Aleke Nèɖoa Aɖaŋui?
Ðe wobia tso asiwò kpɔ be nàɖo aɖaŋu na ame aɖewoa? Le kpɔɖeŋu me, ɖe ame aɖe bia nya siawo tɔgbi wò kpɔa: ‘Nu kae wòle be mawɔ? Ðe wòle be mayi kplɔ̃ɖoƒe sia? Ðe wòle be mawɔ dɔ sia? Ðe wòle be mía kple ame sia míanɔ zɔzɔm be míava ɖe mía nɔewoa?’
Ate ŋu adzɔ be ame aɖewo nabia be nàkpe ɖe yewo ŋu le nyametsotso aɖewo wɔwɔ me—nyametsotso siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe woa kple wo xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, alo Yehowa kura gɔ̃ hã dome ƒomedodo dzi. Nu ka dzie nàtu wò aɖaŋuɖoɖoa ɖo? Aleke nèɖoa aɖaŋu na amewo zi geɖe? Nya si amea bia wò la ɖadze abe ɖe mele vevie o ene alo enye ŋkubiãnya o, Lododowo 15:28 gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu.” Kpɔ ale si Biblia me gɔmeɖose atɔ̃ siwo gbɔna la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míele aɖaŋu ɖom na amewoe ɖa.
1 Se Amea Ƒe Nɔnɔmea Gɔme Nyuie.
“Ne ame aɖe mekpɔ se nya, hafi ɖo eŋu o la, bometsitsi kple ŋukpe wònye nɛ.”—LOD. 18:13.
Hafi míate ŋu aɖo aɖaŋu nyui aɖe la, ele be míase nɔnɔme si me ame si le kpekpeɖeŋua biam la le kple ale si eya ŋutɔ bu nɔnɔmeae la gɔme gbã. Le kpɔɖeŋu me: Ne ame aɖe ƒo ka na wò hebia wò be mɔ kae nye nyuitɔ si yeato ava wò aƒe me hã la, nu kae wòahiã be nànya hafi nàte ŋu akpe ɖe eŋu? Ðe nàte ŋu afia mɔ nyuitɔ si wòato lae ne mènya afi si eya ŋutɔ le le gaƒoƒo ma me gbã oa? Gbeɖe! Nenema kee, hafi míate ŋu ana mɔfiame nyuitɔ ame aɖe si bia aɖaŋuɖoɖo mí la, ehiã be míanya “afi si” wòle le gaƒoƒo ma me gbã—si fia be, míanya nɔnɔme si me wòle kple eƒe nukpɔsusu le nɔnɔmea ŋu. Ðe nanewo li siwo míenya tso nɔnɔme si me tom wòle ŋu o, siwo wòhiã be woanɔ susu me na mí ne míele aɖaŋua ɖoma? Ne míese eƒe nɔnɔmea gɔme nyuie o la, míate ŋu aɖo aɖaŋu aɖe si ana amea nagatɔtɔ kura wu tsã.—Luka 6:39.
Nya Numekuku Si Gbegbe Amea Wɔ. Nunya anɔ eme hã be míabia nya siwo gbɔna la tɔgbi ame si le aɖaŋuɖoɖoa biam: “Biblia me gɔmeɖose vevi kawoe nèsusu be woakpe ɖe ŋuwò le nyametsotsoa wɔwɔ me?” “Ne ètso nya me alea la, viɖe kawoe ate ŋu ado tso eme na wò, eye aleke wòate ŋu agblẽ nu le ŋuwòe?” “Numekuku kae nèwɔ tso nyaa ŋu xoxo?” “Kpekpeɖeŋu kae ame bubuwo, abe hamemetsitsiwo, dziwòlawo, alo ame si le Biblia srɔ̃m kpli wò ene, na wò xoxo?”
Ale si amea aɖo nya siawo ŋui la akpe ɖe mía ŋu míanya agbagba siwo wòdze xoxo le mɔfiafia didi me. Gakpe ɖe eŋu la, ne míenya nya siwo ame bubuwo gblɔ nɛ xoxo la, míanya ale si míaɖo aɖaŋua nɛ. Esia agate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã be míanya nenye be ɖeko amea le aɖaŋuɖola si ‘alũ to me nɛ’ kple nya siwo ƒomevi wòdi be yease la dim.—2 Tim. 4:3.
2 Mègatsi Dzi Aɖo Nya Ŋu O.
“Ele be ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me.”—YAK. 1:19.
Ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu asusu be ne míeɖo nya ŋu kaba la, akpe ɖe ame si le aɖaŋuɖoɖo biam la ŋu. Gake ɖe nunya anɔ esia wɔwɔ me ɣesiaɣia, vevietɔ ne míewɔ numekuku le nya si amea bia ŋu tsitotsito oa? Lododowo 29:20 gblɔ be: “Èle ŋutsu, si tsi klokloklo dzi le nuƒoƒo me la, kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama.”
Lala nàde ŋugble ɣeyiɣi aɖe be nàka ɖe edzi be aɖaŋu si ɖo ge nàla la wɔ ɖeka kple mawumenunya bliboe. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe “xexea ƒe gbɔgbɔ” kple eƒe nuŋububu kpɔ ŋusẽ ɖe nye tamebubu dzia?’ (1 Kor. 2:12, 13) Esi Yesu gblɔ be yele fu kpe ge eye woawu ye la, apostolo Petro ɖo aɖaŋu nɛ be: “Aƒetɔ, di nyui na ɖokuiwò; esia madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o.” Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Petro wɔ nui la me? Eyae nye be, ne susu nyui le mía si gɔ̃ hã la, ne míekpɔ nyuie o la, míate ŋu ado ‘amegbetɔwo ƒe susuwo’ ɖe ŋgɔ, ke “menye Mawu ƒe susuwo” o. (Mat. 16:21-23) Aleke gbegbe wòle vevie nye esi be míabu tame hafi aƒo nu! Ðe menye nyateƒe be nuteƒekpɔkpɔ si su mía si la meɖi naneke kura o ne wotsɔe tsɔ sɔ kple Mawu ƒe nunya oa?—Hiob 38:1-4; Lod. 11:2.
3 Wɔ Mawu Ƒe Nya La Ŋu Dɔ Ðokuibɔbɔtɔe.
“Nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o; ke boŋ ale si Fofo la fiam la, nya siawo megblɔna.”—YOH. 8:28.
Ðe nàgblɔ be, “Ne mele tewòƒe la, anye ne . . . ”? Ne edze abe ɖe nya si amea bia la ŋu ɖoɖo le bɔbɔe ene gɔ̃ hã la, anyo be nàsrɔ̃ ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la. Enya nu eye nuteƒekpɔkpɔ geɖe su esi wu amegbetɔ bubu ɖe sia ɖe; ke hã egblɔ be: “Nyemeƒo nu le ɖokuinye si o, ke boŋ Fofo . . . la [ŋutɔe] na nya, si magblɔ, kple nu, si maƒo, la ƒe sem.” (Yoh. 12:49, 50) Yesu ƒe nufiafiawo kple aɖaŋuɖoɖowo wɔa ɖeka kple Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu ɣesiaɣi.
Le kpɔɖeŋu me, míexlẽe le Luka 22:49 be, esi amewo va Yesu lé ge la, eƒe nusrɔ̃lawo biae be yewoate ŋu aʋli eta mahã. Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka da yi ame aɖe. De dzesii be le nudzɔdzɔ ma ke ŋuti nuŋlɔɖi si dze le Mateo 26:52-54 me la, le nɔnɔme ma gɔ̃ hã me la, Yesu te ŋu de ŋugble kple nusrɔ̃la ma tso nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ŋu. Esi gɔmeɖose siwo le 1 Mose 9:6 kple nyagblɔɖi siwo le Psalmo 22 lia kpakple Yesaya 53 me la nɔ susu me na Yesu ta la, ete ŋu ɖo aɖaŋu si me nunya le. Eye ɖikeke mele eme o be eƒe nyaŋuɖoɖo alea ye kpɔ ame geɖe ƒe agbe ta eye esia dze Yehowa ŋu.
4 Wɔ Numekuku Le Teokrasigbalẽwo Me.
“Ame ka tututue nye kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ ɖo eƒe aƒemesubɔviwo nu, be wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi?”—MAT. 24:45.
Yesu ɖo kluvi ƒe ha aɖe si dzi wòka ɖo la be wòana gbɔgbɔmenuɖuɖu xɔasiwo yeƒe aƒemetɔwo. Hafi nàɖo aɖaŋu na ame aɖe alo ana mɔfiame aɖee ku ɖe nya vevi aɖe ŋu la, ɖe nèdia ɣeyiɣi wɔa numekuku tsitotsito le Biblia srɔ̃gbalẽwo mea?
Nyatakaka gbogbo aɖewo le Watch Tower Publications Index (Index des publications Watch Tower) me kple Watchtower Librarya dzi nàkpɔ. Mele be míaŋlɔ dɔwɔnu siawo zazã be o. Woɖo tanya akpe geɖewo ɖe ɖoɖo nu le wo me eye nyati geɖe li akpe ɖe ame si le aɖaŋuɖoɖo dim la ŋu. Ðe nètea ŋu kpena ɖe ame bubuwo ŋu wozãa dɔwɔnu siawo tsɔ wɔa numekuku eye wotsɔa Biblia me gɔmeɖosewo sɔna kple wo nɔewo ale be woate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwoa? Abe ale si ko anyigbatata ate ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu wòakpɔ mɔ si wòato aɖo teƒe si yim wòle ene la, míaƒe agbalẽwo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòawɔ nyametsotso siwo akpe ɖe eŋu wòaɖo agbe mavɔ ƒe taɖodzinua gbɔ.
Hamemetsitsi geɖe fiaa ale si wozãa Index gbalẽa alo Watchtower Library la gbeƒãɖelawo, eye wotoa esia me kpena ɖe wo nɔviawo ŋu wozãa Ŋɔŋlɔawo tsɔ wɔa nyametsotsowoe. Esia kpena ɖe gbeƒãɖelawo ŋu be menye ɖeko wotea ŋu kpɔa kuxi siwo wodoa goe la gbɔ o, ke numekukuwɔwɔ hã va zua numame na wo eye woɖoa ŋu ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le agbalẽ siwo Yehowa na wota na mí me la ŋu. To esia wɔwɔ me la, wona “hehe woƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo . . . bene woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.”—Heb. 5:14.
5 Ƒo Asa Na Nyametsotsowɔwɔ Na Ame Bubuwo.
“Ame sia ame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agbanɔamedzi.”—GAL. 6:5.
Yehowa na ablɔɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ tiatia, nenye be awɔ ɖe eƒe gɔmeɖosewo dzi loo alo mawɔ ɖe wo dzi o. (5 Mose 30:19, 20) Le nɔnɔme aɖewo me la, ehiãna be míawɔ Biblia me gɔmeɖose geɖewo ŋu dɔ, eye mlɔeba la, ame si le aɖaŋuɖoɖoa dim la ŋutɔe awɔ nyametsotsoa. Ne míebu nya si amea tsɔ ɖo mía ŋkume alo ƒe si amea xɔ ŋu la, ɖewohĩ ahiã hã be míabia mía ɖokui be, ‘Nye agbanɔamedzie wònye vavã be makpɔ nya sia gbɔa?’ Le nya aɖewo gome la, anyo wu be míabia tso amea si be wòayi aɖagblɔe na hamemetsitsiwo, alo ne sɔhɛ ye ame si le aɖaŋuɖoɖoa dim nye la, anyo be míagblɔ nɛ be wòayi aɖagblɔe na edzilawo.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Watchtower Library si le CD-ROM dzi la le gbegbɔgblɔ 39 me fifia. Watch Tower Publications Index gbalẽa le gbegbɔgblɔ siwo wu 45 me fifia.
[Aɖaka si le axa 8]
Numekukuwɔwɔ Le Ƒometadedeagu Me
Ðe manyo be miawɔ numekuku be miakpɔ nya aɖewo siwo wobia mi nyitsɔ laa la ƒe ŋuɖoɖowo oa? Nyati alo Biblia me gɔmeɖose kawo ŋue miate ŋu awɔ numekuku le, siwo ate ŋu akpe ɖe ame si bia nya mawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be nɔvi aɖe gblɔ na wò be yele ame aɖe ŋu bum nenye be anyo be ye kplii yewoazɔ kple taɖodzinu be yewoava ɖe yewo nɔewo hã, eye wòbia nu si nèsusu tso eŋu. Ne èle numekuku wɔm le Index gbalẽa alo Watchtower Library me la, di nyati siwo ku ɖe nyaa ŋu tẽe gbã. Le kpɔɖeŋu me, ne ètsɔ Index gbalẽa la, àte ŋu adi yevugbe me nya “Dating” alo “Marriage.” Eyome tsa tanya sueawo me nàdi nyati siwo sɔ nyuie na amea ƒe nyabiasea. Tanya bubu siwo wofia asii le tanya gãwo gbɔ, siwo xa woŋlɔ ɖo be “See also” (“ Voir aussi ”) la hã akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ, elabena woate ŋu afia asi tanya aɖe si ku ɖe nu si dim nèle la ŋu tẽe.
[Aɖaka si le axa 9]
Míeda akpe na Yehowa be eto eƒe habɔbɔa dzi kpe ɖe mía ŋu míetea ŋu ɖoa aɖaŋu nyuitɔwo na amewo eye woɖoa aɖaŋu nyuiwo na míawo hã. Nyagblɔla 12:11 (NW) gblɔ be: “Nunyalawo ƒe nyawo le abe nyikplɔti ene, eye ame siwo ƒoa nyawo nu ƒu la le abe gatagbadzɛ siwo woƒo ɖe nu ene; kplɔla ɖeka gbɔe nya siawo tso.” Abe “nyikplɔti”—si nye ati nutsutsuẽ si wotsɔna fiaa mɔ nyiwo—ene la, aɖaŋu nyui si woɖo lɔlɔ̃tɔe la fiaa mɔ dzianukwaretɔwo wotoa mɔ dzɔdzɔe. “Gatagbadzɛ siwo woƒo ɖe nu” la nana nua lia ke. Nenema kee aɖaŋuɖoɖo nyuiwo ate ŋu ahe viɖe siwo nɔa anyi ɖaa avae. Nunyalawo ‘ƒoa nya’ siwo ɖea woƒe “kplɔla ɖeka,” Yehowa, ƒe nunya fiana la “nu ƒu” alo kpɔa dzidzɔ ɖe wo dzi wɔwɔ ŋu ɖaa.
Srɔ̃ Kplɔla la ne èle aɖaŋu ɖom. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esia be míalɔ̃ faa aɖo to ne ame aɖe bia aɖaŋuɖoɖo mí eye míaɖo aɖaŋu nyui aɖe ɣesiaɣi si míate ŋui! Ne míetua míaƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖe Biblia me gɔmeɖose dzi vavã la, míaƒe aɖaŋuɖoɖoawo ada sɔ eye woate ŋu ahe viɖe mavɔ avae.