Kpɔ Nyuie Le Abosam Ƒe Mɔtetrewo Ŋu!
‘Do le Abosam ƒe mɔtetre me.’ —2 TIM. 2:26.
ALEKE NÀÐO WO ŊUI?
Ne èlɔ̃a vodadadidi le amewo ŋu la, nu kae wòle be nàwɔ?
Nu kae Pilato kple Petro ƒe kpɔɖeŋuawo fia mí ku ɖe nu si tae mele be míana ta le vɔvɔ̃ kple nyaƒoɖeamenu me o ŋuti?
Nu kae nàwɔ be nàganɔ fɔ bum ɖokuiwò wòagbɔ eme o?
1, 2. Abosam ƒe mɔtetre kawo me míadzro le nyati sia me?
ABOSAM nɔa Yehowa subɔlawo yome ɖɔɖɔɖɔ henɔa agbagba dzem be yealé wo. Menye eƒe taɖodzinue nye be yeawu wo abe ale si adela aɖe awu lã si wòlé la ene o. Ke Abosam ƒe taɖodzinu koŋ ye nye be yealé ame si ge ɖe ye si me la agbagbee eye yeazãe ale si yedi.—Mixlẽ 2 Timoteo 2:24-26.
2 Be mɔtrela nalé lã aɖe agbagbee la, etrea mɔ ƒomevi aɖewo. Ate ŋu adze agbagba be lãa nado ava gbadzaƒe afi si yeate ŋu azã kamɔ aɖee le. Alo ate ŋu atre mɔ si fena la ɖe ɣaɣlaƒe be wòalé lã la le vome. Abosam zãa mɔtetre mawo tɔgbi be yeatsɔ alé Mawu subɔlawo agbagbee. Ne míedi be wòalé mí o la, ele be míanɔ ŋudzɔ eye míalé ŋku ɖe nuxlɔ̃amedzesi siwo akpe ɖe mía ŋu míanya afi si Satana ƒe mɔtetrewo le la ŋu. Nyati sia adzro ale si míanɔ ŋudzɔ ɖe mɔtetre siwo zãm Abosam le tsɔ le Mawu subɔla aɖewo lém la dometɔ etɔ̃ ŋu la me. Mɔtetre siawoe nye: (1) aɖe la mazamazã nyuie, (2) vɔvɔ̃ kple nyaƒoɖeamenu, kpakple (3) fɔbuameɖokui si gbɔ eme. Nyati si kplɔe ɖo la adzro Satana ƒe mɔtetre eve bubuwo me.
TSI AÐEA MAZAMAZÃ NYUIE ƑE DZO LA
3, 4. Ne míedo kpo míaƒe aɖe dzi ɖuɖu la, nu kae ate ŋu ado tso eme? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.
3 Ne adela aɖewo di be yewoana lãwo nado go tso afi siwo wobe ɖo la, wotɔa dzo avea ƒe akpa aɖe, eye wonɔa lãwo lém ne wole sisim. Le mɔ ma ke nu la, Abosam adi be yeada dzo ɖe Kristo hamea me. Ne ekpɔ dzidzedze la, ate ŋu anya hamea me tɔwo tso dedienɔƒe ma ale be wòate ŋu alé wo. Aleke wòate ŋu adzɔe be míava nɔ alɔ dom Abosam le manyamanya me si aɖee afia be eƒe mɔ ɖe mí?
4 Nusrɔ̃la Yakobo tsɔ aɖe la sɔ kple dzo. (Mixlẽ Yakobo 3:6-8.) Ne míedo kpo míaƒe aɖe dzi ɖuɖu la, ate ŋu adzɔ be míava nye ame siwo ada dzo ɖe hamea me. Nu kae naa ame aɖewo meɖua woƒe aɖe dzi o? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu: Woɖe gbeƒãe le hame ƒe kpekpe aɖe me be nɔvinyɔnu aɖe zu gbesiagbe mɔɖela. Le kpakpã megbe la, gbeƒãɖela eve nɔ dze ɖom tso gbeƒãɖeɖea ŋu. Ame ɖeka kpɔ dzidzɔ hedi nyui na mɔɖela yeyea. Ame evelia gblɔ be menye susu nyui aɖeke tae nɔvia di be yeawɔ mɔɖeɖedɔa o eye be ŋkɔ koe wòdi be yeaxɔ le hamea me. Gbeƒãɖela eve siawo dometɔ kae nàdi be wòanye xɔ̃wò? Ele bɔbɔe be míakpɔ wo dometɔ si ate ŋu ada dzo ɖe hamea me bɔbɔe to eƒe nuƒoƒo dzi.
5. Be míatsi aɖea mazamazã nyuie ƒe dzoa nu la, ɖokuimedzodzro kae wòanyo be míawɔ?
5 Aleke míawɔ atsi aɖea mazamazã nyuie ƒe dzo la? Yesu gblɔ be: “Nya si wu dzi la, eyae nu gblɔna.” (Mat. 12:34) Eya ta afɔɖeɖe gbãtɔae nye be míadzro míaƒe dzi me. Ðe míeƒoa asa na seselelãme siwo ate ŋu ana míanɔ vodada dim le amewo ŋua? Le kpɔɖeŋu me, ne míesee be nɔviŋutsu aɖe le agbagba dzem be yeaxɔ subɔsubɔgbanɔamedzi aɖe la, ɖe míekana ɖe edzi enumake be susu nyuiwo tae wòle esia dim ɖoa, alo ɖe wòwɔna na mí be ɖokuitɔdidi tae wòle ewɔm ɖo? Ne míebunɛ be ɖokuitɔdidi tae amewo wɔa nu ɖo la, anyo be míaɖo ŋku edzi be Abosam tsɔ nya ɖe susu si tae nuteƒewɔla Hiob subɔa Mawu ɖo la ŋu. (Hiob 1:9-11) Le esi míanɔ susu vɔ̃ bum ɖe mía nɔviwo ŋu teƒe la, anyo ŋutɔ ne míede ŋugble tso nu si tae míeƒoa nu tsia tre ɖe wo ŋu la ŋu boŋ. Ðe susu nyui aɖe li si tae míanɔ nu wɔm nenema? Alo ɖe amemalɔmalɔ̃ ƒe gbɔgbɔ si xɔ aƒe ɖe xexea me le ŋkeke mamlɛ siawo me la le ŋusẽ kpɔm ɖe míaƒe dzi dzia?—2 Tim. 3:1-4.
6, 7. (a) Nu kawo gbɔe wòate ŋu atso be míanɔ nu ƒom anɔ tsitre tsim ɖe amewo ŋu? (b) Aleke wòle be míawɔ nui ne wodzu mí?
6 Bu nu bubu aɖewo siwo gbɔe wòate ŋu atso be míanɔ nu ƒom anɔ tsitre tsim ɖe amewo ŋu la ŋu kpɔ. Ðeka ate ŋu anye be míedi be míaƒe ŋgɔyiyi nadze wu ame bubuwo tɔ. Ne woagblɔe ŋutɔŋutɔ la, míedi be míaɖee afia be míenyo wu ame bubuwo. Alo míele agbagba dzem be míado taflatsɛ ɖe nane si wòle be míawɔ si míete ŋu wɔ o ta. Eɖanye dada, ŋuʋaʋã, alo makamaka ɖe ame ɖokui dzi ye wɔe be míeƒoa nu tsia tre ɖe amewo ŋu o, emetsonua gblẽa nu ŋutɔ.
7 Ate ŋu anye be míese le mía ɖokui me be mía tɔ dzɔ be míaƒo nu atsi tre ɖe ame aɖe ŋu. Ðewohĩ egblɔ nya aɖe le mía ŋu si ve mí vevie. Ne edzɔ alea la, wɔɖenuiwɔwɔ makpɔ nyaa gbɔ o. Ðeko nuwɔwɔ alea nɔna abe dzoa tutu ɖo be wòagabi ɖe edzi ene, eye esia nyea Abosam ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, ke menye Mawu tɔ o. (2 Tim. 2:26) Anyo be míasrɔ̃ Yesu le go sia me. Esime wonɔ edzum la, “medzu ame ɖe eteƒe o.” Ke “eyi edzi tsɔ eɖokui de asi na ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la” boŋ. (1 Pet. 2:21-23) Yesu ka ɖe edzi be Yehowa akpɔ nyawo gbɔ le mɔ si Eya ŋutɔ di nu le eƒe ɣeyiɣi dzi. Ele be míawo hã míaka ɖe Mawu dzi nenema ke. Ne míezã míaƒe aɖewo tsɔ da gbe le amewo ŋu la, míekpɔa “ŋutifafa ƒe nublanu” si le míaƒe hamea me la ta.—Mixlẽ Efesotɔwo 4:1-3.
SI LE VƆVƆ̃ ALO NYAƑOÐEAMENU ƑE KAMƆ LA NU
8, 9. Nu ka tae Pilato tso kufia na Yesu?
8 Ablɔɖe meganɔa lã si kamɔ ɖe la ŋu be wòayi afi si wòdi o. Nenema kee ame si na ta le vɔvɔ̃ kple nyaƒoɖeamenu me la, megakpɔa ŋusẽ ɖe eƒe agbe dzi abe ale si wòdii ene o. (Mixlẽ Lododowo 29:25.) Mina míadzro ŋutsu eve aɖewo siwo na ta le nyaƒoɖeamenu kple vɔvɔ̃ me la ƒe kpɔɖeŋuwo me kpɔ ne míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso nu si me woto la me ɖa.
9 Roma Nutomefia Pontio Pilato nyae be Yesu mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, eye anɔ eme be medi be yeawɔ nu vevi aɖekee o. Le nyateƒe me la, Pilato gblɔ be Yesu “mewɔ naneke si dze ku o.” Ke hã Pilato tso kufia nɛ. Nu ka tae? Elabena Pilato na ta le ameha la ƒe nyaƒoɖeamenu ta. (Luka 23:15, 21-25) Tsitretsiɖeŋulawo do ɣli be: “Ne èɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o.” Woto mɔ sia dzi ƒo nya ɖe Pilato nu be wòawɔ nu si dim yewole. (Yoh. 19:12) Pilato anya vɔ̃ be ɖoƒe si yele la ava ge le ye si—alo yeabu yeƒe agbe kura gɔ̃ hã—ne yede Kristo dzi. Eya ta eɖe mɔ le eɖokui ŋu Abosam zãe wòwɔ eƒe lɔlɔ̃nu.
10. Nu kae na be Petro gblɔ be yemenya Kristo o?
10 Apostolo Petro nye Yesu xɔlɔ̃ vevitɔwo dometɔ ɖeka. Egblɔ le dutoƒo be Yesu ye nye Mesia la. (Mat. 16:16) Petro yi edzi wɔ nuteƒe esime nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo mese nya aɖe si Yesu gblɔ la gɔme o eye wogblẽe ɖi hedzo. (Yoh. 6:66-69) Eye esime futɔwo va be yewoalé Yesu la, Petro tsɔ yi ʋli eƒe Aƒetɔ la ta. (Yoh. 18:10, 11) Gake emegbe la, Petro na ta le vɔvɔ̃ ta eye wògblɔ gɔ̃ hã be yemenya Yesu Kristo o. Amegbetɔvɔvɔ̃ ƒe mɔ ɖe apostolo Petro hena ɣeyiɣi kpui aɖe eye wòɖe mɔ esia xe mɔ nɛ be mete ŋu wɔ nu dzinɔameƒotɔe o.—Mat. 26:74, 75.
11. Nyaƒoɖeamenu kawoe wòate ŋu ahiã be míawɔ avu kple?
11 Ehiã be mí Kristotɔwo katã míawɔ avu kple nyaƒoɖeamenu siwo awɔe be míawɔ nu siwo medzea Mawu ŋu o. Dɔtɔwo kple ame bubuwo ate ŋu adze agbagba be yewoaƒoe ɖe mía nu míawɔ nu anukwaremaɖimaɖitɔe alo awɔ matre alo ahasi. Ele na Kristotɔ sukuviwo be woakpe akɔ kple wo hati siwo dzea agbagba be yewoaƒoe ɖe wo nu ne woafi dɔ akpɔ le dodokpɔɣiwo, woakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo, ano atama, azã atike muamewo, ano aha sesẽ, alo awɔ matre. Eya ta nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míasi le vɔvɔ̃ ƒe kamɔ la kpakple nyaƒoƒo ɖe mía nu be míawɔ nu si medzea Yehowa ŋu o nu?
12. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Pilato kple Petro ƒe ŋutinya me?
12 Mina míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso Pilato kple Petro ƒe kpɔɖeŋuwo me la ɖa. Pilato menya nu boo aɖeke tso Kristo ŋu o. Ke hã, enyae be Yesu mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o eye menye amegbetɔ dzro aɖe koe wònye o. Gake Pilato mebɔbɔ eɖokui o eye melɔ̃ Mawu vavã la hã o. Eya ta Abosam te ŋu lé Pilato agbagbee bɔbɔe. Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ nɔ Petro ya si eye wòlɔ̃ Mawu. Gake ɣeaɖewoɣi la, meɖɔa ŋu ɖo o, evɔ̃na, eye wònaa ta le nyaƒoɖeamenu me. Do ŋgɔ hafi woalé Yesu la, Petro gblɔ dadatɔe be: “Ne ame susɔeawo katã kli nu kura gɔ̃ hã, nye ya nyemakli nu o.” (Marko 14:29) Ne ɖe apostoloa ka ɖe Mawu dzi abe ale si hakpala la ka ɖe Mawu dzii ene la, anye ne anɔ dzadzraɖoɖi ɖe dodokpɔ siwo wòva do goe emegbe la ŋu wu. Hakpala la dzi ha be: “Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nu ka amegbetɔ awɔm?” (Ps. 118:6) Le zã mamlɛtɔ si Yesu tsɔ nɔ anyigba dzi me la, ekplɔ Petro kple apostoloawo dometɔ eve woyi ɖe Getsemane bɔa me ɖaa. Gake le esi teƒe be Petro kple eƒe zɔhɛawo nanɔ ŋudzɔ la, wonɔ alɔ̃ dɔm. Yesu nyɔ wo eye wògblɔ na wo be: “Minɔ ŋudzɔ, eye minɔ gbedodoɖa dzi, be miagadze tetekpɔ me o.” (Marko 14:38) Gake Petro gayi alɔ̃ me ake eye emegbe ena ta le vɔvɔ̃ kple nyaƒoɖeamenu me.
13. Ne woƒo nya ɖe mía nu be míawɔ nu gbegblẽ aɖe la, nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míana ta o?
13 Pilato kple Petro ƒe kpɔɖeŋua agate ŋu afia nu vevi aɖe mí, eyae nye be: Míehiã sidzedze, ɖokuibɔbɔ, ŋuɖɔɖɔɖo, lɔlɔ̃ na Mawu kple Yehowa vɔvɔ̃ ale be míagana ta le nyaƒoɖeamenuwo me, alo ana ta le amegbetɔvɔvɔ̃ ta o. Ne míetu míaƒe xɔse ɖe sidzedze vavãtɔ dzi la, míaƒo nu dzinɔameƒotɔe tso míaƒe dzixɔsewo ŋu kple kakaɖedzi. Esia akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nyaƒoɖeamenuwo nu eye míaɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi. Nyateƒee, mele be míasusu gbeɖe be ŋusẽ le mía ŋu wu ale si wòle ŋutɔŋutɔ o. Ke boŋ ele be míalɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be míehiã Mawu ƒe ŋusẽ be míate ŋu anɔ te ɖe nyaƒoɖeamenuwo nu. Ele be míado gbe ɖa na Yehowa abia eƒe gbɔgbɔa, eye míana lɔlɔ̃ si le mía si nɛ la naʋã mí míaʋli eƒe ŋkɔ kple dzidzenuwo ta. Gawu la, ehiã be míadzra ɖo ɖe nyaƒoɖeamenuwo ŋu hafi dodokpɔ aɖe nava mía dzi. Le kpɔɖeŋu me, gbedodoɖa kple dzadzraɖo do ŋgɔ ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu be woawɔ nu si sɔ ne wo hatiwo le eƒom ɖe wo nu be woawɔ nu gbegblẽ aɖe.—2 Kor. 13:7.a
ƑO ASA NA FƆBUAMEÐOKUI SI GBƆ EME ƑE MƆ̃ SI GBÃA AME GUDUGUDU LA
14. Nya ta kae Abosam adi be míaƒo tso vodada siwo míewɔ va yi la ŋu?
14 Ɣeaɖewoɣi la, wozãa atikpo kpekpe aɖe alo kpe gã aɖe si wotsina ɖe mɔ si dzi lãwo lɔ̃a toto la tame tsɔ ɖoa mɔe na wo. Ne lã aɖe va yina eye wòlɔ ka lɛ, si ŋu wotsi atikpoa alo kpea ɖo, si wotsɔ tso mɔ nɛ la, atikpoa alo kpea gena dzea edzi hegbãnɛ gudugudu. Míate ŋu atsɔ fɔbuameɖokui si gbɔ eme asɔ kple nu kpekpe si gbãa ame gudugudu. Ne míele ŋugble dem tso vodada siwo míewɔ va yi ŋu la, míate ŋu ase le mía ɖokui me be míaƒe “lãme gbã gudugudu.” (Mixlẽ Psalmo 38:4-6, 9.) Satana adi be míaƒo nya ta be Yehowa mate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí ahakpɔ nublanui na mí o eye míate ŋu awɔ nu siwo Yehowa di tso mía si la o.
15, 16. Aleke nàwɔ aƒo asa na fɔbuameɖokui si gbɔ eme ƒe mɔ̃ la?
15 Aleke nàwɔ aƒo asa na eƒe mɔ̃ sia si gbãa ame gudugudu la? Ne èwɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, ɖe afɔ fifia nàdzra wò kple Yehowa dome xɔlɔ̃wɔwɔa ɖo. Te ɖe hamemetsitsiwo ŋu, eye nàbia wo be woakpe ɖe ye ŋu. (Yak. 5:14-16) Wɔ nu sia nu si nàte ŋui be nàɖɔ nɔnɔmea ɖo. (2 Kor. 7:11) Ne wohe to na wò hã la, dzi megaɖe le ƒowò o. Tohehe nye mɔ aɖe si dzi Yehowa tona ɖenɛ fiana be yelɔ̃ wò. (Heb. 12:6) Ðoe kplikpaa be yemagaɖe afɔ siwo kplɔ ye de nu vɔ̃ ma me la ake gbeɖe o, eye dze agbagba nàwɔ edzi. Ne ètrɔ dzi me eye nègbugbɔ le wò mɔ vɔ̃a dzi la, ka ɖe edzi be Mawu ate ŋu atsɔ wò vodadawo ake wò to Yesu Kristo ƒe tafevɔsa la dzi.—1 Yoh. 4:9, 14.
16 Ame aɖewo yia edzi nɔa fɔ bum wo ɖokuiwo le nu vɔ̃ aɖe si wowɔ si wotsɔ ke wo xoxoxo la ta. Ne nenemae wòle le gowòme la, ɖo ŋku edzi be Yehowa tsɔ ke Petro kple apostolo mamlɛawo togbɔ be wogblẽ Via malɔ̃nugbɔ Yesu ɖi le gaƒoƒo vevitɔ si wòhiã na wo me gɔ̃ hã. Esi ŋutsu si woɖe le Korinto hamea me ɖe eƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ si gbɔ eme ta la trɔ dzi me la, Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃ kee. (1 Kor. 5:1-5; 2 Kor. 2:6-8) Mawu ƒe Nya la ƒo nu tso ame bubu aɖewo siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo, siwo trɔ dzi me emegbe eye Mawu tsɔ ke wo la ŋu.—2 Kron. 33:2, 10-13; 1 Kor. 6:9-11.
17. Nu kae tafea ate ŋu awɔ na mí?
17 Yehowa atsɔ nu vɔ̃ siwo nèwɔ va yi la ake wò eye wòaŋlɔ wo be ne ètrɔ dzi me vavã eye nèxɔe se be akpɔ nublanui na ye. Mègasusui gbeɖe be Yesu ƒe tafevɔsa la mate ŋu alé avu ɖe yeƒe nu vɔ̃wo ta o. Nuŋububu alea afia be Satana ƒe mɔtetrewo dometɔ ɖeka ɖe wò. Nu ka ke dzie Abosam di be nàxɔ ase o, tafevɔsa la ate ŋu alé avu ɖe ame siwo katã wɔ nu vɔ̃ eye wotrɔ dzi me la ƒe nu vɔ̃wo ta. (Lod. 24:16) Tafe la dzi xɔxɔ se ate ŋu aɖe fɔbuameɖokui ƒe agba kpekpe la ɖa le dziwò eye ate ŋu ado ŋusẽ wò nàsubɔ Mawu kple wò dzi blibo, luʋɔ blibo kpakple tamesusu blibo.—Mat. 22:37.
SATANA ƑE AYEMƆWO MELE ƔAƔLA ÐE MÍ O
18. Aleke míawɔ aƒo asa na Abosam ƒe mɔtetrewo?
18 Satana metsɔ le mɔ si ƒomevi ɖe mí la me o. Nu si ko dim wòle ye nye be yealé mí alo yeazã mí ale si yedi. Esi Satana ƒe ayemɔwo mele ɣaɣla ɖe mí o ta la, esia tea ŋu kpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa na Abosam be wòagalé mí o. (2 Kor. 2:10, 11) Ne míedo gbe ɖa bia nunya be míate ŋu akpe akɔ kple kuxiwo la, eƒe mɔwo maɖe mí o. Yakobo ŋlɔ bena: “Ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm la, neyi edzi wòanɔ Mawu biam, elabena enaa nu amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o; eye wòanae.” (Yak. 1:5) Ehiã be míawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple míaƒe gbedodoɖawo to ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe Nya la nu dzi. Biblia srɔ̃gbalẽ siwo kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha tana la nana míekpɔa Abosam ƒe mɔtetrewo dzea sii eye esia kpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa na wo.
19, 20. Nu ka tae wòle be míalé fu vɔ̃?
19 Gbedodoɖa kple Biblia sɔsrɔ̃ kpena ɖe mía ŋu míelɔ̃a nu si nyo la geɖe wu. Gake ele vevie hã be míalé fu vɔ̃. (Ps. 97:10) Ŋugbledede tso nu siwo dona tso ɖokuitɔdidi ƒe nudzodzrowo yome titi me ŋu hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na wo. (Yak. 1:14, 15) Ne míesrɔ̃ fuléle vɔ̃ eye míelɔ̃ nu si nyo vavã la, nu siwo Satana zãna tsɔ trea mɔ na mí la madzro mí o, elabena míelé fu wo.
20 Aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be Mawu kpena ɖe mía ŋu ale be Satana ƒe asi nagasu mía dzi o! Yehowa zãa eƒe gbɔgbɔa, eƒe Nya la kpakple eƒe habɔbɔa tsɔ ɖea mí “tso vɔ̃ɖitɔ la si me.” (Mat. 6:13) Le nyati si kplɔe ɖo me la, míasrɔ̃ ale si míawɔ aƒo asa na mɔtetre eve bubu aɖewo siwo Abosam zãna tsɔ ɖea Mawu subɔlawo agbagbee.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Anyo ŋutɔ be dzilawo nadzro nyati si nye “Dzadzraɖo Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Ŋu,” si dze le agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques), Babla 2, axa 132-133, la me kple wo viwo. Woate ŋu adzro nyati sia me le woƒe Ƒometadedeagu fiẽsi me.
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Aɖe la mazamazã nyuie ate ŋu ada dzo ɖe hamea me eye wòahe kuxiwo vɛ
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Àte ŋu adro fɔbuameɖokui si gbɔ eme ƒe agba la ɖi