INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 5/1 axa 3-4
  • Nya Si Woabia Yesu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Si Woabia Yesu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ele Be Woƒe Nuwɔna Nawɔ Dɔ Ðe Amewo Dzi
  • “Womenye Xexea Ƒe Akpa Aɖeke O”
  • Aleke Kristotɔwo Ƒe Nufiafiawo Ðea Vi Na Amewoe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nu Ka Tae Yesu Mehe Dunya O?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 5/1 axa 3-4

Nya Si Woabia Yesu

Mawuvɔ̃la geɖe xɔe se be ele be mawusubɔlawo nade nu dunyahehe me. Woka ɖe edzi be mawusubɔsubɔ ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me. Ke hã, mawuvɔ̃la aɖewo hã susui be mele be woatsaka mawusubɔsubɔ kple dunyahehe o. Nu kae wò ya nèsusu tso mawusubɔlawo ƒe nudede dunyahehe me ŋu? Ðe wòle be subɔsubɔhawo kple dunyahehawo nawɔ nu ɖekaea?

WOGBLƆ tso Yesu Kristo ŋu be “eƒe nu wɔ dɔ ɖe ame dzi wu ameƒomea me tɔ ɖe sia ɖe le subɔsubɔnyawo me.” Eya ta mítsɔe ko be anya wɔ be míabiae be, Ðe wòle be mawusubɔlawo nade nu dunyahehe mea? Aleke wòaɖo eŋui? Esime wònɔ anyigba dzi la, eɖo biabia ma ŋu to nya siwo wògblɔ kple nu siwo wòwɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, le Yesu ƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me la, egblɔ mɔfiame siwo ate ŋu akpe ɖe eyomedzelawo ŋu woanya woƒe wɔƒe le ame siwo dome wole la gome. Na míadzro nya siwo wògblɔ le mawunya ma me la dometɔ aɖewo me kpɔ.

Ele Be Woƒe Nuwɔna Nawɔ Dɔ Ðe Amewo Dzi

Yesu ƒo nu tso nɔnɔme si wòle be wòanɔ eyomedzelawo si ɖe xexea ŋu la ŋu. Egblɔ be: “Miawoe nye anyigba ƒe dze; ke ne dze bu eƒe ŋusẽ ɖe, nu kae woawɔ nɛ be wòagatrɔ azu dze? Womagate ŋu azãe na naneke o, ɖeko woatsɔe aƒu gbe ɖe xexe be amewo nazɔ edzi. Miawoe nye xexea ƒe kekeli. . . . Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ŋkume, bene woakpɔ miaƒe dɔwɔwɔ nyuiwo, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana mia Fofo si le dziƒowo.” (Mateo 5:13-16) Nu ka tae Yesu tsɔ eƒe nusrɔ̃lawo sɔ kple dze kple kekeli ɖo?

Le Yesu ƒe nyaawo nu la, menye amewo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe koe ye yomedzelawo le abe dze ene na o, ke boŋ xexea me katãe. Eye menye ame ʋɛ aɖewo koe wonye kekeli na o, ke boŋ na ame sia ame si di be yeakpɔ nu nyuie. To kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ mawo dzi la, Yesu na eme kɔ ƒãa be yemedi be ye yomedzelawo naɖe wo ɖokuiwo ɖe aga tso amewo gbɔ o. Nu ka tae?

De dzesi nya sia: Ele be woade dze nuɖuɖu hafi ko dzea ate ŋu ana be nuɖuɖua magblẽ kaba o. Akaɖi mate ŋu ana xɔ me naklẽ nenye be akaɖia le adzɔge tso xɔa me o. Eya ta mewɔ nuku o be Yesu mede se na eƒe nusrɔ̃lawo gbeɖe be woaɖe wo ɖokui ɖe aga ayi xexea ƒe teƒe tsoabo aɖe aɖatso xɔsetɔwo ƒe duwo ɖe afi ma o. Eye megblɔ na wo hã be woanɔ ame dome gake agbe kadodo kple ame siwo menye woƒe subɔsubɔha me tɔwo o la o. Ke boŋ abe ale si ko wòhiã be woade dze nuɖuɖu, eye kekeli hã naɖe viviti ɖa ene la, nenema kee wòle be Kristotɔwo ƒe agbe nawɔ dɔ ɖe ame bubuwo dzii.

“Womenye Xexea Ƒe Akpa Aɖeke O”

Ke hã, mɔfiame si Yesu na eyomedzelawo be woado ka kple wo haviwo la fɔ biabia vevi aɖe ɖe te ku ɖe Kristotɔwo ƒe nudede dunyahehe me ŋu. Le mɔ ka nu? Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, edo gbe ɖa na Mawu ɖe eyomedzelawo ta gblɔ bena: “Nyemele biabiam be nàɖe wo ɖa le xexea me o, ke boŋ be nàkpɔ wo ta le vɔ̃ɖitɔ la ta. Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si ko nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o la ene.” (Yohanes 17:15, 16) Ekema aleke wòanya wɔ be Kristotɔwo naganye xexea ƒe akpa aɖeke o evɔ kadodo nagakpɔtɔ anɔ wo kple ame siwo dome wole la dome? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, na míadzro biabia etɔ̃ bubu aɖewo me kpɔ:

• Ðe Yesu de nu dunyahehe mea?

• Nu kae wòle be Kristotɔwo nawɔ egbea?

• Ŋusẽ kae Kristotɔwo ƒe nufiafiawo kpɔna ɖe woƒe nutoa me tɔwo dzi?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Yesu na eme kɔ ƒãa be yemedi be ye yomedzelawo naɖe wo ɖokuiwo ɖe aga tso amewo gbɔ o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe