Mawu Ƒe Gbɔgbɔa Fia Mɔ Nuteƒewɔla Siwo Nɔ Anyi Le Blema
“Aƒetɔ Yehowa kple eƒe gbɔgbɔ la ɖom ɖa.”—YES. 48:16.
1, 2. Nu kae míehiã hafi míate ŋu awɔ nu le xɔse me, eye ne míedzro nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema ƒe kpɔɖeŋuwo me la, aleke wòado ŋusẽ míi?
TOGBƆ be tso keke Habel dzi ke ame geɖewo ɖe xɔse fia hã la, Biblia gblɔ na mí be: “Menye amewo katã sie xɔse le o.” (2 Tes. 3:2) Ke aleke wɔ xɔse sua ame si, eye nu kae kpena ɖe ame ŋu wòléa xɔse me ɖe asi? Míenyae be hafi xɔse nasu mía si la, ehiã be sidzedze si le Mawu ƒe Nya la me nasu mía si, elabena Biblia gblɔ be: “Nu si wose la mee xɔse tsona.” (Rom. 10:17) Xɔse nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22, 23) Eya ta míehiã gbɔgbɔ kɔkɔea hafi xɔse sẽŋu nasu mía si eye míawɔ nu le xɔse me.
2 Anye vodada be míasusui be ɖe wodzi ŋutsu kple nyɔnu siwo si xɔse nɔ la xɔsetɔwoe, eye be xɔse vana le eɖokui si. Mawusubɔla kpɔɖeŋu nyui ɖola siwo ƒe ŋutinya míexlẽna le Biblia me la nye ame siwo “ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo.” (Yak. 5:17) Ðikeke nɔ wo me, ŋɔdzi lé wo, eye wogbɔdzɔ ɣeaɖewoɣi, gake Mawu to eƒe gbɔgbɔa dzi “[na] ŋusẽ ɖo wo ŋu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me” ale be wodo dzi le nɔnɔme sesẽwo me. (Heb. 11:34) Ne míedzro ale si Yehowa ƒe gbɔgbɔa kpe ɖe wo ŋui me la, ado ŋusẽ mí ame siwo li egbea be míayi edzi awɔ nuteƒe le xɔse ƒe dodokpɔwo me, abe ale si míele ewɔm fifia ene.
Mawu Ƒe Gbɔgbɔa Do Ŋusẽ Mose
3-5. (a) Aleke míewɔ nya be gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Mose ŋu le dɔ si wode asi nɛ la wɔwɔ me? (b) Nu kae Mose ƒe kpɔɖeŋua fia mí le ale si Yehowa naa eƒe gbɔgbɔ lae ŋu?
3 Mose ye “fa wu” le ame siwo katã nɔ anyi le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la dome. (4 Mose 12:3) Mawusubɔla fatu sia ye Yehowa tsɔ Israel dukɔa kpɔkplɔ, si nye agba kpekpe la, de asi na. Mawu ƒe gbɔgbɔ do ŋusẽ Mose wògblɔ nya ɖi, wòdrɔ̃ ʋɔnu, wòkplɔ dukɔa, eye wòwɔ nukunuwo. (Mixlẽ Yesaya 63:11-14.) Ke hã ɣeaɖeɣi la, Mose xa nu be agbaa le kpekpem na ye akpa. (4 Mose 11:14, 15) Eya ta Yehowa ‘ɖe gbɔgbɔ,’ si le Mose dzi la “ƒe ɖe” da ɖe ame 70 bubuwo dzi be woakpe ɖe eŋu wòatsɔ agba la. (4 Mose 11:16, 17) Togbɔ be edze abe agbaa nɔ kpekpem akpa na Mose ene hã la, le nyateƒe me la, menɔ agba la tsɔm le eɖokui si o—nenema kee ame 70 siwo wotia kpe ɖe eŋu hã metsɔ agba la le wo ɖokuiwo si o.
4 Wona gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe agbɔsɔsɔme si Mose hiã lae. Esime Yehowa na gbɔgbɔ kɔkɔea ame 70-awo megbe hã la, gbɔgbɔ kɔkɔea agbɔsɔsɔme si Mose hiã na dɔa wɔwɔ la ganɔ esi kokoko. Gbɔgbɔa ƒe agbɔsɔsɔme si wona Mose la menɔ ʋɛe akpa o, eye ame 70 la hã mexɔe wòsɔ gbɔ wu ale si dze o. Yehowa naa eƒe gbɔgbɔ la ƒe agbɔsɔsɔme si míehiã la mí le nɔnɔme siwo me tom míele nu. “Medzidzea gbɔgbɔ la hafi tsɔnɛ nana o,” ke boŋ enanɛ mí “tso eƒe nu siwo gba go la me.”—Yoh. 1:16; 3:34.
5 Ðe nèle dodokpɔwo me toma? Ðe nèse le ɖokuiwò me be wò agbanɔamedziwo le agbɔ sɔm ale gbegbe be ɣeyiɣia mele dedem na wò oa? Ðe nèle ʋiʋlim sesĩe kple ganyawo ƒe sesẽ si le gã dom ɖe edzi la alo le ʋiʋlim kple lãmesẽkuxiwo, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, nèle agbagba dzem be yeakpɔ yeƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔ me kple ŋutilãme nuhiahiãwo gbɔ na woa? Ðe agba kpekpe geɖewo le dziwò le hamea mea? Ne aleae wòle la, ka ɖe edzi be Mawu ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔa dzi ana ŋusẽ si nèhiã le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la wò.—Rom. 15:13.
Gbɔgbɔ Kɔkɔea Na Bezaleel Dze
6-8. (a) Nu kae Mawu ƒe gbɔgbɔa kpe ɖe Bezaleel kple Oholiab ŋu wowɔ? (b) Nu kae ɖee fia be Mawu ƒe gbɔgbɔa ye kpe ɖe Bezaleel kple Oholiab ŋu? (d) Nu ka tae Bezaleel ƒe kpɔɖeŋua dea dzi ƒo na mí egbea?
6 Nu si me Mose ŋɔli me tɔ Bezaleel to la kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ale si Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu afia mɔ míi. (Mixlẽ 2 Mose 35:30-35.) Yehowa tia Bezaleel be wòaxɔ ŋgɔ le nu siwo woatsɔ atu avɔgbadɔa kple nu siwo anɔ eme la wɔwɔ me. Ðe wònya aɖaŋudɔwo wɔwɔ xoxo hafi wotsɔ dɔ gã sia de asi nɛa? Ðewohĩ; gake anɔ eme godoo be aɖaŋudɔ mamlɛtɔ si wòwɔe nye anyikpewo memè na Egiptetɔwo. (2 Mose 1:13, 14) Ekema aleke wɔ Bezaleel te ŋu wɔ dɔ sesẽ si wode esi la de goe? Yehowa “[tsɔ] Mawu ƒe gbɔgbɔ, si fiaa nunya, gɔmesese, sidzedze kple aɖaŋu vovovowo wɔwɔ la, de eme fũu, bena wòabu tame anya . . . aɖaŋu vovovowo wɔwɔ.” Ŋutete ka kee ɖanɔ Bezaleel si le dzɔdzɔme nu o, gbɔgbɔ kɔkɔea na wòanya bi ɖe edzi wu tsã. Nenema tututue wònɔ le Oholiab hã gome. Bezaleel kple Oholiab anya bi ɖe dɔa me nyuie ŋutɔ, elabena menye ɖeko wowɔ dɔ si wode asi na wo o, ke wofia dɔa ame bubuwo hã. Ɛ̃, Mawu de nunya tame na wo be woate ŋu afia nu.
7 Kpeɖodzi bubu si ɖee fia be Mawu ƒe gbɔgbɔa fia mɔ Bezaleel kple Oholiab la dze ƒãa le ƒe gbogbo siwo aɖaŋunu siwo wowɔ la nɔ anyi la me. Dukɔa kpɔtɔ nɔ nu siwo wowɔ la zãm ƒe 500 aɖewo megbe. (2 Kron. 1:2-6) Bezaleel kple Oholiab medi be woada yewoƒe ŋkɔwo ɖe nu siwo yewowɔ la dzi abe ale si amewo wɔnɛ egbea ene o. Ke boŋ nu siwo wowɔ la ƒe kafukafua katã yi na Yehowa.—2 Mose 36:1, 2.
8 Ate ŋu adzɔ egbea be woade dɔ sesẽ aɖe, si wɔwɔ bia aɖaŋu tɔxɛ la asi na mí; ate ŋu anye xɔtutu, agbalẽtata, ɖoɖowɔwɔ ɖe takpekpewo ŋu, kpekpeɖeŋunadɔwo dzi kpɔkpɔ, kpakple gododo kple ɖɔktawo kpakple kɔdzidɔwɔlawo ahaɖe tenɔnɔ si le mía si le Ŋɔŋlɔawo nu le ʋudodo ŋu la me na wo. Ɣeaɖewoɣi la, nɔvi siwo bi ɖe dɔ siawo me lae kpɔa wo gbɔ, gake zi geɖe la, mía nɔvi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo menya naneke tso dɔ siawo ŋu o lae wodea wo asi na. Mawu ƒe gbɔgbɔa nana wokpɔa dzidzedze le dɔa wɔwɔ me. Ðe wode dɔ aɖe asi na wò le Yehowa ƒe habɔbɔa me eye nèdo taflatsɛ le exɔxɔ ŋu, le esi nèsusu be ame bubuwo dze awɔe wu wò ta? Ðo ŋku edzi be Yehowa ƒe gbɔgbɔa ate ŋu ana wò sidzedze kple ŋutetewo nadzi ɖe edzi eye wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ dɔ si wode asi na wò la ade goe.
Mawu Ƒe Gbɔgbɔa Kpe Ðe Yosua Ŋu Wòkpɔ Dzidzedze
9. Esime Israel viwo ʋu tso Egipte megbe la, nɔnɔme ka mee wova kpɔ wo ɖokuiwo le, eye nyabiase kae fɔ ɖe te?
9 Mawu ƒe gbɔgbɔa fia mɔ Mose kple Bezaleel ŋɔli me tɔ bubu aɖe hã. Esi Mawu ƒe dukɔ Israel ʋu tso Egipte megbe kpuie la, Amalekitɔwo ho aʋa ɖe wo ŋu. Eva hiã be Israel viwo nawɔ aʋa kple woƒe futɔawo. Togbɔ be Israel viwo menya naneke kura tso aʋawɔwɔ ŋu o hã la, eva hiã be woawɔ aʋa gbãtɔ tso esime wozu ablɔɖeviwo. (2 Mose 13:17; 17:8) Ehiã be ame aɖe naxɔ ŋgɔ na Israel ƒe aʋakɔa. Ame kae wòanye?
10. Nu ka tae Yosua kpakple Israel viwo ɖu aʋa la dzi?
10 Yehowa tia Yosua, gake menye esi Yosua nɔ aʋakɔwo ŋgɔ kpɔ tae wòtiae ɖo o. Nu kae wònya tso aʋawɔwɔ ŋu? Kluvi si mèa anyikpe ye wònye tsã. Eye le gbeadzi la, efɔa mana si wòɖuna gbe sia gbe. Enye nyateƒe be Yosua tɔgbui Elisama ye nye Efrayim to la ƒe amegã eye wònɔ aʋawɔla 108,100 sɔŋ nu. (4 Mose 2:18, 24; 1 Kron. 7:26, 27) Ke hã Yehowa megblɔ na Mose be wòatia Elisama loo, alo viaŋutsu Nun o, ke boŋ Yosua ye wòtia be wòaxɔ ŋgɔ na aʋakɔ si aɖu futɔawo dzi la. Wowɔ aʋa la tso ŋdi ʋuu esusɔ vie zã nado. Esi Yosua ɖo to Mawu bliboe eye wòɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔe ta la, Israel viwo ɖu aʋaa dzi!—2 Mose 17:9-13.
11. Aleke míawɔ akpɔ dzidzedze le subɔsubɔdɔ kɔkɔea me abe Yosua ene?
11 Emegbe la, Yosua si ‘nunyagbɔgbɔ yɔ fũu’ la va xɔ ɖe Mose teƒe. (5 Mose 34:9) Gbɔgbɔ kɔkɔe la mena nyagbɔgblɔɖi ƒe ŋutete Yosua alo na wòwɔ nukunuwo abe ale si wònɔ le Mose gome ene o, gake gbɔgbɔa kpe ɖe Yosua ŋu wònɔ ŋgɔ na Israel viwo le aʋa siwo wowɔ kple Kanaantɔwo heɖu wo dzi la me. Egbea la, míate ŋu ase le mía ɖokui me be nuteƒekpɔkpɔ mesu mía si o alo míedze awɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa aɖewo o. Ke hã abe Yosua ene la, ne míewɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafiawo dzi pɛpɛpɛ la, míakpɔ dzidzedze godoo.—Yos. 1:7-9.
“Yehowa Ƒe Gbɔgbɔ Yɔ Gideon Me Fũu”
12-14. (a) Nu kae nyateƒe si wònye be Israel ƒe aʋakɔ sue la te ŋu ɖu Midiantɔwo ƒe aʋakɔ gã nyadri ma dzi la ɖe fia? (b) Aleke Yehowa na kakaɖedzi Gideon? (d) Aleke Mawu naa kakaɖedzi mí egbea be yele megbe na mí?
12 Le Yosua ƒe ku megbe la, Yehowa yi edzi zã gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ do ŋusẽ nuteƒewɔlawo. Amegbetɔ siwo “wona ŋusẽ ɖo wo ŋu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me” la ƒe ŋutinya gbogbo aɖewo le Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe agbalẽa me. (Heb. 11:34) Mawu to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ʋã Gideon wòwɔ aʋa ɖe Eƒe dukɔ la nu. (Ʋɔn. 6:34) Gideon ƒe aʋakɔa kpe ta, gake Midiantɔwo ƒe asrafowo sɔ gbɔ wu wo zi gbɔ zi ene. Gake Yehowa ya kpɔe be Israel ƒe aʋakɔ sue ma gɔ̃ hã sɔ gbɔ akpa. Eya ta ena Gideon ɖe aʋawɔlawo dzi kpɔtɔ zi eve sɔŋ ale be futɔawo ƒe aʋawɔlawo va sɔ gbɔ wu Israel ƒe aʋawɔlawo zi gbɔ zi 450 sɔŋ. (Ʋɔn. 7:2-8; 8:10) Israel ƒe aʋawɔla ʋɛ mawo dzie Yehowa da asi ɖo. Ne Israel ɖu Midiantɔawo dzi la, ame kae ate ŋu aƒo adegbe agblɔ be amegbetɔwo ƒe ŋutete alo nunya mee wòtso be woɖu dzi?
13 Gideon kple eƒe amewo le dzadzraɖoɖi ɖe aʋawɔwɔ ŋu. Ne ɖe ènɔ aʋawɔla ʋɛ mawo dome la, ɖe nàkpɔe be yele dedie esi nènyae be woɖe vɔvɔ̃nɔtɔwo kple ame siwo mele ŋudzɔ tututu o la ɖa le mia domea? Alo ɖe wò dzi anɔ tsotsom ne èbu ale si aʋaa ava yii ŋua? Míate ŋu aka ɖe edzi be Gideon ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Nu si wogblɔ nɛ be wòawɔ lae wòwɔ! (Mixlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:9-14.) Esi Gideon bia Yehowa be wòana dzesi aɖe ye si aɖo kpe edzi be anɔ kpli ye la, Yehowa medo dziku ɖe eŋu o. (Ʋɔn. 6:36-40) Ke boŋ edo ŋusẽ Gideon ƒe xɔse.
14 Seɖoƒe meli na Yehowa ƒe ameɖeŋusẽ o. Ate ŋu aɖe eƒe amewo tso nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me, eye ate ŋu awɔ esia to ame siwo wòdze abe wogbɔdzɔ alo ŋutete mele wo ŋu o ene gɔ̃ hã dzi. Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu awɔ na mí be míaƒe futɔwo sɔ gbɔ wu mí, alo be míele nɔnɔme madeamedzi aɖe me. Ke hã míawo ya míekpɔa mɔ be Mawu nato nukumɔ aɖe dzi aka ɖe edzi na mí be yele megbe na mí abe ale si wòwɔe na Gideon ene o, gake míate ŋu akpɔ mɔfiame kple kakaɖedzinya gbogbo aɖewo to Mawu ƒe Nya la kple eƒe habɔbɔ si eƒe gbɔgbɔ fiaa mɔe la dzi. (Rom. 8:31, 32) Ŋugbe siwo lɔlɔ̃ ʋã Yehowa wòdo na mí la doa ŋusẽ míaƒe xɔse, eye wonana míekana ɖe edzi be enye míaƒe Kpeɖeŋutɔ vavã!
“Yehowa Ƒe Gbɔgbɔ Dze Yefta Dzi”
15, 16. Nu ka tae Yefta vinyɔnua lɔ̃ faa tsɔ nu geɖe sa vɔe, eye aleke esia dea dzi ƒo na dzilawo?
15 Bu kpɔɖeŋu bubu hã ŋu kpɔ. Esime wòva hiã be Israel viwo nawɔ aʋa kple Amonitɔwo la, “Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze Yefta dzi.” Esi Yefta di vevie be yeaɖu aʋa la dzi hena Yehowa ƒe kafukafu ta la, edo ŋugbe aɖe si va bia tso esi be wòatsɔ nu xɔasi aɖe asa vɔe. Yefta do ŋugbe be ne Mawu na yeɖu Amonitɔwo dzi la, ame gbãtɔ si ado tso yeƒe aƒe me ava kpe ye la azu Yehowa tɔ. Esi Yefta ɖu Amonitɔwo dzi trɔ gbɔna aƒe me la, vianyɔnu ye va kpee. (Ʋɔn. 11:29-31, 34) Ðe esia wɔ nuku na Yefta? Ao, mewɔ nuku nɛ o, elabena vi ɖeka koe le esi. Ewɔ ŋugbe si wòdo la dzi esi wòɖo vianyɔnua ɖa be wòaɖasubɔ le Yehowa ƒe aƒe me le Silo. Esi Yefta vinyɔnua nye Yehowa subɔla wɔnuteƒe ta la, ekpɔe be ele be ye fofo nawɔ ɖe ŋugbe si wòdo la dzi. (Mixlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:36.) Yehowa ƒe gbɔgbɔa na ŋusẽ si wo ame evea siaa hiã la wo.
16 Nu ka tae Yefta vinyɔnua lɔ̃ faa tsɔ nu geɖe sa vɔe be yeasubɔ Yehowa? Ðikeke mele eme o be, dzonɔameme kpakple mawuvɔvɔ̃ si le fofoa me ɖe Yehowa ŋu lae kpe ɖe eŋu wòtu xɔse sesẽ ɖo. Dzilawo, mia viwo le kpɔɖeŋu siwo mieɖona la kpɔm. Miaƒe nyametsotsowo ɖenɛ fiana be miexɔ nya siwo miegblɔna la dzi se. Mia viwo léa ŋku ɖe ale si miedoa gbe ɖa vevie, ale si miefiaa nu nyuie, kple kpɔɖeŋu nyui siwo mieɖona ku ɖe ale si wòle be ame nasubɔ Yehowa tso dzi blibo me ŋui la ŋu. Esiawo katã ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woalɔ̃ be Yehowa nazã yewo le eƒe subɔsubɔdɔa me. Esia hea dzidzɔ vanɛ.
‘Yehowa Ƒe Gbɔgbɔ Va Simson Dzi’
17. Nu kae Mawu ƒe gbɔgbɔa kpe ɖe Simson ŋu wòwɔ?
17 Bu ame bubu aɖe hã si ŋu Mawu ƒe gbɔgbɔa kpe ɖo la ŋu kpɔ. Esime Filistitɔwo nɔ Israel viwo dzi ɖum ɣeyiɣi aɖe megbe la, ‘Yehowa ƒe gbɔgbɔ de asi Simson dzi dzedze me’ be wòaɖe Israel viwo tso wo si me. (Ʋɔn. 13:24, 25) Gbɔgbɔa do ŋusẽ Simson wòwɔ nu wɔnuku siwo ame bubu aɖeke mate ŋu awɔ o. Esi Filistitɔwo ƒoe ɖe Israel viwo, siwo nye Simson de tɔwo, nu be woalée avae la, “Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye ka, siwo le alɔ ŋu nɛ la, zu abe anazi, si dzo ƒo ene, eye bablawo bebe le asi ŋu nɛ.” (Ʋɔn. 15:14) Emegbe la, Simson wɔ nyametsotso gbegblẽ aɖe si na wògbɔdzɔ, gake esi ‘wòɖe xɔse fia’ la, ŋusẽ gaɖo eŋu ake hena zi mamlɛtɔ. (Heb. 11:32-34; Ʋɔn. 16:18-21, 28-30) Yehowa ƒe gbɔgbɔa dze Simson dzi le mɔ tɔxɛ aɖe nu, elabena nɔnɔme si me wònɔ la nɔ etɔxɛ kura. Ke hã ŋutinya me nudzɔdzɔ siawo dea dzi ƒo na mí ŋutɔ. Le mɔ ka nu?
18, 19. (a) Kakaɖedzi kae Simson ƒe ŋutinyaa na wòsu mía si? (b) Esi nèdzro nuteƒewɔla siwo míeyɔ le nyati sia me ƒe kpɔɖeŋuwo me la, aleke wòɖe vi na wòe?
18 Gbɔgbɔ si ŋu Simson ɖo ŋu ɖo la ke ŋue míawo hã míeɖoa ŋu ɖo egbea. Míeɖoa ŋu ɖe gbɔgbɔa ŋu ne míele gome kpɔm le dɔ si Yesu de asi na eyomedzelawo, si nye “be míaɖe gbeƒã na amewo, eye míaɖi ɖase tsitotsito,” la me. (Dɔw. 10:42) Dɔ sia wɔwɔ bia aɖaŋu siwo menɔa ame si le dzɔdzɔme nu o. Aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be Yehowa toa eƒe gbɔgbɔa dzi kpena ɖe mía ŋu míewɔa dɔ vovovo siwo katã wòde mía si la dea goe! Eya ta esi míele dɔ si wode mía si la wɔm la, míate ŋu agblɔ abe nyagblɔɖila Yesaya ke ene, esi wògblɔ be: “Aƒetɔ Yehowa kple eƒe gbɔgbɔ la ɖom ɖa.” (Yes. 48:16) Ɛ̃, Mawu ƒe gbɔgbɔa ye ɖo mí ɖa! Míetsɔa míaƒe dzi kuna ɖe dɔa ŋu kple kakaɖedzi be Yehowa ana ŋutete siwo le mía si la naganyo ɖe edzi wu, abe ale si wòwɔe na Mose, Bezaleel, kple Yosua ene. Míewɔa “gbɔgbɔ la ƒe yi, si nye Mawu ƒe nya,” la ŋu dɔ kple kakaɖedzi be Mawu ado ŋusẽ mí abe ale si wòdo ŋusẽ Gideon, Yefta, kple Simson ene. (Ef. 6:17, 18) Ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu mɔxenuwo dzi la, ŋusẽ ate ŋu anɔ mía ŋu le gbɔgbɔ me abe ale si ŋusẽ nɔ Simson ŋu le ŋutilãme ene.
19 Eme kɔ ƒãa be Yehowa yraa ame siwo nɔa tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa dzi sesĩe. Ne míewɔna ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia dzi la, míaƒe xɔse me gasẽna ɖe edzi geɖe wu. Eya ta ado dzidzɔ na mí ŋutɔ be míadzro nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi aɖewo siwo le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me hã me. Esia ana míakpɔ ale si Yehowa ƒe gbɔgbɔa kpe ɖe esubɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu—do ŋgɔ na ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea kple emegbe siaa. Míadzro nudzɔdzɔ siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.
Nu ka tae ale si gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Mawu subɔla siwo gbɔna ŋu la de dzi ƒo na wò?
• Mose
• Bezaleel
• Yosua
• Gideon
• Yefta
• Simson
[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]
Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu ana ŋusẽ nanɔ mía ŋu le gbɔgbɔ me abe ale si ŋusẽ nɔ Simson ŋu le ŋutilãme ene
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Dzilawo, kpɔɖeŋu nyui siwo mieɖona la wɔa dɔ ɖe mia viwo dzi