INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 1/15 axa 9-13
  • Srɔ̃ Ŋudzɔnɔnɔ Tso Yesu Ƒe Apostolowo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Srɔ̃ Ŋudzɔnɔnɔ Tso Yesu Ƒe Apostolowo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • WONƆ ŊUDZƆ ÐE MƆFIAME SIWO KU ÐE AFI SI WOAÐE GBEƑÃ LE ŊU LA ŊU
  • MINƆ ŊUDZƆ HENA GBEDODOÐA
  • WOYI EDZI NƆ ÐASE ÐIM TSITOTSITO TOGBƆ BE WODO GO MƆXEÐENUWO HÃ
  • “Yehowa Ƒe Nya Kaka Ðe Edzi”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • “Tso Ƒu Va Makedonia”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • “Va Se Ðe Anyigba Ƒe Seƒe Ke”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • ‘Eɖia Ðase Tsitotsito’
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 1/15 axa 9-13

Srɔ̃ Ŋudzɔnɔnɔ Tso Yesu Ƒe Apostolowo Gbɔ

“Minɔ ŋudzɔ kplim.”—MAT. 26:38.

NU KAE NÀTE ŊU ASRƆ̃ TSO:

Ŋudzɔnɔnɔ ɖe afi si nàɖe gbeƒã le ŋu?

Ŋudzɔnɔnɔ hena gbedodoɖa ŋu?

Ðaseɖiɖi tsitotsito togbɔ be nàdo go mɔxeɖenuwo hã ŋu?

1-3. Aleke apostoloawo do kpo ŋudzɔnɔnɔ kple Yesu le eƒe zã mamlɛtɔ si wònɔ anyigba dzi me, eye nu kae ɖee fia be wosrɔ̃ nu tso woƒe vodadawo me?

BU NU si dzɔ le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ me ŋu kpɔ. Yesu va Getsemane bɔa me, si nye teƒe siwo wòlɔ̃a yiyi la dometɔ ɖeka. Abɔ sia le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe gome. Woa kple eƒe apostolo wɔnuteƒeawoe va afi sia. Esi nu geɖe do agba ɖe Yesu ƒe susu kple dzi dzi ta la, ehiã vevie be wòadi teƒe si eya ɖeɖe naɖe vovo ahado gbe ɖa le.—Mat. 26:36; Yoh. 18:1, 2.

2 Yesu kple apostoloawo dometɔ etɔ̃—siwo nye Petro, Yakobo, kple Yohanes—wogblẽ ame susɔeawo ɖe teƒe aɖe eye woyi ŋgɔgbe le abɔa me ɖaa. Egblɔ na wo be: “Minɔ afi sia, eye minɔ ŋudzɔ kplim,” eye wòdzo yi be yeado gbe ɖa. Esi wòtrɔ va la, ekpɔ exɔlɔ̃awo le alɔ̃ me ʋĩi. Egagblɔ na wo ake be: “Minɔ ŋudzɔ.” Ke hã wogayi alɔ̃ me zi eve sɔŋ! Emegbe le zã ma ke me la, apostoloawo katã do kpo ŋudzɔnɔnɔ le gbɔgbɔ me. Nu si va dzɔe nye be wogblẽ Yesu ɖi hesi dzo!—Mat. 26:38, 41, 56.

3 Ðikeke mele eme o be eva ve apostoloawo be yewomete ŋu nɔ ŋudzɔ o. Eye eteƒe medidi kura hafi ŋutsu wɔnuteƒe mawo srɔ̃ nu tso woƒe vodadawo me o. Biblia gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo ɖee fia be apostoloawo ɖo ŋudzɔnɔnɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi. Ðikeke mele eme o be woƒe kpɔɖeŋu nyuia kpɔ ŋusẽ ɖe wo hati Kristotɔwo dzi ale be woawo hã wonɔ ŋudzɔ. Ehiã fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe be míanɔ ŋudzɔ. (Mat. 24:42) Mina míadzro nu ene siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me ku ɖe ŋudzɔnɔnɔ ŋu la me.

WONƆ ŊUDZƆ ÐE MƆFIAME SIWO KU ÐE AFI SI WOAÐE GBEƑÃ LE ŊU LA ŊU

4, 5. Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ Paulo kple eƒe mɔzɔhatiwo?

4 Gbãtɔae nye be, apostoloawo nɔ ŋudzɔ ɖe mɔfiame siwo ku ɖe afi si woaɖe gbeƒã le ŋu la ŋu. Le nuŋlɔɖi aɖe me la, míekpɔ ale si Yesu zã Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ fia mɔ apostolo Paulo kple ehatiwo le mɔzɔzɔ wɔnuku aɖe me. (Dɔw. 2:33) Mina míadzro nudzɔdzɔ ma me tso eƒe gɔmedzedze.—Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 16:6-10.

5 Paulo, Sila, kple Timoteo dzo le Listra dugã, si le Galatia ƒe anyiehe, la me. Le ŋkeke aɖewo megbe la, wova ɖo Romatɔwo ƒe mɔgã aɖe si ɖo ta ɣetoɖoƒe la dzi. Mɔ siae wotona yia Asia nuto si me amewo sɔ gbɔ le wu la me. Wodi be yewoato mɔ ma ale be yewoate ŋu ayi ɖe du siwo me ame akpe geɖe le, siwo hiã Kristo ŋu nya sese, la me. Gake nane xe mɔ na wo. Kpukpui 6 lia gblɔ be: “Woto Frigia kple Galatia nuto me, elabena gbɔgbɔ kɔkɔe la gbe na wo be woagagblɔ nya la le Asia nutoa me o.” Togbɔ be Biblia megblɔ ale si tututu wòdzɔe o hã la, ena míenya be to mɔ aɖe dzi la, gbɔgbɔ kɔkɔea xe mɔ na wo be woagaɖe gbeƒã le Asia nutoa me o. Edze ƒãa be Yesu to Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi di be yeafia mɔ Paulo kple eƒe mɔzɔhatiwo woayi teƒe bubu.

6, 7. (a) Nu kae dzɔ ɖe Paulo kple ehati mɔzɔlawo dzi esi wogogo Bitinia? (b) Nyametsotso kae nusrɔ̃lawo wɔ, eye nu kae do tso eme?

6 Afi kae mɔzɔla dovevienu siawo yi? Kpukpui 7 lia ɖe eme be: “Eye esi wova ɖo Misia la, wodze agbagba be yewoayi Bitinia, gake Yesu ƒe gbɔgbɔ la meɖe mɔ na wo o.” Esi gbɔgbɔa xe mɔ na Paulo kple eƒe mɔzɔhatiwo be woagaɖe gbeƒã le Asia o ta la, woɖo ta dziehe be yewoaɖaɖe gbeƒã le Bitinia ƒe duwo me. Gake esi wogogo Bitinia la, Yesu gato gbɔgbɔ kɔkɔea dzi xe mɔ na wo ake. Ŋutsuawo anya tɔtɔ ɣemaɣi. Wonya nu si wòle be woaɖe gbeƒãe kple ale si woaɖe gbeƒãe, gake womenya afi si woaɖe gbeƒã le o. Míagblɔe le kpɔɖeŋumɔ nu ale: Woƒo ʋɔtru si ɖo ta Asia—gake womeʋui na wo o. Woƒo ʋɔtru si ɖo ta Bitinia—gake gbeɖea koe. Ðe esia na wodzudzɔ ʋɔƒoƒoa? Ao, gbeƒãɖela dovevienu mawo mena ta kura o!

7 Le afi sia la, ŋutsuawo wɔ nyametsotso wɔmoyaa aɖe. Kpukpui 8 lia gblɔ na mí be: “Woto Misia ŋu yi Troa.” Esia fia be mɔzɔla siawo trɔ ɖo ta ɣetoɖoƒe gome hezɔ kilometa 563, eye wonɔ duwo ŋu tom va se ɖe esime woɖo Troa ƒe tɔdziʋudzeƒe, afi si woate ŋu aɖo tɔdziʋu le ayi Makedonia. Paulo kple eƒe zɔhɛwo gaƒo ʋɔ ake le afi sia. Esiae nye zi etɔ̃lia—ɛ̃, fifia ya, woʋui na wo gbadzaa! Kpukpui 9 lia ka nu si dzɔ kplɔe ɖo la ta na mí ale: “Le zã me la, Paulo kpɔ ŋutega aɖe: Makedonia ŋutsu aɖe nɔ tsitre nɔ kuku ɖem nɛ vevie be: ‘Tso ƒu va Makedonia, ne nàkpe ɖe mía ŋu.’” Paulo va nya afi si wòle be wòaɖe gbeƒã le mlɔeba. Ŋutsuawo ɖo tɔdziʋu enumake yi Makedonia.

8, 9. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nuŋlɔɖi si ku ɖe Paulo ƒe mɔzɔzɔa ŋu la me?

8 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nuŋlɔɖi sia me? De dzesii be esi Paulo dze mɔ ɖo ta Asia megbe ko hafi Mawu ƒe gbɔgbɔ la de nu nyaa me. Eye esi Paulo gogo Bitinia ko hafi Yesu de nu nyaa me. Eye mlɔeba la, esi Paulo ɖo Troa vɔ ko hafi Yesu fia mɔe be wòayi Makedonia. Abe hamea ƒe Ta ene la, Yesu ate ŋu awɔ nu kple míawo hã le mɔ ma ke nu egbea. (Kol. 1:18) Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ èle mɔɖeɖedɔa wɔwɔ alo ʋuʋu ayi aɖasubɔ le afi si gbeƒãɖelawo hiã le wu ŋu bum. Gake ɖewohĩ ne èɖe afɔ siwo hiã be nàte ŋu aɖo wò taɖodzinua gbɔ ko hafi Yesu ato Mawu ƒe gbɔgbɔa dzi afia mɔ wò. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ʋukula ate ŋu atro eƒe ʋu ƒe kuɖɔɖoti be ʋua nayi ɖusime alo miame, gake ne ʋua le teƒe ɖeka la, mate ŋu ayi o, negbe ɖe wòle zɔzɔm ko hafi. Nenema kee ne míele zɔzɔm, si fia be míele agbagba dzem vevie be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ ko hafi Yesu ate ŋu afia mɔ mí be míakeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu.

9 Gake ne wò agbagbadzedzeawo mele edzi dzem fifia o ya ɖe? Ðe wòle be nàna ta ahaƒo nya ta be Mawu ƒe gbɔgbɔa mele mɔ fiam ye oa? Anyo be nàɖo ŋku edzi be Paulo hã do go kplamatsɛdonuwo. Ke hã eyi edidi dzi heyi ʋɔƒoƒo dzi va se ɖe esime woʋui nɛ. Ne wò hã èyi edzi le “dɔwɔwɔ ƒe ʋɔtru gã” la ƒom la, woaʋui na wò eye nu nyuiwo ado tso eme na wò.—1 Kor. 16:9.

MINƆ ŊUDZƆ HENA GBEDODOÐA

10. Nu kae ɖee fia be kutrikuku le gbedodoɖa me le vevie hafi míate ŋu ayi edzi anɔ ŋudzɔ?

10 Azɔ bu nu evelia si míate ŋu asrɔ̃ ku ɖe ŋudzɔnɔnɔ ŋu tso mía nɔvi Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me gbɔ ŋu kpɔ: Wonɔ ŋudzɔ hena gbedodoɖa. (1 Pet. 4:7) Kutrikuku le gbedodoɖa me le vevie hafi míate ŋu ayi edzi anɔ ŋudzɔ. Ðo ŋku edzi be do ŋgɔ teti na Yesu léle le Getsemane bɔa me la, egblɔ na eƒe apostolo etɔ̃awo be: “Minɔ ŋudzɔ, eye minɔ gbedodoɖa dzi.”—Mat. 26:41.

11, 12. Nu ka tae Herodes sẽ ŋuta le Kristotɔwo, siwo dome Petro hã nɔ, ŋu, eye aleke wòwɔ esiae?

11 Petro, ame si nɔ eteƒe hafi wògblɔ nya ma la, ŋutɔ hã va kpɔ ŋusẽ si gbegbe le gbedodoɖa kutrikukutɔe ŋu dze sii emegbe. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 12:1-6.) Le nuŋlɔɖi sia ƒe kpukpui gbãtɔ me la, woka nya ta be esi Herodes di be yeƒe nu nadze Yudatɔwo ŋu ta la, ete ŋlɔmiwɔwɔ le Kristotɔwo ŋu. Anɔ eme godoo be Herodes nyae be apostoloe Yakobo nye, eye be woa kple Yesu dome nɔ kplikplikpli ŋutɔ. Eya ta Herodes ‘wu Yakobo kple yi.’ (Kpukpui 2) Aleae wòdzɔe be hamea bu apostolo lɔlɔ̃ ɖeka. Dodokpɔ ka gbegbee nye esi wònye na nɔvi mawo!

12 Nu kae Herodes wɔ le ema megbe? Kpukpui 3 lia gblɔ be: “Esi wòkpɔ be edze Yudatɔwo ŋu ta la, elé Petro hã.” Gake woɖe apostolo aɖewo le gaxɔwo me nukutɔe kpɔ, eye wo dometɔ ɖekae nye Petro. (Dɔw. 5:17-20) Herodes anya nya nu tso esia ŋu nyuie. Eya ta dunyahela dzeaɖaŋu sia di be yeakpɔ egbɔ be Petro nagasi o. Etsɔ Petro “de asi na asrafowo ƒe hatsotso ene siwo ɖɔa li wo nɔewo, siwo dometɔ ɖe sia ɖe me ame ene le la, be woadzɔ eŋu, elabena eɖoe be yeakplɔe ava dukɔa ŋkume le ŋutitoto la megbe.” (Kpukpui 4) Bu esia ŋu kpɔ ko! Herodes na wode kɔsɔkɔsɔ Petro ɖe dzɔla 2 dome, eye wòɖo dzɔla 16 siwo nɔa wo nɔewo ɖɔlim zã kple keli be woakpɔ egbɔ be apostolo sia nagasi o. Herodes ƒe susue nye be yeakplɔ Petro ava dukɔa ŋkume le Ŋutitotoŋkekenyui la megbe ahatso kufia nɛ atsɔ ado dzidzɔ na ameha la. Le nɔnɔme sesẽ ma me la, nu kae Petro ƒe hati Kristotɔwo ate ŋu awɔ?

13, 14. (a) Aleke hamea wɔ nui esi wode Petro gaxɔ me? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Petro ƒe hati Kristotɔwo ɖo le gbedodoɖa gome la me?

13 Hamea nya nu si tututu wòle be woawɔ. Kpukpui 5 lia gblɔ be: “Eya ta wonɔ Petro ŋu dzɔm le gaxɔa me; gake hame la nɔ gbe dom ɖa vevie na Mawu ɖe eta.” Ɛ̃, wonɔ gbe dom ɖa vevie ɖe wo nɔvi lɔlɔ̃a ta, eye wònye kukuɖeɖe siwo tso dzi me. Yakobo ƒe kua meɖe dzi le wo ƒo alo na wosusui be gbedodoɖa mewɔa dɔ o. Ke boŋ wonyae be tadeagula wɔnuteƒewo ƒe gbedodoɖa nɔa vevie na Yehowa ŋutɔ. Ne gbedodoɖa siawo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, eɖoa wo ŋu.—Heb. 13:18, 19; Yak. 5:16.

14 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Petro ƒe hati Kristotɔwo ƒe nuwɔna me? Ŋudzɔnɔnɔ bia be míanɔ gbe dom ɖa ɖe mía nɔviwo hã ta, menye le mía ŋutɔwo ƒe hiahiãwo ko ŋu o. (Ef. 6:18) Ènya haxɔsetɔ aɖewo siwo le dodokpɔwo me toma? Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo le akɔ kpem kple yometitiwo, dziɖuɖu ƒe mɔxeɖenuwo, alo dzɔdzɔmefɔkuwo. Ðe manyo be nànɔ gbe dom ɖa ɖe wo ta tso dzi me oa? Ðewohĩ ènya nɔvi bubu aɖewo siwo le nɔnɔme sesẽ siwo medzena gaglãa o me tom. Ðewohĩ wole agbagba dzem be yewoanɔ te ɖe ƒomekuxiwo, dziɖeleameƒo, alo lãmegbegblẽ nu. Ðe manyo be nàɖo ŋku ame ɖekaɖeka aɖewo dzi eye nàyɔ woƒe ŋkɔwo ne èle nu ƒom na Yehowa, si nye ‘Gbedodoɖasela’ la oa?—Ps. 65:3.

15, 16. (a) Ðɔ ale si Yehowa ƒe dɔla ɖe Petro tso gaxɔ mee. (Kpɔ nɔnɔmetata si le ete.) (b) Ne míede ŋugble tso mɔ si dzi Yehowa to ɖe Petroe ŋu la, nu ka tae wòfaa akɔ na mí?

15 Ke aleke nuwo va yi na Petro? Le zã si do ŋgɔ na ŋkeke si dzi woakplɔ Petro ava dukɔa ŋkume me la, nu wɔnuku aɖe dzɔ esime wònɔ alɔ̃ me ʋĩi le dzɔla eve siwo le ŋudzɔ vevie la dome. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 12:7-11.) Kpɔ nu si dzɔ la le susu me ɖa: Kasiaa, kekeli klẽ ɖe gaxɔ si me wòle la me. Mawudɔla aɖe va tsi tsitre ɖi eye wònyɔ Petro be wòafɔ kaba—edze ƒãa be dzɔlawo menɔ mawudɔlaa kpɔm o. Ðeko kɔsɔkɔsɔawo ge le asi ŋu nɛ bɔbɔe! Mawudɔlaa kplɔ Petro do go le gaxɔa me, woto dzɔla siwo le gaxɔa mɔnu ŋuti, eye esi wova ɖo gagbo gã la gbɔ la, “agboa ŋutɔ ʋu na wo le eɖokui si,” eye woto enu do. Esi wonya do hege ɖe mɔa dzi ko la, mawudɔlaa bu. Ablɔɖe su Petro si!

16 Ne míede ŋugble tso ŋusẽ si le Yehowa si be wòaɖe esubɔlawo ŋu la, ɖe medoa ŋusẽ míaƒe xɔse ŋutɔ oa? Ele eme be míekpɔa mɔ egbea be Yehowa naɖe esubɔlawo nukutɔe o ya. Gake míexɔe se bliboe be ezãa eƒe ŋusẽ tsɔ kpena ɖe esubɔla siwo li egbea la ŋu. (2 Kron. 16:9) Yehowa ate ŋu azã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔ la atsɔ ado ŋusẽ mí míado dzi le dodokpɔ ɖe sia ɖe si míado goe la me. (2 Kor. 4:7; 2 Pet. 2:9) Eye eteƒe madidi o, Yehowa ana ŋusẽ Via wòaɖe ame miliɔn gbogbo aɖewo tso gaxɔ sesẽtɔ, si nye ku la, me. (Yoh. 5:28, 29) Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi xɔxɔ se ate ŋu ana dzideƒo sẽŋu nanɔ mía si ne míele go dom dodokpɔwo egbea.

WOYI EDZI NƆ ÐASE ÐIM TSITOTSITO TOGBƆ BE WODO GO MƆXEÐENUWO HÃ

17. Le gbeƒãɖeɖe dzonɔamemetɔe kple nuwɔwɔ kpata ƒe susu gome la, aleke Paulo ɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi?

17 Nu etɔ̃lia si míate ŋu asrɔ̃ ku ɖe ŋudzɔnɔnɔ ŋu tso apostoloawo gbɔe nye esi: Woyi edzi nɔ ɖase ɖim tsitotsito togbɔ be wodo go mɔxeɖenuwo hã. Hafi míate ŋu ayi edzi anɔ ŋudzɔ la, ele vevie be míanɔ gbeƒã ɖem dzonɔamemetɔe kple nuwɔwɔ kpata ƒe susu. Apostolo Paulo ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi. Etsɔ kutrikuku ɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe, ezɔ mɔ yi teƒeteƒewo heɖo hame geɖewo. Eto nɔnɔme sesẽ geɖe me, gake eƒe dzonɔameme kple nuwɔwɔ kpata ƒe susu si nɔ esi la nu metsi gbeɖe o.—2 Kor. 11:23-29.

18. Aleke Paulo yi edzi ɖe gbeƒã esime wònye gamenɔla le Roma?

18 Na míalé ŋku ɖe Paulo ƒe ŋutinya mamlɛtɔ si dze le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me, le Dɔwɔwɔwo ta 28 lia me, ŋu kpɔ. Paulo va ɖo Roma, afi si wòle nɛ be wòado ɖe Nero ŋkume le. Wodee gaxɔ me, eye anɔ eme be wode kɔsɔkɔsɔe tsi ɖe asrafo si nɔ eŋu dzɔm la ŋu. Ke hã kɔsɔkɔsɔ aɖeke mete ŋu de ga nu na apostolo dovevienu sia o! Paulo yi edzi di mɔnu siwo dzi wòato aɖi ɖase. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 28:17, 23, 24.) Ŋkeke etɔ̃ megbe la, Paulo dɔ ame ɖo ɖe Yudatɔwo ƒe amegãwo be woava ale be yeaɖi ɖase na wo. Emegbe le ŋkeke aɖe si woɖo koŋ dzi la, Paulo gaɖi ɖase na ame geɖe wu. Kpukpui 23 lia gblɔ be: “[Yudatɔ siwo le afi ma ɖo] ŋkeke nɛ, eye ame siwo va egbɔ le afi si wòdze la sɔ gbɔ fifia wu tsã. Eye wòɖe nya la me na wo to ɖaseɖiɖi tsitotsito le Mawu fiaɖuƒe la ŋu, kple kpeɖodziwo nana tso Mose ƒe sea kple Nyagblɔɖilawo me dzi, tso ŋdi va se ɖe fiẽ, be yeana woatrɔ ɖe Yesu ŋu.”

19, 20. (a) Nu ka tae Paulo kpɔ dzidzedze le ɖaseɖiɖidɔa me? (b) Aleke Paulo wɔ nui esi ameawo katã mexɔ nya nyuia o?

19 Nu ka tae Paulo kpɔ dzidzedze le ɖaseɖiɖidɔa me nenema gbegbe ɖo? De dzesii be kpukpui 23 lia tɔ asi nu siwo gbɔ wòtso la dometɔ aɖewo dzi. (1) Paulo he susu yi Mawu Fiaɖuƒea kple Yesu Kristo dzi. (2) Eto “kpeɖodziwo nana” eƒe nyaselawo dzi dze agbagba be yeƒe nyawo naɖo woƒe dzi gbɔ. (3) Edzro Ŋɔŋlɔawo me kpli wo. (4) Eɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe nɔnɔme fia to ɖaseɖiɖi na ameawo “tso ŋdi va se ɖe fiẽ” me. Paulo ɖi ɖase sẽŋu aɖe na ameawo, gake menye wo katãe xɔ nya nyui la o. Kpukpui 24 lia gblɔ be: ‘Wo dometɔ aɖewo te nya siwo wògblɔ la dzi xɔxɔ se; bubuawo mexɔ wo dzi se o.’ Nyaʋiʋli ɖo ameawo dome, eye wokaka.

20 Ðe dzi ɖe le Paulo ƒo le esi ameawo katã mexɔ nya nyuia o ta? Kura o! Dɔwɔwɔwo 28:30, 31 gblɔ na mí be: “Ale wònɔ xɔ si eya ŋutɔ haya la me ƒe eve blibo, eye wòxɔa ame siwo vaa egbɔ la nyuie, henɔ gbeƒã ɖem Mawu fiaɖuƒe la na wo, eye wònɔ nu siwo ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋu la fiam kple dzideƒo blibo, eye ame aɖeke mexea mɔ nɛ o.” Nya dedziƒoname siawoe wotsɔ wu Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa nui!

21. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Paulo wɔ nui esime wosikae ɖe aƒe me la me?

21 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe kpɔɖeŋua me? Esi wosika Paulo ɖe aƒe me ta la, megatea ŋu ɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me o. Ke hã dzi meɖe le eƒo o, enɔ gbeƒã ɖem na ame siwo katã va srãnɛ kpɔ. Nenema kee egbea la, Mawu ƒe amewo dometɔ geɖe yia edzi nɔa dzidzɔ kpɔm henɔa gbeƒã ɖem togbɔ be wodea wo gaxɔ me madzemadzee ɖe woƒe xɔse ta hã. Mía nɔvi lɔlɔ̃awo dometɔ aɖewo tsi teƒe ɖeka, ɖewohĩ wole ame tsitsi dzikpɔƒewo gɔ̃ hã, le tsitsi alo dɔléle ta. Wowɔa woƒe ŋutete ɖea gbeƒã na ɖɔktawo, ame siwo va srãa wo kpɔ, kple ame bubu siwo vaa wo gbɔ. Woƒe dzimedidie nye be yewoaɖi ɖase tsitotsito tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Aleke gbegbe míekpɔa ŋudzedze ɖe woƒe kpɔɖeŋu nyuiawo ŋue nye esi!

22. (a) Agbalẽ kae le kpekpem ɖe mía ŋu be Biblia gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo le vi ɖem na mí? (Kpɔ aɖaka si le etame.) (b) Esi nèle nuɖoanyi xoxo sia ƒe nuwuwu lalam la, nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

22 Edze ƒãa be nu gbogbo aɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso apostoloawo kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo me la gbɔ ku ɖe ŋudzɔnɔnɔ ŋu. Esi míele nuɖoanyi xoxo sia ƒe nuwuwu lalam la, mina míaɖoe kplikpaa asrɔ̃ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ mawo ƒe kpɔɖeŋu ahaɖe gbeƒã dzideƒotɔe kple dzonɔameme. Mɔnukpɔkpɔ gã si ɖeke mesɔ kplii o wònye na mí egbea be míakpɔ gome le “ɖaseɖiɖi tsitotsito” le Mawu Fiaɖuƒea ŋu me!—Dɔw. 28:23.

[Aɖaka si le axa 13]

“NYEMAGABU DƆWƆWƆWO ƑE AGBALẼA ABE ALE SI MEBUNƐ TSÃ ENE GBEÐE O”

Esi dzikpɔla mɔzɔla aɖe xlẽ agbalẽ si nye “Bearing Thorough Witness” About God’s Kingdom (‘ Rends pleinement témoignage au sujet du Royaume de Dieu ’) vɔ la, eɖe eƒe seselelãmewo gblɔ ale: “Nyemagabu Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa abe ale si mebunɛ tsã ene gbeɖe o. ‘Metsa’ nuŋlɔɖi siwo le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me la me zi gbɔ zi geɖe va yi gake ɖeko wònɔ nam abe ɖe melé bosomikaɖi ɖe asi heɖɔ gaŋkui si ƒe ahuhɔ̃ewo ƒo ɖi ene. Gake fifia la, mese le ɖokuinye me be woyram esi mekpɔ nu nyui siwo le eme la le ɣe ƒe kekeli nu.”

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Mawudɔla aɖe kplɔ Petro woto gagbo gã la nu do

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe