INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 6/15 axa 20-24
  • Nu Ka Ta Wòle Be Nàtsɔ Yehowa Subɔsubɔ Aɖo Nɔƒe Gbãtɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Ta Wòle Be Nàtsɔ Yehowa Subɔsubɔ Aɖo Nɔƒe Gbãtɔ?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔ Dzadzraɖoɖi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • ‘Ezɔ Kple Mawu Vavã La’
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Èdzra Ðo Hena Agbetsitsia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Míazɔ Le Yehowa, Mía Mawu La Ƒe Ŋkɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 6/15 axa 20-24

Nu Ka Ta Wòle Be Nàtsɔ Yehowa Subɔsubɔ Aɖo Nɔƒe Gbãtɔ?

“Nye nu axlẽ wò dzɔdzɔenyenye afia, kple wò xɔname hã ɣesiaɣi.”—PS. 71:15.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

Nu ka tae Noa, Mose, Yeremiya, kple Paulo tsɔ Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me?

Nu kae akpe ɖe ŋuwò nànya nu si nàtsɔ wò agbe awɔ?

Ðe nèɖoe kplikpaa be yeatsɔ Yehowa subɔsubɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe mea?

1, 2. (a) Ne ame aɖe tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa la, nu kae esia fia? (b) Aleke Noa, Mose, Yeremiya, kple Paulo ƒe kpɔɖeŋuawo me dzodzro ate ŋu aɖe vi na mí?

NE ÈÐE adzɔgbe na Yehowa eye nèva zu Yesu yomedzela xɔnyɔnyrɔ la, afɔ vevi aɖee nye ema nèɖe. Wò adzɔgbeɖeɖe na Mawu ye nye nyametsotso vevitɔ si nèwɔ le agbe me. Ðeko wòle abe ɖe nèle gbɔgblɔm nɛ be, ‘Yehowa, medi be nànye nye Aƒetɔ eye nàfia mɔm le nye agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. Wò subɔla menye. Medi be nàfia nu siwo wòle be woaxɔ nɔƒe gbãtɔ le nye agbe me, ale si mazã nye ɣeyiɣiwoe, kple ale si mazã nye nunɔamesiwo kpakple nye dzɔdzɔmeŋutetewoe lam.’

2 Ne Kristotɔ ɖeadzɔgbee nènye la, ke nu siawo ƒe ŋugbee nèdo na Yehowa. Èdze na kafukafu le esia ta; esiae nye nu nyuitɔ kple nu si me nunya le si wòle be nàwɔ. Gake esi nèlɔ̃ azɔ be Yehowa nanye wò Aƒetɔ la, aleke nèle wò ɣeyiɣiwo zãmee? Noa, Mose, Yeremiya, kple apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzro nyabiase sia me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe subɔ Yehowa kple luʋɔ blibo. Nɔnɔme si me míele egbea la sɔ kple wo tɔ. Nyametsotso siwo wowɔ la ɖe nu siwo nɔ vevie na wo la fia, eye wo me dzodzro ate ŋu ade dzi ƒo na mí be míagbugbɔ alé ŋku ɖe ale si míele míaƒe ɣeyiɣiwo zãmee ŋu.—Mat. 28:19, 20; 2 Tim. 3:1.

DO ŊGƆ NA TSIÐƆÐƆ LA

3. Mɔ ka nue míaƒe ŋkekea sɔ kple Noa tɔ le?

3 Yesu tsɔ Noa ƒe ŋkekea sɔ kple míaƒe ŋkekea. Egblɔ be: “Ale si Noa ƒe ŋkekeawo nɔ la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔnɔ la hã anɔ. . . . Wonɔ nu ɖum, nɔ nu nom, ŋutsuwo nɔ srɔ̃ ɖem, eye wonɔ nyɔnuwo tsɔm na be woaɖe, va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋu la me, eye wometsɔ ɖeke le eme o, va se ɖe esime tsiɖɔɖɔa va, eye wòkplɔ wo katã yii.” (Mat. 24:37-39) Ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ meɖoa to nuxlɔ̃amenya si ƒe gbeƒã ɖem Mawu subɔlawo le la o. Metsɔa fu lãme na wo be míele ɣeyiɣi aɖe si me wòhiã be woawɔ nu kpata la me o. Abe ale si wònɔ le Noa ƒe ŋkekea me ene la, ame geɖewo mexɔnɛ sena egbea be Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo o, eɖia kokoe na wo gɔ̃ hã! (2 Pet. 3:3-7) Togbɔ be ame siwo gbe toɖoɖo domee Noa nɔ hã la, aleke wòzã eƒe ɣeyiɣiwoe?

4. Esi Yehowa de dɔ asi na Noa vɔ megbe la, aleke Noa zã eƒe ɣeyiɣiwoe, eye nu ka tae?

4 Esi Mawu gblɔ nu si wòɖo be yeawɔ la na Noa eye wòde dɔ si wòawɔ la asi nɛ vɔ ko la, Noa kpa aɖakaʋu aɖe si me woakpɔ amewo kple lãwo ta le. (1 Mose 6:13, 14, 22) Noa ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si tu aƒe la hã. Apostolo Petro yɔe be “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela,” si ɖee fia be, Noa ku kutri be yeakpe ɖe amewo ŋu woakpɔ ale si gbegbe nɔnɔme si me wole la nye ŋkubiãnyae la adze sii. (Mixlẽ 2 Petro 2:5.) Èsusui be nunya anɔ eme be Noa kple eƒe ƒomea nazã woƒe ɣeyiɣiwo atsɔ adze agbagba be yewoadze asitsatsa aɖe gɔme, be nu nadze edzi na yewo wu ame bubuwo, alo be yewoanɔ agbe si me dzidzeme lea? Kura o! Esi wonya nu si nɔ ŋgɔ gbɔna ta la, woƒo asa na susuhenu mawo.

TIATIA SIWO EGIPTE FIAVI AÐE WƆ

5, 6. (a) Anye taɖodzinu ka tae wofia Egiptetɔwo ƒe nunya blibo la katã Mose ɖo? (b) Nu ka tae Mose gbe mɔnukpɔkpɔ siwo su esi le Egipte la ɖo?

5 Azɔ mina míadzro Mose ƒe kpɔɖeŋua me. Egiptetɔwo ƒe fiasã mee wonyii le abe Farao vinyɔnua ƒe vi ene. Abe fiavi ɖekakpui ene la, “wofia Egiptetɔwo ƒe nunya blibo la katã” eyama. (Dɔw. 7:22; 2 Mose 2:9, 10) Anɔ eme be nusɔsrɔ̃ sia ƒe taɖodzinue nye be woadzrae ɖo be wòava wɔ dɔ le Farao ƒe fiasã me. Ate ŋu ava zu ame xɔŋkɔ aɖe le dziɖuɖu si nye xexemeŋusẽ ɣemaɣi la me, eye ɖoƒe ma nɔnɔ ana nu nyui geɖewo nasu esi, eye amewo ade bubu gã aɖe eŋu. Gake nu siawo ƒe vivisesee nye Mose ƒe taɖodzinua?

6 Hehe si Mose fofo kple dadaa nae le eƒe ɖevime la anya kpe ɖe eŋu wònya ŋugbe siwo Yehowa do na tɔgbuia Abraham, Isak, kple Yakob. Mose xɔ ŋugbedodo mawo dzi se. Anɔ eme godoo be ede ŋugble tso eƒe etsɔme kple eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa ŋu vevie. Eya ta esi ɣeyiɣia de be wòatiae ne azu Egipte fiavi loo alo anye Israel vi kluvii la, tiatia kae wòwɔ? Mose tiae “be woawɔ ŋlɔmi le ye ŋu kpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋu, wu be yeakpɔ gome le nu vɔ̃ ƒe vivisese me hena ɣeyiɣi vi aɖe ko.” (Mixlẽ Hebritɔwo 11:24-26.) Emegbe la, ewɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia dzi le ale si wòle be wòazã eƒe agbee me. (2 Mose 3:2, 6-10) Nu ka tae Mose wɔ nu alea ɖo? Elabena eka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi. Enya be nu sia nu si asu ye si le Egipte la manɔ anyi ɖaa o. Eye nyateƒee, esia megbe kpuie la, Mawu tsɔ fuwɔame ewo he to na dukɔ ma. Èkpɔ nufiame si le ŋutinya sia me na Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo egbea? Mele be míatsɔ míaƒe susu katã aku ɖe míaƒe dɔwɔɖuiwo ŋu alo anɔ agbagba dzem be xexe sia me nu nyuiwo nasu mía si o, ke boŋ ele be míatsɔ Yehowa kple eƒe subɔsubɔdɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ.

YEREMIYA NYA NU SI GBƆNA DZƆDZƆ GE

7. Aleke nɔnɔme si me Yeremiya nɔ la sɔ kple mía tɔ?

7 Ame bubu aɖe si tsɔ Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa ɖo nɔƒe gbãtɔe nye nyagblɔɖila Yeremiya. Yehowa tiae be wòanye yeƒe nyagblɔɖila ne wòaɖe gbeƒã ʋɔnudrɔ̃gbedeasi aɖe na Yerusalem kple Yuda gbexɔse la. Le gɔmesese aɖe nu la, Yeremiya nɔ agbe le “ŋkekeawo ƒe nuwuwu.” (Yer. 23:19, 20) Enya nyuie be nuɖoanyi ma si me yele la maganɔ anyi eteƒe nadidi o.

8, 9. (a) Nu ka tae wòhiã be woaɖɔ Barux ƒe nuŋububu ɖo? (b) Ne míele ɖoɖo wɔm ɖe etsɔme ŋu la, nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí?

8 Esi Yeremiya ka ɖe nu si gbɔna dzɔdzɔ ge la dzi ta la, nu kae mewɔ o? Medze agbagba be yeaƒo nuwo nu ƒu na ye ɖokui le nuɖoanyi ma si le tsɔtsrɔ̃ ge godoo la me o. Anye bometsinu be wòawɔ nenema. Ke hã Barux, Yeremiya ƒe agbalẽŋlɔla, ya mebu nuwo ŋu nyuie le gɔmedzedzea me o. Eya ta Mawu tsɔ gbɔgbɔ ʋã Yeremiya be wòagblɔ na eƒe agbalẽŋlɔlaa be: “Nu si nye ŋutɔ metu la, magbãe aƒu anyi, eye nu si medo la, mahoe ɖa, anyigba blibo la dzi wòava; hafi wòa nèbe, yeadi nu gãwoa? Mègadi wo o; elabena . . . mahe dzɔgbevɔ̃e ava ŋutilãwo katã dzi; ke mana wò agbe nazu aboyonu na wò le teƒe, siwo katã nàyi.”—Yer. 45:4, 5.

9 Míenya ‘nu gã’ siwo tututu dim Barux nɔ o.a Gake míenya be wonye nu siwo manɔ anyi ɖaa o, nu siwo nu ayi ne Babilontɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Ède dzesi nufiame si le ŋutinya sia me na mía? Be agbemenuhiahiã veviwo nasu mía si la, ehiã be míawɔ ɖoɖo ɖe nanewo ŋu godoo. (Lod. 6:6-11) Gake ɖe nunya anɔ eme be míazã ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe atsɔ anɔ nu siwo manɔ anyi ɖaa o la yome tima? Enye nyateƒe be Yehowa ƒe habɔbɔa yi edzi le ɖoɖo wɔm ɖe Fiaɖuƒe Akpata, alɔdzedɔwɔƒe, kple teokrasidɔ yeyewo ŋu. Gake ɖoɖo siawo ya to vovo, elabena woƒe taɖodzinue nye be woado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. Eya ta asɔ be Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo natsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ nenema ke, ne wole ɖoɖo wɔm ɖe etsɔme ŋu. Ðe nèka ɖe edzi tso dzi blibo me be èle ‘fiaɖuƒe la kple Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã’?—Mat. 6:33.

“MEBUA WO ABE GBEÐUÐƆ DZRO AÐE KO ENE”

10, 11. (a) Nu kawoe nɔ vevie na Paulo hafi wòva zu Kristotɔ? (b) Nu ka tae Paulo ɖe asi le nu siwo yome tim wònɔ tsã la ŋu keŋkeŋ?

10 Mlɔeba la, mina míadzro Paulo ƒe kpɔɖeŋua me. Hafi wòava zu Kristotɔ la, amewo katã susu be dɔwɔɖui nyui aɖe ŋutɔ asu esi. Esrɔ̃ Yudatɔwo ƒe se la tso nufiala xɔŋkɔ aɖe si nɔ anyi le woƒe ŋkekea me la gbɔ. Exɔ ŋusẽ tso Yudatɔwo ƒe nunɔlagã la gbɔ. Eye enɔ ŋgɔyiyi geɖe wɔm le Yuda Subɔsubɔ me wu eŋɔlimetɔ geɖewo. (Dɔw. 9:1, 2; 22:3; 26:10; Gal. 1:13, 14) Ke hã Paulo ƒe agbenɔnɔ trɔ keŋkeŋ esime wòkpɔe dze sii be Yehowa gbe Yuda dukɔa.

11 Paulo nyae be asixɔxɔ aɖeke mele taɖodzinu aɖe yome titi le Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia me ŋu le Yehowa ŋkume o, elabena dukɔa le tsɔtsrɔ̃ ge. (Mat. 24:2) Ame sia si nye Farisitɔ tsã la gblɔ gɔ̃ hã be, ne yetsɔ gɔmesese si va su ye si le Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu kple bubu gã si wònye na ye be yele gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me la sɔ kple nu siwo yebuna nu veviwoe tsã la, “gbeɖuɖɔ dzro aɖe ko” wonye. Eya ta Paulo ɖe asi le nu siwo yome tim wònɔ le Yuda Subɔsubɔ me la ŋu eye wòzã eƒe anyigbadzigbenɔnɔ mamlɛa tsɔ ɖe gbeƒã nya nyuia.—Mixlẽ Filipitɔwo 3:4-8, 15; Dɔw. 9:15.

DE ŊUGBLE LE NU SIWO NÈBUNA NU VEVIWOE ŊU

12. Nu kae nɔ vevie na Yesu le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe?

12 Noa, Mose, Yeremiya, Paulo, kple ame bubu geɖe siwo le abe woawo ke ene la zã woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ƒe akpa gãtɔ tsɔ ti teokrasitaɖodzinuwo yome. Wonye kpɔɖeŋu nyuiwo na mí. Gake Yesue nye kpɔɖeŋu nyuitɔ na mí le Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo katã dome. (1 Pet. 2:21) Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, ezã eƒe anyigbadzigbenɔnɔ susɔea tsɔ nɔ gbeƒã ɖem nya nyuia henɔ bubu dem Yehowa ŋu. Eya ta edze ƒãa be Yehowa subɔsubɔe wòle be wòanye nu vevitɔ le Kristotɔ ɖe sia ɖe si lɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye yeƒe Aƒetɔ la ƒe agbe me. Nenemae wòle le gowòmea? Eye aleke míate ŋu anɔ teokrasitaɖodzinuwo yome tim eye le ɣeyiɣi ma ke me la, míakpɔ míaƒe dɔwɔna vevi bubuwo gbɔ?—Mixlẽ Psalmo 71:15; 145:2.

13, 14. (a) Nu ka ŋue wodea dzi ƒo na Kristotɔ ɖeadzɔgbewo katã be woabu? (b) Dzidzeme kae ate ŋu asu Mawu subɔlawo si?

13 Ƒe geɖewoe nye esia la, Yehowa ƒe habɔbɔa dea dzi ƒo na Kristotɔwo enuenue be woabu eŋu kpɔ be woate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa hã eye woado gbe ɖa le eŋu. Le susu vovovowo ta la, Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖewo mate ŋu aɖe gbeƒã gaƒoƒo 70 le mama dedie nu ɣleti sia ɣleti o. Mele be esia naɖe fu na wo o. (1 Tim. 5:8) Ke wò ya ɖe? Nyateƒee wònye be màte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa oa?

14 Bu dzidzɔ si gbegbe Mawu ƒe amewo dometɔ geɖe kpɔ le ƒe sia ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɣi ŋu kpɔ. Le March me la, wowɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe na mí be, kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ate ŋu atiae be yewoaɖe gbeƒã gaƒoƒo 30 loo alo 50. (Ps. 110:3) Gbeƒãɖela miliɔn geɖe kpɔ gome kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa me, eye àte ŋu akpɔe be dzidzɔ gã manyagblɔ aɖe nɔ hameawo me. Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu be nànɔ dzidzɔ ma tɔgbi kpɔm edziedzia? Ne Kristotɔ ɖeadzɔgbe aɖe le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm la, ekpɔa dzidzeme gã aɖe le ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu eye wòtea ŋu gblɔna be, “Yehowa, mewɔ nu siwo katã mate ŋui la le wò subɔsubɔdɔa me.”

15. Taɖodzinu kae wòle be wòanɔ sɔhɛ Kristotɔ si ku ɖe sukudede ŋu?

15 Ne sɔhɛ Kristotɔe nènye eye esusɔ vie nàwu sukudede nu la, ɖewohĩ èkpɔe be èle lãmesẽ nyui me eye agba gã aɖeke mele dziwò o. Ðe nède ŋugble vevie le gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu kpɔa? Ðikekemanɔmee la, nufialawo ate ŋu aka ɖe edzi na wò be nu nyuitɔ si nàwɔ atsɔ adzra ɖo ɖe etsɔme ŋue nye be nàde yunivɛsiti. Evɔ amegbetɔwo ƒe nuɖoanyi kple ga ŋue woɖoa ŋu ɖo, ke hã nu siawo manɔ anyi ɖaa o. Gake ne èti teokrasitaɖodzinu aɖe yome la, esiae nye taɖodzinu si ŋu viɖe vavã le, eye anɔ anyi ɖaa. Eye esia afia be èle Yesu ƒe kpɔɖeŋu debliboa srɔ̃m. Nyametsotso sia si me nunya le la ana nàkpɔ dzidzɔ. Akpɔ tawò. Eye aɖee afia be èɖoe kplikpaa be yeanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple adzɔgbe si nèɖe na Yehowa.—Mat. 6:19-21; 1 Tim. 6:9-12.

16, 17. Nya kawoe wòle be Kristotɔwo nabia wo ɖokuiwo ku ɖe subɔsubɔdɔ si wɔm wole na Yehowa ŋu?

16 Mawu subɔla siwo li egbea dometɔ geɖe wɔa dɔ gaƒoƒo geɖe be yewoakpɔ yewoƒe ƒomewo ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ. Ke hã ate ŋu anɔ eme be wo dometɔ aɖewo anɔ dɔ wɔm gaƒoƒo geɖe wu ale si dze. (1 Tim. 6:8) Xexea ƒe asitsanuɖoanyia le woƒe ŋutete ɖe sia ɖe wɔm be míaxɔe se be, ne míezãa woƒe nu gbogboawo kple nutovɛ yeye ɖe sia ɖe o la, agbea manya nɔ na mí o. Gake Kristotɔ vavãwo medi be Satana ƒe xexea naɖo nu si yewoatsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ la na yewo o. (1 Yoh. 2:15-17) Ke ame siwo xɔ dzudzɔ le dɔ me ya ɖe? Nu nyuitɔ si woate ŋu awɔe nye be woazã woƒe ɣeyiɣiwo atsɔ awɔ mɔɖeɖedɔa eye woatsɔ Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ?

17 Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo katã ate ŋu abia wo ɖokuiwo be: Nu kae le vevie nam wu le agbe me? Ðe metsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔa? Ðe mele Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ la srɔ̃ma? Ðe mele wɔwɔm ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye be madze ye yome ɖaa la dzia? Ðe mate ŋu atrɔ asi le nye ɖoɖowo ŋu ale be mazã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa alo teokrasidɔ bubuwo ŋua? Ne nye nɔnɔmeawo meɖe mɔ fifia be makeke nye subɔsubɔa ɖe enu o hã la, ɖe meyi edzi le ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ɖem fia?

“DIDI KPLE NUWƆWƆ SIAA”

18, 19. Nu ka ŋue wòle be nàdo gbe ɖa le, eye nu ka tae nu sia biabia Yehowa doa dzidzɔ nɛ?

18 Ne Mawu ƒe amewo le esubɔm dzonɔamemetɔe la, enya kpɔna ŋutɔ. Ke hã didia manɔ ame aɖewo me be yewoawɔ mɔɖeɖedɔa o, alo woase le wo ɖokuiwo me be ŋutete mele yewo ŋu be yewoawɔe o—ne woƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ na wo gɔ̃ hã. (2 Mose 4:10; Yer. 1:6) Ke ne èsena le ɖokuiwo me alea ya ɖe? Ðe manyo be nàdo gbe ɖa tso eŋu oa? Ɛ̃, esia wɔwɔ le vevie. Paulo gblɔ na ehati xɔsetɔwo be Yehowa “le dɔ wɔm le mia me, bene didi kple nuwɔwɔ siaa nanɔ mia me le nu si dze eŋu la nu.” (Flp. 2:13) Ne didia mele mewò be nàwɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me o la, bia Yehowa be wòade didia kple ŋutetea siaa mewò.—2 Pet. 3:9, 11.

19 Noa, Mose, Yeremiya, Paulo, kple Yesu siaa nye Mawu subɔla wɔnuteƒewo. Wozã woƒe ɣeyiɣiwo kple woƒe ŋusẽ tsɔ ɖe gbeƒã Yehowa ƒe nuxlɔ̃amegbedeasia. Womeɖe mɔ naneke he woƒe susu ɖa le edzi o. Fifi nuɖoanyia ƒe nuwuwu tu aƒe ŋutɔ; le esia ta ehiã be mí ame siwo katã tsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu la míakpɔ egbɔ be míeyi edzi le míaƒe ŋutete katã wɔm le Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu nyui siawo sɔsrɔ̃ me. (Mat. 24:42; 2 Tim. 2:15) Ne míewɔ esia la, míate ŋu adze Yehowa ŋu eye míakpɔ yayra geɖe.—Mixlẽ Maleaxi 3:10.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ August 15, 2006, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 16-19 kple October 15, 2008, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 8, 9, memama 7-9.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Amewo meɖo to Noa ƒe nuxlɔ̃amea o

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ðe nède ŋugble vevie le gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu kpɔa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe