Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Ne Kristotɔ aɖe kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo la, ɖe eƒe numame gbegblẽ sia ate ŋu ado gã ɖe edzi ale gbegbe be wòahiã be woaɖee le Kristo hamea mea?
▪ Ɛ̃, ate ŋu adzɔ. Esia tae wòle vevie ŋutɔ be míatsri amamaɖeɖenuwɔna ƒomeviwo katã—amamaɖeɖegbalẽwo kple amamaɖeɖefotowo siaa—esiwo nɔa magazinewo me, esiwo woɖena fiana le filmwo me, le videowo me, kple Internet dzi la siaa.
Fifia la, amamaɖeɖenuwɔnawo le afi sia afi le xexea me godoo. Internet na be amamaɖefotowo kpɔkpɔ va le bɔbɔe ŋutɔ, eye esia na ame siwo kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi. Ame aɖewo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, ke ɖe amamaɖefotowo ƒe nyatakakadzraɖoƒewo ŋu le Internet dzi vo me. Ame bubuwo hã ɖoe koŋ ʋu teƒe siawo le Internet dzi, esi wobui be yewoate ŋu axlẽ nu tso gbɔdɔnuwɔnawo ŋu alo akpɔ amamaɖefotowo le adzame—le aƒe me alo dɔ me—ta. Nu ka tae amamaɖeɖenuwɔnawo nye afɔku na Kristotɔwo?
Míekpɔ susu vevi si tae la le Yesu ƒe nuxlɔ̃amenya sia me: “Ame sia ame si yia edzi nɔa ŋku lém ɖe nyɔnu aɖe ŋu, si na wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (Mat. 5:28) Le nyateƒe me la, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃anyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ sɔ, eye wònye nu si me wosea vivi le. (Lod. 5:15-19; 1 Kor. 7:2-5) Gake mele alea le amamaɖeɖenuwɔnawo ya gome o. Enye gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe ɖeɖefia siwo naa ame va nɔa nu gbegblẽ siwo ŋu Yesu xlɔ̃ nu mí le la ŋu bum. Eme kɔ ƒãa be nuxexlẽ tso gbɔdɔnuwɔnawo ŋu alo amamaɖefotowo kpɔkpɔ tsi tsitre ɖe se si Mawu de be, “[Míawu míaƒe] ŋutinu siwo le anyigba dzi, le agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro, dzodzro vɔ̃, kple ŋubiabiã, si nye trɔ̃subɔsubɔ, la gome” la ŋu tẽe.—Kol. 3:5.
Ke ne Kristotɔ aɖe kpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo zi ɖeka alo zi eve ya ɖe? Míate ŋu atsɔ eƒe nɔnɔmea asɔ kple afɔku ƒe nɔnɔme si me hakpala Asaf nɔ esime wògblɔ be: “Ke nye la, ekpɔtɔ ʋɛ nye afɔ da kloe, esusɔ vie nye afɔ ɖiɖi kloe.” Ne Kristotɔ aɖe kpɔa foto siwo me nyɔnuwo alo ŋutsuwo le amama le alo kpɔa ŋutsu kple nyɔnu maɖesrɔ̃ aɖe siwo le wo nɔewo gbɔ dɔm ƒe foto alo ɖeɖefia la, dzitsinya dzadzɛ mate ŋu anɔ esi o eye manɔ ŋutifafa me kple Mawu hã o. Ase le eɖokui me abe Asaf, ame si gblɔ be, “Ɛ̃, mekpea fu gbe sia gbe, eye nye tohehe li ŋdi sia ŋdi” la ene.—Ps. 73:2, 14.
Ele be Kristotɔ si kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo la nanyɔ le eɖokui me eye wòakpɔe adze sii be yehiã gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu. Ate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu sia le hamea me, elabena Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe ɖe afɔ baɖa aɖe hafi va nya kura gɔ̃ hã la, mi ame siwo dze le gbɔgbɔ me la, midze agbagba miaɖɔ nenem me ma ɖo le tufafa ƒe gbɔgbɔ me, eye nɔ ŋku lém ɖe ɖokuiwò ŋu, bene woagate wò ŋutɔ hã kpɔ o.” (Gal. 6:1) Kristotɔ hamemetsitsi ɖeka alo eve ate ŋu ana kpekpeɖeŋu si wòhiã lae. Woate ŋu ado gbe ɖa kplii eye ‘xɔse ƒe gbedodoɖa la ana dɔnɔ la ƒe lãme nasẽ, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.’ (Yak. 5:13-15) Ame siwo di kpekpeɖeŋu be yewoadzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ la kpɔe be enyo na yewo be yewoate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli, abe ale si wònɔ le Asaf gome ene.—Ps. 73:28.
Ke hã apostolo Paulo gblɔ be nu vɔ̃ wɔla aɖewo metrɔ dzi me “le woƒe makɔmakɔnyenye kple agbe gbegblẽ nɔnɔ kpakple ŋukpenanuwɔwɔ si me wonɔ me” o.a (2 Kor. 12:21) Nufialagã Marvin R. Vincent ŋlɔ tso Helagbe me nya si gɔme woɖe be “makɔmakɔnyenye” la ŋu be, “efia makɔmakɔnyenye nyɔŋu ƒoɖiƒoɖi.” Ewɔ nublanui be amamaɖeɖenuwɔna aɖewo gavlo wu ŋutsuwo alo nyɔnuwo ƒe ama alo ŋutsu kple nyɔnu maɖesrɔ̃ aɖe siwo le wo nɔewo gbɔ dɔm la ɖeɖe fia ko. Etea ŋu nyea amamaɖeɖenuwɔna nyɔŋu ƒoɖiƒoɖi, siwo me woɖea ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ, ame siwo dɔa wo nɔewo gbɔ le ƒuƒoƒo me, lãwo gbɔ dɔdɔ, ɖeviwo gbɔ dɔdɔ, ame gbogbowo ƒe ame gbɔ dɔdɔ sesẽe, ŋutasesẽ le nyɔnuwo ŋu, kple ameléle alo ebabla ɖi adɔ egbɔ sesẽe fiana le. Le Paulo ƒe ŋkekea me la, ame aɖewo siwo ‘ƒe tamesusu do viviti’ la va zu ame siwo “naneke megakpea ŋu na wo o” eye “wotsɔ wo ɖokuiwo na ŋukpenanuwɔwɔ, bene woanɔ makɔmakɔnyenye ɖe sia ɖe ƒomevi dzi le ŋukeklẽ me.”—Ef. 4:18, 19.
Paulo gaƒo nu tso “makɔmakɔnyenye” ŋu le Galatiatɔwo 5:19. Britaintɔ agbalẽnyalagã aɖe gblɔ be, “le afi sia la, nu si wòate ŋu [afia] koŋ ye nye gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro manɔdzɔdzɔmenu ɖe sia ɖe.” Kristotɔ kae malɔ̃ ɖe edzi be amamaɖeɖenuwɔna nyɔŋu ɖigbɔ siwo ŋu míeƒo nu tsoe la nye “gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro manɔdzɔdzɔmenu” alo nu ƒoɖiwo o? Paulo ƒo nya ta le Galatiatɔwo 5:19-21 be ‘ame siwo kpɔa gome’ le nuwɔna makɔmakɔ siawo me la, “womanyi Mawu ƒe fiaɖuƒe la dome o.” Eya ta ne ezu numame na ame aɖe be wònɔa amamaɖeɖenuwɔna nyɔŋu ɖigbɔwo kpɔm, eye ɖewohĩ wòwɔ esia hena ɣeyiɣi didi aɖe, eye metrɔ dzi me hegbugbɔ le eƒe mɔ vɔ̃a dzi o la, womate ŋu aɖe mɔ nɛ wòayi edzi anɔ Kristo hamea me o. Ahiã be woaɖee le hamea me be woakpɔ gbɔgbɔ nyui si le hamea me kpakple hamea ƒe dzadzɛnyenye ta.—1 Kor. 5:5, 11.
Enyo be míade dzesii be ame aɖewo siwo kpɔa amamaɖeɖenuwɔna nyɔŋuwo tsã la yi ɖaʋu eme na hamemetsitsiwo; wona kpekpeɖeŋu wo eye wowɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le woƒe agbe me. Yesu xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ blema Sardes la be: ‘Do ŋusẽ nu siwo susɔ siwo le kuku ge la, . . . nɔ ŋku ɖom nu si nèxɔ kple nu si nèse la dzi, eye yi edzi nàlé eme ɖe asi, eye nàtrɔ dzi me. Ɛ̃, ne mènyɔ o la, . . . mànya gaƒoƒo si dzi mava do ɖe dziwò la kura o.’ (Nyaɖ. 3:2, 3) Ame ate ŋu atrɔ dzi me ale be woahee ado go tso dzo la me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu.—Yuda 22, 23.
Gake aleke gbegbe wòanyo wue nye esi be mía dometɔ ɖe sia ɖe naɖoe kplikpaa be yeate ɖa xaa tso afɔku sia ŋu. Ɛ̃, ele be míaɖoe kplikpaa be míaƒo asa na amamaɖeɖenuwɔna ɖe sia ɖe ƒomevi keŋkeŋ!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Be nàkpɔ vovototo si le “makɔmakɔnyenye, matrewɔwɔ, kple hadzegbenɔnɔ [alo ŋukpenanuwɔwɔ]” dome la, kpɔ July 15, 2006, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 29-31.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]
Ele be Kristotɔ si kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo la nanyɔ le eɖokui me eye wòakpɔe adze sii be yehiã gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu