Srɔ̃ Nu Tso ‘Nyateƒe La Ƒe Nɔnɔme’ Si Le Sea Me La Me
“Sidzedze kple nyateƒe la ƒe nɔnɔme si le Sea me la [le mia si].” —ROM. 2:20.
DI NYABIASE SIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO:
Nu kae vɔsa siwo wobia le Mose ƒe Sea me la nye vɔvɔli na?
Ðekawɔwɔ kae le vɔ siwo Israel viwo sa la dometɔ aɖewo kple esiwo Kristotɔwo sana egbea la dome?
Nu kawoe nana be vɔsa aɖewo dzea Yehowa ŋu, eye nu kae nana ɖewo medzea eŋu o?
1. Nu ka tae nu siwo Mose ƒe Sea fia la gɔme sese le vevie na mí ɖo?
NE MENYE nya siwo gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ ɖi ta ye o la, anye ne asesẽ na mí be míase nu siwo Mose ƒe Sea ƒe akpa geɖewo fia la gɔme. Le kpɔɖeŋu me, le lɛta si wòŋlɔ na Hebritɔwo me la, eɖe ale si Yesu si nye ‘nunɔlagã nuteƒewɔla’ la ate ŋu asa “avulévɔ” zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, si awɔe be “ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ” nasu ame siwo katã xɔa edzi sena si, la me. (Heb. 2:17; 9:11, 12) Paulo ɖe eme be ‘dziƒonuwo ƒe vɔvɔli’ koe avɔgbadɔ la nye, eye be Yesu zu “nubabla si nyo wu” Mose ƒe Sea ƒe nubabla la ƒe Avuléla. (Heb. 7:22; 8:1-5) Le Paulo ƒe ŋkekea me la, asixɔxɔ gã aɖe le Sea ŋuti numeɖeɖe siawo ŋu na Kristotɔwo, eye wogale vevie nenema ke egbea. Numeɖeɖe mawo kpena ɖe mía ŋu míesea asixɔxɔ si le ɖoɖo si Mawu wɔ na mí la ŋu gɔme bliboe wu.
2. Mɔnukpɔkpɔ kae su Kristotɔ Yudatɔwo si, si mesu ame siwo menye Yudatɔwo o la si o?
2 Esime Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kristotɔ siwo nɔ Roma la, eƒe nya aɖewo yi na Yudatɔ siwo va zu Kristotɔwo, ame siwo wofia Mose ƒe Sea tsã. Elɔ̃ ɖe edzi be, esi ame siawo nya Mawu ƒe Sea ta la, “sidzedze kple nyateƒe la ƒe nɔnɔme” si ku ɖe Yehowa kple eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo ŋu la su wo si. “Nyateƒe la ƒe nɔnɔme” gɔme sese kple bubudede eŋu tso dzi me akpe ɖe Kristotɔ Yudatɔwo ŋu, abe ale si wòkpe ɖe nuteƒewɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na wo la ŋu ene, be woafia mɔ ame siwo menya Se si Yehowa tsɔ na eƒe dukɔ o la, eye woafia nu wo ahana numekɔkɔ woamawo.—Mixlẽ Romatɔwo 2:17-20.
YESU ƑE VƆSA LA ƑE VƆVƆLI
3. Aleke nusɔsrɔ̃ tso blema Yudatɔwo ƒe vɔsawo ŋu aɖe vi na mí?
3 Nyateƒe la ƒe nɔnɔme si ŋu Paulo ƒo nu tsoe la gale vevie egbea be míase Yehowa ƒe tameɖoɖowo gɔme. Asixɔxɔ si le dzidzenu siwo le Mose ƒe Sea me ŋu la dzi meɖe kpɔtɔ o. Esi esia le susu me na mí la, mina míalé ŋku ɖe Sea ƒe akpa aɖe, si nye ale si vɔsa vovovoawo kplɔ Yudatɔ ɖokuibɔbɔlawo yi Kristo gbɔe eye wokpe ɖe wo ŋu wose nu si Mawu di tso wo si gɔme la ŋu. Eye esi wònye be nu vevi siwo Yehowa di tso esubɔlawo si la metrɔna gbeɖe o ta la, míakpɔe be se si Mawu na Israel viwo ku ɖe vɔsawo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzro míaƒe subɔsubɔ kɔkɔea ƒe nyonyome me.—Mal. 3:6.
4, 5. (a) Nu ka dzie Mose ƒe Sea ɖoa ŋkui na Mawu ƒe amewo? (b) Nu kae Mawu ƒe se siwo ku ɖe vɔsawo ŋu la nye vɔvɔli na?
4 Mose ƒe Sea ƒe akpa geɖe ɖoa ŋku edzi na blema Yudatɔwo be wonye nu vɔ̃ mewo. Le kpɔɖeŋu me, wobia tso ame sia ame si ka asi ame kuku ŋu la si be wòakɔ eɖokui ŋu. Be wòawɔ esia la, ele be wòana nyi dzĩ si sɔ blibo la ɖeka; nunɔla awu nyia eye wòatɔ dzoe. Adzra afi la ɖo hena “ameŋukɔtsi” la; woatsɔ ameŋukɔtsia ahlẽ ɖe ame si ŋu mekɔ o la ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia dzi atsɔ akɔ eŋui. (4 Mose 19:1-13) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, be woaɖo ŋku edzi na wo be vidzidzi dzie blibomademade kple nu vɔ̃ tona kakana la, Sea gblɔ be nyɔnu si dzi vi la ŋu mekɔ o hena ɣeyiɣi aɖe, eye ehiã be wòana woasa vɔ atsɔ alé avu nɛ.—3 Mose 12:1-8.
5 Wobia tso Yudatɔwo si be woatsɔ lãwo asa vɔe hena nu vɔ̃ tsɔtsɔ ke le nɔnɔme bubu geɖewo me le woƒe agbe me. Wonya alo womeɖanya o, vɔ siwo wosana le avɔgbadɔa me—kple esiwo wova sana emegbe le Yehowa ƒe gbedoxɔa me la siaa—nye Yesu ƒe vɔsa deblibo la ƒe “vɔvɔli.”—Heb. 10:1-10.
NƆNƆME NYUI SI ANƆ AME SI ÐE VƆSAWO ŊU
6, 7. (a) Nu kawo ŋue wòle be Israel viwo nabu ne wole nu siwo woatsɔ asa vɔe la tiam, eye nu kae esia nye vɔvɔli na? (b) Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokuiwo?
6 Nu vevi aɖe si Yehowa di ye nye be lã si woatsɔ asa vɔe la ‘nasɔ blibo’ le go sia go me—mele be eƒe ŋku nagbã, eƒe ata naŋe, wòaxɔ abi, alo kpɔtsɔtsɔ aɖe nanɔ eŋu, alo wòanye lã lédɔ o. (3 Mose 22:20-22) Ne atikutsetsewo alo agblenukuwoe Israel viwo di be yewoatsɔ asa vɔ na Yehowa la, ele be woanye “agblemenu gbãtɔ” siwo nye nuawo “ƒe nyuitɔwo.” (4 Mose 18:12, 29) Yehowa mekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo mesɔ blibo o la ƒe vɔsawo ŋu o. Nu vevi si wobia tso Israel viwo si ku ɖe lãwo ƒe vɔsawo ŋu la ɖee fia be Yesu ƒe tafevɔsa la anye esi ŋu kpɔtsɔtsɔ kple ɖiƒoƒo aɖeke manɔ o, eye be Yehowa atsɔ eƒe nu nyuitɔ si le vevie nɛ wu la ana hena ameƒomea ɖeɖe.—1 Pet. 1:18, 19.
7 Ne ame si le vɔa sam la kpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nyuiwɔwɔwo katã ŋu vavã la, ekema ɖe mado dzidzɔ nɛ be yeatia yeƒe nu nyuitɔ kekeake hena vɔa sasa oa? Wogblẽe ɖe ame sia ame si me be eya ŋutɔ natso nya me le nu si wòatsɔ asa vɔe la ƒe nyonyome ŋu. Ke hã enyae be Mawu makpɔ ŋudzedze ɖe vɔsa si ŋu kpɔtsɔtsɔ le ŋu o, elabena esia aɖee afia be amea bu vɔsaa abe kɔnu dzro aɖe ko ene, alo kura gɔ̃ hã ebui abe agba kpekpe ene. (Mixlẽ Maleaxi 1:6-8, 13.) Ele be esia nana míagbugbɔ abu ale si míele Mawu subɔmee la ŋu ahabia mía ɖokuiwo be: ‘Aleke mele Yehowa subɔmee? Ðe wòahiã be magbugbɔ adzro nye subɔsubɔ ƒe nyonyome kple nu si tae mele Mawu subɔm ɖo mea?’
8, 9. Nu ka tae wòle be míabu nɔnɔme siwo Israel viwo ɖena fiana ne wole vɔ sam la ŋu?
8 Ne Israel vi aɖe ƒe vɔsa nye lɔlɔ̃nu faa nunana, si wòtsɔ ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia Yehowa tso dzi me, abe ale si wòle le numevɔsawo gome ene, be yeƒe nu nadze eŋu la, lã si wòatsɔ asa vɔe la tiatia manye nu sesẽ nɛ kura o. Anye dzidzɔ na nunalaa be yeatsɔ yeƒe nu nyuitɔ kekeake ana Yehowa. Kristotɔ siwo li egbea mesaa vɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Mose ƒe Sea me la o; ke hã wotsɔa nanewo saa vɔe, le mɔ sia nu be, wozãa woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo tsɔ subɔa Yehowa. Apostolo Paulo gblɔ tso “nuyi siwo ʋua” mɔkpɔkpɔ si le Kristotɔwo si la “me le dutoƒo” kpakple “nyuiwɔwɔ kple nunana ame bubuwo” ŋu be wonye vɔsa siwo dzea Mawu ŋu. (Heb. 13:15, 16) Nɔnɔme si Yehowa subɔlawo ɖena fiana ne wole gome kpɔm le dɔwɔna siawo me la ɖea ale si gbegbe wokpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo katã Mawu na wo la ŋu hedaa akpe ɖe wo tae la fiana. Eya ta ɖekawɔwɔ aɖe le nɔnɔme siwo ame siwo kpɔa gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me egbea kple ame siwo lɔ̃ faa sa vɔwo le wo ɖokuiwo si le blema la ɖena fiana kple nu siwo ʋãa wo la dome.
9 Le nɔnɔme aɖewo me la, Mose ƒe Sea bia tso Israel vi si wɔ nu vɔ̃ la si be wòasa nuvɔ̃vɔ alo fɔɖivɔ ɖe eƒe nu vɔ̃a ta. Èsusu be asesẽ na Israel vi ma be wòasa vɔ mawo tso dzi me faa le esi wònye ɖe wobia tso esi be wòasa vɔ mawo ta? Alo ɖe wòanye be asa vɔ mawo kple tseɖuɖua? (3 Mose 4:27, 28) Manɔ alea nenye be ame si le vɔa sam la, di vevie tso dzi me be ƒomedodo nyui nayi edzi anɔ ye kple Yehowa dome o.
10. Nu kae Kristotɔwo ate ŋu ‘atsɔ asa vɔe’ hafi aɖɔ ƒomedodo aɖe si me gblẽ ɖo?
10 Nenema kee egbea la, àte ŋu ade dzesii be èwɔ nu wòve nɔvi aɖe le wò manyamanya me, alo le esi mèbu nya aɖe ŋu nyuie hafi gblɔ o ta. Ðewohĩ wò dzitsinya gblɔ na wò be èwɔ nu gbegblẽ aɖe. Ne ame si se le eɖokui me alea la di be yeadze Yehowa ŋu vavã la, ɖe mawɔ nu sia nu si wòate ŋui la aɖɔ eƒe vodadaa ɖo oa? Esia abia be wòaɖe kuku na ame si dzi wòdze agɔa le la tso dzi me ke, alo ne nu vɔ̃ gãe wòwɔ la, adi kpekpeɖeŋu tso Kristotɔ dzikpɔla lɔ̃ameawo gbɔ. (Mat. 5:23, 24; Yak. 5:14, 15) Hafi míate ŋu aɖɔ nu gbegblẽ si míewɔ ɖe mía havia ŋu la ɖo, alo be woatsɔ nu vɔ̃ si míewɔ ɖe Mawu ŋu ake mí la, ele be míatsɔ nanewo asa vɔe. Ke hã ne ‘míesa vɔ’ siawo la, míedzraa ƒomedodo si le mía kple Yehowa kpakple esi le mía kple mía nɔvia dome la ɖo, eye dzitsinya nyui sua mía si. Esia hã nana míekana ɖe edzi be Yehowa ƒe mɔe nye nyuitɔ.
11, 12. (a) Nu kae akpedavɔsa lɔ ɖe eme? (b) Nu kae tadeagula vavã siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ tso akpedavɔ siwo wosana le blema la me?
11 Wobu vɔsa aɖewo, siwo wobia le Mose ƒe Sea me la, be wonye akpedavɔsawo. Esia fia be amea kple Yehowa dome le nyuie. Ame si le vɔ sia sam la kple eƒe ƒomea siaa ɖua vɔsalã la ƒe ɖe; ɖewohĩ woɖunɛ le gbedoxɔa ƒe nuɖuxɔawo dometɔ ɖeka me. Nunɔla si sa vɔa la xɔa vɔsalã la ƒe ɖe, eye nunɔla bubu siwo subɔna le gbedoxɔa me la hã xɔa akpa aɖe. (3 Mose 3:1; 7:31-33) Ame si le vɔa sam la sanɛ kple susu be ƒomedodo nyui nanɔ ye kple Mawu dome. Ðeko wòle ko abe ɖe vɔa sala la, eƒe ƒomea, nunɔlawo, kpakple Yehowa ŋutɔ wole nu ɖum kple dzidzɔ, le ŋutifafa me ene.
12 Mɔnukpɔkpɔ gã kae agate ŋu asu mía si wu esia be míakpe Yehowa, le kpɔɖeŋumɔ nu, be wòava ɖu nu kpli mí eye wòawɔ ɖe amekpekpea dzii? Le dzɔdzɔme nu la, amedzroxɔla dina be yeatsɔ yeƒe nu nyuitɔ axɔ amedzro aɖe si ŋu bubu le. Akpedavɔsa ƒe ɖoɖo, si nye nyateƒe la ƒe nɔnɔme si le Sea me la ƒe akpa aɖe la, ɖee fia be, to Yesu ƒe tafevɔsa si de ŋgɔ wu dzi la, ameƒomea me tɔ siwo katã di be yewoanɔ ŋutifafa me kple yewo Wɔla la ate ŋu awɔe nenema. Egbea la, xɔlɔ̃wɔwɔ ate ŋu anɔ mía kple Yehowa dome eye míabɔ ha kplii ne míelɔ̃ faa tsɔ míaƒe nunɔamesiwo kple ŋutetewo sa vɔe le eƒe subɔsubɔdɔa me.
VƆSA SIWO MEDZEA MAWU ŊU O
13, 14. Nu ka tae vɔ si Fia Saul ɖo be yeasa na Yehowa la medze eŋu o?
13 Edze ƒãa be hafi Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe vɔsa siwo Mose ƒe Sea bia ŋu la, ele be woasa vɔ siawo kple nukpɔsusu nyui eye dzi ƒe nɔnɔme nyuitɔ nanɔ ame si. Gake vɔsa siwo ŋu Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖo o ƒe kpɔɖeŋuwo hã le Biblia me be wòanye nuxlɔ̃ame na mí. Nu kae na mekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o? Mina míalé ŋku ɖe kpɔɖeŋu eve aɖewo ŋu kpɔ.
14 Nyagblɔɖila Samuel gblɔ na Fia Saul be ɣeyiɣia de be Yehowa nahe to na Amalekitɔwo. Eya ta wobia tso Saul si be wòatsrɔ̃ dukɔ ma, siwo nye woƒe futɔwo la, kple woƒe lãhawo katã. Gake esi Saul ɖu aʋa dzi la, eɖe mɔ na eƒe asrafowo wokpɔ Agag si nye Amalekitɔwo ƒe fia la ta. Saul kpɔ woƒe lã nyuitɔwo hã ta be yeatsɔ wo asa vɔ na Yehowa. (1 Sam. 15:2, 3, 21) Aleke Yehowa wɔ nui? Egbe Saul le eƒe tomaɖomaɖoa ta. (Mixlẽ 1 Samuel 15:22, 23.) Nu kae míesrɔ̃ tso esia me? Eyae nye be, hafi míaƒe vɔsa aɖe nadze Mawu ŋu la, ele be míanye ame siwo ɖoa toe hewɔa eƒe sewo dzi.
15. Nu kae Israel vi aɖewo, siwo nɔ anyi le Yesaya ƒe ŋkekea me siwo nɔ vɔ sam, evɔ womenɔ agbe nyui nɔm o la ɖe fia?
15 Kpɔɖeŋu ma tɔgbi dze le Yesaya ƒe agbalẽa hã me. Le Yesaya ƒe ŋkekea me la, Israel viwo nɔ vɔ sam na Yehowa hena woƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke. Ke hã woƒe agbe nyui manɔmanɔ wɔe be woƒe vɔsawo zu nu dzodzro. Yehowa bia be: “Nu ka miaƒe akpedavɔsa gbogboawo awɔ nam? Agbowo ƒe numevɔsa kple nyivi damiwo ƒe ami ti kɔ nam, eye nyiwo, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu medzea ŋunye o. . . . Migasa nuɖuvɔ alakpatɔ azɔ o, dzudzɔdonu nyɔŋu wònye nam.” Nu ka tae Mawu gbe woƒe vɔsawo? Egblɔ na wo be: “Ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemasee o, elabena ʋu yɔ asi me na mi! Mile tsi, miklɔ mia ɖokui ŋu! Miɖe miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖa le ŋkunye me, eye midzudzɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ!”—Yes. 1:11-16.
16. Vɔsa kawoe dzea Mawu ŋu?
16 Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe vɔ siwo nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo sana ŋu kura o. Ke hã ame siwo le agbagba dzem vevie be yewoanɔ agbe ɖe Mawu ƒe seawo nu la ƒe gbedodoɖawo kple vɔsawo dzea eŋu. Nyateƒea ƒe nɔnɔme si le Sea me la fia ame mawo be wonye nu vɔ̃ mewo eye wohiã tsɔtsɔke. (Gal. 3:19) Dzesidede esiawo nana be wosea veve ɖe woƒe nu vɔ̃ ta. Nenema kee egbea la, ele be míade dzesii be míehiã Kristo ƒe vɔsa, si ate ŋu alé avu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta vavã. Ne míese akpa si vɔsa sia wɔna la gɔme eye míadea asixɔxɔ eŋu la, vɔ siwo katã míesana na Yehowa le míaƒe subɔsubɔdɔa me la ‘adze eŋu.’—Mixlẽ Psalmo 51:19, 21.
XƆ YESU ƑE VƆSA LA DZI SE!
17-19. (a) Aleke míate ŋu aɖee afia Yehowa be míekpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa ŋu? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
17 Mɔnukpɔkpɔ si su mía si, si mesu mawusubɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli si o, ye nye be míekpɔa Mawu ƒe tameɖoɖo siwo “ƒe vɔvɔli” woawo ya wokpɔ la ŋutɔŋutɔ. (Heb. 10:1) Vɔsawo ŋuti sewo de dzi ƒo na Yudatɔwo be woatu nɔnɔme nyui siwo ana woanɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu—siwo nye ŋudzedzekpɔkpɔ vavã ɖeɖe fia Mawu, didi be woatsɔ woƒe nu nyuitɔ kekeake anae, kpakple dzesidedee be yewohiã na ɖeɖekpɔkpɔ—la ɖo. Le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu ase egɔme be to tafevɔsaa dzi la, Yehowa aɖe nu vɔ̃ me tsonuwo ɖa keŋkeŋ, eye fifia gɔ̃ hã la, eto esia dzi ʋu mɔ na mí be dzitsinya nyui nasu mía si. Nyateƒee, Yesu ƒe tafevɔsa la nye nunana wɔnuku aɖe ŋutɔ!—Gal. 3:13; Heb. 9:9, 14.
18 Enye nyateƒe be hafi tafevɔsa la naɖe vi na mí la, ehiã be míawɔ nu geɖe wu egɔmesese be míehiã na tafevɔsa la ko. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Se la va zu míaƒe mɔfiala si kplɔa mí yia Kristo gbɔ, bene woabu mí ame dzɔdzɔewo le xɔse ta.” (Gal. 3:24) Ele be dɔwɔwɔ nakpe ɖe xɔse ma ŋu godoo. (Yak. 2:26) Eya tae Paulo de dzi ƒo na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo si nyateƒe la ƒe nɔnɔme, si le Mose ƒe Sea me, su la be woatsɔ sidzedze ma ade dɔwɔwɔ me. Ne wowɔ esia la, woƒe agbenɔnɔ awɔ ɖeka kple Mawu ƒe se siwo wofiaa ame bubuwo la.—Mixlẽ Romatɔwo 2:21-23.
19 Togbɔ be womegabia tso Kristotɔwo si be woawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi o hã la, ele na wo kokoko be woasa vɔ siwo dzea Yehowa ŋu. Míadzro ale si míate ŋu awɔ esiae la me le nyati si kplɔe ɖo me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 17]
Nu vevi siwo Yehowa di tso esubɔlawo si la metrɔna gbeɖe o
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Anye ne lã ka ƒomevie nàtsɔ asa vɔ na Yehowa?
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Yehowa lɔ̃a ame siwo saa vɔ siwo dzea eŋu la