Apokrifa Nya Nyui Gbalẽwo—Yesu Ŋu Nyateƒenya Ɣaɣlɛwoe Wonyea?
DZI dzɔ agbalẽnyalawo esi wota “Yuda Ƒe Nya Nyui Gbalẽa” si wosusu be ebu ƒe 1,600 kple edzivɔwoe nye esia (edze le etame), eye wogblɔ be: “Míeke ɖe nya vevi aɖe si aku dzi na ame geɖe la ŋu.” “Ena míekpɔe be ale si míesusu be nuwo nɔ le Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli la mele nenema hafi o.”
Ame geɖe va le ɖe tsɔm le apokrifa nya nyui gbalẽ siawo tɔgbi me. Ame aɖewo gblɔna be nu ɖedzesi siwo ku ɖe nu siwo Yesu wɔ kple eƒe nufiafiawo ŋu, siwo wotsɔ ɣla ƒe geɖewoe nye esia la, dze le nuŋlɔɖi siawo me. Gake nu kae nye apokrifa nya nyui gbalẽawo? Nyateƒee wònye be Yesu kpakple Kristotɔnyenye ŋuti nyateƒenya siwo medze le Biblia me o la le wo mea?
Biblia Me Nya Nyui Gbalẽwo Kple Apokrifa Tɔwo
Tso ƒe 41 va se ɖe ƒe 98 Mía Ŋɔli me la, Mateo, Marko, Luka kple Yohanes ŋlɔ ‘Yesu Kristo ƒe agbemeŋutinya.’ (Mateo 1:1) Wogayɔa nuŋlɔɖi siawo be nya nyui gbalẽwo le esi wonye “nya nyui” si ku ɖe Yesu Kristo ŋu ta.—Marko 1:1.
Togbɔ be Yesu ŋuti xotutuwo kple nuŋlɔɖi bubuwo li hã la, Nya Nyui Gbalẽ ene siawo dzi koe woda asi ɖo be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ, be wonye Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe akpa aɖe, eye be woawoe na “kpeɖodzi le nu siwo” Yesu wɔ le anyigba dzi kpakple eƒe nufiafiawo ŋu. (Luka 1:1-4; Dɔwɔwɔwo 1:1, 2; 2 Timoteo 3:16, 17) Nya Nyui Gbalẽ ene siawo le agbalẽ siwo wobu tso blema ke be wonye Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖe la dome. Ðikeke aɖeke mele eme o be emenyawo de pɛpɛpɛ, eye esɔ be wobu wo kpe ɖe Mawu ƒe Nya si eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ la ŋu.
Ke hã, wogava da ŋkɔ si nye nya nyui gbalẽ ɖe nuŋlɔɖi bubu siwo ŋu wova ke ɖo la dzi. Woyɔ nya nyui gbalẽ bubu siawo be apokrifa.a
Le ƒe alafa evelia ƒe nuwuwu la, Irenaeus si tso Lyon ŋlɔ bena, “apokrifa gbalẽ gbogbo aɖewo kple nuŋlɔɖi bubu siwo nye nyakpakpawo” la, nɔ Kristotɔ xɔsegbelawo si, hekpe ɖe nya nyui bubu “siwo woawo ŋutɔwo kpa be yewoatsɔ aflu bometsilawoe” la ŋu. Eya ta wova bua apokrifa nya nyui gbalẽwo be womenyo be ame naxlẽ alo wòanɔ ame si gɔ̃ hã o.
Ke hã, titinaɣeyiɣiwo me saɖeagaxɔmenɔlawo kple nugbugbɔgaŋlɔlawo kpɔ agbalẽ mawo ta hedzra wo ɖo. Le ƒe 1800-awo me la, ame geɖe ŋutɔ va tsɔ ɖe le agbalẽ siawo me, eye wova ke ɖe nuŋlɔɖiwo kple apokrifa gbalẽ siwo me nyawo ŋu wotrɔ asi le, kpakple nya nyui gbalẽ bubu geɖewo ŋu. Woɖe wo me nyawo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo ame akpa gãtɔ dona egbea la me heta ɖe agbalẽwo me.
Apokrifa Gbalẽwo: Yesu Ŋuti Nuŋlɔɖi Siwo Menye Nyateƒe O
Zi geɖe la, ame siwo ŋu womeƒo nu tsoe boo le Biblia ƒe Nya Nyui Gbalẽawo me o, alo ame siwo ƒe ŋkɔ medze le eme kura o la ŋue apokrifa nya nyui gbalẽwo ƒoa nu tsoe. Alo wogblɔa ŋutinya siwo wobe edzɔ le Yesu ƒe ɖevime. Wo dometɔ aɖewoe nye esi:
◼ “Yakobo Ƒe Nya Nyui Gbalẽ Gbãtɔ” si wogayɔna be “Maria Ƒe Dzidzi” la ƒo nu tso Maria dzidzi, eƒe ɖevimenɔɣi kpakple wo kple Yosef ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu. Esɔ be woyɔ agbalẽ sia be mawusubɔsubɔ me nyakpakpa kple glitoto. Etea gbe ɖe nukpɔsusu si nye be Maria nye ɖetugbui nɔaƒe le eƒe agbenɔɣi katã la dzi, eye edze ƒãa be ɖe woŋlɔe be woatsɔ ado kɔkɔe.—Mateo 1:24, 25; 13:55, 56.
◼ “Toma Ƒe Gɔmedze Nya Nyui Gbalẽ” la ƒo nu tso Yesu ƒe ɖevimenɔɣi koŋ ŋu, si nye tso esime wòxɔ ƒe 5 va se ɖe ƒe 12, eye wògblɔ be ewɔ nukunuwo, gake edze ƒãa be esia menye nyateƒe o. (Xlẽ Yohanes 2:11.) Eɖɔ Yesu be enye vi dzeaglã, ebia dzi kabakaba, eye wòwɔa wɔɖenui. Egblɔ hã be ezãa eƒe nukunuwɔwɔ ƒe ŋutetewo tsɔ ɖoa vɔ̃ vɔ̃ teƒe na nufialawo, aƒelikawo kple ɖeviwo, eye wònana wo dometɔ aɖewo zua ŋkuagbãtɔwo, wɔametɔwo, alo wòwua wo gɔ̃ hã.
◼ Apokrifa nya nyui gbalẽ aɖewo abe, “Petro Ƒe Nya Nyui Gbalẽa” ene, ƒo nu tso ʋɔnudɔdrɔ̃ Yesu, eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu. Bubuwo abe “Pilato Ƒe Dɔwɔwɔwo,” si nye “Nikodemo Ƒe Nya Nyui Gbalẽa” ƒe akpa aɖe la, ƒo nu tso ame siwo wɔ akpa aɖe le nudzɔdzɔ siawo me ŋu. Ale si agbalẽ siawo kpa nyawo heƒo nu tso ame siwo menɔ anyi kpɔ o ŋu la wɔe be kakaɖedzi mele wo ŋu kura o. “Petro Ƒe Nya Nyui Gbalẽa” doa Pontio Pilato ɖe dzi, eye ale si wòƒo nu tso Yesu ƒe tsitretsitsia ŋu la ɖee fia be nyakpakpa koe wònye.
Apokrifa Nya Nyui Gbalẽwo Kple Kristotɔ Xɔsegbelawo
Le December 1945 me la, agbledela aɖewo ke ɖe aƒlagbalẽ 13 siwo dzi nuŋɔŋlɔ vovovo 52 le la ŋu le afi si te ɖe Nag Hammadi ŋu le Upper Egypt. Wogblɔ be xexemenunyalawo ƒe subɔsubɔha si woyɔna be Gnosticism la me tɔwoe wɔ agbalẽ siawo le ƒe alafa enelia me. Ha sia tsɔ aʋatsonufiafiawo, trɔ̃subɔsubɔ, Hela xexemenunya, Yudasubɔsubɔ, kple Kristotɔnyenye tsaka, eye wòkpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame siwo be yewonye Kristotɔwo la dzi.—1 Timoteo 6:20, 21.
Gnostic-tɔwo ƒe susuwo, siwo ŋu woƒo nu tsoe abe ɖe Yesue gblɔ wo ene la, dze le “Toma Ƒe Nya Nyui Gbalẽ,” “Filipo Ƒe Nya Nyui Gbalẽ” kple “Nyateƒe Ƒe Nya Nyui Gbalẽ” siwo ŋu woke ɖo le “Nag Hammadi” la me. Wogblɔ be “Yuda Ƒe Nya Nyui Gbalẽa” hã le Gnostic nya nyui gbalẽawo dome. Eƒo nu nyui tso Yuda ŋu hegblɔ be eya koe nye apostolo si nya Yesu nyuie. Agbalẽ sia ŋuti numekula aɖe gblɔ be egblɔ tso Yesu ŋu be enye “nufiala kple ame si ɖea nunya kple sidzedze fiana, ke menye ɖela si va ku ɖe xexea ƒe nu vɔ̃wo ta o.” Gake Nya Nyui Gbalẽ siwo Mawu ʋã amewo woŋlɔ la gblɔ be Yesu ku, eye eƒe kua nye vɔsasa ɖe xexea ƒe nu vɔ̃wo ta. (Mateo 20:28; 26:28; 1 Yohanes 2:1, 2) Edze ƒãa be ɖe wotrɔ asi le Gnostic gbalẽawo ŋu be woana amewo ƒe Biblia dzi xɔxɔ se me nagbɔdzɔ, ke menye be wòado ŋusẽe o.—Dɔwɔwɔwo 20:30.
Kakaɖedzi Le Biblia Me Nya Nyui Gbalẽawo Ya Ŋu
Ŋkuléle ɖe apokrifa nya nyui gbalẽawo ŋu ɖee fia be wo me nyawo nye aʋatso. Ne wotsɔ wo sɔ kple Biblia me Nya Nyui Gbalẽawo la, edze ƒãa be menye Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã eŋlɔlawo o. (2 Timoteo 1:13) Esi eŋlɔlawo medze si Yesu alo eƒe apostoloawo o ta la, Yesu kpakple Kristotɔnyenye ŋuti nyateƒenya ɣaɣlɛ aɖeke mele wo me o. Wo me nyawo mede o, eye wonye nyakpakpawo kple nususugblɔ siwo maɖe vi aɖeke na mí le Yesu kpakple eƒe nufiafiawo nyanya gome o.—1 Timoteo 4:1, 2.
Gake Mateo kple Yohanes ya le apostolo 12-awo dome; Marko nye Petro xɔlɔ̃ kplikplikpli, eye Luka hã nɔ Paulo ŋu kplikplikpli. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye ʋã wo le woƒe Nya Nyui Gbalẽawo ŋɔŋlɔ me. (2 Timoteo 3:14-17) Eya ta nu sia nu si wòhiã be ame nanya be wòaxɔe ase be “Yesue nye Kristo la, Mawu ƒe Vi” la, le Nya Nyui Gbalẽ eneawo me.—Yohanes 20:31.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Woɖe nya “apokrifa” tso Helagbe me nya si gɔmee nye “woatsɔe aɣla” me. Gbã la, wozãa nya sia tsɔ ɖɔa nuŋlɔɖi siwo ŋu woɖe mɔ ɖo na ha aɖe me tɔwo ko, si woɣlana ɖe ame siwo mele haa me o. Ke hã, emegbe la, wova zãnɛ tsɔ ɖɔa nuŋlɔɖi siwo dzi womeda asi ɖo be wonye Biblia ƒe akpa aɖe o.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 18]
Kenneth Garrett/National Geographic Stock