Lɛta Si Tso Norway
Gbeƒãɖeɖe Le Snonyigba Gã Aɖe Dzi
MÍEFƆ ŋdi kanya hedo mo ɖe fesre to be míakpɔ ale si yame ƒe nɔnɔme le ɖa. Vuvɔŋɔli mee, eye dzi dzɔ mí ale gbegbe esi míekpɔ ale si yame kɔ hele blɔ! Míeyina Finnmarksvidda, si nye kponyigba gã gbadza aɖe si le afi si nye Arctic Circle la ƒe dziehe aɖanɔ afi ma ŋkeke etɔ̃ aɖe gbeƒã Biblia me gbedeasia.
Yame fana ŋutɔ le Norway le vuvɔŋɔli me, eya ta míenɔ vɔvɔ̃m vie na dziehenutoawo me yiyi. Ke dzidzɔtɔe la, míawo kple Yehowa Ðasefo etɔ̃ bubu siwo le nutoa me lae le mɔa zɔ ge. Wonya teƒea nyuie, eye woɖo aɖaŋu nyuiwo na mí.
Mɔdodo ʋɛ aɖewo koe le afi sia. Mɔ nyuitɔ si dzi ame ato aɖo ame siwo le didiƒewo gbɔ lae nye be wòazã snodzizɔʋu. Míetsɔ míaƒe awuwo, nuɖuɖu, kple mɔ̃memi da ɖe snodzizɔʋua kple agbatsɔnu si míetsi ɖe megbe nɛ la me. Kponyigba gã gbadza si dzi sno le la dze ŋgɔ mí de didiƒe ʋĩi. Ɣea ƒe keklẽ na sno la le dzo dam abe kpe xɔasiwo ene. Edze ani ale gbegbe!
Lã vovovowo abe kpagbadzoɖekɛ, ƒeɖekadzoɖekɛ, lãkle ƒomevi aɖe, fɔmiziwo, abeiwo, sisiblisi ʋɛ aɖewo kple gbemelã bubuwo ene, le Finnmarksvidda. Ke ame siwo tso aƒe ɖe nuto tsoabo sia me la koŋue míedi be míakpɔ. Míenɔ mɔ kpɔm vevie be miado go Samitɔwo. Wo dometɔ aɖewo nye kpagbadzoɖekɛ nyilawo, eye bubuwo hã wɔa dɔ le amedzrodzeƒe siwo le toa dzi la me.
Esi míegogo amedzrodzeƒe gbãtɔ la, míedo go sɔhɛ gbogbo aɖewo siwo nɔ tsa ɖim le sno dzi kple woƒe sukuhatiwo. Esi wokpɔ mí la, wotɔ hebia mí be nu ka wɔm míele le nutoa me hã. Dzidzɔe wònye na mí be míaɖe nu si wɔm míele la me na wo. Hafi míaklã la, wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Eme nenyo na mi!” Esi míegage ɖe míaƒe snodzizɔʋuwo me la, míetso tsita gã siwo trɔ zu tsikpe la, hezɔ gbegbe si dzi sno le. Ðe míakpɔ kpagbadzoɖekɛ ƒe ha aɖe le mɔa dzia?
Esi míeɖo ta aƒe sue aɖe gbɔ la, ŋutsu aɖe do gbe na mí vividoɖeameŋutɔe. Enye ame ʋɛ siwo le nutoa me koŋ la dometɔ ɖeka. Esi wòde dzesii be nane gblẽ le míaƒe agbatsɔnua ŋu la, elɔ̃ faa be yeadzrae ɖo na mí. Egbɔ dzi ɖi; amewo gbɔa dzi ɖe dɔ ŋu wɔna le nuto sia me. Eƒe nɔnɔmea na míawo hã míeɖe dzi ɖi. Esi wòdzra agbatsɔnua ɖo vɔ la, míeda akpe nɛ hedzro nya si Biblia gblɔ tso nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo la me kplii kpuie. Eɖo to nyuie. Esi míeɖo dzea kplii vɔ la, míenae agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? kpakple Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo. Eko alɔgbɔnu hegblɔ bena, “Miawoe va srã ame kpɔ.”
Esi míegade ame ʋɛ aɖewo gbɔ la, anyigba de asi tsyɔtsyɔ me, eya ta míeɖo ta xɔvi si me míava tsi adɔ la gbɔ. Kasia, míekpɔ abei aɖe. Ale si abei la ƒe fu le dzĩe evɔ sno si dzi zɔm wòle la fu tititi la nya kpɔ na mí ŋutɔ. Abei la tɔ hekpɔ mí sẽe hafi gaɖe zɔ. Fifia sno de asi dzadza me si wɔe be míegate ŋu nɔ mɔa dzi kpɔm nyuie tututu o. Aleke gbegbe dzi dzɔ míi enye esi esi míekpɔ míaƒe xɔvia mlɔeba! Míedo dzo ɖe gamlekpui dzi, eye ʋɛʋɛʋɛ la dzo gbɔ ɖe teƒea. Togbɔ be mɔ dzekpodzeʋee legbe si míezɔ le míaƒe snodzizɔʋua me la te ɖeɖi mía ŋu hã la, dzi nɔ mía dzɔm.
Kasia, ŋu ke xoxo. Míefɔ nu siwo míazã la kɔ ɖe snodzizɔʋua me heɖi abu zɔ to tɔʋu aɖe me va do ɖe amedzrodzeƒe bubu. Míedo go ɖekakpui aɖe le afi ma, eye míedzro Biblia me nya tuameɖo geɖe me kplii. Efia afi si míato ava do ɖe mɔa dzi bɔbɔe la mí dɔmenyotɔe.
Egbeae nye míaƒe ŋkeke mamlɛtɔ le nutoa me. Esi míenɔ gegem ɖe tsaɖibɔ aɖe (Stabbursdalen National Park) me la, míede dzesi ale si gbegbe teƒea dze anii, kpakple ale si ŋdɔa ƒe keklẽ na to siwo dzi sno le la nɔ dzo damee la le adzɔge ɖaa. Kasia, míekpɔ kpagbadzoɖekɛ ƒe ha gã aɖe le mía ŋgɔ! Woɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le gbe ɖum. Wotsɔ woƒe afɔkliwo le snoa me kam bene yewoakpɔ gbea le ete aɖu. Míekpɔ Samigbedola aɖe le adzɔge wònɔ anyi ɖe eƒe snodzizɔʋu me. Enɔ anyi kpoo le ŋku lém ɖe eƒe kpagbadzoɖekɛawo ŋu. Eƒe avua le ŋku lém ɖe lãhaa ŋu hele egbɔ kpɔm be womagaka ahlẽ o. Avua nyè kɔ kpɔ mí heʋẽ yame se. Ke hã, egatrɔ ɖe eƒe dɔ ŋu enumake. Míegblɔ míaƒe gbedeasia na lãkplɔla la. Exɔ mí nyuie heɖo to hã.
Esi míenɔ kilometa 300 ƒe mɔa zɔm yina aƒe la, ame siwo gbɔ míede va yi la ƒe nu nɔ susu me na mí. Míese le mía ɖokui me be mɔnukpɔkpɔe wònye su mía si be míekpɔ gome le gbeƒãɖeɖe na ame siwo le snonyigba gã sia dzi me.
[Nɔnɔmetatawo Tsoƒe si le axa 15]
© Norway Post