INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 5/1 axa 16-17
  • Nya Nyui Kae Ku Ðe Subɔsubɔhawo Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Nyui Kae Ku Ðe Subɔsubɔhawo Ŋu?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Nye Nya Nyui Si Ku Ðe Subɔsubɔhawo Ŋu?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Ale Si Alakpasubɔsubɔhawo Ƒo Ði Mawu Ƒe Ŋkɔe
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ɣeyiɣi Si Me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða La Ðo Vɔ!
    Ɣeyiɣi Si Me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða La Ðo Vɔ!
  • Tsri Alakpasubɔsubɔ!
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 5/1 axa 16-17

Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me

Nya Nyui Kae Ku Ðe Subɔsubɔhawo Ŋu?

Nyati sia dzro nyabiase siwo nànya nɔ ŋuɖoɖo dim na la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.

1. Subɔsubɔhawo katãe nyoa?

Dzinyuitɔ siwo di be yewoadze Mawu ŋu la le subɔsubɔha geɖewo me. Mawu nya wo, eye wòtsɔa ɖe le eme na wo. Gake nublanuitɔe la, ame aɖewo to subɔsubɔhawo dzi wɔ nu tovowo. Ɣeaɖeɣi va yi la, subɔsubɔhakplɔlawo sẽ ŋuta le woƒe ketɔwo ŋu gɔ̃ hã. (2 Korintotɔwo 4:3, 4; 11:13-15) Egbea, nyadzɔdzɔwo ŋuti nyatakakawo ɖee fia be subɔsubɔhakplɔla aɖewo de nu vlo wɔwɔ alo aʋawɔwɔ dzi, alo wodɔ ɖeviwo gbɔ.—Xlẽ Mateo 24:3-5, 11, 12.

Biblia ɖee fia be subɔsubɔha ƒomevi evee li—subɔsubɔha vavãtɔ kple alakpasubɔsubɔ. Alakpasubɔsubɔhawo mefiaa Mawu ŋuti nyateƒea o. Ke hã, Yehowa Mawu di be amewo nanya ye ŋuti nyateƒea.—Xlẽ 1 Timoteo 2:3-5.

2. Nya nyui kae ku ɖe subɔsubɔhawo ŋu?

Subɔsubɔha siwo gblɔna be yewolɔ̃ Mawu, gake womefiaa eŋuti nyateƒea amewo o la ƒe nu medzea eŋu o. Le nyateƒe me la, subɔsubɔha mawo me nɔlawo lɔ̃a xɔlɔ̃dzedze xexe sia si le Satana Abosam te la. (Yakobo 4:4; 1 Yohanes 5:19) Mawu ƒe Nyaa tsɔ subɔsubɔha siwo ɖoa dzi ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo ŋu le esi teƒe be woaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu la sɔ kple gbolo. Biblia yɔ gbolo sia be “Babilon Gã la.” Babilon ye nye blema dugã si me alakpasubɔsubɔ dzɔ tso le Noa ƒe Tsiɖɔɖɔa megbe. Eteƒe madidi o, Mawu aɖe subɔsubɔha siwo blea amewo hetea ameƒomea ɖe anyi la ɖa zi ɖeka kpoyi.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 17:1, 2, 5, 17; 18:8, 23, 24.

3. Nu kae Mawu awɔ be dzidzɔ naxɔ anyigba dzi?

Ale si woava drɔ̃ ʋɔnu alakpasubɔsubɔe la nye nya nyui. Anyigba dzi nɔlawo katã avo tso teteɖeanyi me. Alakpasubɔsubɔhawo magable ameƒomea ahade mama wo dome azɔ o. Amewo katã awɔ ɖeka ade ta agu na Mawu vavã ɖeka kolia la.—Xlẽ Yesaya 11:9; Nyaɖeɖefia 18:20, 21; 21:3, 4.

4. Nu kae wòle be dzinyuitɔwo nawɔ?

Yehowa meŋlɔ dzinyuitɔ siwo kaka ɖe alakpasubɔsubɔhawo me le xexea me godoo la be o. Ele wo nu ƒom ƒu ɖekae fifia to nyateƒea fiafia wo dzi.—Xlẽ Mixa 4:2, 5.

Yehowa xɔa ame siwo di be yewoasubɔe la ɖe eƒe ƒomea me alɔevee. Ne mía xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo do dziku ɖe mía ŋu ɖe Yehowa subɔsubɔ ta gɔ̃ hã la, míakpɔ yayra geɖe. Míanye Mawu xɔlɔ̃wo, míava nye “ƒome” yeye si me lɔlɔ̃ le la me tɔwo, eye mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míava nɔ agbe tegbee.—Xlẽ Marko 10:29, 30; 2 Korintotɔwo 6:17, 18.

Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu la, kpɔ agbalẽ sia, si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 15 kple 16 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 16]

The Complete Encyclopedia of Illustration/J. G. Heck

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe