INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 1/15 axa 4-8
  • Kristotɔ Vavãwo Dea Bubu Mawu Ƒe Nya La Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kristotɔ Vavãwo Dea Bubu Mawu Ƒe Nya La Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • WOKPƆ NYA SESẼ AÐE GBƆ
  • VOVOTOTO SI DZE KƆTƐ
  • “LU” KPLE ‘GBE WUWLUIAWO’ SIAA TSI ÐEKAE
  • ‘WOMEBLA MAWU ƑE NYAA O’
  • Xɔsegbegbe la—Exe Mawu Didi ƒe Mɔ La
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Sɔlemeha Fofowo—Ðe Wode Biblia me Nyateƒea Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Kristotɔ Gbãtɔawo Kple Mose Ƒe Sea
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Woyɔ Wo Tso Viviti Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 1/15 axa 4-8

Kristotɔ Vavãwo Dea Bubu Mawu Ƒe Nya La Ŋu

“Wò nya la nye nyateƒe.”—YOH. 17:17.

DI NYA SIAWO ƑE ŊUÐOÐO:

Aleke kpekpe aɖe si wowɔ le Yerusalem le ƒe 49 M.Ŋ. me la to vovo na subɔsubɔhakplɔlawo ƒe adaŋudetakpekpe siwo wova wɔ emegbe?

Ame siwo ʋli Mawu ƒe Nya la ta le apostoloawo ƒe ku megbe la dometɔ aɖewo ɖe?

Aleke Kristotɔ wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le ƒe 1800 ƒe nuwuwu lɔƒo la srɔ̃ Biblia lae, eye nu ka tae wokpɔ dzidzedze ɖo?

1. Zi gbãtɔ si Yehowa Ðasefo aɖe ɖo dze kpli wò la, nu vevi siwo na nède dzesii be woto vovo na subɔsubɔha bubuwo la dometɔ ɖeka ɖe?

BU ZI gbãtɔ si Yehowa Ðasefo aɖe ɖo dze kpli wò la ŋu kpɔ. Nu ka dzie nèɖo ŋkui le dzeɖoɖoa ŋu? Ame geɖe agblɔ be, ‘Ale si Ðasefoa zã Biblia tsɔ ɖo nye nyabiasewo katã ŋu nam la wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.’ Aleke gbegbe míekpɔ dzidzɔe esi míeva srɔ̃ nu tso tameɖoɖo si le Mawu si na anyigba la, nu si dzɔna ne ame ku, kple mɔkpɔkpɔ si li na míaƒe ame vevi siwo ku la ŋue nye esi!

2. Susu siwo ta nèdea bubu Biblia ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?

2 Ke hã esi míeyi míaƒe nusɔsrɔ̃a dzi la, míeva kpɔe be menye ɖeko Biblia ɖoa nyabiase siwo le mía si ku ɖe agbe, ku, kple etsɔme ŋu la ŋu ko evɔ o; míeva de dzesii be Bibliae nye agbalẽ si ɖea vi na ame wu le xexea me. Aɖaŋuɖoɖo siwo le eme la wɔa dɔ ɣesiaɣi, eye nu dzea edzi na ame siwo wɔna ɖe wo dzi pɛpɛpɛ la, eye wokpɔa dzidzɔ. (Mixlẽ Psalmo 1:1-3.) Kristotɔ vavãwo mexɔ Biblia “abe amegbetɔwo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe ale si wòle vavã hã ene.” (1 Tes. 2:13) Nu siwo dzɔ le ŋutinya me la me dzodzro kpuie ana míakpɔ vovototo si le ame siwo dea bubu Mawu ƒe Nyaa ŋu vavã kple ame siwo medea bubu eŋu o la dome.

WOKPƆ NYA SESẼ AÐE GBƆ

3. Kuxi kae de ƒe alafa gbãtɔ me Kristo hamea ƒe ɖekawɔwɔ afɔku me kloe, eye nu ka tae esia nye kuxi aɖe si gbɔ kpɔkpɔ sesẽ?

3 Ƒe 13 le amisisi na Kornelio, si nye Dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔ gbãtɔ, megbe la, kuxi aɖe do mo ɖa si di be yeagblẽ Kristo hamea ƒe ɖekawɔwɔ me. Ame siwo menye Yudatɔwo o la dometɔ geɖe va zu Kristotɔwo. Biabia si fɔ ɖe tee nye be, Ðe wòle be ame siawo natso aʋa abe ale si wòle le Yudatɔwo ƒe kɔa nu ene hafi woaxɔ nyɔnyrɔa? Nyabiase ma ŋu ɖoɖo mele bɔbɔe na Yudatɔwo kura o. Yudatɔ siwo léa Sea me ɖe asi la, malɔ̃ age ɖe ame si menye Yudatɔ o ƒe aƒe me gɔ̃ hã kaka ahayi ƒomedodo me nɔ ge kplii o. Wonɔ Yudatɔ siwo va zu Kristotɔwo la yome tim xoxo le esi wogblẽ Yuda subɔsubɔa ɖi ta. Ne wova le Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔwo xɔm abe wo nɔviwo ene la, ɖeko esia ana masɔmasɔ si le Kristotɔwo kple ame siwo le Yuda subɔsubɔ me dome la nagado gã ɖe edzi eye woagati Kristotɔawo yome vɔ̃ɖitɔe wu.—Gal. 2:11-14.

4. Ame kawoe kpe ta be yewoakpɔ kuxia gbɔ, eye nyabiase kawoe anya va susu me na eteƒekpɔlawo?

4 Le ƒe 49 M.Ŋ. me la, apostoloawo kple hamemetsitsi siwo le Yerusalem, siwo ŋutɔwo nye Yudatɔ aʋatsotsotɔwo, la “va kpe ta, be yewoakpɔ nya sia me ɖa.” (Dɔw. 15:6) Woƒe kpekpea menye mawusubɔsubɔ me ɖoɖowo ŋuti glãkahehe manyatalenu o, ke boŋ Biblia ƒe nufiafiawo ŋuti numedzodzro wɔdɔɖeamedzi aɖee wònye. Ame siwo kpe ta la dometɔ ɖe sia ɖe gblɔ eƒe susu. Ðe woana ame aɖe ƒe didi alo nukpɔsusu masɔmasɔ si le esi si ku ɖe ame ƒomevi aɖewo ŋu nakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nyametsotso dzia? Ðe hamemetsitsi siawo alala va se ɖe esime nɔnɔmeawo naka ɖe eme na Kristotɔwo le subɔsubɔnyawo gome le Israel hafi atso nya mea? Ðe woava lɔ̃ ɖe nya aɖe si dzi woawo ŋutɔwo meka ɖo be esɔ o la dzi ale be yewoate ŋu awɔ nyametsotso mamlɛa ko, ne nyaa natɔ ɖe afi ma?

5. Aleke kpekpe si wowɔ le Yerusalem le ƒe 49 M.Ŋ. me la to vovo na subɔsubɔhakplɔlawo ƒe adaŋudetakpekpewoe?

5 Egbea la, nu si dzɔna zi geɖee nye be, ɖeko subɔsubɔhakplɔlawo daa asi ɖe nya aɖe si dzi woawo ŋutɔwo meka ɖo tututu o la dzi le woƒe adaŋudetakpekpewo me ne yewoate ŋu awɔ nyametsotso mamlɛa ko, wo dometɔ aɖewo ƒoa nya ame bubuwo nu be woade yewo dzi. Gake hamemetsitsi siwo kpe ta le Yerusalem la mewɔ nu alea o. Gawu la, wo katã ƒe nu sɔ le nyametsotso si wowɔ me. Nu ka tae wòdzɔ alea? Nu si tae nye be, togbɔ be nukpɔsusu vovovowo nɔ ame siwo kpe ta la dometɔ ɖe sia ɖe si hã la, wo katã wodea bubu Mawu ƒe Nya la ŋu, eye wozã Ŋɔŋlɔ kɔkɔe la tsɔ kpɔ nya la gbɔe.—Mixlẽ Psalmo 119:97-101.

6, 7. Aleke wozã Ŋɔŋlɔawo tsɔ kpɔ aʋatsotso ƒe nyaa gbɔe?

6 Biblia ƒe akpa si kpe ɖe hamemetsitsiawo ŋu wokpɔ nyaa gbɔe nye Amos 9:11, 12. Woyɔ emenyawo ɖe Dɔwɔwɔwo 15:16, 17; eye exlẽ be: “Matrɔ ava, eye magbugbɔ David ƒe agbadɔ si mu la atu; eye magbugbɔ aɖɔ eƒe gbagbãƒewo ɖo, eye magafɔe ɖe te, ale be ame siawo dometɔ siwo susɔ la kple dukɔwo me tɔwo katã, ame siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, nadi Yehowa vevie; Yehowa . . . ye gblɔe.”

7 Gake ame aɖe agblɔ be, ‘Tɔ gbɔ, mawunyakpukpui sia megblɔ be mehiã be Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siwo va zu Kristotɔwo la natso aʋa o ɖe.’ Nyateƒee; ke hã Kristotɔ Yudatɔwo ya se egɔme nenema. Elabena womebua Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siwo tso aʋa la be wonye ‘dukɔwo me tɔwo o,’ ke boŋ wobua wo be wonye wo nɔviwo. (2 Mose 12:48, 49) Le kpɔɖeŋu me, Septuagint si gɔme Bagster ɖe la gblɔ le Ester 8:17 be: “Trɔ̃subɔdukɔmetɔ geɖewo tso aʋa eye wotrɔ zu Yudatɔwo.” Eya ta esi Ŋɔŋlɔawo gblɔ ɖi be Israel ƒe ame susɔeawo (Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo hetso aʋa) kpakple “dukɔwo me tɔwo katã” (Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔwo) ava zu dukɔ ɖeka hena Mawu ƒe ŋkɔa la, wose nya si gblɔm Ŋɔŋlɔa le la gɔme kɔtɛ. Womebia tso ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo di be yewoazu Kristotɔwo la si be woatso aʋa kokoko o.

8. Akpa kae dzideƒo wɔ le nyametsotso si hamemetsitsiawo wɔ la me?

8 Mawu ƒe Nya la kple eƒe gbɔgbɔa kpe ɖe Kristotɔ ɖianukware siawo ŋu be ‘wo katã wolɔ̃ ɖe nya ɖeka dzi.’ (Dɔw. 15:25) Togbɔ be nyametsotsoa ate ŋu ana woati Kristotɔ Yudatɔwo yome vevie wu tsã hã la, nuteƒewɔlawo de nyametsotso sia si wonɔ te ɖe Biblia dzi wɔ la dzi bliboe.—Dɔw. 16:4, 5.

VOVOTOTO SI DZE KƆTƐ

9. Nu siwo gbɔ wòtso be woƒo ɖi tadedeagu vavãtɔa la dometɔ vevi aɖee nye eka, eye nufiafia vevi kae wotro gboe?

9 Apostolo Paulo gblɔ ɖi be, le apostoloawo ƒe ku megbe la, woatsɔ alakpanufiafiawo aƒo ɖi Kristotɔwo ƒe xɔse la. (Mixlẽ 2 Tesalonikatɔwo 2:3, 7.) Ame siwo mexɔ “nufiafia nyuitɔ la” o la dometɔ aɖewo nye ame siwo nɔ agbanɔamedzinɔƒewo. (2 Tim. 4:3) Paulo xlɔ̃ nu hamemetsitsi siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la ale: “Le mia ŋutɔwo dome la, ame aɖewo atsi tsitre, eye woagblɔ nya totrowo, be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokuiwo ŋu.” (Dɔw. 20:30) Numekugbalẽ aɖe gblɔ be nu siwo gbɔ nya totro siawo tso la dometɔ vevi aɖee nye be: “Kristotɔ siwo srɔ̃ Helatɔwo ƒe xexemenunya la va te nu siwo wosrɔ̃ la zazã tsɔ nɔ Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo me ɖemee be amewo nakpɔe be yewonyaa nu ŋutɔ, alo be yewoatrɔ trɔ̃subɔla agbalẽnyalawo woazu Kristotɔwo.” (The New Encyclopædia Britannica) Nufiafia vevi aɖe si wotsɔ trɔ̃subɔlawo ƒe nukpɔsusu tro gboe lae nye ame si tututu Yesu Kristo nye. Biblia yɔ Yesu be Mawu ƒe Vi; gake ame siwo srɔ̃ Helatɔwo ƒe xexemenunya la te tɔ ɖe edzi be eyae nye Mawu.

10. Alekee woate ŋu akpɔ nya si fɔ ɖe te ku ɖe ame si tututu Kristo nye ŋu la gbɔe hafi?

10 Wodzro nya sia me le subɔsubɔhakplɔlawo ƒe adaŋudetakpekpe geɖe me. Ne ɖe hakplɔla siwo kpea ta la dea bubu Ŋɔŋlɔawo ŋu la, anye ne woate ŋu akpɔ nya sia gbɔ bɔbɔe, gake wo dometɔ geɖe mewɔe alea o. Le nyateƒe me la, wo dometɔ akpa gãtɔ tsoa nya me hafi vaa takpekpea gɔ̃ hã, eye nukpɔsusu si nɔ wo si hafi wova la gaƒoa ke ɖe to ɖe wo me hafi wodzona. Zi geɖe la, ne wole nyametsotsowo wɔm le takpekpe siawo me la, womehea susu yia Ŋɔŋlɔawo dzi gɔ̃ hã o.

11. Aleke gbegbee wobu ame siwo woyɔna be Sɔleme Fofowo la ƒe nyametsotsowoe, eye nu ka tae?

11 Nu ka tae hakplɔlawo medzroa Ŋɔŋlɔawo me tsitotsito ne wokpe ta o? Agbalẽnyala Charles Freeman ɖo nya sia ŋu be, “esesẽ na” ame siwo xɔe se be Yesue nye Mawu la be “woaɖee afia be Yesu ƒe nya gbogbo siwo ɖee fia be Mawu Fofo la lolo wu eya amea la mele eme o.” Esia na be wova dea bubu subɔsubɔkɔnuwo kple amewo ƒe nukpɔsusuwo ŋu wu Nya Nyui Gbalẽawo. Va se ɖe egbea la, subɔsubɔhakplɔla geɖe dea bubu ame siwo woyɔna be Sɔleme Fofowo la ƒe nyawo ŋu wu Mawu ƒe Nya la! Ne èdzro Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la me kple osɔfosukudela aɖe kpɔ la, ɖewohĩ ède dzesi esia.

12. Ŋusẽ gbegblẽ kae fiagã la kpɔ ɖe Nicaea Adaŋudetakpekpea dzi?

12 Roma fiagãwo kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe numedzodzro siwo wowɔna le adaŋudetakpekpe mawo me la dzi. Nufialagã Richard E. Rubenstein ŋlɔ tso Nicaea Adaŋudetakpekpea ŋu be: “Konstantino ve [bisiɔpwo] nu hena wozu kesinɔtɔwo wu ale si woawo ŋutɔwo nɔ mɔ kpɔm nɛ. Esi fiagã sia dze dziɖuɖu gɔme la, mede ƒe ɖeka hafi wògbugbɔ tu woƒe gbedoxɔwo katã o; egatsɔ wo ɖo woƒe dɔwo nu eye wògatsɔ bubu si nɔ wo ŋu tsã la na wo ake . . . Etsɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo wona trɔ̃nuawo tsã la na Kristotɔwo ƒe hakplɔlawo.” Egblɔ be le esia ta la, “Konstantino te ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe nyametsotso siwo wowɔ le Nicaea la dzi ale gbegbe—alo ɖewohĩ ete ŋu trɔ nyametsotsoawo gɔ̃ hã.” Charles Freeman ɖo kpe nya ma dzi hegblɔ be: “Le kpekpe ma megbe la, fiagã la va kpɔ ŋusẽ geɖe wu ɖe Sɔlemeha la dzi, eye menye ɖeko wòdo ŋusẽ Sɔlemeha la o, ke ekpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nufiafiawo hã dzi.”—Mixlẽ Yakobo 4:4.

13. Nu kawoe nèsusu be wokpɔ ŋusẽ ɖe subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo dzi woŋe aɖaba ƒu Biblia ƒe nufiafia siwo me kɔ la dzi?

13 Togbɔ be esesẽ na subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo be woalɔ̃ ɖe ame si tututu Yesu Kristo nye dzi hã la, kuxi ma meɖe fu na ame tsɛ geɖewo o. Elabena ame tsɛwo ya se nu siwo woxlẽna tso Ŋɔŋlɔawo me la gɔme helɔ̃ ɖe wo dzi. Gake subɔsubɔhakplɔlawo ya tsi dzi ɖe ga kple ɖoƒe si fiagã la ana wo la ŋu, si wɔe be woŋe aɖaba ƒu Ŋɔŋlɔawo me nyawo dzi. Gregory Nyssa si nye mawunyaŋununyala si nɔ anyi le ɣeyiɣi mawo me la gblɔ vlodoamenya sia tso ame tsɛwo ŋu: “Awudzralawo, gagbalawo, kple nu kpotoekpotoe dzralawo katã zu mawunyaŋutinunyalawo. Ne èbia be nenie wole ga gbamee hã la, yeaɖi nunyala aɖe agblɔ na wo be Vi la to vovo na Fofo la. Ne èbia be neni wole abolo ɖeka dzramee hã la, woaɖo eŋu na wo be Fofo la lolo wu Vi la. Ke ne èbia dɔla be eku tsia ɖe tsileƒe na ye vɔ hã la, aɖo eŋu be Vi la menɔ afi aɖeke hafi [Fofo la] wɔe o.” Ɛ̃, to vovo na subɔsubɔhakplɔlawo la, ame tsɛ geɖewo tsɔa Mawu ƒe Nya la ɖoa kpe woƒe nyawo dzi. Aleke gbegbe wòanyo wue nye esi ne ɖe Gregory kple ehati nunyalawo ɖo to ame tsɛ siawo!

“LU” KPLE ‘GBE WUWLUIAWO’ SIAA TSI ÐEKAE

14. Nu ka tae míate ŋu aƒo nya ta be, tso ƒe alafa gbãtɔ me ke la, Kristotɔ amesiamina vavã aɖewo anya nɔ anyigba dzi le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me?

14 Le lododo aɖe me la, Yesu ɖee fia be tso ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔ amesiamina vavã aɖewo anɔ anyigba dzi le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me. Etsɔ wo sɔ kple “lu” siwo le tsitsim le ‘gbe wuwluiwo’ dome. (Mat. 13:30, Eʋegbe Biblia) Enye nyateƒe be míate ŋu ayɔ ame ɖekaɖeka alo ƒuƒoƒo siwo nye lu ƒe ha la me tɔ amesiaminawo le ɣeyiɣi mawo me la kple kakaɖedzi o, gake míate ŋu aka ɖe edzi be ame aɖewo nɔ anyi le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me siwo ʋli Mawu ƒe Nya la ta, eye woklo nu le subɔsubɔhawo ƒe nufiafia siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la dzi dzinɔameƒotɔe. Mina míadzro kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo me kpɔ.

15, 16. Yɔ ame aɖewo siwo de bubu Mawu ƒe Nya la ŋu ƒe ŋkɔwo.

15 Bisiɔpgã Agobard si tso Lyons, France (ƒe 779-840 M.Ŋ.) la, ƒo nu tsitre ɖe tadedeagu na nɔnɔmetatawo, gbedoxɔ siwo ŋu wokɔna na ame kɔkɔewo, kpakple subɔsubɔkɔnu kple nuwɔna siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la ŋu. Claudius si nye bisiɔp bubu aɖe si nɔ anyi le ɣeyiɣi ma ke me hã melɔ̃ ɖe subɔsubɔkɔnuwo dzi o, eye meda asi ɖe gbedodoɖa na ame kɔkɔewo kpakple woƒe nuzazãwo alo woƒe ŋutinuwo subɔsubɔ dzi o. Le ƒe alafa 11 lia me la, woɖe Berengarius si nye bisiɔp ƒe kpeɖeŋutɔ, si tso Tours, France, la le ha me, esi wògbe Katolikoha la ƒe nufiafia si nye be nuɖuɖu kɔkɔe la trɔna nukutɔe zua Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ la ta. Gakpe ɖe eŋu la, exɔe se be Biblia la kɔ boo wu subɔsubɔkɔnuwo.

16 Le ƒe alafa 12 lia me la, Peter si tso Bruys kple Henry si tso Lausanne hã lɔ̃ Biblia me nyateƒea vevie. Peter dzudzɔ nunɔladɔwɔwɔ le Katolikoha me, elabena melɔ̃ ɖe edzi be tsidedeta na vidzĩwo, nuɖuɖu kɔkɔe ƒe trɔtrɔ nukutɔe azu Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ, kple gbedodoɖa ɖe ame kukuwo ta, kpakple tadedeagu na atitsoga la nye nufiafia siwo wɔ ɖeka kple nu si Biblia fia o. Le ƒe 1140 me la, wotɔ dzo Peter wòku ɖe eƒe dzixɔsewo ta. Henry, si nye saɖeagaxɔmenɔla, ya ƒo nu tsitre ɖe woƒe nuwɔna gbegblẽwo kpakple sɔlemeha la ƒe subɔsubɔkɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la ŋu. Wolée le ƒe 1148 me eye wodee gaxɔ me hena eƒe agbemeŋkekewo katã.

17. Afɔ vevi kawoe Waldo kple eyomedzelawo ɖe?

17 Ɣeyiɣi si me wotɔ dzo Peter si tso Bruys, le esi wòhe nya ɖe sɔlemeha la ŋu ta me lɔƒo la, wodzi ame aɖe si ava wɔ akpa vevi aɖe le Biblia me nyateƒea kaka me. Eŋkɔe nye Valdès alo Waldo.a To vovo na Peter si tso Bruys kple Henry si tso Lausanne la, Waldo ya mede osɔfosuku aɖeke o, gake ede asixɔxɔ Mawu ƒe Nya la ŋu ale gbegbe be etsɔ eƒe nunɔamesiwo katã sa vɔe hena woɖe Biblia ƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbe si ame akpa gãtɔ dona le France ƒe anyieheɣedzeƒe la me. Dzi dzɔ ame aɖewo esi wose Biblia me gbedeasia le woawo ŋutɔwo degbe me ale gbegbe be woawo hã wotsɔ woƒe nunɔamesiwo sa vɔe eye wozã woƒe agbemeŋkekewo tsɔ ɖe gbeƒã Biblia me nyateƒea na ame bubuwo. Nu sia te ɖe sɔlemeha la dzi vevie. Le ƒe 1184 me la, papa la ɖe ŋutsu kple nyɔnu dovevienu siawo, siwo wova yɔ emegbe be Waldotɔwo la, ɖa le ha me, eye bisiɔp si le nutoa me la nya wo le woƒe aƒewo me. Esia boŋ na be Biblia me gbedeasia kaka yi nuto bubuwo me. Mlɔeba la, Waldo, Peter si tso Bruys, kple Henry, si tso Lausanne la, yomedzelawo kpakple ame bubu siwo do le sɔlemeha la me la kaka ɖe Europa ƒe teƒe geɖewo. Ame bubu siwo ʋli Biblia me nyateƒea ta la tsi tsitre le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me. Wo dometɔ aɖewoe nye: John Wycliffe (tso ƒe 1330 va se ɖe ƒe 1384 me lɔƒo), William Tyndale (tso ƒe 1494 va ɖo ƒe 1536 me lɔƒo), Henry Grew (ƒe 1781-1862), kple George Storrs (ƒe 1796-1879).

‘WOMEBLA MAWU ƑE NYAA O’

18. Ðe ale si Biblia nusrɔ̃vi anukwaretɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa 19 lia me la srɔ̃ Biblia lae kple nu si tae wokpɔ dzidzedze ɖo la me.

18 Futɔwo dze agbagba ale si woate ŋui be Biblia me nyateƒea nagakaka o, gake medze edzi o. Wogblɔ le 2 Timoteo 2:9 be: “Womebla Mawu ƒe nyaa . . . o.” Le ƒe 1870 me la, Biblia nusrɔ̃vi anukwaretɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe dze nyateƒea didi gɔme. Aleke wosrɔ̃a nui? Gbã la, wo dometɔ aɖe abia nya aɖe. Eye woadzro eme. Le numedzodzroa me la, woxlẽa mawunyakpukpui siwo katã do ƒome kple nyabiase ma, eyome la, ne wolɔ̃ ɖe ale si mawunyakpukpui siawo do ƒome kple wo nɔewo dzi la, wowɔa nyametsotso mamlɛtɔ ku ɖe nyabiasea ƒe ŋuɖoɖo ŋu eye woŋlɔnɛ ɖi. Ðe esia mena kakaɖedzi wò be, abe apostoloawo kple hamemetsitsi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ke ene la, nuteƒewɔla siawo, siwo nye míaƒe “gbɔgbɔmetɔgbui,” siwo nɔ anyi le ƒe 1800 ƒe nuwuwu lɔƒo la, ɖoe kplikpaa be yewoƒe dzixɔse ɖe sia ɖe nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe Nya la oa?

19. Ƒe 2012 ƒe mawunyakpukpuia ye nye eka, eye nu ka tae esia sɔ?

19 Biblia dzie míegakpɔtɔ tu míaƒe dzixɔsewo ɖo kokoko. Susu sia tae Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la tia Yesu ƒe nya siwo le Yohanes 17:17 si gblɔ be, “Wò nya la nye nyateƒe,” wònye míaƒe ƒe 2012 ƒea ƒe mawunyakpukpuia ɖo. Esi wònye be ele be ame sia ame si di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu la nazɔ le nyateƒea me ta la, mina mí katã míaɖoe kplikpaa be míaɖe mɔ Mawu ƒe Nya la nafia mɔ mí.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Woyɔa Valdès ɣeaɖewoɣi be Pierre Valdès alo Peter Waldo, gake womate ŋu aɖo kpe edzi be woyɔnɛ be Pierre alo Peter o.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Míaƒe ƒe 2012 ƒea ƒe mawunyakpukpuia ye nye: “Wò nya la nye nyateƒe.”—Yoh. 17:17

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Waldo

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Wycliffe

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Tyndale

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Grew

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Storrs

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe