Ðe Gbeƒã Veviedodotɔe
“Ðe gbeƒã nya la, nɔ edzi vevie.”—2 TIM. 4:2.
ÀTE ŊU AÐE WO MEA?
Nu ka tae ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ɖe gbeƒã veviedodotɔe?
Nu kae míate ŋu awɔ be dzo si le mía me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nakpɔtɔ anɔ mía me?
Nu ka tae Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe?
1, 2. Biabia kawoe fɔ ɖe te ku ɖe nuxlɔ̃amenya si nye be ‘míanɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi vevie’ la ŋu?
AME siwo ƒe dɔe wònye be woaɖe amewo ƒe agbe ne afɔkuwo dzɔ la wɔa nu ŋkubiãtɔe. Le kpɔɖeŋu me, ne wonya ƒo ka na dzotsilawo be dzo dze aƒe ko la, wodea afɔ du me enumake; elabena wonya be amewo ƒe agbe ɖo afɔku me.
2 Mí Yehowa Ðasefowo míedina be míakpe ɖe amewo ŋu woakpɔ ɖeɖe. Le esia ta, míebua dɔ si Mawu de mía si be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia la be ehiã kpata. Togbɔ be ele alea hã la, míetsia klokloklo dzi le dɔ sia wɔwɔ me o. Ke nu kae apostolo Paulo wɔnɛ esi wòxlɔ̃ nu be, “Ðe gbeƒã nya la, nɔ edzi vevie”? (2 Tim. 4:2) Aleke míate ŋu aɖe gbeƒã veviedodotɔe? Eye nu ka tae míaƒe dɔa hiã kpata alea gbegbe ɖo?
NU KA TAE MÍAƑE GBEƑÃÐEÐEDƆA HIÃ KPATA ÐO?
3. Nu kae ate ŋu ado tso eme ne amewo xɔ Fiaɖuƒegbedeasia alo wogbee?
3 Ne èbu nu si ado tso míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me ŋu la, ɖewohĩ esia awɔe be nàse le ɖokuiwò me be ehiã kpata be yeagblɔ nya nyuia na amewo. (Rom. 10:13, 14) Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi be, aku kokoko, gake wòɖe asi le eƒe nu vɔ̃ ŋu, eye wòwɔ nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe . . . la, ekema anɔ agbe kokoko, maku o. Womagaɖo ŋu eƒe nu vɔ̃, siwo katã wòwɔ la nɛ o.” (Eze. 33:14-16) Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ na ame si ɖea gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia la be: “Àɖe ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la siaa.”—1 Tim. 4:16; Eze. 3:17-21.
4. Nu ka tae xɔsegbegbe si ŋu nya Yesu gblɔ ɖi la wɔe be gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata le ƒe alafa gbãtɔ me?
4 Be nàse nu si tae Paulo de dzi ƒo na Timoteo be wòaɖe gbeƒã veviedodotɔe gɔme la, de ŋugble le nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpui si dzi wotu nusɔsrɔ̃nyati sia ɖo la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ. Biblia ƒe akpa ma xlẽ be: “Ðe gbeƒã nya la, nɔ edzi vevie le nɔnɔme deamedziwo me, le nɔnɔme madeamedziwo me, gbe nya, ka mo, xlɔ̃ nu, le dzigbɔgbɔ blewu katã kple nufiafiaɖaŋu me. Elabena ɣeyiɣi aɖe ava, esime womaxɔ nufiafia nyuitɔ la o, ke boŋ le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokuiwo, bene woalũ to me na wo; eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋu.” (2 Tim. 4:2-4) Yesu gblɔe ɖi be xɔsegbegbe aɖe ava. (Mat. 13:24, 25, 38) Esi nyagblɔɖi ma me vava nɔ aƒe tum la, ehiã kpata be Timoteo ‘naɖe gbeƒã nya la’ le hamea gɔ̃ hã me ale be xɔsegbelawo ƒe aʋatsonufiafiawo nagakplɔ Kristotɔawo atrae o. Amewo ƒe agbe ɖo afɔku me ɣemaɣi. Ke egbea ya ɖe?
5, 6. Nukpɔsusu kawoe le ame siwo míedoa goe le gbeadzi la dometɔ aɖewo si?
5 Fifia, xɔsegbegbe kaka eye wòkeke ta ɖo teƒe geɖe. (2 Tes. 2:3, 8) Nufiafia kawoe vivia to me na amewo egbea? Amewo tsɔ mawusubɔsubɔ ƒe dzonɔameme le amedzɔtsolãme ƒe nufiafia dom ɖe ŋgɔ le teƒe geɖewo egbea. Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunya ye wotsɔ ɖea amedzɔtsolãme ƒe nufiafiaa me hã la, ezu abe subɔsubɔ ƒomevi aɖe si te amewo ɖa tso Mawu gbɔ ene. Nufiafia bubu aɖe si bɔ le dukɔ aɖewo mee nye be Mawu metsɔa ɖeke le eme na mí o; eya ta mehiã be míawo hã míabu eŋu o. Nu ka tae nufiafia siawo doa dzidzɔ na amewo ale gbegbe be wòna ame miliɔn geɖe va le alɔ̃ dɔm le gbɔgbɔ me? Nya si gblɔm nufiafia eveawo siaa le na amewoe nye be, ‘Àte ŋu awɔ nu sia nu si nèlɔ̃, elabena womabia akɔnta aɖeke wò o.’ Esia nye nya aɖe si vivia to me na ame geɖe vavã!—Mixlẽ Psalmo 10:4.
6 Gake nufiafia bubuwo hã li siwo wotsɔ lũa to me na amewo. Sɔlemedela aɖewo kpɔa dzidzɔ ɖe nufiala siwo gblɔna na wo be, ‘Aleke kee nènɔa agbe o, Mawu lɔ̃ wò’ la ŋu. Nunɔlawo kple osɔfowo gblɔna na amewo be gomekpɔkpɔ le subɔsubɔkɔnuwo, Misawo, kple azãɖuɖuwo me, kpakple nɔnɔme wɔwɔewo zazã nana Mawu yraa ame, eye wotoa esia dzi lũa to me na wo. Gake sɔlemedela siawo menya kura be yewole afɔku me o. (Ps. 115:4-8) Ke hã ne míete ŋu nyɔ ame siawo tso gbɔgbɔmelɔ̃dɔdɔ me ale be wose Biblia me nyateƒegbedeasia gɔme la, Mawu Fiaɖuƒea aɖe vi na wo.
NU KAE GBEƑÃÐEÐE VEVIEDODOTƆE FIA?
7. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedoa vevie míaƒe subɔsubɔdɔa?
7 Ele be amekola nyui natsɔ eƒe susu katã aɖo eƒe dɔa ŋu, elabena elɔ amewo ƒe agbe ɖe eme. Le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me la, míate ŋu aɖee afia be míedoa vevie nu ne míetsɔa míaƒe susu katã ɖoa míaƒe dɔa ŋu; le kpɔɖeŋu me, míanɔ ŋugble dem tso nya, nyabiase, alo nyatakaka siwo ate ŋu ado dzidzɔ na ame siwo míedoa goe la ŋu. Nenema kee, ne míetsɔa dzo ɖe míaƒe dɔa ŋu la, awɔe be míatrɔ asi le míaƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu ale be míayi amewo gbɔ le ɣeyiɣi siwo woalɔ̃ aɖo to mí la me.—Rom. 1:15, 16; 1 Tim. 4:16.
8. Nu kae veviedodonu biana zi geɖe?
8 Veviedodonu bia hã be míatsɔ nu siwo le vevie la aɖo nɔƒe gbãtɔ. (Mixlẽ 1 Mose 19:15.) Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be esi wodo wò kpɔ le kɔdzi vɔ la, wò ɖɔkta yɔ wò be nàva yeƒe ɔfis eye wògblɔ na wò moveviɖoɖotɔe be: “Ènyaa? Wò nɔnɔmea nye ŋkubiãnya. Kaka ɣleti ɖeka nava yi la, ele be nàwɔ nane tso wò dɔlélea ŋu.” Togbɔ be ele alea hã la, màƒu du ado go tso ɔfis la abe dzotsila aɖe si woƒo ka na be dzo dze aƒe aɖe la ene o. Ke boŋ àlala ase aɖaŋu siwo wòadi be yeaɖo na wò la, eye àyi aƒe me aɖade ŋugble tso afɔ vevi siwo wòle be nàɖe ŋu.
9. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Paulo do vevie gbeƒãɖeɖedɔa esime wònɔ Efeso?
9 Ne míexlẽ nya si Paulo gblɔ na hamemetsitsi siwo tso Efeso la tso nya nyui gbɔgblɔdɔ si wòwɔ le Asia nutoa me ŋu ŋuti la, míase ale si gbegbe wòtsɔ dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋui la gɔme. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 20:18-21.) Edze ƒãa be tso ŋkeke gbãtɔ si wòva ɖo nuto ma me dzi la, enɔ gbeƒã ɖem nya nyuia na amewo tso aƒe me yi aƒe me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ezɔ ɖe ɖoɖowɔɖi aɖe dzi ƒe eve sɔŋ ‘nɔ nu ƒom na amewo le Tirano ƒe sukuxɔ la me gbe sia gbe.’ (Dɔw. 19:1, 8-10) Eme kɔ ƒãa be Paulo ƒe veviedodonu kpɔ ŋusẽ ɖe nu siwo wòwɔna gbe sia gbe dzi. Esi wode dzi ƒo na mí be míawɔ ‘subɔsubɔdɔa veviedodotɔe’ la, menye ɖe wodi be míase le mía ɖokuiwo me be gbeƒãɖeɖedɔa sesẽ na mí akpa o. Ke hã ele be gbeƒãɖeɖedɔa nanye dɔ vevitɔ na mí le agbe me.
10. Nu ka tae míate ŋu akpɔ dzidzɔ be anɔ abe ƒe 100 ene nye esi va yi la, Kristotɔwo tsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?
10 Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe dze gbeƒãɖeɖe nya nyuia gɔme do ŋgɔ na ƒe 1914. Kpɔɖeŋu si woɖo ɖi la na míekpɔ nu si wòfia be woabu gbeƒãɖeɖedɔa be ehiã kpata la nyuie. Togbɔ be gbeƒãɖela akpe ʋɛ aɖewo koe wonye hã la, wokpɔ ale si gbegbe nuwɔwɔ kpata hiã le ɣeyiɣi ma me la dze sii, eye wotsɔ dzo ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Wona wotaa mawunyawo ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ siwo wu 2,000 me, eye woɖea “Xexemewɔwɔ Ƒe Fotoɖeɖefia,” si nye ɖeɖefia aɖe si me foto kple nɔnɔmetata siwo le amadede nyui vovovowo me la nɔa ʋaʋãm le, la hã na amewo. Woto mɔ sia dzi na ame miliɔn geɖe se nya nyuia. Ne menye ɖe woɖe gbeƒã veviedodotɔe o la, anye ne mía dometɔ nenie ase Fiaɖuƒegbedeasia?—Mixlẽ Psalmo 119:60.
KPƆ NYUIE BE DZO SI LE MEWÒ LA NAGATSI O
11. Nu kae na dzo si nɔ ame aɖewo me tsã la va tsi?
11 Susuhenuwo ate ŋu awɔe be mía dometɔ aɖewo magava nɔ ale si gbegbe gbeƒãɖeɖedɔa le vevie la ŋu bum o. Satana wɔa nuɖoanyi sia ŋu dɔ tsɔ ƒonɛ ɖe mía nu be míati míawo ŋutɔwo ƒe viɖewo kple nu siwo mele vevie o la yome. (1 Pet. 5:8; 1 Yoh. 2:15-17) Ame aɖewo siwo tsɔ Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me tsã la ƒe dzonɔameme nu va tsi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Dema la, nye Paulo ƒe ‘hadɔwɔla’ tsã, gake nuɖoanyi vɔ̃ɖi la he eƒe susu ɖa. Le esi Dema nanɔ ŋusẽ dom nɔvia Paulo le ɣeyiɣi sesẽwo me teƒe la, egblẽe ɖi boŋ.—Filem. 23, 24; 2 Tim. 4:10.
12. Mɔnukpɔkpɔ kae su mía si egbea, eye mɔnukpɔkpɔ kawoe aʋu ɖi na mí yi ɖe mavɔmavɔ me?
12 Hafi míayi edzi atsɔ dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la, ele be míaɖu didi be míase vivi na xexea me nuwo geɖe wu dzi. Ele be míaku kutri vevie be míaƒe “asi nasu agbe vavã la dzi.” (1 Tim. 6:18, 19) Ðikeke mele eme o be, èxɔe se be agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi le Mawu Fiaɖuƒea te ana mɔnukpɔkpɔ siwo seɖoƒe meli na o la mí be míase vivi le dɔwɔna dodzidzɔnamewo me. Gake mɔnukpɔkpɔ si su mía si fifia be míakpe ɖe amewo ŋu woatsi agbe le Harmagedon me la magava ake o.
13. Fifia si míezu Kristotɔwo la, nu kae míate ŋu awɔ be dzo si le mía me la nagatsi o?
13 Esi wònye be xexe si me míele la me tɔ akpa gãtɔ le alɔ̃ dɔm le gbɔgbɔ me ta la, nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be dzo si le mía me la nagatsi o? Ehiã be míaɖo ŋku edzi be ɣeaɖeɣi va yi la, míenɔ viviti me nɔ alɔ̃ dɔm le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Gake abe ale si Paulo gblɔe ene la, wonyɔ mí, eye Kristo klẽ ɖe mía dzi. Azɔ la, mɔnukpɔkpɔ su mía si be míatsɔ kekeli la ayi na amewo. (Mixlẽ Efesotɔwo 5:14.) Esi Paulo gblɔ nya sia vɔ la, eŋlɔ bena: “Mikpɔ nyuie, be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miƒle ɣeyiɣi si sɔ la na mia ɖokui, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.” (Ef. 5:15, 16) Le xexe vɔ̃ɖi sia me la, ele vevie be ‘míaƒle ɣeyiɣi si sɔ la’ atsɔ awɔ dɔ siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me.
MÍELE AGBE LE ƔEYIƔI ÐEDZESI AÐE ME
14-16. Nu ka tae Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe?
14 Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa hiã vevie tso gbe aɖe gbe ke, gake fifia la, ehiã kpata wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Tso keke ƒe 1914 me ke la, nuwo le dzɔdzɔm abe ale si tututu Mawu ƒe Nya la gblɔe ɖi ene, eye míawo ŋutɔwo míele eteƒe kpɔm. (Mat. 24:3-51) Amegbetɔƒomea katã ƒe agbetsitsi ɖo afɔku me fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Togbɔ be dukɔ sesẽwo wɔ ŋutifafanubablawo nyitsɔ laa hã la, nukliabɔmb 2,000 aɖewo gakpɔtɔ le dukɔ siawo si eye woate ŋu ada wo bɔbɔe. Nukliabɔmb ŋuti nunyalawo ka nya ta zi gbɔ zi alafa geɖe be amewo le nu siwo wotsɔ wɔa nukliabɔmb siawoe la ‘fim.’ Ðe wòanye be nu siawo ƒe ɖewo ge ɖe ŋɔdzinuwɔla amedzidzelawo si mea? Ame aɖewo gblɔ be ele bɔbɔe be aʋawɔwɔ aɖe si ŋɔdzinuwɔlawo ƒe amedzidzedze ahe avae la natsrɔ̃ amegbetɔwo katã. Gake menye aʋawɔwɔ ɖeɖe koe nye nu si ate ŋu atsrɔ̃ ameƒomea o.
15 Le ƒe 2009 me la, numekulawo ka nya ta be: “Yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ ye nye kuxi gãtɔ si na amewo ƒe lãmesẽ ɖo afɔku me le xexea me godoo le ƒe alafa 21 lia sia me.” (The Lancet kple University College London) Nyatakakaa yi edzi be: “Yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ ava gblẽ nu le ame akpa gãtɔ ƒe lãmesẽ ŋu le ƒe siwo gbɔna me eye wòade ame biliɔn geɖe ƒe agbe kple lãmesẽ afɔku me.” Teƒe geɖewo ate ŋu atsrɔ̃ le atsiaƒu ƒe ɖɔɖɔ agbagba, kuɖiɖi, tsiɖɔɖɔwo, dɔvɔ̃wo, kple ahom sesẽwo, kpakple aʋawɔwɔ ɖe agbemenuhiahiã veviwo ƒe vɔvɔ ta. Nyateƒee, aʋawɔwɔ kple dzɔdzɔmefɔkuwo na amegbetɔƒomea katã ƒe agbe ɖo afɔku me vavã.
16 Ame aɖewo asusui be nukliaʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi si li fifia ate ŋu ana nanewo nadzɔ siwo anye ‘dzesia’ me vava. Gake ame akpa gãtɔ mese nu si dzesia fia ŋutɔŋutɔ la gɔme o. Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia la, míele nudzɔdzɔ siwo ɖo kpe Kristo ƒe anyinɔnɔ dzi la teƒe kpɔm, eye esia ɖee fia be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum kabakaba. (Mat. 24:3) Míele dzesia ƒe akpa geɖewo me vava teƒe kpɔm fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Eya ta fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be amewo nanyɔ tso gbɔgbɔmelɔ̃dɔdɔ me. Míaƒe subɔsubɔdɔa ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woanyɔ tso alɔ̃ me.
17, 18. (a) Aleke “ɣeyiɣi” si me míele la kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzii? (b) Nu kae ate ŋu awɔe be ale si amewo bua Fiaɖuƒegbedeasiae la natrɔ?
17 Ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ afia Yehowa eye míawu gbeƒãɖeɖedɔ si wòde mía si be míawɔ le ŋkeke mamlɛa siawo me la nu. Nya si Paulo gblɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Roma la gale vevie na mí egbea wu; egblɔ na wo be: “Mienya ɣeyiɣi ɖoɖi la, be gaƒoƒo la de xoxo be mianyɔ tso alɔ̃ me, elabena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ gogo fifia wu ale si wònɔ le ɣeyiɣi si me míezu xɔsetɔwo la.”—Rom. 13:11.
18 Nu siwo wogblɔ ɖi be woadzɔ le ŋkeke mamlɛawo me la me vava ate ŋu ana amewo nakpɔe be ele be yewoate ɖe Mawu ŋu. Ne ame aɖewo de ŋugble le ale si amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo do kpo nu le ganyawo ƒe kemalimali, vɔvɔ̃ na nukliaʋawɔwɔ, ŋutasẽnuwɔwɔ dziŋɔwo, alo anyigba la gbegblẽ ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me ŋu la, wokpɔnɛ dzea sii be amegbetɔwo hiã kpekpeɖeŋu. Gake le ame bubuwo gome la, ne vɔ̃ aɖe dzɔ le woƒe ƒomea me, abe lãmegbegblẽ, srɔ̃gbegbe, alo ame vevi aɖe ƒe ku ene la, ewɔnɛ be wova kpɔnɛ be ehiã be yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu. Eya ta ne míele gbeƒã ɖem la, mɔnukpɔkpɔ sua mía si be míakpe ɖe ame siawo ƒomevi ŋu.
WOWƆ TƆTRƆ LE ESI WOKPƆE BE DƆA HIÃ KPATA TA
19, 20. Tɔtrɔ kae Kristotɔ geɖewo wɔ le woƒe agbenɔnɔ me esi wokpɔe be gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata?
19 Ale si gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpatae la nyanya ʋã Kristotɔ geɖewo wodzi woƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, esi ɖekakpui aɖe kple srɔ̃a, siwo nye Ecuadortɔwo la, de ƒe 2006 ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si ƒe tanyae nye “Na Wò Ŋku Dzi Nadza” vɔ la, wotso nya me be yewoanɔ agbe tsɛ. Woŋlɔ woƒe nunɔamesi siwo womehiã o la ɖe agbalẽ dzi, eye kaka ɣleti etɔ̃ nava yi la, woʋu tso aƒe si me xɔdɔme etɔ̃ le, si me wonɔ la me yi ɖanɔ aƒe si me xɔdɔme ɖeka le me, wodzra woƒe nunɔamesi aɖewo, eye woxe wo ŋuti fewo katã. Eteƒe medidi o, wodze kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme eye wowɔ ɖe susu si nutome sue dzikpɔla do ɖa be woayi aɖasubɔ le hame aɖe si me hiahiã geɖe wu le me la dzi.
20 Nɔviŋutsu aɖe si nye Dziehe Amerikatɔ la ŋlɔ bena: “Esi mía kple srɔ̃nye míede takpekpe sue aɖe le ƒe 2006 me la, ƒe 30 ye nye ema míexɔ nyɔnyrɔ. Gake esi míenɔ ʋu me yina aƒe me la, míeɖo dze tso ale si míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋu si woɖo be míanɔ agbe tsɛ dzi la ŋu. (Mat. 6:19-22) Aƒe etɔ̃, anyigba, ʋu xɔasiwo, tɔdziʋu, kple ʋu si me aƒemenu ɖe sia ɖe kloe le, la nɔ mía si. Esi míese le mía ɖokui me be míele agbe nɔm abe Kristotɔ tsibomewo ene ta la, míetso nya me be míaminya ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Le ƒe 2008 me la, míawo hã míezu gbesiagbe mɔɖelawo kpe ɖe mía vinyɔnua ŋu. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi míekpɔ esi míeva le dɔ wɔm kple mía nɔviwo kplikplikpli! Míetea ŋu yina ɖasubɔna le afi siwo hiahiã geɖe wu le. Gakpe ɖe eŋu la, esi míele subɔsubɔdɔ geɖe wu wɔm na Yehowa ta la, míete ɖe eŋu kplikplikpli wu tsã. Nu si gadoa dzidzɔ na mí wue nye dzidzɔ si yɔa mo na amewo ne wova se nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me hese egɔme la teƒe kpɔkpɔ.”
21. Nu ka nyanyae ʋãa mí míeɖea gbeƒã veviedodotɔe?
21 Míenyae be “ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkeke la” ahe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ava nuwuwu kpuie. (2 Pet. 3:7) Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze si su mía si la ʋãa mí be míagblɔ xaxa gã si gbɔna kple xexe yeye si akplɔe ɖo la ŋu nya na amewo dzonɔamemetɔe. Míegasena le mía ɖokuiwo me kokoko be ehiã kpata be míana mɔkpɔkpɔ vavãtɔ nasu amewo si. Míeɖea lɔlɔ̃ vavã si le mía si na Mawu kple mía haviwo la fiana ne míekpɔa gome le dɔ sia si hiã kpata la me bliboe.