Kpɔ Gbɔgbɔ Nyui Si Le Hamea Me La Ta
“Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple gbɔgbɔ si mieɖena fiana la.”—FLP. 4:23.
ALEKE MÍATE ŊU AKPE ASI ÐE EŊU BE GBƆGBƆ NYUI AÐE NANƆ HAMEA ME . . .
ne míele mía nɔviwo dome le kpekpeawo me?
ne míewɔa gbeadzisubɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe?
ne míegblɔ nu vɔ̃ gã aɖe si nɔvi aɖe wɔ la na hamemetsitsiwo?
1. Nu ka tae wokafu Filipi kple Tiatira hameawo ɖo?
NU MEDE Kristotɔ siwo nɔ Filipi le ƒe alafa gbãtɔ me la dzi le ŋutilã me o. Ke hã wonyoa dɔme eye woɖea lɔlɔ̃ deto fiaa wo nɔvi xɔsetɔwo. (Flp. 1:3-5, 9; 4:15, 16) Eya ta esi apostolo Paulo nɔ lɛta si gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ na wo la nu wum la, egblɔ na wo be: “Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple gbɔgbɔ si mieɖena fiana la.” (Flp. 4:23) Esi Kristotɔ siwo nɔ Tiatira ɖe gbɔgbɔ ma tɔgbi fia ta la, Yesu Kristo si wodo ɖe dzi la gblɔ na wo be: “Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò lɔlɔ̃ kple wò xɔse kple wò subɔsubɔdɔ kpakple wò dzidodo, eye be wò dɔwɔwɔ fifitɔwo sɔ gbɔ wu tsãtɔwo.”—Nyaɖ. 2:19.
2. Akpa kae míewɔna le gbɔgbɔ si míaƒe hamea ɖena fiana me?
2 Nenema kee Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo li egbea la dometɔ ɖe sia ɖe ɖea gbɔgbɔ aɖe koŋ, alo nɔnɔme aɖe si ɖea dzesi le wo ŋu la, fiana. Wonya hame aɖewo be wodoa vivi ɖe ame ŋu eye wolɔ̃a ame ŋutɔ. Hame bubuwo hã kpea asi ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu dzonɔamemetɔe eye wodea asixɔxɔ gã aɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Ne mía dometɔ ɖe sia ɖe tu gbɔgbɔ nyui ɖo la, míakpe asi ɖe ɖekawɔwɔ si le hamea me ŋu, eye míado gbɔgbɔ nyui si le hamea me la ɖe ŋgɔ. (1 Kor. 1:10) Le go bubu me la, ne nɔnɔme gbegblẽwo le mía si la, ate ŋu awɔe be hamea nanɔ gbɔgbɔmekɔlɔ̃e dɔm, anɔ yɔyrɔe, eye hamea me tɔwo anɔ mɔ ɖem ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu gɔ̃ hã. (1 Kor. 5:1; Nyaɖ. 3:15, 16) Gbɔgbɔ kae ɖe dzesi le miaƒe hamea me? Aleke nàte ŋu akpe asi ɖe eŋu be gbɔgbɔ nyui nanɔ hamea me?
KPE ASI ÐE EŊU BE GBƆGBƆ NYUI NANƆ HAMEA ME
3, 4. Aleke míate ŋu ‘akafu Yehowa le ame geɖewo dome’?
3 Hakpalaa dzi ha be: “Manyɔ wò [Yehowa] ŋkɔ le ameha gãwo me, eye makafu wò le ame geɖewo dome.” (Ps. 35:18) Ne hakpalaa le Mawu subɔla bubuwo dome la, ekafua Yehowa. Hame ƒe kpekpe siwo míedena kwasiɖa sia kwasiɖa, si me Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ hã le la, naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖe dzonɔameme kple xɔse afia to nyaŋuɖoɖo dzi. Anyo be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe mewɔa mɔnukpɔkpɔ si su asinye be maɖo nya ŋu le kpekpewo me la ŋu dɔ bliboea? Ðe medzrana ɖo nyuie be maɖo nya ŋu nyuie le kpekpeawo mea? Ne ƒome ƒe tae menye la, ɖe mekpena ɖe vinyewo ŋu wodzraa nya siwo ŋu woaɖo le kpekpeawo me la ɖo do ŋgɔ eye mefiaa ale si woaɖo nya ŋu le woawo ŋutɔwo ƒe nyagbewo me la woa?’
4 Hakpala David ɖee fia be ne míaƒe dzi le te goŋgoŋ la, míakpɔ dzidzɔ ɖe hadzidzi ŋu. Egblɔ be: “Oo Mawu, nye dzi le te goŋgoŋ, nye dzi le te goŋgoŋgoŋ. Madzi ha eye maƒo ha.” (Ps. 57:8, NW) Ha siwo míedzina le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la naa mɔnukpɔkpɔ mí be ‘míadzi ha ahaƒo ha’ na Yehowa kple dzi kpɔdzidzɔ. Ne míenya ha aɖewo nyuie o la, ɖe manyo be míasrɔ̃ wo dzidzi le Ƒometadedeagu fiẽsiwo me oa? Mina míaɖoe kplikpaa be ‘míadzi ha ahaƒo ha na Yehowa ŋkeke ale si míele agbe.’—Ps. 104:33.
5, 6. Aleke míate ŋu awɔ amedzro na mía nɔviwo ahanyo dɔme na wo, eye dɔ nyui kae esia wɔna ɖe hamea dzi?
5 Dɔmenyonyo na mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo nye mɔ bubu aɖe si dzi míato ana lɔlɔ̃ nanɔ hamea me. Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Hebritɔwo ƒe ta mamlɛtɔ me la, ede dzi ƒo na wo be: “Mina miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nayi edzi ɖaa. Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o.” (Heb. 13:1, 2) Ne míekpea dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo le hamea me la be woava ɖu nu kpli mí la, esia nye mɔ nyui aɖe si dzi míato aɖe amedzrowɔwɔ afia. Ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu akpe ahosiwo, dzilaɖekɛƒomewo, alo ame ɖekaɖekawo woava ɖu nu kpli mí alo akpɔ gome le míaƒe ƒometadedeagu me.
6 Paulo ɖo aɖaŋu na Timoteo be wòade dzi ƒo na haxɔsetɔwo “be woawɔ nyui, woanye kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, woaʋu asi me, woalɔ̃ faa ana nu amewo, eye woadzra gɔmeɖoanyi nyui aɖe ɖo ɖi dedie na wo ɖokuiwo, wòanye kesinɔnu hena etsɔ si gbɔna, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.” (1 Tim. 6:17-19) Nu si Paulo nɔ dzi dem ƒo na ehati tadeagulawo be woawɔe nye be woatu dɔmenyonyo ƒe gbɔgbɔ ɖo. Ne ganyawo le sesẽm gɔ̃ hã la, míate ŋu anyo dɔme na mía nɔewo. Mɔ nyui aɖe si dzi míato awɔ esia ye nye be, ne ʋu le mía si la, míakɔ mía nɔvi siwo le hiã me ayi gbeadzi alo kpekpeawo, alo aɖo ʋu na wo ne ehiã. Ke nu kae ame siwo wonyo dɔme na alea ya ate ŋu awɔ? Woate ŋu ado gbɔgbɔ nyui si le hamea me la ɖe ŋgɔ ne woɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia, ɖewohĩ woaka fe me na nɔvi la wòatsɔ adze mɔmemi alo adzra ʋua ɖo, ne esia ate ŋu anya wɔ na wo ko. Gakpe ɖe eŋu la, ne míekpɔa vovo ɖe mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu la, esia ana woase le wo ɖokuiwo me be yewole vevie na mí eye míelɔ̃ yewo. Ne míegbaa go le dɔ nyuiwo wɔwɔ me “na ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me” eye míenɔa klalo be míazã míaƒe ɣeyiɣiwo kple nunɔamesiwo ɖe wo ŋu la, menye ɖeko esia nana míaƒe lɔlɔ̃ na wo dea to ɖe edzi o, ke eʋãa ame bubuwo hã be woatu vividoɖeameŋu ƒe gbɔgbɔ nyui aɖe ɖo le hamea me.—Gal. 6:10.
7. Ne míeʋua go amewo ƒe nya ɣaɣlawo o la, aleke wòkpɔa gbɔgbɔ nyui si le hamea me la tae?
7 Gabu nu bubu siwo nana be lɔlɔ̃ ƒe kadodo si le mía kple mía nɔvi xɔsetɔwo dome la gasẽna ɖe edzi ŋu kpɔ: Woawoe nye xɔlɔ̃wɔwɔ kple gomaʋumaʋu amewo ƒe nya ɣaɣlawo. (Mixlẽ Lododowo 18:24.) Xɔlɔ̃ vavãwo meʋua go wo nɔewo ƒe nya ɣaɣlawo o. Ne mía nɔviwo ɖe woƒe dzimenyawo kple woƒe seselelãmewo gblɔ na mí eye woka ɖe mía dzi be míagblɔe na ame bubuwo o la, lɔlɔ̃ ƒe kadodo si le mía kpli wo dome xoxo la me agasẽ ɖe edzi. Mina míanye xɔlɔ̃ siwo dzi woate ŋu aka ɖo, siwo meʋua go amewo ƒe nya ɣaɣlawo o, be lɔlɔ̃ nanɔ hamea me abe ƒometɔwo kplikplikpliwoe míenye ene.—Lod. 20:19.
WƆ SUBƆSUBƆDƆA DZONƆAMEMETƆE
8. Aɖaŋu kae Yesu ɖo na Laodikea hamea, eye nu ka tae?
8 Yesu gblɔ na Laodikea hamea be: “Menya wò dɔwɔwɔwo, be mèfa o, eye mèxɔ dzo hã o. Ðe madi be nàfa alo nàxɔ dzo hafi. Eya ta esi wònye nèle yɔyrɔe, eye mèxɔ dzo alo fa o ta la, matu wò aƒu gbe tso nye nu me.” (Nyaɖ. 3:15, 16) Dzo menɔ Laodikea hamea me tɔwo me ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu o. Anɔ eme be nɔnɔme sia gblẽ kadodo si nɔ wo dome le hamea me la hã me. Eya ta Yesu ɖo aɖaŋu na wo lɔlɔ̃tɔe be: “Ame siwo katã gbɔ nyemelɔ̃a nu le o la, megbea nya na wo, eye mehea to na wo. Eya ta do vevie nu eye nàtrɔ dzi me.”—Nyaɖ. 3:19.
9. Ne dzo le mía me ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu la, aleke wòkpɔa ŋusẽ ɖe gbɔgbɔ si hamea ɖena fiana dzi?
9 Be míakpe asi ɖe eŋu be gbɔgbɔ nyui nanɔ hamea me la, ele be dzo nanɔ mía me ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu. Taɖodzinu si tae woɖo hamea ɖoe nye be emetɔwo nadi ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ la le anyigbamamaa me eye woatu wo ɖo le gbɔgbɔ me. Eya ta ele be míakpɔ gome le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me dzonɔamemetɔe, abe ale si Yesu wɔe ene. (Mat. 28:19, 20; Luka 4:43) Zi ale si dzo le mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la, zi nenemae míawɔ ɖeka abe “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” ene. (1 Kor. 3:9) Ne míewɔa dɔ kple ame bubuwo le gbeadzi eye míekpɔ ale si woʋlia woƒe xɔse ta heɖea ale si wokpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu fiana la, esia ʋãa mí míelɔ̃a wo hedea bubu wo ŋu geɖe wu. Gakpe ɖe eŋu la, subɔsubɔ le gbeadzi ‘kple nusɔsɔe’ wɔnɛ be ɖekawɔwɔ ƒe gbɔgbɔ nɔa hamea me.—Mixlẽ Zefaniya 3:9.
10. Ne míena míaƒe subɔsubɔdɔa le nyonyom ɖe edzi la, ŋusẽ kae wòkpɔna ɖe hamea me tɔ bubuwo dzi?
10 Agbagbadzedze be míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi hã kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame bubuwo dzi. Ne míetsɔa ɖe le eme na ame siwo míedoa goe le gbeadzi la geɖe wu eye míekua kutri be míaƒe nyawo nade aƒemenɔlawo ƒe dzi gbɔ la, dzo si le mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la adzi ɖe edzi. (Mat. 9:36, 37) Ne dzo le mía me la, ana dzo naɖo míaƒe zɔhɛwo hã me. Esime Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖaɖe gbeƒã la, edɔ wo eveve, ke menye ɖekaɖeka o. (Luka 10:1) Menye ɖeko esia na dzi ɖo wo ƒo eye wòna wokpe ɖe wo nɔewo ŋu o, ke ena hã be dzo si nɔ wo me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la gadzi ɖe edzi. Ðe medoa dzidzɔ na mí ŋutɔ ne míele dɔ wɔm kple Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo me dzo le oa? Woƒe dzonɔameme nana dzi ɖoa mía ƒo eye wòʋãa mí be míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi.—Rom. 1:12.
KPƆ NYUIE LE LIƲILIƲILILI KPLE NU VƆ̃ GBE NƆNƆ ŊU
11. Nɔnɔme kae Israel vi siwo nɔ Mose ƒe ŋkekea me la dometɔ aɖewo ɖe fia, eye nu kae esia gblẽ le wo ŋu?
11 Esi woɖo Israel dukɔa yeyee kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko megbe la, wova nɔ liʋiliʋi lim le esi womekpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo nɔ wo si ŋu o ta. Esia wɔe be wova dze aglã ɖe Yehowa kple eteƒenɔlawo ŋu. (2 Mose 16:1, 2) Israel vi siwo ʋu tso Egipte la dometɔ ʋɛ aɖewo koe woɖe mɔ na woyi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi. Womeɖe mɔ na Mose kura gɔ̃ hã wòyi anyigba ma dzi o, le ale si wòwɔ nui esime Israel dukɔa ɖe nɔnɔme gbegblẽ fia ta! (5 Mose 32:48-52) Nu kae míate ŋu awɔ egbea be mɔ̃ ma tɔgbi nagaɖe mí o?
12. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na liʋiliʋilili?
12 Ele be míakpɔ nyuie le liʋiliʋilili ŋu. Togbɔ be ɖokuibɔbɔ kple bubudede ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu akpe ɖe mía ŋu le esia gome hã la, ehiã be míalé ŋku ɖe míaƒe hadedewo ŋu. Modzakaɖeɖe gbegblẽwo alo hadede kplikplikpli kple dɔwɔhati alo sukuhati siwo medea bubu dzidzenu dzɔdzɔewo ŋu o ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu. Nunya le eme be míadzudzɔ hadede kple liʋiliʋililawo kpakple ame siwo dina be yewoawɔ nu le yewo ɖokui si.—Lod. 13:20.
13. Ne hamea me tɔwo yia edzi lia liʋiliʋi la, agbenɔnɔ siwo agblẽ woa kple Yehowa dome ƒomedodoa me ka mee wòakplɔ wo ade?
13 Ne hamea me tɔwo yia edzi lia liʋiliʋi la, vivivi la, ate ŋu akplɔ wo ade agbenɔnɔ aɖewo siwo agblẽ woa kple Yehowa dome ƒomedodoa me la me. Le kpɔɖeŋu me, liʋiliʋilili ate ŋu agblẽ ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si le hamea me la me. Gakpe ɖe eŋu la, menye ɖeko míaƒe haxɔsetɔwo ŋu lilĩ ana woase veve ko evɔ o, ke nɔnɔme gbegblẽ ma ate ŋu ado gã ɖe edzi ahakplɔ mí ade nu vɔ̃ siwo nye ameŋugbegblẽ kple amedzudzu hã me. (3 Mose 19:16; 1 Kor. 5:11) Ame aɖewo siwo nɔ liʋiliʋi lim le hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me me la “[doa] vlo aƒetɔnyenye heƒoa nu gbegblẽ tso ŋutikɔkɔemewo ŋu.” (Yuda 8, 16) Kakaɖedzitɔe la, Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe liʋiliʋilili le ŋutsu siwo xɔ ŋgɔ le hamea me ŋu la ŋu kura o.
14, 15. (a) Ne míeŋea aɖaba ƒua nu vɔ̃ gãwo dzi la, nu kae wòate ŋu agblẽ le hame bliboa ŋu? (b) Ne míeva nya be nɔvi aɖe wɔ nu vɔ̃ gã aɖe tsɔ ɣla la, nu kae wòle be míawɔ?
14 Ke ne míeva nya be nɔvi aɖe le nu vɔ̃ gbe nɔm, ɖewohĩ enoa aha tsu, ekpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo, alo wɔa matre alo ahasi ya ɖe? (Ef. 5:11, 12) Ne míeŋea aɖaba ƒua nu vɔ̃ gãwo dzi la, esia ate ŋu awɔe be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe manɔ dɔ wɔm ɖe hamea dzi o, eye agblẽ hame bliboa ƒe ŋutifafa me. (Gal. 5:19-23) Ale si ko wòva hiã be Kristotɔ siwo nɔ Korinto la naɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le hamea me la, nenema kee wòle be míaɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ ɖe sia ɖe ɖa le hamea me egbea be míakpɔ gbɔgbɔ nyui si le hamea me la ta. Nu kae nàte ŋu awɔ be nàkpɔ ŋutifafa si le hamea me la ta?
15 Abe ale si míegblɔe va yi ene la, ele vevie be míagaʋu go nya ɣaɣla aɖewo o, vevietɔ ne ame bubuwo gblɔ woƒe seselelãmewo kple dzimenyawo na mí. Aleke gbegbe wòvɔ̃ɖii eye wòagbã dzi na amee nye esi be míagblɔ ame aɖe ƒe nya ɣaɣla na ame bubuwo! Togbɔ be ele nenema hã la, ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, ele be míana hamemetsitsiwo nanya; woawoe dze le Ŋɔŋlɔawo nu be woakpɔ nyaa gbɔ. (Mixlẽ 3 Mose 5:1.) Eya ta ne míenya be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe wɔ nu vɔ̃ gã mawo tɔgbi aɖe la, ele be míade dzi ƒo nɛ be wòate ɖe hamemetsitsiwo ŋu ne woakpe ɖe eŋu. (Yak. 5:13-15) Gake ne ɣeyiɣi aɖe va yi eye mete ɖe wo ŋu o la, ele be míayi aɖagblɔe na hamemetsitsiwo.
16. Ne míeyi ɖagblɔ nu vɔ̃ gã aɖe si nɔvi aɖe wɔ la na hamemetsitsiwo la, aleke wòkpɔa hamea ƒe gbɔgbɔ la tae?
16 Gbɔgbɔmegbɔɖemeƒee Kristo hamea nye, eye ele be míaʋu go nu vɔ̃ gãwo na hamemetsitsiwo be woakpɔ hamea ta. Ne hamemetsitsiwo kpe ɖe nu vɔ̃ wɔlaa ŋu wònyɔ le eɖokui me eye wòtrɔ dzi me hexɔ mokaname kple ɖɔɖɔɖo la, maganye afɔku na hamea o. Gake ne ame si wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la gbe dzimetɔtrɔ eye melɔ̃ xɔ aɖaŋu siwo hamemetsitsiwo ɖo nɛ lɔlɔ̃tɔe o ɖe? Amea ɖeɖe ɖa le hamea me anye ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽa “ɖeɖe ɖa” le mía dome, eye esia akpɔ hamea ƒe gbɔgbɔ la ta. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 5:5.) Ɛ̃, hamea ƒe gbɔgbɔ ta kpɔkpɔ bia be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ eƒe akpa dzi aɖe afɔ siwo sɔ, awɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple hamemetsitsiwo be woakpɔ míaƒe haxɔsetɔwo ƒe dedienɔnɔ ta.
DO ‘GBƆGBƆ LA ƑE ÐEKANYENYE’ ÐE ŊGƆ
17, 18. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be ‘míalé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi’?
17 Esi Yesu yomedzela gbãtɔwo “lé fɔ ɖe apostoloawo ƒe nufiafiawo ŋu vevie” ta la, wokpe ɖe hamea me tɔwo ŋu wowɔ ɖeka. (Dɔw. 2:42) Wode asixɔxɔ Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiame siwo woxɔ tso dziɖuhaa gbɔ la ŋu. Esi hamemetsitsi siwo li egbea la wɔa nu aduadu kple kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa ta la, wodea dzi ƒo na hamea me tɔwo katã hekpena ɖe wo ŋu woyia edzi wɔa ɖeka. (1 Kor. 1:10) Ne míewɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo míexɔna tso Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ la dzi eye míezɔna ɖe hamemetsitsiwo ƒe mɔfiafia dzi la, míeɖenɛ fiana be ‘míedzea agbagba vevie be míalé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi le ŋutifafa ƒe nublanu la me.’—Ef. 4:3.
18 Ekema mina mí katã míawɔ míaƒe akpa dzi be míakpɔ gbɔgbɔ nyui si le hamea me la ta. Ne míewɔe alea la, míate ŋu aka ɖe edzi be ‘Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve anɔ anyi kple gbɔgbɔ si míeɖena fiana.’—Flp. 4:23.
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Ðe nèdzrana ɖo nyuie be yeaɖo nya ŋu nyuie atsɔ ado gbɔgbɔ nyui si le hamea me la ɖe ŋgɔa?
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Srɔ̃ míaƒe hawo dzidzi nyuie be nàkpe asi ɖe eŋu be gbɔgbɔ nyui nanɔ hamea me