɣie gbedodoɖa aɖe vi na ɖekakpuivi sia wu hafi? Ele eme baa be, esime gbolo la va do go ɖekakpuivia la, ele vevie be ɖekakpuivia nado gbe ɖa be Mawu nakpe ɖe ye ŋu yeaɖu tetekpɔa dzi ya. Gake ɣeyiɣi nyuitɔ si wòle be ɖekakpuivia nado gbe ɖa ye nye zi gbãtɔ si susua va tame nɛ be wòayi aɖatsa le ablɔ ma me.

17 Egbea la, ate ŋu adzɔ be ŋutsu aɖe le agbagba dzem be yeaƒo asa na amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ. Gake tsɔe be eva le tsatsam le Internet nyatakakadzraɖoƒe aɖe si wònya be foto alo video siwo me nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ɖe ame me le la dzi. Ðe eƒe nuwɔna masɔ kple ɖekakpuivi si ŋu nya wogblɔ le Lododowo ta 7 lia me la tɔ oa? Esia anye tsatsa le mɔ si dzi ame ate ŋu adze afɔku le la dzi vavã! Be ame aɖe naɖu amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ƒe tetekpɔa dzi la, ehiã be wòado gbe ɖa abia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu hafi wòahayi Internet nyatakakadzraɖoƒe siwo ŋu nya ku ɖo ʋu ge.

18, 19. (a) Nu ka tae tetekpɔwo dzi ɖuɖu sesẽna, gake aleke míawɔ akpɔ dzidzedze le esia wɔwɔ me? (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

18 Mele bɔbɔe be míaɖu tetekpɔ alo numame gbegblẽwo dzi o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ŋutilã la tsia tsitre ɖe gbɔgbɔ la ŋu le eƒe nudzodzro me, eye gbɔgbɔ la ɖe ŋutilã la ŋu.” Eya ta ‘nu siwo tututu míadi be míawɔ hafi la, míewɔa wo o.’ (Gal. 5:17) Be míaɖu nɔnɔme sia dzi la, ehiã be míado gbe ɖa vevie enumake ne susu vɔ̃wo va tame na mí alo tetekpɔwo va mía dzi, eye eyome míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple míaƒe gbedodoɖawo. “Tetekpɔ aɖeke mevaa [mía] dzi o, negbe esi tɔgbi vaa amegbetɔwo dzi la ko,” eye le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi.—1 Kor. 10:13.

19 Míeɖale akɔ kpem kple nɔnɔme sesẽ aɖe, le nyametsotso veviwo wɔm, alo míele agbagba dzem be yeaɖu tetekpɔwo dzi o, Yehowa na nunana nyui aɖe mí si akpe ɖe mí ŋu—eyae nye gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔ xɔasi la. Gbedodoɖa na Yehowa ɖenɛ fiana be míeɖoa ŋu ɖe eŋu. Ele be míayi edzi anɔ Mawu biam be wòana gbɔgbɔ kɔkɔe la mí be wòafia mɔ mí ahado ŋusẽ mí. (Luka 11:9-13) Eye mina míaɖoe kplikpaa be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye míagaɖo dzi ɖe míawo ŋutɔwo ƒe gɔmesese ŋu o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔawo.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu kae nèsrɔ̃ tso Xizkiya, Xana, kple Yona gbɔ le ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu me?

• Aleke David kple Yosua ƒe kpɔɖeŋuawo na míekpɔe be ehiã be míakpɔ nyuie ne míele nyametsotsowo wɔm?

• Ɣeyiɣi kae nye nyuitɔ si míado gbe ɖa be míaɖu tetekpɔwo dzi?

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Le agbagbadzedze be míaɖu tetekpɔwo dzi me la, ɣekaɣie gbedodoɖa ɖea vi wu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe