Exlẽlawo Bia Be . . .
Ðe Anyigba Atsrɔ̃ Le Ƒe 2012 Mea?
▪ “Ame siwo xɔe se be xexea le nu wu ge la le zi nyem ɖe France ƒe kɔƒe aɖe me . . . Woxɔe se be nuwuwua ava le December 21 lia, ƒe 2012, si nye Mayatɔwo ƒe blemaɣletigbalẽ si me ƒe 5,125 le la ƒe ŋkeke mamlɛtɔ dzi.”—BBC News.
Togbɔ be subɔsubɔhakplɔlawo, ame siwo be yewonye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo, kple egbegbe etsɔmegblɔɖilawo, ɖea gbeƒã xexea ƒe tsɔtsrɔ̃ hã la, anyigba la anɔ anyi eteƒe nadidi ŋutɔ. Anyigba matsrɔ̃ le ƒe 2012 me o. Le nyateƒe me la, menye ɖeko anyigba akpɔtɔ anɔ anyi le ƒe ma megbe o, ke anɔ anyi tegbee hã.
Biblia gblɔ na mí be: “Dzidzime nu yina, eye bubu vana; ke anyigba ya li tegbee.” (Nyagblɔla 1:4) Azɔ hã, bu nu si Yesaya 45:18 me nyawo fia ŋu kpɔ. Afi ma gblɔ be: “Ale Yehowa, . . . ame si mè anyigba, eye wòwɔe; eya ame si ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi la, gblɔ esi: ‘Nyee nye Mawu, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.’”
Ðe vifofo lɔ̃ame aɖe atsɔ gaƒoƒo geɖe awɔ fefenu si le akrovi ƒe nɔnɔme me la na viaŋutsuvi alo awɔ fefenu nyui aɖe na vianyɔnuvi, eye esi wòtsɔe na ɖevia wòle dzidzɔ kpɔm ɖe eŋu ko la, wòagaxɔe le esi enumake agblẽ edomea? Ðe esia manye tagbɔsesẽ oa? Le mɔ ma ke nu la, amegbetɔwo koŋ tae Mawu wɔ anyigba ɖo bena woase vivi le edzi. Mawu gblɔ na atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.” Eyome “Mawu kpɔ nu siwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.” (1 Mose 1:27, 28, 31) Mawu meŋlɔ tame si wòɖo ɖe anyigba ŋu be o; maɖe mɔ woatsrɔ̃ anyigba la o. Yehowa tsɔ kakaɖedzi gblɔ tso eƒe ŋugbedodowo katã ŋu be: “Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nu si gbe meɖoe ɖo la hafi.”—Yesaya 55:11.
Ke hã, Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue wònye be yeahe “gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.” (Nyaɖeɖefia 11:18) Edo ŋugbe le eƒe Nya, Biblia me be: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”—Lododowo 2:21, 22.
Ɣekaɣie nu sia adzɔ? Ame aɖeke menya o. Yesu gblɔ be: “Le ŋkeke ma alo gaƒoƒo ma ŋuti la ame aɖeke menyae o, mawudɔla, siwo le dziƒo, hã menyae o, Vi la ŋutɔ hã menyae o, negbe Fofo la ko.” (Marko 13:32) Yehowa Ðasefowo medzea agbagba be yewoagblɔ ŋkeke si dzi woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la ɖi o. Togbɔ be wonɔa ŋudzɔ ɖe nuwuwua ƒe “dzesi” la ŋu, eye woxɔe se be ameƒomea le “ŋkeke mamlɛawo,” si ŋu Biblia ƒo nu tsoe me hã la, womate ŋu anya ŋkeke si tututu dzi “nuwuwu la” ava o. (Marko 13:4-8, 33; 2 Timoteo 3:1) Wogblẽ ema ya ɖe wo Fofo si le dziƒo kpakple Via ɖeɖe ko si me.
Ke hafi ŋkeke ma naɖo la, Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe la ŋuti nya nyuia. Fiaɖuƒe mae nye dziƒodziɖuɖu si aɖu anyigba dzi ahatrɔe wòazu paradiso, eye ‘ame dzɔdzɔewo anyi edome ahanɔ edzi tegbee.’—Psalmo 37:29.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 10]
Image Science and Analysis Laboratory, NASA-Johnson Space Center