INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 4/15 axa 32
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Egbegbe Aztektɔwo Va Zu Kristotɔ Vavãwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • “Kpɔ Ða! Meli Kpli Mi Ŋkekeawo Katã”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Abraham Kple Sara Àte Ŋu Asrɔ̃ Woƒe Xɔse!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • “Ame Dzɔdzɔewo Aklẽ Nyuie Abe Ɣe Ene”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 4/15 axa 32

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Ekema kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Gɔmesese ka nue Salomo ate ŋu anye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu na mí le?

Mawu yra Fia Salomo eye wòzãe. Ke hã Salomo va tra ɖa le Mawu ƒe sewo ŋu le eƒe fiaɖuɣi. Eɖe Farao trɔ̃subɔla la vinyɔnu, eɖe nyɔnu geɖewo, eye vivivi la, eɖe mɔ nyɔnu trɔ̃subɔlawo kplɔe de alakpasubɔsubɔ me. Ele be míakpɔ egbɔ be nɔnɔme gbegblẽwo naganɔ mía si sum vivivi o. (5 Mose 7:1-4; 17:17; 1 Fia. 11:4-8)—12/15, axa 10-12.

Nu ka tae wòle be míabu Sara be enye nyɔnu mawuvɔ̃la kple srɔ̃nyɔnu nyui?

Esi Mawu de se na Abraham be woaʋu le Ur la, efia be woadzo le woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gbɔ, eye woaɖe asi le ale si wonɔa agbee tsã ŋu ahadze mɔ aɖo ta afi si womenya o. Ke hã Sara wɔ nu aduadu kplii heka ɖe edzi be Mawu ayra ye. Eɖe nɔnɔme nyuiwo fia le bubudede Abraham ŋu me.—1/1, axa 8.

Nu ka tae Yehowa bia tso Abraham si be wòatsɔ viaŋutsua asa vɔ ɖo?

Ele vevie be míaɖo ŋku edzi be Mawu meɖe mɔ Abraham tsɔ Isak sa vɔ ŋutɔŋutɔ o. Nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi sia nye kpɔɖeŋu na ale si Mawu ŋutɔ ava tsɔ ame si wòlɔ̃na vevie ŋutɔ, si nye Via Yesu, asa vɔ emegbe la.—1/1, axa 23.

Nu kae ɖo kpe edzi be tso ƒe alafa gbãtɔ me va de asi na míaƒe ŋkekea me la, Kristotɔ amesiamina vavã aɖewo nɔ anyigba dzi ɣesiaɣi?

Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe “lu” kple ‘gbe wuwluiwo’ ŋu me la, “nuku nyui” la fia “fiaɖuƒe la ƒe viwo.” (Mat. 13:24-30, 38) Gbe wuwluiawo kple luawo siaa atsi va se ɖe nuŋeɣi la. Eya ta togbɔ be míate ŋu ayɔ ame siwo nye lu ƒe ha la me tɔwo kã o hã la, wo dometɔ aɖewo nɔ anyi ɣesiaɣi tso ɣemaɣi va de asi na míaƒe ŋkekea me.—1/15, axa 7.

Nu kawoe adzɔ do ŋgɔ teti na Harmagedon?

Dukɔwo aɖe gbeƒã ɖedzesi aɖe agblɔ be “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” (1 Tes. 5:3) Dziɖuɖuwo atso ɖe alakpasubɔsubɔhawo ŋu. (Nyaɖ. 17:15-18) Woadze tadeagula vavã dzi. Ekema nuwuwu la ava.—2/1, axa 9.

Aleke míawɔ aɖu ŋubiabiã ƒe didi si le mía me la dzi?

Afɔɖeɖe siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu lae nye esiawo: Dze agbagba nàtu lɔlɔ̃ kple nɔvilɔlɔ̃ ɖo, de ha kple mawuvɔ̃lawo, dze agbagba nàwɔ nyui, ‘kpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm.’ (Rom. 12:15)—2/15, axa 16-17.

Ame kawoe doa Nahuatlgbe, eye nu ka wɔm wole na wo?

Gbe siae Aztektɔ siwo nɔ anyi le blema la dona, eye ame miliɔn 1, akpe 500 gadoa gbe sia kokoko le Mexico. Ðasefowo le gbeƒã ɖem le Nahuatlgbe me, eye míaƒe agbalẽ aɖewo le gbe ma me.—3/1, axa 13-14.

Ne míele aɖaŋu ɖom na amewo la, gɔmeɖose kawoe wòle be woanɔ susu me na mí?

Se amea ƒe nɔnɔmea gɔme nyuie. Mègatsi dzi aɖo nya ŋu o. Wɔ Mawu ƒe Nya la ŋu dɔ ɖokuibɔbɔtɔe. Ne àte ŋui la, wɔ numekuku le teokrasigbalẽwo me. Ƒo asa na nyametsotsowɔwɔ na ame bubuwo.—3/15, axa 7-9.

“Zɔ kilometa eve kplii.” (Mat. 5:41) Nu kae Yesu wɔnɛ esi wòɖo aɖaŋu sia na eƒe nyaselawo?

Le ŋkeke mawo me le Israel la, Romatɔ siwo nɔ dukɔa dzi ɖum la zia amewo dzi be woawɔ dɔ. Esi Yesu ɖo aɖaŋu na eƒe nyaselawo be woazɔ kilometa bubu kpee la, enɔ gbɔgblɔm na wo be woalɔ̃ awɔ dɔ si ŋusẽtɔwo bia tso wo si le sea nu la tso dzi me faa.—4/1, axa 9.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe