INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 12/1 axa 16-17
  • Aleke Míawɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Míawɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tia Xɔlɔ̃ Siwo Lɔ̃ Mawu
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Ðɔ Ŋu Ðo Le Ame Siwo Nàdze Xɔlɔ̃e La Tiatia Me
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Àte Ŋu Anye Yehowa Xɔlɔ̃
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Lɔ̃ Ame Siwo Mawu Lɔ̃na
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 12/1 axa 16-17

Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me

Aleke Míawɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo?

Nyati sia adzro nyabiase siwo nànya nɔ ŋuɖoɖo dim na la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.

1. Nu ka tae wòle be míakpɔ nyuie le ame si míadze xɔ̃e ŋu?

Ame sia ame kloe dina be woalɔ̃ yeƒe nya. Didi sia wɔnɛ be míedina be míawɔ nu abe ame siwo dome míele la ene. Eya ta mía xɔlɔ̃wo kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe nɔnɔme siwo míetuna ɖo le ememe la dzi. Le esia ta, ame siwo míedzea xɔ̃e la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame si ƒomevi míava nye dzi.—Xlẽ Lododowo 4:23; 13:20.

David, ame si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã wòŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖe la, ɖɔ ŋu ɖo le xɔlɔ̃wo tiatia me. Ede ha kple ame siwo akpe ɖe eŋu wòalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu si wòsubɔna la. (Psalmo 26:4, 5, 11, 12) Le kpɔɖeŋu me, David kple Yonatan nye xɔlɔ̃ nyuiwo elabena Yonatan dea dzi ƒo nɛ be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.—Xlẽ 1 Samuel 23:16-18.

2. Aleke nàwɔ anye Mawu xɔlɔ̃?

Togbɔ be Yehowa nye ŋusẽkatãtɔ hã la, míate ŋu anye exɔlɔ̃wo. Le kpɔɖeŋu me, Abraham nye Mawu xɔlɔ̃. Abraham ka ɖe Yehowa dzi heɖo toe, esia tae wònye Yehowa xɔlɔ̃ ɖo. (1 Mose 22:2, 9-12; Yakobo 2:21-23) Ne míeka ɖe Yehowa dzi hewɔ eƒe gbe dzi la, míawo hã míate ŋu ava zu Mawu xɔlɔ̃wo.—Xlẽ Psalmo 15:1, 2.

3. Aleke xɔlɔ̃ vavãwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe?

Xɔlɔ̃ vavãwo awɔ nuteƒe na wò, eye woakpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu nyui. (Lododowo 17:17; 18:24) Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be anɔ eme be Yonatan tsi wu David ƒe 30, eye Yonatan ye wòle be wòanyi fofoa dome aɖu Israel dzi hã la, ede David dzi nuteƒewɔwɔtɔe, elabena Mawu tia David be wòanye fia. Azɔ hã, dzi anɔ xɔlɔ̃ vavãwo ƒo be woaɖɔ wò ɖo ne wokpɔ be èle afɔ gbegblẽ aɖe ɖem. (Psalmo 141:5) Xɔlɔ̃ siwo lɔ̃ Mawu akpe ɖe ŋuwò nàtu nɔnɔme nyuiwo ɖo.—Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:33.

Àte ŋu akpɔ ame siwo hã lɔ̃a nu nyui wɔwɔ abe wò ke ene la le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me. Le afi ma la, àkpɔ xɔlɔ̃ siwo ade dzi ƒo na wò esime nèle agbagba dzem be yeadze Mawu ŋu.—Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.

Ke hã, xɔlɔ̃ siwo lɔ̃ Mawu la gɔ̃ hã ate ŋu awɔ nane si ate ɖe mía dzi. Dzi meganɔ kuwòm kabakaba ɖe woƒe vodadawo ta o. (Nyagblɔla 7:9, 20-22) Ðo ŋku edzi be xɔlɔ̃ aɖeke mede blibo o, eye xɔlɔ̃ siwo lɔ̃ Mawu la le vevie na mí. Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na mí be míatsɔ mía nɔvi Kristotɔwo ƒe vodadawo ake wo.—Xlẽ Kolosetɔwo 3:13.

4. Ke ne xɔlɔ̃wo tsi tre ɖe ŋuwò ɖe?

Ame geɖe kpɔe be ne ame aɖe le kpekpem ɖe yewo ŋu be yewoase Mawu ƒe Nyaa gɔme la, yewo xɔlɔ̃ tsãtɔ aɖewo tsia tre ɖe yewo ŋu. Ðewohĩ xɔlɔ̃ mawo mese mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le kple mɔfiame nyui siwo le Biblia me la gɔme o. Ðewohĩ àte ŋu akpe ɖe wo ŋu.—Xlẽ Kolosetɔwo 4:6.

Xɔ̃wòwo ate ŋu agblɔ nya manyomanyowo ɖe nya nyui si le Mawu ƒe Nyaa me ŋu. (2 Petro 3:3, 4) Esi nèle agbagba dzem be yeawɔ nu nyui ta la, wo dometɔ aɖewo aɖe alɔme le ŋuwò. (1 Petro 4:4) Ne esia dzɔ la, ke ahiã be nàtiae nenye be àyi edzi anye wo xɔlɔ̃ loo alo nànye Mawu xɔlɔ̃. Ne ètiae be yeanye Mawu xɔlɔ̃ la, ekema xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake si ate ŋu asu ame si lae nye ema nètia.—Xlẽ Yakobo 4:4, 8.

Kpɔ agbalẽ sia, Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 12 kple 19 lia, be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe