INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 6/15 axa 25-29
  • “Gbɔgbɔ Kɔkɔe Ye Ʋã Amewo”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Gbɔgbɔ Kɔkɔe Ye Ʋã Amewo”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia La—Ðe Wòtso “Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Me” Nyateƒea?
    Nyɔ!—2017
  • Aleke Mawu ƒe Gbɔgbɔ Ʋã Amewo Woŋlɔ Biblia Lae?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Biblia Me Nyawo Nye Gbedeasi Tso Mawu Gbɔ Na Mí
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Biblia La—Agbalẽ Si Tso Mawu Gbɔ
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 6/15 axa 25-29

“Gbɔgbɔ Kɔkɔe Ye Ʋã Amewo”

“Nyagblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me ɣeaɖekeɣi kpɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.”—2 PET. 1:21.

NYA VEVI SIWO ŊU NÀDE ŊUGBLE LE

Aleke Mawu zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ kpe ɖe Biblia ŋlɔlawo ŋu wonya nya siwo woaŋlɔ?

Kpeɖodzi kawoe ɖee fia be Biblia la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me?

Nu kae nàte ŋu awɔ gbe sia gbe atsɔ aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu?

1. Nu ka ta míehiã Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ɖo?

ALEKE míewɔ va dzɔ? Nu ka tae míele afi sia ɖo? Afi kae míeɖo tae? Nu ka tae xexea me le alea ɖo? Nu kae dzɔna ɖe ame siwo ku la dzi? Amewo biaa nya siawo le xexea me godoo. Aleke míawɔ anya nyabiase siawo kple biabia vevi bubuwo ƒe ŋuɖoɖowo ne ɖe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la mele mía si o? Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo manɔmee la, nu siwo me míeto le agbe me la koe afia nu mí. Ne míaƒe agbemenuteƒekpɔkpɔwo koe afia mɔ mí la, ɖe míate ŋu ase le mía ɖokui me abe ale si hakpala la se le eɖokui me tso “Yehowa ƒe se” la ŋu enea?—Mixlẽ Psalmo 19:8.

2. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ ŋudzedze kpɔm ɖe Mawu ƒe nunana si nye Biblia ŋu?

2 Gake ewɔ nublanui ŋutɔ be, ame aɖewo megalɔ̃a Biblia me nyateƒea abe tsã ene. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 2:4.) Womegale zɔzɔm le mɔ si dzea Yehowa ŋu la nu o. (Yes. 30:21) Gake mele be esia nadzɔ ɖe mía dzi o. Míate ŋu awɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míayi edzi anɔ ŋudzedze kpɔm ɖe Biblia kple eƒe nufiafiawo ŋu, eye ele be míawɔe hã. Nunana xɔasi aɖee Biblia nye tso mía Wɔla lɔ̃ame la gbɔ na mí. (Yak. 1:17) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míagakpɔ ŋudzedze ɖe ‘Mawu ƒe nya’ la ŋu geɖe wu? Nu vevi ɖekae nye ŋugbledede tso ale si wofia mɔ Biblia ŋlɔlawo woŋlɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawoe ŋu. Esia fia be míanɔ ŋku ɖom kpeɖodzi gbogbo siwo li be etso gbɔgbɔ me la hã dzi. Ele be esia naʋã mí míaxlẽ Mawu ƒe Nya la gbe sia gbe eye míawɔ eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi.—Heb. 4:12.

ALEKE ‘GBƆGBƆ KƆKƆEA ƲÃ AMEWOE’?

3. Aleke ‘gbɔgbɔ kɔkɔe la ʋã’ nyagblɔɖilawo kple Biblia ŋlɔlawo?

3 Ƒe 1,610 sɔŋ ye wotsɔ ŋlɔ Biblia la. Wodze egɔme tso ƒe 1513 D.M.Ŋ. me va wu enu le ƒe 98 M.Ŋ. me. Eye ame vovovo 40 ye kpɔ gome le eŋɔŋlɔ me. Wo dometɔ aɖewo nye nyagblɔɖilawo, eye “gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã” wo. (Mixlẽ 2 Petro 1:20, 21.) Gɔmesese si le Helagbe me nyagbɔgblɔ si gɔme woɖe be “ʋã” la sie nye “woatsɔ nane alo akɔe tso teƒe aɖe ayi teƒe bubu,” eye “woate ŋu aɖe egɔme le mɔ vovovo nu be: nane naʋã ame, alo akɔ ame, alo akplɔ ame ayii, alo amea ŋutɔ naɖe mɔ nua naʋãe.”a Wozãe le Dɔwɔwɔwo 27:15 tsɔ ɖɔ tɔdziʋu aɖe si ya nɔ nyamam eye wòkɔe ɖe nu to mɔ aɖe. ‘Gbɔgbɔ kɔkɔe la ʋã’ nyagblɔɖilawo kple Biblia ŋlɔlawo le gɔmesesea nu be Mawu ƒo nu kpli wo, ʋã wo, hefia mɔ wo to eƒe dɔwɔŋusẽ la dzi. Esia fia be Mawu ƒe susuwoe woŋlɔ, ke menye woawo ŋutɔwo tɔwoe o. Ɣeaɖewoɣi la, nyagblɔɖilawo kple ame siwo gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ Biblia la ŋutɔwo mese nya siwo wogblɔ ɖi alo ŋlɔ ɖi la gɔme gɔ̃ hã o. (Dan. 12:8, 9) Vavãe, “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me” eye amegbetɔwo ƒe susu aɖeke mele eme o.—2 Tim. 3:16.

4-6. Mɔ kawo dzie Yehowa to na Biblia ŋlɔlawo nya nya si wòdi be woaŋlɔ? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Gake aleke Mawu zã gbɔgbɔ kɔkɔe la tsɔ kpe ɖe Biblia ŋlɔlawo ŋu wonya nya siwo woaŋlɔ? Ðe wògblɔ nya si tututu woaŋlɔ la na woa, alo ɖeko wògblɔ susu vevia na wo be woaɖee agblɔ le woawo ŋutɔwo ƒe nyagbewo mea? Bu ale si dɔmemegã aɖe wɔna ŋlɔa lɛta ŋu kpɔ. Ne ele vevie be woazã nyagbɔgblɔ aɖewo koŋ le lɛtaa ŋɔŋlɔ me la, eya ŋutɔ ŋlɔa lɛtaa, alo egblɔa nya siwo wòdi be yeaŋlɔ la na eƒe agbalẽŋlɔla wòŋlɔna pɛpɛpɛ. Agbalẽŋlɔlaa tsɔa nuŋlɔmɔ ŋlɔnɛ, eye dɔmemegãa dea asi ete. Ɣebubuɣiwo la, susu veviawo ko wògblɔna, eye agbalẽŋlɔlaa nɔa te ɖe wo dzi zãa eya ŋutɔ ƒe nyagbewo kple nuŋɔŋlɔ ƒe atsyãwo tsɔ ŋlɔa lɛta la. Emegbe dɔmemegã la ate ŋu ato lɛtaa me eye wòana agbalẽŋlɔlaa nawɔ ɖɔɖɔɖo siwo hiã. Mlɔeba la, dɔmemegãa dea asi ete, eye wobua lɛtaa be dɔmemegã la ŋutɔe ŋlɔe.

5 Nenema kee “Mawu ŋutɔ tsɔ eƒe asibide” ŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo. (2 Mose 31:18) Eye Yehowa gblɔ nya siwo wòle be nuŋlɔlawo naŋlɔ la na wo tẽe hã ne ele vevie be woazã nyagbɔgblɔ aɖewo koŋ. Le kpɔɖeŋu me, 2 Mose 34:27 gblɔ be: “Yehowa gblɔ na Mose bena: Ŋlɔ nya siawo ɖi; elabena nya siawo dzi mebla nu kpli wò kpakple Israel viwo ɖo.” Nenema kee Yehowa gblɔ na nyagblɔɖila Yeremiya be: “Ŋlɔ nya, siwo katã megblɔ na wò la, ɖe agbalẽ me.”—Yer. 30:2.

6 Ke hã zi geɖe la, Mawu megblɔa nya siwo tututu Biblia ŋlɔlawo aŋlɔ la na wo o, ke boŋ etoa nukumɔ aɖe dzi tsɔa susu veviawo dea woƒe dzi kple susu me, eye wòɖea mɔ be woazã woawo ŋutɔwo woƒe nyagbewo atsɔ aŋlɔ woe. Nyagblɔla 12:10 gblɔ be: “Nyagblɔla la di nya viviwo be, yeakpɔ, eye nyateƒenya, siwo woŋlɔ ɖi la, wole eteƒe.” Nya Nyui ŋlɔla Luka ‘ku nuwo katã me tsitotsito tso gɔmedzedzea me, be yeaŋlɔ wo ɖe ɖoɖo nu.’ (Luka 1:3) Mawu zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ kpɔ egbɔ be amegbetɔ ƒe blibomademade mewɔe be eƒe gbedeasia trɔ o.

7. Nu ka tae nunya le eme be Mawu zã amegbetɔwo woŋlɔ Biblia la?

7 Nunya le eme ŋutɔ be Mawu zã amegbetɔwo woŋlɔ Biblia la. Menye nyatakakawo koe nya siwo woŋlɔ la naa mí o, ke wokpena ɖe mía ŋu míesea seselelãme siwo ameawo ɖe gblɔ la le mía ɖokui me hã. Ke ne ɖe Yehowa zã mawudɔlawo woŋlɔ Biblia ya ɖe? Ðe woate ŋu aŋlɔ nyawo woaɖe amegbetɔ ƒe seselelãmewo abe vɔvɔ̃, blanuiléle, kple dziɖeleameƒo ene, siwo me ameƒomea tona zi geɖe la, afia? Esi Mawu ɖe mɔ amegbetɔ madeblibowo tia woawo ŋutɔwo ƒe nyawo tsɔ ŋlɔ susu vevi siwo wòɖe gblɔ na wo to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ta la, ewɔe be Mawu ƒe nya la dea dzi gbɔ na mí.

SUSU SIWO TAE MÍAXƆE ASE BE BIBLIA TSO MAWU GBƆ

8. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Biblia mele abe subɔsubɔgbalẽ bubuwo ene o?

8 Kpeɖodzi geɖe li be Biblia tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me. Biblia fia nu mí tso Mawu ŋu wu subɔsubɔgbalẽ bubu ɖe sia ɖe. Le kpɔɖeŋu me, Hindu subɔsubɔgbalẽwo ƒo nu tso woƒe subɔsubɔkɔnuwo, xexemenunya, gliwo, kple agbe nyui nɔnɔ ŋuti sewo ŋu. Buddhatɔwo ƒe agbalẽwo ɖe se siwo dzi wòle be ŋutsu kple nyɔnu saɖeagaxɔmenɔlawo nazɔ ɖo la me. Woɖe Buddhatɔwo ƒe dzixɔsewo kple Buddha ƒe nufiafiawo hã me. Buddha megblɔ be mawue yenye o, eye nya ʋɛ aɖewo koe wògblɔ tso Mawu ŋu. Konfusio subɔsubɔgbalẽwo ƒo nu tso nu siwo dzɔ va yi, agbe nyui nɔnɔ ŋuti sewo, akunya alo madziki wɔwɔ, kple hadzidziwo ŋu. Moslem subɔsubɔgbalẽ hã li, eye efia nu be Mawu ɖeka koe li, eye be enyaa nu si adzɔ le etsɔme, gake meyɔ Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, gɔ̃ hã o, evɔ ŋkɔ sia dze le Biblia me zi akpe geɖe.

9, 10. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Mawu ŋu le Biblia me?

9 Nu sue aɖe koe subɔsubɔgbalẽ xɔŋkɔ akpa gãtɔ fia tso Mawu ŋu; gake Biblia ya kpe ɖe mía ŋu míenya Yehowa Mawu kple eƒe dɔwɔnawo. Ekpe ɖe mía ŋu míese eƒe amenyenye ƒe akpa vovovoawo gɔme. Menye ɖeko Biblia la ɖe Mawu fia be enye Mawu ŋusẽkatãtɔ, nunyala, kple dzɔdzɔetɔ ko evɔ o, ke eɖee fia hã be Mawu lɔ̃ mí. (Mixlẽ Yohanes 3:16; 1 Yohanes 4:19.) Gawu la, Biblia la gblɔ na mí be: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.” (Dɔw. 10:34, 35) Woɖe Biblia la gɔme ɖe gbegbɔgblɔ vovovowo me. Esia ɖo kpe edzi be nya ma nye nyateƒe. Gbeŋutinunyalawo gblɔ be gbegbɔgblɔ siwo ade 6,700 ye wodona le xexea me egbea, eye xexea me nɔla siwo ade 90 le alafa me doa gbegbɔgblɔ mawo dometɔ 100 kloe. Ke hã woɖe Biblia la katã alo eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 2,400 sɔŋ me. Eya ta xexea me nɔlawo katã kloe ate ŋu axlẽ Biblia ƒe akpa aɖe ya teti le woawo ŋutɔwo degbe me.

10 Yesu gblɔ be: “Fofonye le dɔ wɔm va se ɖe fifia, eye nye hã meyi edzi le dɔ wɔm.” (Yoh. 5:17) ‘Yehowa nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.’ Eya ta bu nu siwo katã wòwɔ ŋu kpɔ! (Ps. 90:2) Biblia la ɖeɖe koe gblɔ nu siwo Mawu wɔ va yi, nu siwo wɔm wòle fifia, kple nu siwo wòava wɔ le etsɔme la na mí. Ŋɔŋlɔawo gblɔ nu siwo doa dzidzɔ nɛ kple nu siwo medoa dzidzɔ nɛ o la hã na mí, eye wofia ale si míawɔ ate ɖe eŋu hã mí. (Yak. 4:8) Migana míaɖe mɔ míawo ŋutɔwo míaƒe nuwo yome titi alo dzimaɖitsitsiwo nate mí ɖa tso egbɔ o.

11. Aɖaŋuɖoɖo nyui kawoe míekpɔna le Biblia me?

11 Nunya gã si ŋu kakaɖedzi le, si dze le Biblia me la, hã ɖee fia be Biblia la tso Mawu gbɔ. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ame kae va nya Yehowa ƒe tamesusu, ne wòafia nui?” (1 Kor. 2:16) Wotu kpukpui sia ɖe nya si nyagblɔɖila Yesaya bia eŋɔlimetɔwo be, “Ame kae dzidze Yehowa ƒe gbɔgbɔ, eye ame kae be yenye eƒe adaŋudela, ne wòafia nui?” la dzi. (Yes. 40:13) Ŋuɖoɖoae nye be, ame aɖeke meli o. Mewɔ nuku o be wɔwɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiafia dzi le srɔ̃ɖeɖe, vihehe, modzakaɖeɖe, hadede, dɔ sesẽ wɔwɔ, anukwareɖiɖi, kple agbe nyui nɔnɔ me hea viɖe nyuitɔ kekeake vanɛ! Aɖaŋuɖoɖo gbegblẽ aɖeke mele Biblia me o! Gake nunya mele amegbetɔwo ya si be woaɖo aɖaŋu si aɖe vi ɖaa o. (Yer. 10:23) Woyia edzi nɔa asi trɔm le woƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu ɖaa ne wova de dzesii be womesɔ o. Biblia la gblɔ be: ‘Amegbetɔwo ƒe susuwo nye dzodzro.’—Ps. 94:11.

12. Aleke amewo dze agbagba be yewoatsrɔ̃ Biblia lae?

12 Kpeɖodzi bubu si tae wòle be míaka ɖe edzi be Mawue nye Biblia la Ŋlɔla la dze le nu si ŋutinya ɖe fia tso ale si amewo dze agbagba be yewoagblẽ edome la me. Le ƒe 168 D.M.Ŋ. me la, Siria Fia Antiochus IV de se be woadi Segbalẽ siwo tso gbɔgbɔ me la be yeatɔ dzo wo. Le ƒe 303 M.Ŋ. me la, Roma Fiagã Diocletian de se be woagbã Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒewo eye woatɔ dzo Ŋɔŋlɔawo. Wowɔ sedede sia dzi ƒe ewo sɔŋ. Ƒe alafa 11 lia megbe la, papawo wɔ nu sia nu si woate ŋui be woagaɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ bubuwo me o, elabena womedi be ame tsɛwo nanya nu tso Biblia ŋu o. Togbɔ be Satana kple eƒe dɔtsɔlawo dze agbagba siawo katã hã la, Biblia la gakpɔtɔ li va se ɖe egbea. Yehowa meɖe mɔ ame aɖeke tsrɔ̃ nunana si wòna ameƒomea la o.

KPEÐODZI SIWO NA AME GEÐE XƆE SE BE BIBLIA TSO MAWU GBƆ

13. Kpeɖodzi kawoe li siwo tae míate ŋu agblɔ be Biblia tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me?

13 Kpeɖodzi bubu aɖewo hã li siwo ɖee fia be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso: ɖekawɔwɔ si le Biblia me nyawo me, ale si eƒe nyawo de pɛpɛpɛ le dzɔdzɔmeŋutinunya gome, eƒe nyagblɔɖi siwo vaa eme, eŋlɔlawo ƒe anukwareɖiɖi si tɔgbi mebɔ o, ŋusẽ si le eŋu wòtrɔa ame ƒe agbenɔnɔ, ale si ŋutinya siwo le eme la de pɛpɛpɛ, kple nyabiase siwo dze le memama 1 me la ƒe ŋuɖoɖo fakɔname siwo le eme. Kpɔ nu si kpe ɖe ame aɖewo ŋu woka ɖe edzi be Biblia la tso Mawu gbɔ la ɖa.

14-16. (a) Nu kae na Moslemtɔ aɖe, Hindutɔ aɖe, kple ame aɖe si kea ɖi Mawu ƒe anyinɔnɔ tsã la va ka ɖe edzi be Mawu gbɔe Biblia tso? (b) Kpeɖodzi siwo ɖee fia be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso kae àdi be yeazã le gbeadzi?

14 Anwarb nye Moslemtɔ si tsi le Titina Ɣedzeƒe du aɖe me. Eyi ɖanɔ Dziehe Amerika hena ɣeyiɣi aɖe, eye gbe ɖeka la, Yehowa Ðasefowo va egbɔ le aƒe me. Anwar gblɔ be: ‘Ɣemaɣi la, nyemelɔ̃a Kristotɔwo ƒe nya o, le Atitsogaʋa la kple ŋutasẽnu siwo katã Sɔlemeha la wɔ va yi ta. Ke hã esi wònye be, le dzɔdzɔme nu la, medina be manya nu sia nu ta la, melɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kplim.’ Eteƒe medidi o, Anwar trɔ yi wo de eye kadodo aɖeke meganɔ eya kple Ðasefoawo dome o. Ƒe aɖewo megbe la, eʋu yi Europa, eye wògadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme ake; eva ƒo nya ta mlɔeba be: “Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava, ɖekawɔwɔ si le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me, ale si Biblia ƒe akpa aɖeke metsi tre ɖe nɔvia ŋu o, kple lɔlɔ̃ si le Yehowa subɔlawo dome lae na meka ɖe edzi be Mawu ƒe Nyae Biblia nye.” Anwar xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1998 me.

15 Asha, ɖetugbui aɖe si xɔ ƒe wuiade la, tso ƒome aɖe si doa vevie nu le Hindu subɔsubɔ me ŋutɔ la me. Egblɔ be: “Ne meyi gbedoxɔ me alo ne mele ɣeyiɣi sesẽwo me tom ko hafi medoa gbe ɖa. Gake ne agbea le edzi dzem nam nyuie la, nyemebua Mawu ŋu gbeɖe o.” Eyi edzi be: ‘Gake tso gbe si gbe Yehowa Ðasefowo va ƒo ʋɔ nam ko la, nye agbenɔnɔ trɔ keŋkeŋ.’ Asha srɔ̃ Biblia, eye wòva nya Mawu abe Exɔlɔ̃ ene. Nu kae na wòka ɖe edzi be Biblia tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me? Eɖe eme be: ‘Biblia ɖo nya ɖe sia ɖe si mebia la ŋu. Ekpe ɖe ŋunye mexɔ Mawu dzi se, togbɔ be nyemeyia gbedoxɔ me ɖadea ta agu na legba aɖeke o hã.’

16 Katolikotɔwo ƒe ƒome aɖe mee wonyi Paula le, gake esi wòva ɖo eƒe ɖetugbuime la, eva zu Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikela. Emegbe nane dzɔ. Egblɔ be: “Medo go xɔ̃nye aɖe si nyemegakpɔ kpɔ o ɣleti geɖewo la. Ɣemaɣiwo la, ame geɖewo ɖoa ɖa legbee hezãa atike vɔ̃ɖiwo. Esi mekpɔ ale si gbegbe wòtrɔe—ekpa ɖa, lũ ge, eye wòle dzidzɔ kpɔm—la, mebiae be, ‘Nu kae dzɔ ɖe dziwò, eye afi kae nèyi?’ Eɖo eŋu be yenɔ Biblia srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo, eye wòɖe gbeƒã nam.” Esi ame sia si kea ɖi Mawu ƒe anyinɔnɔ tsã la kpɔ ŋusẽ si gbegbe Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea kpɔ ɖe exɔlɔ̃a dzii la, eva tsɔ ɖe Biblia me gbedeasia me eye wòlɔ̃ ɖe edzi be Biblia la tso Mawu gbɔ.

“WÒ NYA ENYE AKAÐI NA NYE AFƆ”

17. Nu kae Mawu ƒe Nya la xexlẽ gbe sia gbe kple ŋugbledede le eŋu awɔ na wò?

17 Biblia nye nunana wɔnuku aɖe si Yehowa na mí to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. Kpɔ dzidzɔ ɖe exexlẽ ŋu gbe sia gbe, eye wò lɔlɔ̃ na Biblia la kple Eŋlɔla siaa atsi ɖe edzi. (Ps. 1:1, 2) Dze esɔsrɔ̃ gɔme kple gbedodoɖa ɣesiaɣi, nàbia Mawu ƒe gbɔgbɔa be wòafia mɔ wò tamesusuwo. (Luka 11:13) Mawu ƒe susuwoe le Biblia me, eya ta ne èdea ŋugble le nya siwo wògblɔ ŋu la, àte ŋu ava nɔ nuwo ŋu bum abe Mawu ene.

18. Nu ka tae nàdi be yeayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Biblia la me?

18 Esi nèyi edzi le tsitsim le nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔa me la, nɔ agbe ɖe nu si nèsrɔ̃ la nu. (Mixlẽ Psalmo 119:105.) Ŋɔŋlɔawo xexlẽ le abe ahuhɔ̃e me kpɔkpɔ ene. Eya ta ne ède dzesii be ele be yeawɔ tɔtrɔwo la, wɔ wo. (Yak. 1:23-25) Zã Mawu ƒe Nya la abe yi ene nàtsɔ aʋli wò dzixɔsewo ta eye nàtsɔe aɖe alakpa nufiafiawo ɖa le ame fafawo ƒe dzi me. (Ef. 6:17) Esi nèle esia wɔm la, yi edzi nànɔ akpe dam be “gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã” nyagblɔɖilawo kple ame siwo ŋlɔ gbedeasi si le Biblia me ɖi.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a A Greek-English Lexicon of the New Testament and Other Early Christian Literature.

b Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

Xlẽ Biblia gbe sia gbe, eye wò lɔlɔ̃ na Eŋlɔla atsi ɖe edzi

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Wobua lɛta be ame si de asi ete lae ŋlɔe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe