INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 4/15 axa 3-7
  • ‘Vi La Lɔ̃ Be Yeaɖe Fofo La Afia’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Vi La Lɔ̃ Be Yeaɖe Fofo La Afia’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • YESU KRISTO DZE ETƆXƐ BE WÒAÐE FOFO LA AFIA
  • ALE SI YESU ÐE FOFOA FIA
  • VI LA LƆ̃ FAA ÐE FOFOA FIA
  • SRƆ̃ YESU LE KPEKPE ÐE AME BUBUWO ŊU BE WOANYA YEHOWA ME
  • Ame Ka Ƒomevie Yesu Nye?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ðe Nèbua Yehowa Be Enye Fofowòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Mɔ Ka Nue Yesu Kple Fofoa Wole Ðeka Le?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yehowa, Mía Fofo La, Lɔ̃ Mí Vevie Ŋutɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 4/15 axa 3-7

‘Vi La Lɔ̃ Be Yeaɖe Fofo La Afia’

“Ame si Fofo la nye la, ame aɖeke menyae o, negbe Vi la ko, kple ame si Vi la lɔ̃ be yeaɖee afia.”​—⁠LUKA 10:⁠22.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

Nu ka tae Yesu dze etɔxɛ be wòaɖe ame si Fofoa nye la afia?

Aleke Yesu ɖe Fofoa fia ame bubuwoe?

Le Yesu sɔsrɔ̃ me la, mɔ kawo dzie nàte ŋu ato aɖe Fofo la afia?

1, 2. Nyabiase kae tɔtɔa ame geɖe, eye nu ka tae?

‘AME kae nye Mawu?’ Nyabiase sia tɔtɔa ame geɖe. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be ame siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la ƒe akpa gãtɔ xɔe se be Mawuɖekaetɔ̃ ye Mawu nye hã la, wo dometɔ geɖe alɔ̃ ɖe edzi be womate ŋu ase nufiafia sia gɔme o. Agbalẽŋlɔla aɖe si nye subɔsubɔhakplɔla la gblɔ be: “Nufiafia sia gɔme sese gbɔ amegbetɔwo ƒe susu si seɖoƒe li na la ŋu. Ekɔ boo wu ale si amegbetɔwo bua nu ŋu alo bua tame le dzɔdzɔme nu.” Le go bubu me la, ame siwo lɔ̃ ɖe amedzɔtsolãme ƒe nufiafia dzi la dometɔ akpa gãtɔ xɔe se be Mawu aɖeke meli o. Wogblɔna be ɖeko nuwɔwɔ wɔnuku siwo katã li la dzɔ le wo ɖokui si. Togbɔ be wogblɔa nya sia hã la, Charles Darwin meke ɖi Mawu ƒe anyinɔnɔ o, ke boŋ egblɔ be: “Ewɔ nam be nyataƒonya nyuitɔe nye be nya sia gɔme sese kɔ boo wu amegbetɔ ƒe nunya.”

2 Ame akpa gãtɔ de ŋugble tso nyabiase siwo ku ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋu la ŋu, nu ka kee ɖanye woƒe dzixɔse o. Ke hã esi ame geɖe meke ɖe ŋuɖoɖo nyuitɔwo ŋu o ta la, wodzudzɔ Mawu didi. Vavãe, Satana “gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu.” (2 Kor. 4:⁠4) Eya ta mewɔ nuku o be ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ tɔtɔ eye womenya nyateƒe si ku ɖe Fofo la, si nye xexea me katã Wɔla la, ŋu o!​—⁠Yes. 45:⁠18.

3. (a) Ame kae ɖe Wɔla la fia mí? (b) Nyabiase kawo mee míadzro?

3 Ke hã ele vevie be amewo nanya nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu. Nu ka tae? Elabena ame siwo “yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la” koe woaɖe. (Rom. 10:13) Be woayɔ Mawu ƒe ŋkɔ fia be woanya Ame si tututu Yehowa nye. Yesu Kristo fia nyateƒe vevi sia eƒe nusrɔ̃lawo. Eɖe ame si Fofo la nye fia wo. (Mixlẽ Luka 10:22.) Nu ka tae Yesu te ŋu ɖe ame si Fofo la nye fia le mɔ si ame bubu aɖeke mate ŋu awɔe le o nu? Aleke Yesu ɖe Fofo la fia? Eye aleke míate ŋu aɖe Fofo la afia ame bubuwo le Yesu sɔsrɔ̃ me? Mina míadzro nyabiase siawo me.

YESU KRISTO DZE ETƆXƐ BE WÒAÐE FOFO LA AFIA

4, 5. Nu ka tae Yesu le ɖoƒe si le etɔxɛ be wòaɖe Fofo la afia ame bubuwo?

4 Yesu dze etɔxɛ be wòaɖe ame si Fofo la nye afia. Nu ka tae? Elabena hafi woawɔ nuwɔwɔ bubu ɖe sia ɖe ƒomevi la, gbɔgbɔmenuwɔwɔ si va zu amegbetɔ si woyɔ be Yesu la nɔ dziƒo xoxoxo abe “Mawu ƒe Tenuvi” ene. (Yoh. 1:14; 3:18) Ðoƒe tɔxɛ ka gbegbee nye esi! Esime nuwɔwɔ bubu aɖeke menɔ anyi o la, Fofo la kpɔ ɣeyiɣi ɖe Vi la ŋu etɔxɛ eye Vi la te ŋu srɔ̃ nu tso Fofo la kple eƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Fofo la kple Vi la anya ɖo dze geɖe ƒe akpeakpe teƒe akpewo, eye wova lɔ̃ wo nɔewo vevie ŋutɔ. (Yoh. 5:20; 14:31) Bu nu gbogbo si gbegbe Vi la anya tso Fofoa ŋu la ŋu kpɔ!​—⁠Mixlẽ Kolosetɔwo 1:​15-17.

5 Fofo la ɖo Vi la wònye eƒe nyanuɖela si woyɔ be, “Mawu Ƒe Nya La.” (Nyaɖ. 19:13) Eya ta Yesu ɖeka pɛ koe wode dɔ tɔxɛ asi na be wòaɖe Fofo la afia ame bubuwo. Esɔ ŋutɔ be Nya Nyui ŋlɔla Yohanes ɖɔ Yesu, “Nya la,” abe ame “si le Fofoa ƒe akɔnu” ene. (Yoh. 1:​1, 18) Esi Yohanes gblɔ nya sia la, ɖewohĩ ale si amewo nɔa anyi le nuɖuɣi le woƒe ŋkekea me ye nɔ susu me nɛ. Xɔlɔ̃ kplikplikpliwo nɔa wo nɔewo gbɔ tututu ale be woate ŋu aɖo dze bɔbɔe. Le mɔ ma ke nu la, esi Vi la nɔa Fofoa gbɔ tututu alo eƒe “akɔnu” ta la, eya kple Fofoa ɖeɖe wotea ŋu ɖoa dze.

6, 7. Aleke ƒomedodo si nɔ Fofo la kple Vi la dome la me nɔ sesẽm ɖe edzi?

6 Vi la yi edzi le Fofo la nyam ɖe edzi. Vi la va zu ame si ƒe “dzeme kɔ [‘ame si gbɔ Mawu melɔ̃a nu le o,’ NW] gbe sia gbe.” (Mixlẽ Lododowo 8:​22, 23, 30, 31.) Ƒomedodo si nɔ Fofo la kple Vi la dome la me nɔ sesẽm ɖe edzi. Wowɔ dɔ aduadu, eye Yesu srɔ̃ Fofoa ƒe nɔnɔme nyuiawo. Esi wonɔ nuwɔwɔ nyanu bubuwo wɔm la, Vi la kpɔ ale si Yehowa wɔ nu ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋui, eye esia wɔe be wòva lɔ̃ Fofoa vevie eye wòdea bubu deto eŋu.

7 Nya si Satana fɔ ɖe te emegbe ku ɖe Yehowa ƒe dzedze be wòaɖu eya ŋutɔ ƒe nuwɔwɔwo dzi ŋu la na mɔnukpɔkpɔ Vi la be wòasrɔ̃ ale si Yehowa awɔ lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye, nunya, kple ŋusẽ ŋu dɔ le nɔnɔme sesẽ si dze ŋgɔ Yehowa la me. Ðikekemanɔmee la, esia adzra Yesu ɖo be wòado dzi le nɔnɔme sesẽ siwo me eya ŋutɔ va to emegbe le anyigba dzi le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la me.​—⁠Yoh. 5:⁠19.

8. Aleke Nya Nyui la me nuŋlɔɖiwo kpena ɖe mía ŋu míesrɔ̃a nu geɖe tso Fofo la ƒe nɔnɔme nyuiawo ŋu?

8 Esi Vi la kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli ta la, ete ŋu fia nu tso Fofoa ŋu tsitotsito wu ale si ame bubu ɖe sia ɖe awɔe. Ðe mɔ bubu aɖe li si dzi míato anya Fofo la nyuie wu ŋugbledede le nu siwo Tenuvi la fia ŋu kpakple nu siwo wòwɔ la me dzodzroa? Le kpɔɖeŋu me, bu ale si gbegbe wòasesẽ na mí be míase nu si tututu lɔlɔ̃ fia gɔme ne wòanye be ale si woɖe nya “lɔlɔ̃” gɔme le nyagɔmeɖegbalẽ me koe li míakpɔ ŋu kpɔ. Ke hã ne míede ŋugble le ŋutinya wɔdɔɖeamedzi siwo Nya Nyui ŋlɔlawo ŋlɔ ɖi tso Yesu ƒe subɔsubɔdɔa kple ale si wòlé be na amewoe ŋu ŋuti la, míate ŋu ase nu si nyagbɔgblɔ “Mawu nye lɔlɔ̃” fia la gɔme. (1 Yoh. 4:​8, 16) Nenema kee nya sia nye nyateƒe le Mawu ƒe nɔnɔme nyui bubu siwo Yesu ɖe fia eƒe nusrɔ̃lawo esime wònɔ anyigba dzi la gome.

ALE SI YESU ÐE FOFOA FIA

9. (a) Mɔ vevi eve kawo dzie Yesu ɖe Fofoa fia le? (b) Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖe ale si Yesu ɖe Fofoa fia to eƒe nufiafiawo dzii la fia.

9 Aleke Yesu ɖe Fofo la fia eƒe nusrɔ̃lawo kple ame siwo ava zu eyomedzelawo emegbe lae? Ewɔ esia to mɔ vevi eve dzi: to eƒe nufiafiawo kple eƒe agbenɔnɔ dzi. Gbã la, mina míakpɔ ale si Yesu wɔ esia to eƒe nufiafiawo dzii ɖa. Nu si Yesu fia eyomedzelawo la ɖe ale si gbegbe wònya Fofo la ƒe susuwo, eƒe seselelãmewo, kple eƒe mɔwoe la fia. Le kpɔɖeŋu me, Yesu tsɔ Fofo la sɔ kple alẽkplɔla nyui aɖe si yi ɖadi eƒe alẽ ɖeka si tra mɔ la. Yesu gblɔ be esi alẽkplɔla la kpɔ alẽ si bu la, ‘ekpɔ dzidzɔ ɖe eŋu wu ale si wòkpɔa dzidzɔ ɖe blaasieke vɔ asieke siwo metra mɔ o la ŋu.’ Nufiame kae le kpɔɖeŋu ma me na mí? Yesu ɖe eme be: “Nenema kee menye Fofonye si le dziƒo la ƒe dzidzɔ be ɖevi siawo dometɔ ɖeka pɛ hã natsrɔ̃ o.” (Mat. 18:​12-14) Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ŋu le kpɔɖeŋu sia me? Ne èsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be yemele ɖeke me o eye woŋlɔ ye be gɔ̃ hã la, nyae be Fofowò si le dziƒo la tsɔ ɖe le eme na wò eye eléa be na wò. Ebua wò abe “ɖevi siawo” dometɔ ɖeka ene.

10. Aleke Yesu ɖe Fofo la fia to eya ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ dzi?

10 Mɔ evelia si dzi Yesu to ɖe Fofo la fia eƒe nusrɔ̃lawo lae nye to eƒe agbenɔnɔ dzi. Eya ta esi apostolo Filipo bia Yesu be, “Fia Fofo la mí” la, Yesu te ŋu gblɔ wòsɔ nyuie be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.” (Yoh. 14:​8, 9) De ŋugble le ale si Yesu ɖe Fofoa ƒe nɔnɔme nyuiwo fia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ. Esi anyidzela aɖe ɖe kuku na Yesu be wòada gbe le ye ŋu la, Yesu ka asi ŋutsu sia “si ŋu yɔ fũu kple anyi” la ŋu hegblɔ nɛ be, “Melɔ̃. Ŋutiwò nekɔ.” Esi woda gbe le anyidzelaa ŋu vɔ la, ɖikeke mele eme o be ekpɔ Yehowa ƒe asi le nu si Yesu wɔ la me. (Luka 5:​12, 13, Eʋegbe Biblia) Nenema kee, esi Lazaro ku la, nusrɔ̃lawo anya kpɔ ale si Fofo la sea veve ɖe ame nui esi Yesu ɖe “hũ le gbɔgbɔ la me, eye wòxa nu vevie” eye “aɖatsi ge le mo na Yesu.” Togbɔ be Yesu nyae be yele Lazaro fɔ ge ɖe tsitre hã la, ese veve kple Lazaro ƒe ƒometɔwo kpakple exɔlɔ̃wo. (Yoh. 11:​32-35, 40-43) Ðikeke mele eme o be wò ŋutɔ ènya Biblia me nuŋlɔɖi aɖe si kpe ɖe ŋuwò nèkpɔ Fofo la ƒe nublanuikpɔkpɔ dze sii abe ale si wòdze le Yesu ƒe nuwɔnawo me ene.

11. (a) Esi Yesu nya nu gbegblẽ wɔlawo ɖa le gbedoxɔa me la, nu kae wòɖe fia le Fofoa ŋu? (b) Nu ka tae Yesu ƒe ŋutinya sia dea dzi ƒo na mí ŋutɔ?

11 Gake ne ède ŋugble tso ale si Yesu nya nudzralawo do goe le gbedoxɔa me ŋu la, aleke nàƒo nya tae? Kpɔ nudzɔdzɔa le susu me ɖa: Yesu tsɔ kawo gbi atam eye wònya ame siwo nɔ alẽwo kple nyiwo dzram le gbedoxɔa me la do goe. Etrɔ gaɖɔlilawo ƒe gakuwo kɔ ɖe anyi eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi. (Yoh. 2:​13-17) Ale si Yesu wɔ nu kalẽtɔe alea na nusrɔ̃lawo ɖo ŋku nya si Fia David gblɔ ɖi be, “Ŋuʋaʋã ɖe wò aƒe ŋu mim,” la dzi. (Ps. 69:10) Esi Yesu wɔ nu ŋkubiãtɔe alea la, eɖe ale si wòdi vevie be yeakpɔ tadedeagu dzadzɛa ta la fia. Èkpɔ Fofo la ƒe amenyenye dze sii le ale si Yesu wɔ nui mea? Esia na míeɖoa ŋku edzi be menye ɖeko ŋusẽ triakɔ le Mawu si be wòaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ o, ke edi vevie be yeawɔe hã. Ale si Yesu tsi tsitre ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ ŋu dzonɔamemetɔe alea la ɖe ale si Fofoa sena le eɖokui me le vɔ̃ɖinyenye si xɔ aƒe ɖe anyigba dzi egbea ŋui la fia. Ðe esia made dzi ƒo na mí ŋutɔ ne wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe mía ŋu oa?

12, 13. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ŋu le ale si Yesu wɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋui me?

12 Mina míadzro kpɔɖeŋu bubu me​—⁠eyae nye ale si Yesu wɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu. Nusrɔ̃lawo nɔ nya ʋlim le wo nɔewo dome le ame si nye gãtɔ ŋu. (Mar. 9:​33-35; 10:43; Luka 9:46) Le nuteƒekpɔkpɔ siwo su Yesu si le ɣeyiɣi didi si woa kple Fofoa wonɔ anyi me ta la, enya ale si Yehowa bua dadagbɔgbɔ sia tɔgbi. (2 Sam. 22:28; Ps. 138:⁠6) Gawu la, Yesu kpɔ eteƒe Satana Abosam ɖe nɔnɔme ma tɔgbi fia. Ðokuitɔdila ma dina vevie be yeaxɔ ŋkɔ eye yeanɔ nɔƒe gã. Eya ta aleke esia anya te ɖe Yesu dzie nye esi esi wòkpɔe be yeƒe nusrɔ̃la siwo yena hehee la kpɔtɔ le nɔƒe gã didi ƒe nɔnɔme ma ɖem fia! Ame siwo wòtia abe apostolowo ene la gɔ̃ hã ɖe nɔnɔme ma fia! Woɖe nɔƒe gã didi ƒe nɔnɔme sia fia va se ɖe keke Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛtɔ dzi ke. (Luka 22:​24-27) Ke hã Yesu yi edzi nɔ nya gbem na wo tufafatɔe, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, eyi edzi nɔ mɔ kpɔm be woava srɔ̃ ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme si le ye ŋutɔ ye si la mlɔeba.​—⁠Flp. 2:​5-8.

13 Ðe nàte ŋu akpɔ Fofo la ƒe amenyenye le ale si Yesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu dzigbɔɖitɔe be woaɖɔ nɔnɔme gbegblẽ siwo nɔ wo si ɖo la mea? Ðe nèkpɔ Fofo la ƒe nɔnɔme le Yesu ƒe nuwɔnawo kple nyagbɔgblɔwo mea? Elabena Fofo la megblẽa eƒe amewo ɖi gbeɖe o, togbɔ be wowɔa vodada enuenu hã. Esi Mawu ƒe nɔnɔme nyui siawo le susu me na mí ta la, ɖe mele be esia naʋã mí be míatrɔ dzi me ne míewɔ nu vɔ̃ aɖe eye míado gbe ɖa abia Yehowa ƒe tsɔtsɔke oa?

VI LA LƆ̃ FAA ÐE FOFOA FIA

14. Aleke Yesu ɖee fia be yelɔ̃ faa be yeaɖe Fofo la afia ame bubuwo?

14 Esi dzizizidziɖula geɖewo dina be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe wo teviwo dzi ta la, woɣlaa nyawo ɖe wo. Gake Yesu ya lɔ̃ faa gblɔ nu siwo wònya tso Fofo la ŋu la heɖe ame si tututu Wònye la fia ame bubuwo. (Mixlẽ Mateo 11:27.) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu na nusrɔ̃lawo ƒe “susuwo ʋu, ale be [woadze] si” Yehowa Mawu, “nyateƒetɔ la.” (1 Yoh. 5:20) Nu kae nya sia fia? Yesu ʋu eyomedzelawo ƒe susuwo ale be woate ŋu ase nu siwo wòfia tso Fofo la ŋu gɔme. Mefia nu manyatalenu masegɔme aɖe tsɔ ɣla ame si ƒomevi Fofoa nye, abe ale si wòle le Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la gome ene o.

15. Nu ka tae Yesu megblɔ nu siwo katã wònya tso Fofoa ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo o?

15 Ðe Yesu fia nu sia nu si wònya tso Fofoa ŋu la eƒe nusrɔ̃lawoa? Ao, nunyatɔe la, megblɔ nu siwo katã wònya tso Fofoa ŋu na wo o. (Mixlẽ Yohanes 16:12.) Nu ka tae? Elabena ɣemaɣi la, eƒe nusrɔ̃lawo ‘mate ŋu atsɔ’ sidzedze ma o. Gake abe ale si Yesu ɖe eme ene la, woava ɖe sidzedze geɖe afia wo ne “kpeɖeŋutɔ la,” si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la, si afia mɔ wo “le nyateƒe blibo la katã me” la va ɖo. (Yoh. 16:​7, 13) Abe ale si dzila nyanuwo tea ŋu ɣlaa nyatakaka aɖewo ɖe wo viwo va se ɖe esime wotsi nyuie be woate ŋu ase wo gɔme ene la, nenema kee Yesu hã lala va se ɖe esime nusrɔ̃lawo tsi le gbɔgbɔ me eye wosu te ate ŋu ase nyateƒenya aɖewo siwo ku ɖe Fofo la ŋu gɔme. Yesu bu afi si woƒe ŋutetewo se ɖo la ŋu dɔmenyotɔe.

SRƆ̃ YESU LE KPEKPE ÐE AME BUBUWO ŊU BE WOANYA YEHOWA ME

16, 17. Nu ka tae nèsu te fifia be nàɖe Fofo la afia ame bubuwo?

16 Ne èva nya ame aɖe nyuie eye nèva kpɔe be nɔnɔme nyoameŋuwo le esi la, ɖe màdi be yeaƒo nu tso eŋu na ame bubuwo oa? Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eƒo nu tso Fofoa ŋu. (Yoh. 17:​25, 26) Ðe wòanya wɔ be míasrɔ̃ eya amea le Yehowa ɖeɖe fia ame bubuwo mea?

17 Abe ale si míekpɔe ene la, Yesu nya nu geɖe tso Fofoa ŋu wu ame bubu ɖe sia ɖe. Ke hã elɔ̃ faa be yeafia nu siwo yenya tso eŋu la ƒe ɖe amewo, eye wòʋu eyomedzelawo ƒe susu gɔ̃ hã be woase nu goglowo gɔme ku ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Le Yesu ƒe kpekpeɖeŋu me la, ɖe míeva dze si mía Fofo la wu ale si ame akpa gãtɔ nyae egbea oa? Aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be Yesu lɔ̃ faa ɖe Fofoa fia mí to eƒe nufiafiawo kple eƒe agbenɔnɔ dzi! Le nyateƒe me la, míate ŋu aƒo adegbe wòasɔ be míenya Fofo la. (Yer. 9:24; 1 Kor. 1:31) Esi míedze agbagba be míate ɖe Yehowa ŋu la, eya hã te ɖe mía ŋu. (Yak. 4:⁠8) Eya ta míesu te fifia be míaɖe sidzedze sia afia amewo. Aleke míate ŋu awɔ esiae?

18, 19. Mɔ kawo dzie nàte ŋu ato aɖe Fofo la afia ame bubuwo? Ðe eme.

18 Ehiã be míaɖe Fofo la afia le míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo me abe ale si Yesu wɔe ene. Nenɔ susu me na wò be ame geɖe siwo míedoa goe le gbeadzi la menya ame si Mawu nye o. Aʋatsonufiafiawoe anya na be nukpɔsusu totrowo le wo si ku ɖe Mawu ŋu. Míate ŋu agblɔ nu siwo míenya tso Mawu ƒe ŋkɔa, eƒe tameɖoɖo na amegbetɔwo, kple eƒe amenyenye ŋu, abe ale si míesrɔ̃e tso Biblia me ene, na wo. Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu aɖo dze tso Biblia me ŋutinya aɖe si kpe ɖe mía ŋu míeva se Mawu ƒe nɔnɔme aɖe gɔme nyuie wu ale si míenyae tsã ŋu na míaƒe haxɔsetɔwo. Ne míewɔe alea la, sidzedze ma aɖe vi na woawo hã.

19 Ke alekee nàte ŋu ato wò agbenɔnɔ dzi aɖe Fofo la afia abe ale si Yesu wɔe ene? Ne amewo kpɔ Kristo ƒe lɔlɔ̃ la dze sii le míaƒe nuwɔnawo me la, esia ate wo ɖe Fofo la kple Yesu siaa ŋu. (Ef. 5:​1, 2) Apostolo Paulo de dzi ƒo na mí be ‘míasrɔ̃ ye abe ale si ye hã yesrɔ̃ Kristo ene.’ (1 Kor. 11:⁠1) Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi wònye na mí be míana amewo nakpɔ Yehowa ƒe amenyenye le ale si míenɔa agbee me! Ɛ̃, le Yesu sɔsrɔ̃ me la, mina mí katã míayi edzi anɔ Fofo la ɖem fia ame bubuwo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe