Ðe Nèdea Bubu Mawu Ƒe Nunana Si Nye Srɔ̃ɖeɖe Ŋua?
“Yehowa ana miakpɔ dzudzɔ le mia srɔ̃wo ƒe me!”—RUT 1:9.
DI ŊUÐOÐOAWO:
Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema la de bubu eƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe ŋu?
Aleke míewɔ nya be tiatia si míawɔ le ame si míaɖe gome la le vevie na Yehowa?
Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu ka dzie nèdi be yeawɔ ɖo?
1. Ƒo nu tso ale si Adam wɔ nui esi wowɔ srɔ̃nyɔnu nɛ ŋu.
“AZƆ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me; woayɔ ame sia bena nyɔnu, elabena ŋutsu mee woɖee tsoe.” (1 Mose 2:23) Aleke gbegbe Adam, si nye ŋutsu gbãtɔ la kpɔ dzidzɔe nye esi esime wowɔ srɔ̃nyɔnu nɛ! Esia tae wògblɔ hakpanya wɔdɔɖeamedzi ma ɖo! Esi Yehowa na Adam dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi megbe la, Eɖe eƒe agbaƒuti ɖeka tsɔ wɔ nyɔnu dzetugbe ma nɛ. Adam na ŋkɔ nyɔnua emegbe be Xawa. Mawu bla wo ɖekae wozu srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu. Esi Yehowa zã Adam ŋutɔ ƒe agbaƒuti tsɔ wɔ Xawa ta la, wo dome nɔ kplikplikpli wu srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ɖe sia ɖe si li egbea.
2. Nu kae tea ŋutsuwo kple nyɔnuwo ɖe wo nɔewo ŋu?
2 Esi nunya si ɖeke mesɔ kplii o ye le Yehowa si ta la, etsɔ lɔlɔ̃ si nɔa ŋutsu kple nyɔnu dome—si nye seselelãme si naa ŋutsu kple nyɔnu ƒe nu léa dzi na wo nɔewo la—de amegbetɔwo me. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo la kpɔa mɔ be yewoase vivi le gbɔdɔdɔ me eye yewoalɔ̃ yewo nɔewo tegbee.” (The World Book Encyclopedia) Esia va eme na Yehowa ƒe amewo zi gbɔ zi geɖe.
WODE BUBU NUNANA SI NYE SRƆ̃ÐEÐE ŊU
3. Aleke Abraham wɔ kpɔ srɔ̃nyɔnu na Isak?
3 Nuteƒewɔla Abraham de bubu gã aɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu. Eya ta edɔ eƒe dɔla tsitsitɔ ɖe Mesopotamia be wòaɖaɖe srɔ̃ na Isak. Nu nyuiwo do tso gbe si dɔlaa do ɖa me. Mawuvɔ̃la Rebeka va zu Isak srɔ̃ malɔ̃nugbɔa, eye wòwɔ akpa vevi aɖe le ɖoɖo siwo Yehowa wɔ hena Abraham ƒe dzidzimevia ta kpɔkpɔ me. (1 Mose 22:18; 24:12-14, 67) Ɣeaɖewoɣi la, edoa dzidzɔ na ame aɖewo be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu woakpɔ ame si woaɖe. Gake mele be woawɔ esia ne ameawo ŋutɔwo mebia be woakpe ɖe yewo ŋu o. Le egbeŋkekewo me la, ame geɖe ŋutɔe tiaa ame si wodi be yewoaɖe. Gakpe ɖe eŋu la, menye Mawue tiaa ame si ame aɖe aɖe la nɛ o, gake ne Kristotɔ aɖe le ŋugble dem tso srɔ̃ɖeɖe ŋu eye wòdo gbe ɖa na Mawu heɖe mɔ eƒe gbɔgbɔa fia mɔe la, Mawu ate ŋu akpe ɖe eŋu le esia kple agbenɔnɔ ƒe akpa bubuwo me.—Gal. 5:18, 25.
4, 5. Nu kae na nèka ɖe edzi be Sunem ɖetugbuia kple alẽkplɔvia wolɔ̃ wo nɔewo vevie?
4 Sunem ɖetugbui dzetugbe si nɔ blema Israel la medi be ye xɔlɔ̃wo naƒo nya ɖe ye nu yeava zu Fia Salomo srɔ̃ gbogboawo dometɔ ɖeka o. Egblɔ be: “Yerusalem nyɔnuviwo, meta mi: Miganyɔ lɔlɔ̃ o, migaʋuʋui o, va se ɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi!” (Ha. 8:4) Sunem ɖetugbuia kple alẽkplɔvi aɖe wolɔ̃ wo nɔewo vevie. Ðetugbuia gblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Seƒoƒo ko menye le ƒuta, dzogbenya menye le baliwo me.” Gake alẽkplɔvia ɖo eŋu nɛ be: “Ale si dzogbenya le le ŋùwo domee la, nenemae nye ɖetugbui lɔlɔ̃a le le nyɔnuviwo domee.” (Ha. 2:1, 2, NW) Wolɔ̃ wo nɔewo vavã!
5 Esi wònye be Sunem ɖetugbuia kple alẽkplɔvia wolɔ̃ Mawu wu nu sia nu ta la, woƒe srɔ̃ɖekadodoa me asẽ ŋutɔ. Le nyateƒe me la, Sunem ɖetugbuia gblɔ na alẽkplɔvi si wòlɔ̃ vevie la be: “Tsɔm wɔ ŋkɔsigɛ de wò dzi ŋu kple ŋkɔsigɛ de wò asi! Elabena lɔlɔ̃ tri akɔ wu ku, eye ŋuʋaʋã sẽ wu tsieƒe, eƒe bibi le abe dzo ƒe bibi ene, Yehowa ƒe dzoƒaɖe wònye [elabena eya gbɔe wòtso]! Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ o, eye tɔsisi gãwo mate ŋu akplɔe adzoe o. Ne ame aɖe be, yeatsɔ eƒe aƒe me kesinɔnuwo katã ana ɖe lɔlɔ̃ ta la, ɖeko woaɖe alɔme le eŋu.” (Ha. 8:6, 7) Ðe mele be Yehowa subɔla nakpɔ mɔ be ame si yeaɖe la nalɔ̃ ye ahaku ɖe ye ŋu nenema oa?
TIATIA SI NÀWƆ LA LE VEVIE NA MAWU
6, 7. Aleke míewɔ nya be tiatia si míawɔ le ame si míaɖe gome la le vevie na Mawu?
6 Tiatia si nàwɔ le ame si nàɖe gome la le vevie na Yehowa. Wode se na Israel viwo tso Kanaantɔwo ŋu be: “Mègado ƒome kpli wo, ne nàtsɔ viwònyɔnu na wo viŋutsu alo aɖe wo vinyɔnu na viwòŋutsu o; elabena woana viwòŋutsu natrɔ le yonyeme, eye wòasubɔ mawu bubuwo, ale bena Yehowa nado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye wòatsrɔ̃ mi amloamlo.” (5 Mose 7:3, 4) Ƒe alafa geɖe megbe la, nunɔla Ezra gblɔ be: “Miewɔ nu tovo be, mieɖe nyɔnu tutɔwo, ne miana Israel ƒe fɔɖiɖi nadzi ɖe dzi.” (Ezra 10:10) Eye apostolo Paulo gblɔ na ehati Kristotɔwo be: “Ŋkeke ale si srɔ̃ŋutsu le agbe ko la, srɔ̃a le babla. Gake ne srɔ̃ŋutsua dɔ alɔ̃ le ku me la, ekema nyɔnua vo aɖe ame si wòlɔ̃, negbe le Aƒetɔ la me ko.”—1 Kor. 7:39.
7 Ne Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe aɖe ɖe dzimaxɔsetɔ la, esia nye tomaɖomaɖo Mawu ƒe nuwɔna. Israel vi siwo nɔ anyi le Ezra ŋɔli la wɔ nu tovo esi ‘woɖe nyɔnu tutɔwo,’ eye anye nu gbegblẽ be míadze agbagba be míatɔ tsi Ŋɔŋlɔawo me nya siwo ku ɖe nya sia ŋu, si me kɔ nyuie la. (Ezra 10:10; 2 Kor. 6:14, 15) Kristotɔ si ɖe dzimaxɔsetɔ la meɖo kpɔɖeŋu nyui o, eye mede bubu Mawu ƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe ŋu o. Eya ta subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖewo ate ŋu age le nɔvi xɔnyɔnyrɔ si ɖe afɔ sia la si. Eye susu manɔ eme be wòanɔ mɔ kpɔm be Mawu nayra ye ahagblɔ le gbedodoɖa me be ‘Yehowa meɖoe koŋ da le wò se dzi, gake meɖe kuku, yram dzro’ o.
MÍA FOFO SI LE DZIƑO LA NYA NU SI NYO WU
8. Nu ka tae wòle be míawɔ ɖe mɔfiame siwo Mawu na ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la dzi?
8 Ame si wɔ mɔ̃ aɖe la nya ale si tututu mɔ̃a wɔa dɔe. Ate ŋu ana mɔfiame le ale si woafɔ mɔ̃a ƒe akpa vovovowo akpee la ŋu. Ke nu kae adzɔ ne míeŋe aɖaba ƒu mɔfiame siawo dzi eye míefɔ mɔ̃a ƒe akpa vovovoawo kpe ale si dze mía ŋu? Afɔku ate ŋu ado tso eme—ne mɔ̃a wɔ dɔ kura gɔ̃ hãe nye ema. Eya ta ne míedi be míakpɔ dzidzɔ le srɔ̃ɖeɖe me la, ele be míawɔ ɖe Yehowa, ame si nye srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila la, ƒe mɔfiamewo dzi.
9. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yehowa sea akogotsitsi ƒe seselelãmewo gɔme eye wònya dzidzɔ si gbegbe woate ŋu akpɔ le srɔ̃ɖeɖe me hã nyuie?
9 Yehowa nya nu sia nu ku ɖe amegbetɔwo kpakple srɔ̃ɖeɖe ŋu. Etsɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro de amegbetɔwo me ale be woate ŋu ‘adzi ahasɔ gbɔ.’ (1 Mose 1:28) Mawu sea akogotsitsi ƒe seselelãmewo gɔme, elabena hafi wòawɔ nyɔnu gbãtɔ la, egblɔ be: “Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.” (1 Mose 2:18) Yehowa nya dzidzɔ si gbegbe woate ŋu akpɔ le srɔ̃ɖeɖe me hã nyuie.—Mixlẽ Lododowo 5:15-18.
10. Nu kawoe wòle be srɔ̃tɔ Kristotɔwo nawɔ be woadze Yehowa ŋu le srɔ̃nu la nana me?
10 Le nu vɔ̃ kple blibomademade si ƒe dome amegbetɔwo nyi tso Adam wɔnuvɔ̃ la gbɔ ta la, srɔ̃ɖeɖe aɖeke mede blibo le xexea me egbea o. Gake Yehowa subɔlawo ate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ le srɔ̃ɖeɖe me, ne wonɔ agbe ɖe Mawu ƒe Nya la nu. Le kpɔɖeŋu me, bu Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me kɔ, siwo ku ɖe srɔ̃tɔwo ƒe gbɔdɔdɔ ŋu la ŋu kpɔ. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 7:1-5.) Ŋɔŋlɔawo megblɔ be vidzidzi ta koe srɔ̃tɔwo ade wo nɔewo gbɔ ɖo o. Srɔ̃nu la nana wo nɔewo ate ŋu akpɔ woƒe seselelãme kple ŋutilãme hiahiãwo gbɔ. Gake kakaɖedzitɔe la, gbɔdɔnuwɔna siwo mele dzɔdzɔme nu o la medzea Mawu ŋu o. Le srɔ̃ɖegbenɔnɔ ƒe akpa sia la, ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu ameŋububutɔe, eye woaɖe lɔlɔ̃ vavãtɔ afia wo nɔewo. Ke hã ele be woatsri nuwɔna ɖe sia ɖe si madze Yehowa ŋu o la.
11. Aleke woyra Rut esi wòwɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia dzi?
11 Ele be dzidzɔ nayɔ srɔ̃ɖeɖe me, ke menye be wòayɔ fũu kple dzidzɔmakpɔmakpɔ ahati ame o. Vevietɔ la, ele be Kristotɔwo ƒe aƒe me nanye gbɔɖemeƒe kple ŋutifafateƒe. Bu nu si dzɔ ƒe 3,000 aɖewoe nye esi va yi, esime ahosi tsitsi Naomi kple lɔ̃xoyɔviawo, siwo nye Orpa kple Rut, siwo hã nye ahosiwo la, tso Moab yina Yuda la ŋu kpɔ. Naomi ƒoe ɖe lɔ̃xoyɔviawo nu be woatrɔ ayi wo detɔwo gbɔ. Gake Moab nyɔnu Rut ku ɖe Naomi ŋu, ewɔ nuteƒe na Mawu vavã la, eye Naomi ka ɖe edzi nɛ be ‘fetu dedie le Yehowa, si ƒe aʋala te wòva sisi ge tso la, gbɔ nɛ!’ (Rut 1:9; 2:12) Esi Rut de asixɔxɔ Mawu ƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe ŋu ta la, eva ɖe ame tsitsi Boas, si nye Yehowa subɔla vavã. Ne wova fɔ Rut ɖe tsitre le anyigba dzi le xexe yeyea me la, akpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne eva nyae be yenye Yesu Kristo mama. (Mat. 1:1, 5, 6; Luka 3:23, 32) Yayra ka gbegbee nye esi wòkpɔ esi wòwɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia dzi!
AÐAŊUÐOÐO NYUI SIWO NAA SRƆ̃ÐEÐE KPƆA DZIDZEDZE
12. Afi kae míate ŋu akpɔ srɔ̃ɖeɖe ŋuti aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le?
12 Srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila la gblɔ nu siwo wòhiã be míanya be míaƒe srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze la na mí. Amegbetɔ aɖeke menya nu tso srɔ̃ɖeɖe ŋu de enu o. Biblia me koe srɔ̃ɖeɖe ŋuti aɖaŋuɖoɖo nyuitɔ siwo le eteƒe la le, eya ta ele be ame sia ame si di be yeaɖo aɖaŋu nyuiwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la natu wo ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ bena: “Mia dome ŋutsu ɖe sia ɖe hã nelɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene; ke ele be srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.” (Ef. 5:33) Naneke mele Biblia me aɖaŋuɖoɖo sia me si gɔme Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me mate ŋu ase o. Nyabiaseae nye be, Ðe woawɔ ɖe Yehowa ƒe Nya la dzia? Woawɔ ɖe edzi ne wodea asixɔxɔ eƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe ŋu vavã.a
13. Ne srɔ̃ŋutsu mewɔ ɖe 1 Petro 3:7 me nyawo dzi o la, nu kae ate ŋu ado tso eme?
13 Ele be srɔ̃ŋutsu Kristotɔ nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu le lɔlɔ̃ me. Apostolo Petro gblɔ be: “Mi srɔ̃ŋutsuwo hã, miyi edzi mianɔ anyi kple nyɔnuwo le sidzedze me, eye mide asixɔxɔ wo ŋu abe nugoe si ate ŋu agbã bɔbɔe wu ene, elabena miawo hã mienye domenyilawo kpli wo le agbe ƒe amenuveve la me, bene naneke nagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.” (1 Pet. 3:7) Yehowa ate ŋu agbe toɖoɖo srɔ̃ŋutsu ƒe gbedodoɖawo ne mewɔna ɖe Eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi o. Ƒomedodo si le srɔ̃tɔ eveawo kple Mawu dome la me ate ŋu agblẽ. Ate ŋu ana woaxa nu geɖe, woanɔ dzre wɔm, eye woanɔ ŋlɔmi wɔm le wo nɔewo ŋu.
14. Ŋusẽ kae srɔ̃nyɔnu lɔ̃ame ate ŋu akpɔ ɖe eƒe ƒomea dzi?
14 Srɔ̃nyɔnu si Yehowa ƒe Nya kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le mɔ fiam la ate ŋu awɔ geɖe ana ŋutifafa kple dzidzɔ nanɔ eƒe ƒomea me. Esɔ le dzɔdzɔme nu be srɔ̃ŋutsu si vɔ̃a Mawu la nalɔ̃ srɔ̃a eye wòakpɔ eta le ŋutilãme kple gbɔgbɔ me siaa. Srɔ̃nyɔnu dina vevie be ye srɔ̃ nalɔ̃ ye, eye esia bia be eya hã nawɔ nu siwo ana srɔ̃a nalɔ̃e. Lododowo 14:1 gblɔ be: ‘Nyɔnu si nye nunyala vavã la tua eƒe xɔ, ke nyɔnu tsibome tsɔa ye ŋutɔ ƒe asi gbãnɛ ƒua anyi.’ Srɔ̃nyɔnu nyanu lɔ̃ame wɔa akpa gã aɖe le eƒe ƒomea ƒe dzidzedzekpɔkpɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ me. Eɖenɛ fiana hã be yedea bubu Mawu ƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe ŋu.
15. Aɖaŋuɖoɖo kae dze le Efesotɔwo 5:22-25?
15 Srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo ɖenɛ fiana be yewodea bubu Mawu ƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe ŋu ne wosrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le ale si wòwɔa nu ɖe hamea ŋu me. (Mixlẽ Efesotɔwo 5:22-25.) Yayra ka gbegbee nye esi srɔ̃tɔwo kpɔna ne wolɔ̃a wo nɔewo vavã eye womeɖea mɔ gbeɖe dada, ɖevinuwɔna si nye numaƒomaƒo na ame nɔewo, alo nɔnɔme bubu siwo medze Kristotɔwo o la gblẽa nu le woƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu o!
AME AÐEKE NEGAMA WO ME O
16. Nu ka tae Kristotɔ aɖewo nɔa anyi srɔ̃maɖemaɖee?
16 Togbɔ be ame akpa gãtɔ ɖonɛ be, ne yewotsi va ɖo afi aɖe la, yewoaɖe srɔ̃ hã la, Yehowa subɔla aɖewo ya nɔa anyi srɔ̃maɖemaɖee le esi womekpɔ ame si sɔ na wo si dze Yehowa ŋu woaɖe o ta. Mawu ƒe nunana si nye trenɔnɔ le ame bubuwo si, si na wotea ŋu subɔa Yehowa bliboe susuhenu siwo nɔa srɔ̃ɖeɖe me manɔmee. Ke hã ele be ame nawɔ eƒe trenɔɣi ŋu dɔ le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe nudidiwo.—Mat. 19:10-12; 1 Kor. 7:1, 6, 7, 17.
17. (a) Nya siwo Yesu gblɔ tso srɔ̃ɖeɖe ŋu kawoe wòle be woanɔ susu me na mí? (b) Ne Kristotɔ aɖe te ŋubiabiã ame bubu srɔ̃ la, afɔ kae wòle be wòaɖe heheɖemegbemanɔmee?
17 Míeɖanye trewo alo srɔ̃tɔwo o, ele be Yesu ƒe nya siawo nanɔ susu me na mí katã be: “Ðe miexlẽe kpɔ be [Mawu] si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, atsu kple asi wòwɔ woe, eye wògblɔ be, ‘Le esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋu, eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka’ oa? Eya ta womeganye eve o, ke boŋ ŋutilã ɖeka. Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.” (Mat. 19:4-6) Ŋubiabiã ame bubu srɔ̃ nye nu vɔ̃. (5 Mose 5:21) Ne Kristotɔ aɖe va te ŋubiabiã ame bubu srɔ̃ la, ele be wòaɖe afɔ kaba aɖe didi makɔmakɔ ma ɖa le eƒe susu me. Ele be wòawɔ esia ne ale si wòɖe mɔ ɖokuitɔdidi ƒe dzodzro sesẽ sia tsi ɖe emee la ana wòase veve vevie gɔ̃ hã. (Mat. 5:27-30) Ele vevie be wòaɖɔ tamesusu ma ɖo eye wòatsi nu vɔ̃ ƒe dzodzro si le eƒe dzi alakpatɔa me la nu.—Yer. 17:9.
18. Aleke wòle be míabu Mawu ƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖee?
18 Ame siwo menya nu boo aɖeke alo nya naneke kura tso Yehowa Mawu kple eƒe nunana wɔnuku si nye srɔ̃ɖeɖe ŋu o kura gɔ̃ hã dea bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu vie ya teti. Aleke gbegbe wòle be mí ame siwo ɖe adzɔgbe na Yehowa, “Mawu dzidzɔtɔ” la, míakpɔ dzidzɔ ɖe eƒe nunanawo katã ŋu eye míaɖee afia be míedea bubu Mawu ƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe ŋu geɖe wue nye esi!—1 Tim. 1:11.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ “Midzra Mia Ðokui Ðo Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me,” ta 10 kple 11 hena srɔ̃ɖeɖe ŋuti numedzodzro tsitotsito.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]
Srɔ̃ɖeɖe nyui dea bubu Yehowa ŋu eye ate ŋu ahe dzidzɔ gã aɖe vae na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Rut de bubu Mawu ƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe ŋu
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Ðe nèɖenɛ fiana be èdea bubu Yehowa ƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe ŋu vavã?